Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sirakusa Du Aɖe Si Me Paulo Tɔ Ðo Le Eƒe Mɔzɔzɔ Me

Sirakusa Du Aɖe Si Me Paulo Tɔ Ðo Le Eƒe Mɔzɔzɔ Me

Sirakusa​—Du Aɖe Si Me Paulo Tɔ Ðo Le Eƒe Mɔzɔzɔ Me

ANƆ abe ƒe 59 M.Ŋ. me ene la, tɔdziʋu aɖe zɔ mɔ to Mediterranea ƒukpo si nye Melite la dzi heɖo ta Italy. Nuŋɔŋlɔ si nɔ tɔdziʋua ŋue nye ‘Zeus Viwo,’ mawu siwo wobuna be woawoe kpɔa ƒudzidɔwɔlawo ta. Biblia ŋlɔla Luka gblɔ be tɔdziʋu la va ‘dze ɖe Sirakusa’ si nɔ Sicily ƒuta ƒe anyieheɣedzeƒe gome la, eye ‘wònɔ afi ma ŋkeke etɔ̃.’ (Dɔwɔwɔwo 28:11, 12) Ame siwo nɔ ʋua me kple Luka la dometɔ aɖewoe nye Aristarxo kple apostolo Paulo si wokplɔ yina ʋɔnu le Roma.—Dɔwɔwɔwo 27:2.

Míenya ne woɖe mɔ na Paulo wòɖi le tɔdziʋua me le Sirakusa o. Nenye be eya alo ehati mɔzɔlawo ɖi le ʋua me la, nu kae woanya kpɔ?

Le Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Sirakusa xɔ ŋkɔ abe Atene kple Roma ene. Le xotutuwo nu la, Korintotɔwoe tsoe le ƒe 734 D.M.Ŋ. me. Bubu nɔ Sirakusa ŋu le ɣeyiɣi aɖewo me, eye afi mae wodzi fefeŋlɔla xɔŋkɔ Epicharmus kple akɔntanyala Archimedes le. Le ƒe 212 D.M.Ŋ. me la, Romatɔwo xɔ Sirakusa.

Tsaɖiɖi yi egbegbe Sirakusa ana nàkpɔ ale si dugã la nɔ le Paulo ƒe ŋkekeawo me. Woma dugã sia ɖe akpa eve me—ɖeka nɔ Ortygia ƒukpo sue la dzi, edze abe afi mae Paulo ƒe tɔdziʋu la va dze ene, eye evelia nɔ Sicily dua ŋutɔ me.

Ne èyi ƒukpo ma dzi egbea la, àte ŋu akpɔ gbedoxɔ xoxotɔ si wotu ɖe blema Helatɔwo ƒe xɔtuɖaŋu nu la ƒe glikpowo le Sicily—si nye Apolo ƒe gbedoxɔ si wotu le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me. Àte ŋu akpɔ gbedoxɔ si wotu na Athena le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me la ƒe sɔtiwo hã, gake eva zu sɔlemexɔgã si me bisiɔp nɔna la ƒe akpa aɖe.

Àte ŋu akpɔ dugã la egbea le Sicily dua me, afi si nàte ŋu aɖi tsa ayi Neapoli tsaɖibɔ si me blemanu siwo ŋu woke ɖo le. Helatɔwo ƒe fefewɔƒe si nye fefewɔƒe gãtɔ siwo wotu ɖe Helatɔwo ƒe xɔtuɖaŋu nu, siwo gakpɔtɔ li la dometɔ ɖeka la te ɖe eƒe mɔnu. Esi fefewɔƒea dze ŋgɔ atsiaƒua ta la, enye teƒe nyui aɖe si sɔ na fefewɔwɔ ŋutɔ. Le abɔa ƒe anyiehekpa dzi ƒe yɔyrɔe nu la, àkpɔ Romatɔwo ƒe fefewɔƒe gã si wotu le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me la. Ele nogoo, eye wòdidi meta 140 hekeke meta 119, eye wònye fefewɔƒe gãtɔ etɔ̃lia le Italy.

Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò nèɖi tsa yi Sirakusa la, àte ŋu anɔ anyi ɖe zikpui siwo woda ɖe Ortygia ƒua ta la dzi, aʋu Dɔwɔwɔwo 28:12 le wò Biblia me, eye nànɔ ale si apostolo Paulo nɔ tɔdziʋua me esime ʋua zɔ blewuu va dze ɖe tɔdziʋudzeƒe sia la kpɔm le susu me.

[Anyigbatata si le axa 30]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Melite

Sicily

Sirakusa

ITALY

Regio

Puteoli

Roma

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Helatɔwo ƒe fefewɔƒe si nɔ Sirakusa la ƒe glikpowo