Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔxeɖenuwo Dzi Ðuɖu Bene Nya Nyuia Naɖo Amewo Gbɔ

Mɔxeɖenuwo Dzi Ðuɖu Bene Nya Nyuia Naɖo Amewo Gbɔ

Mɔxeɖenuwo Dzi Ðuɖu Bene Nya Nyuia Naɖo Amewo Gbɔ

MÍAƑE agbatsɔʋu la le agbamekaƒe si asrafo siwo ade 60 siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ƒewuiviwo le la gogom. Wo dometɔ aɖewo do asrafowu, ke bubuwo medoe o. Wo dometɔ geɖe lé tu siwo dana trena ɖe enu la ɖe asi. Ðeko wòdze abe míawo lalam wole ene. Ʋunyaʋunya nɔ edzi yim le dukɔa me.

Míele mɔa zɔm ŋkeke enee nye esia, eye míaƒe ʋua tsɔ Biblia srɔ̃gbalẽ tɔn ewo. Míetsi dzi nenye be woaɖe mɔ na mí míatso eme ava yi. Ðe woabia ga tso mía sia? Ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hafi míate ŋu aɖe nu me na wo woase egɔme be ŋutifafadɔ wɔm míele?

Wo dometɔ aɖe si lɔ̃a tudada kabakaba la, da eƒe tua ɖe ya me be yeatsɔ afia mí be yee nye ŋusẽtɔa. Eƒe ŋku kli míaƒe asitelefonwo eye wòbia be míatsɔ wo na ye. Esi míele hehem ɖe megbe la, etsɔ tua ɖo eƒe ve dzi tsɔ wɔ nu si adzɔ ɖe mía dzi nenye be míegbe wo tsɔtsɔ na ye la ƒe dzesi fia mí. Míetsɔ asitelefonawo nɛ.

Kasia la, nyɔnu aɖe si le asrafowu me la tsɔ eƒe tu enumake hezɔ ɖe mía dzi. Eyae nye “amegã” la, eye wòdi be míana nane ye hã. Agbenɔnɔ le sesẽm, eya ta ‘nu vi aɖe’ xɔxɔ aɖe vi ŋutɔ. Emegbe asrafo bubu ɖe mɔmemi le míaƒe ʋua me kɔ ɖe eƒe amigo me. Esi míele egbem nɛ la, egblɔ be gbe si woɖe na ye dzi ko wɔm yele. Naneke meli míawɔ o. Míaƒe didi koe nye be asrafo bubuawo hã nagawɔ nu siawo ke o.

Mlɔeba la, woʋu mɔtsoƒe la na mí, eye míeho ʋua hedzo. Mía kple nye zɔhɛ la míegbɔ fũu. Nɔnɔmea sesẽ ŋutɔ, gake agbamekaƒe siwo naa dzidzi ƒoa ame siawo tɔgbi toto ma mí. Le April 2002 kple January 2004 dome la, míezɔ mɔ zi gbɔ zi 18 tso Douala ƒe melidzeƒea si le Cameroon la yi Bangui si nye Central African Republic ƒe dugã la me. Mɔzɔzɔ si didi kilometa 1,600 la yɔna fũu kple afɔkuwo kple nu wɔmoyawo. *

Joseph kple Emmanuel siwo nye ʋukula siwo zɔa mɔ sia edziedzi la gblɔ be: “Mɔzɔzɔ siawo fia nu geɖe mí.” “Nunya nɔa eme be míado gbe ɖa le susu me kpuie eye míanɔ anyi kpoo. Hakpala la ŋlɔ bena, ‘Mawu ŋu mele ŋu ɖom ɖo, nyemavɔ̃ o; nu ka amegbetɔ awɔm ma?’ Míedzea agbagba be nɔnɔme sia tututu nanɔ mía si. Míeka ɖe edzi be Yehowa nyae be míaƒe mɔzɔzɔa ƒe taɖodzinue nye be míatsɔ mɔkpɔkpɔ gbedeasia si hiã vevie la ayi na amewo.”—Psalmo 56:12.

Dukɔ Geɖewo Ƒe Agbagbadzedze Be Gbɔgbɔmenuɖuɖu Naɖo Amewo Gbɔ

Ame geɖe siwo le Afrika ƒe akpa sia la lɔ̃a Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia sese. Wotrɔ asi le agbalẽ siwo míetsɔna yina la ŋu be wòakpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Mateo 5:3; 24:14) Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Douala, Cameroon, la ɖoa agbalẽwo ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖela kple ɖetsɔlemetɔ siwo wu 30,000 siwo le Cameroon kple dukɔ ene siwo te ɖe wo ŋu me la edziedzi.

Agbalẽ siawo tso teƒe didi aɖe xoxo. Wotaa akpa gãtɔ le England, Finland, Germany, Italy, kple Spain. Emegbe wodea agbalẽawo meli tso France ɖona ɖa. Zi geɖe la, Biblia srɔ̃gbalẽ siwo wode gago gã aɖe me la va ɖona Douala ƒe melidzeƒea kwasiɖa eve sia kwasiɖa eve.

Wokɔa gago la dana ɖe agbatsɔʋu dzi, eye wokunɛ yina alɔdzedɔwɔƒea. Ame siwo wɔa dɔ le Agbalẽwo Ðoɖoɖa Dɔwɔƒe la ɖoa agbalẽawo ɖe ɖoɖo nu le afi si woatsɔ wo ayii la nu. Be agbalẽawo naɖo dukɔa ƒe nutotroe saɖagawo me la mele bɔbɔe kura o. Gake esia nye nya nyuia tsɔtsɔ yi na amewo “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke” ƒe akpa aɖe. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Alɔdzedɔwɔƒea kana ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo lɔ̃na faa zɔa mɔ siwo me afɔku le la dzi ŋutɔ. Esia wɔnɛ be Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖoa ame miliɔn gbogbo siwo le Afrika ƒe titinanutowo me la gbɔ ɖaa.

Ale Si Mɔzɔzɔa Nɔna Zi Geɖe

Agbatsɔʋuwoe tsɔa agbalẽawo yia Cameroon ƒe nuto vovovowo me, Chad, Equatorial Guinea, Gabon, kple Central African Republic. Mina míakplɔ agbatsɔʋuawo dometɔ ɖeka kple emenɔlawo ɖo míakpɔ. Tsɔe be ènɔ anyi ɖe ʋukulawo xa, eye èle dzadzraɖoɖi ɖe ŋkeke ewo alo esi wu nenema ƒe mɔzɔzɔ dodzidzɔname aɖe ŋu.

Ʋukula adee zɔa mɔa. Ele be woanɔ lãmesẽ nyui me, asu te, agbɔ dzi ɖi, eye woado awu nyuie. Wodoa Afrika ƒe awuwo loo alo dziwui kple taya. Tsã la, adzɔxɔla siwo wɔa dɔ le de dzi la gblɔna be: “Kpɔ agbatsɔʋu dzadzɛ sia kple ʋukula siwo do awu nyuie la ɖa, ɖeko wole abe ale si nàkpɔ wo le foto siwo le woƒe agbalẽwo mee ene.” Nu si gaɖe dzesi wu ʋua kulawo ƒe dzedzemee nye ale si wolɔ̃na faa be yewoayi afi sia afi le amewo subɔsubɔ ta.—Psalmo 110:3.

Ʋua ho le Douala ŋdi ga ade esi ɣe dze teti ko, hafi ne ʋuwo nava sɔ gbɔ ɖe dugã sia si le lolom ɖe edzi la ƒe mɔwo dzi. Esi míetso tɔdzisasrã si te ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu heto dugã la me do vɔ ko la, míeɖo ta ɣedzeƒe gome, afi siwo yim míele la ƒe gbãtɔ—si nye Yaoundé, Cameroon ƒe fiadu.

Ʋukula adeawo katã agblɔ na wò be mele bɔbɔe be woaku agbatsɔʋu si wodo agbalẽ tɔn ewo na la kura o. Kuxiwo mesɔ gbɔ fũu le ʋukuku le mɔdodo nyuiwo dzi le ŋkeke etɔ̃ gbãtɔawo me o, ke hã ebia be ʋua kula ƒe susu katã nanɔ mɔa ŋu eye wòanɔ ŋute bliboe. Kasia la, tsi te dzadza sesĩe. Womedo mɔ siwo tso afi sia yina la o. Sẽ ko la, míete ŋu le ŋgɔ kpɔm tututu o, mɔa dzi le ɖiɖim, eye ehiã be míaku ʋua ɖɔɖɔɖɔ le esi mɔa dzi le glidzaglidza ta. Anyi de asi tsyɔtsyɔ me. Ɣeyiɣia de be míatɔ ʋua, adi nane aɖu, ahadze agbagba be míadɔ alɔ̃ esime míedra afɔ ɖe ʋuƒo si le ʋukula ŋgɔ si dzi mɔfianuwo nɔna la dzi. Aleae agbea nɔna le mɔzɔzɔ siawo me!

Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, míegadze mɔ. Ʋukula ɖeka ƒe dɔe nye be wòalé ŋku ɖe mɔa ƒe nɔnɔme ŋu. Enaa toklã mí enumake ne wòkpɔ be ʋua le tetem ɖe gɔta si woɖe ɖe mɔa ŋu la ŋu. Ʋukulawo nyae nyuie be nenye be ʋua ge ɖe gɔta me la, axɔ ŋkeke geɖe hafi woate ŋu aɖee. Esi míetso dea ge ɖe Central African Republic me la, menye ɖe mɔa ka ɖe eme tututu o. Le mɔzɔzɔ kilometa 650 siwo kplɔe ɖo me la, míeto kɔƒenuto siwo me togbɛ dama siwo nya kpɔ ŋutɔ le la me. Ðeviwo, ame tsitsiwo, vidada siwo kpa vi ɖe me la katã le asi ʋuʋum na mí esi míele ʋua kum ɖɔɖɔɖɔ le woƒe kɔƒeawo me tom. Esi ʋunyaʋunya le edzi yim le dukɔa me ta la, ʋu ɖekaɖeka aɖewo koe toa mɔa dzi va yina, eya ta esi wokpɔ mí míeva yina la wofɔ ŋku ɖe mía dzi gãa.

Nuteƒekpɔkpɔ Dodzidzɔnamewo

Janvier si nye míaƒe ʋua kulawo dometɔ ɖeka gblɔ na mí be togbɔ be vovo menɔa yewo ŋu o hã la, yewotɔna ɖe kɔƒedu suewo me heɖina ɖe eme vie, eye yewomana Biblia srɔ̃gbalẽwo. Egblɔ be: “Le Baboua la, míedzea agbagba ɣesiaɣi ƒoa nu na kɔdzidɔwɔla aɖe si tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me vevie la, eye míesrɔ̃a Biblia kplii kpuie. Gbe ɖeka la, míeɖe videokasɛt si ku ɖe Noa ŋu la fia woa kple eƒe ƒomea gɔ̃ hã. Xɔlɔ̃wo kple aƒelikawo va ɖo, eye eteƒe medidi o nukpɔla siwo le dzidzɔ kpɔm ŋutɔ la yɔ aƒea me fũu. Wo dometɔ ɖe sia ɖe se Noa ƒe ŋutinya kpɔ eye fifia woate ŋu akpɔ ale si nuwo yii le eƒe ŋutinya me la le video dzi. Woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Emegbe la, woɖo kplɔ tɔxɛ aɖe na mí tsɔ ɖe woƒe akpedada fia, eye woƒoe ɖe mía nu be míatsi afi ma adɔ. Enɔ na mí be míadzo enumake ayi míaƒe mɔzɔzɔ didia dzi, gake dzi dzɔ mí be míete ŋu kpɔ gome le nya nyuia gbɔgblɔ na ɖokuibɔbɔla siawo me.”

Ʋukula bubu si ŋkɔe nye Israel la ɖo ŋku nu siwo dzɔ le mɔ bubu si wozɔ yi Bangui, afi si yim míele la dzi. Egblɔ be: “Zi ale si míenɔ tetem ɖe Bangui ŋu la, zi nenemae míenɔ kekem ɖe asrafowo ƒe mɔtsoƒewo ŋui. Dzidzɔtɔe la, asrafo geɖewo wɔ nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, eye wokpɔ ʋua dze sii le esi ʋua zɔ mɔ to afi ma enuenu ta. Wokpe mí be míanɔ anyi ɖe yewo gbɔ eye woxɔ Biblia srɔ̃gbalẽwo kple dzidzɔ. Wodea asixɔxɔ gã aɖe agbalẽwo ŋu eya ta ne woxɔ ɖe la, woŋlɔa woƒe ŋkɔ, ŋkeke si dzi woxɔe kple ame si tsɔe na wo la ƒe ŋkɔ ɖe eme. Asrafoawo dometɔ aɖewo ƒe ƒometɔwo nye Ðasefowo, eye esia ganye susu bubu si ta wowɔ nu ɖe mía ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ɖo.”

Joseph si nye ʋukula bibitɔ kekeake la ƒo nu tso nu si wòsusu be eyae nye mɔzɔzɔ mawo ƒe akpa vevitɔ la ŋu—si nye afi si yim wole la ɖoɖo. Egblɔ tso mɔzɔzɔ aɖe koŋ ŋu be: “Esi wòsusɔ vie míaɖo Bangui la, míeƒo ka na mía nɔviawo gblɔ na wo bena, esusɔ vie míaɖo wo gbɔ. Wova kplɔ mí to dugã la me, hekpe ɖe mía ŋu míewɔ mɔzɔzɔa ŋuti gbalẽ susɔeawo. Esi míeva ɖo alɔdzedɔwɔƒea la, nɔvi siwo katã wɔa dɔ le afi ma la do va do gbe na mí hewɔ atuu na mí. Nɔviwo tso hame siwo te ɖe alɔdzedɔwɔƒea ŋu me va kpe ɖe mía ŋu, eye le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo me la, woɖe Bibliawo, agbalẽwo, agbalẽviwo, kple magazine gbogbo aɖewo le ʋua me eye wolɔ wo kɔ ɖe xɔ si me wokɔa agbalẽwo ɖo la me.”

Joseph gblɔ kpee be: “Ɣeaɖewoɣi la, awuwo, afɔkpawo, kple ɖeviwo ƒe nuzazã siwo woatsɔ ayi na nɔvi siwo le Democratic Republic of Congo la kpena ɖe míaƒe agbawo ŋu. Dzidzɔ kae nye si wònye be míakpɔ nɔvi siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la ƒe nukomowo!”

Esi míeɖi ɖe eme ŋkeke ɖeka vɔ megbe la, míedzra míaƒe ʋua ɖo, eye míegadze mɔ trɔ gbɔna aƒe. Kuxiwo le mía lalam, gake nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su mía si la ƒo kuxi ɖe sia ɖe si míado goe la ta.

Mɔzɔzɔ legbewo, tsidzadza gãwo, mɔdodo manyomanyowo, tayawo ƒe ŋɔŋɔ, kple ʋua ƒe gbegblẽ ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo. Asrafowo ƒe akpasesẽnuwɔwɔ nye kuxi aɖe si míedoa goe enuenu. Ke hã, nu siwo doa dzidzɔ na ʋukula siawo wu ye nye Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia tsɔtsɔ yi na amewo le Afrika ƒe nuto siwo sa ɖe aga me kple ŋusẽ si wòkpɔna ɖe ame siwo xɔnɛ la ƒe agbe dzi la kpɔkpɔ.

Le kpɔɖeŋu me, woƒe nya nyuia tsɔtsɔ yi la wɔe be egbegbe Biblia gɔmeɖeɖe aɖe su ŋutsu aɖe si le Central African Republic ƒe kɔƒedu aɖe si te ɖe Sudan ƒe de ŋu me la si fifia wòle xexlẽm. Srɔ̃a le Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa la srɔ̃m, eye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ * gbalẽa hã le vi ɖem na wo viwo. Ƒome sia kple ame bubu geɖe siwo le kɔƒedu siawo me la xɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu, abe ale si ko wo nɔvi Kristotɔ siwo le dugãwo me la hã xɔnɛ ene. Nyateƒee, esia ana woakpɔ dzidzeme vavã!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Tso ɣemaɣi la wodze agbagba geɖe ale be mɔzɔzɔ tso Douala yi Bangui va le dedie wu.

^ mm. 25 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Maps/​Picture on page 9]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

CAMEROON

Douala

CENTRAL AFRICAN REPUBLIC

Bangui

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Joseph

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Emmanuel

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Central African Republic alɔdzedɔwɔƒe si le Bangui

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Agbaɖeɖe le agbatsɔʋu la me le Bangui