Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Toɖoɖo Wò Dzitsinya

Toɖoɖo Wò Dzitsinya

Toɖoɖo Wò Dzitsinya

“Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o.” —TITO 1:15.

1. Akpa kae Paulo wɔ le hame siwo nɔ Kreta ƒe nyawo me?

ESIME apostolo Paulo wu eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃awo nu megbe la, wolée eye mlɔeba woɖoe ɖo ɖe Roma, afi si wodee ga le ƒe eve. Nu kae wòwɔ esi woɖe asi le eŋu? Le asiɖeɖe le eŋu megbe kpuie la, woa kple Tito woyi Kreta ƒukpo la dzi, eye emegbe Paulo ŋlɔ ɖo ɖee bena: “Megblẽ wò ɖe Kreta, bena naɖo nusiwo susɔ la teƒeteƒe, eye naɖo hamemegãwo.” (Tito 1:5) Dɔ sia wɔwɔ bia be Tito nawɔ nu kple ame siwo ƒe dzitsinyawo ƒe dɔwɔwɔ le vovovo.

2. Kuxi kawoe wònɔ na Tito be wòakpe akɔ kple le Kreta ƒukpoa dzii?

2 Paulo ɖo aɖaŋu na Tito ku ɖe nudidi siwo gbɔ wòle be hamemetsitsiwo naɖo la ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “tosẽla geɖewo kple nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo li.” Ame siawo “trɔ ƒome blibo geɖewo ƒe tame hele nu dzodzrowo fiam.” Enɔ na Tito be wòaka “mo na wo vevie.” (Tito 1:10-14; Timoteo I, 4:7) Paulo gblɔ be woƒe tame kple woƒe dzitsinya “ƒo ɖi,” ezã nya aɖe si fia ale si nu ɖina ɖe nu me, abe ale si yombo ate ŋu aɖi ɖe awu nyui aɖe mee ene. (Tito 1:15) Ame mawo dometɔ aɖewo anya nye Yudatɔwo, elabena ‘wolé aʋatsotso la me ɖe asi.’ Egbea ame siwo si nukpɔsusu ma tututu le megale nu gblẽm le hameawo me ya o, gake míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso dzitsinya ŋu le aɖaŋu si Paulo ɖo na Tito la me.

Ame Siwo Ƒe Dzitsinya Ƒo Ði

3. Nu kae Paulo ŋlɔ na Tito ku ɖe dzitsinya ŋu?

3 De dzesi nya si gblɔm Paulo nɔ hafi ƒo nu tso dzitsinya ŋu. “Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi. Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ.” Edze ƒãa be ehiã be ame siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dometɔ aɖewo nawɔ asitɔtrɔ “bene woanɔ blibo le xɔse me.” (Tito 1:13, 15, 16) Vovototodede nu siwo le dzadzɛ kple esiwo mele dzadzɛ o dome nye kuxi na wo, eye esia ku ɖe woƒe dzitsinya ƒe dɔwɔwɔ ŋu.

4, 5. Nɔnɔme gbegblẽ kae nɔ ame aɖewo si le hameawo me, eye ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe wo dzi?

4 Ƒe ewo aɖewo do ŋgɔ la, Kristotɔwo ƒe dziɖuha la tso nya me be aʋatsotso meganye nu si hiã hafi woanye tadeagula vavã o, eye wona hamewo nya nyametsotso ma. (Dɔwɔwɔwo 15:1, 2, 19-29) Ke hã, Kretatɔ aɖewo gakpɔtɔ ‘lé aʋatsotso la me ɖe asi.’ Wotsi tsitre ɖe dziɖuha la ƒe nyametsotsoa ŋu gaglã, eye wonɔ “nu dzodzrowo fiam.” (Tito 1:10, 11) Woanya tsɔ susu totrowo anɔ ɖoɖo siwo nɔ Sea me ku ɖe nuɖuɖu kple dzadzɛnyenye ƒe kɔnuwo ŋu la ta ʋlim. Woanya nɔ ami ɖem ɖe nu siwo Sea gblɔ la, abe ale si ame siwo do ŋgɔ na wo siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la wɔe ene ahanɔ Yudatɔwo ƒe gliwo kple amegbetɔwo ƒe sededewo ta ʋlim.—Marko 7:2, 3, 5, 15; Timoteo I, 4:3.

5 Nuŋububu alea kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe woƒe nyametsotso kple woƒe agbe nyui nɔnɔ ŋutete, si nye woƒe dzitsinya la dzi. Paulo ŋlɔ bena: “Ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o.” Woƒe dzitsinya tɔtɔ ale gbegbe be meganaa mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le wo le woƒe nuwɔnawo kple nyametsotsowo ŋu o. Gawu la, wodrɔ̃a ʋɔnu wo hati Kristotɔwo le nu siwo nye ame ŋutɔ ƒe nyawo la me, nya siwo me nyametsotso si Kristotɔ eve awɔ ato vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ la ŋu. Le go sia me la, Kretatɔ mawo bua nanewo be wonye nu makɔmakɔwo, evɔ le nyateƒe me la, womenye nu makɔmakɔwo o. (Romatɔwo 14:17; Kolosetɔwo 2:16) Togbɔ be woʋua eme be yewonya Mawu hã la, woƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be womenyae o.—Tito 1:16.

“Nuwo Katã Le Dzadzɛ Na Ame Dzadzɛwo”

6. Ame eve ƒomevi kawo ŋue Paulo ƒo nu tsoe?

6 Aleke nu si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Tito la aɖe vi na míi? Enyo, de ŋugble tso vovototo si dze le nyagbɔgblɔ sia me ŋu kpɔ: “Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.” (Tito 1:15) Kakaɖedzitɔe la, menye ɖe Paulo nɔ gbɔgblɔm be nuwo katã le dzadzɛ na Kristotɔ si le dzadzɛ le agbenɔnɔ gome eye woɖe mɔ ɖe wo ŋu nɛ o. Míate ŋu aka ɖe esia dzi, elabena Paulo na wòdze kɔte le lɛta bubu aɖe si wòŋlɔ me be matrewɔlawo, trɔ̃subɔlawo, afakalawo, kple nu gbegblẽ wɔla bubuwo “manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Galatiatɔwo 5:19-21) Eya ta ele be míaƒo nya ta be Paulo nɔ nu ƒom tso ame eve ƒomevi siwo li ŋu, ame siwo le dzadzɛ le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me kpakple ame siwo mele dzadzɛ le nu siawo me o.

7. Nu ka ŋue Hebritɔwo 13:4 ƒo nu tsi tsitre ɖo, gake nyabiase kae ate ŋu afɔ ɖe te?

7 Menye nu siwo ŋu wode se ɖo le Biblia me tẽe koe wòle be Kristotɔ ɖianukware natsri o. Le kpɔɖeŋu me, na míabu nya sia si le tẽe la ŋu kpɔ: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.” (Hebritɔwo 13:4) Ame siwo menye Kristotɔwo o kple ame siwo menya naneke kura tso Biblia ŋu o gɔ̃ hã aƒo nya ta enumake be mawunyakpukpui sia ƒo nu tsi tsitre ɖe ahasiwɔwɔ ŋuti. Edze kɔte le mawunyakpukpui sia kple Biblia ƒe akpa bubuwo me be Mawu lé fu srɔ̃tɔ aɖe kple ame si menye srɔ̃a si wòɖe le se nu o la ƒe dɔdɔ. Ke ame eve siwo mekpɔ ɖe srɔ̃ o ƒe vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me ya ɖe? Sɔhɛ geɖe gblɔna be naneke megblẽ le nuwɔna sia ŋu o, elabena menye gbɔdɔdɔe o. Ðe Kristotɔwo ate ŋu abu vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me be enye nu kɔkɔea?

8. Aleke Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu ku ɖe vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me ŋu to vovo tso ame siwo le xexea me la tɔ gbɔe?

8 Hebritɔwo 13:4 kple Korintotɔwo I, 6:9 ɖee fia kɔte be Mawu meda asi ɖe ahasiwɔwɔ kple matrewɔwɔ (Helagbe, por·neiʹa) siaa dzi o. Nu kae matrewɔwɔ fia? Helagbe me nya si wozã na matrewɔwɔ fia vidzinuwo zazã le dzɔdzɔme nu loo alo le mɔ gbegblẽ nu kple susu vɔ̃. Elɔ gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ manɔsenu ɖe sia ɖe ƒomevi me kple ame aɖe si womeɖe wòsɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la ɖe eme. Eya ta elɔ vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me hã ɖe eme, togbɔ be wogblɔna na ƒewuivi geɖewo le xexea me godoo be vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me menye nu gbegblẽ o alo woawo ŋutɔwo bunɛ nenema hã. Kristotɔ vavãwo menaa “nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo” ƒe nukpɔsusuwo fiaa mɔ woƒe tamesusu kple nuwɔnawo o. (Tito 1:10) Woléa Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi. Womedzea agbagba be yewoado taflatse ɖe vidzinuwo ƒoƒo ɖe nu me ta o, ke boŋ wosea egɔme be le Ŋɔŋlɔawo nu la matrewɔwɔ, por·neiʹa, ye wònye, eye wonaa hehe woƒe dzitsinya wòléa fu nuwɔna ma. *Dɔwɔwɔwo 21:25; Korintotɔwo I, 6:18; Efesotɔwo 5:3.

Dzitsinya Vovovowo, Nyametsotso Vovovowo

9. Ne “nuwo katã le dzadzɛ” la, ke akpa kae dzitsinya wɔna?

9 Gake nu kae Paulo wɔnɛ esime wògblɔ be “nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo”? Paulo nɔ nu ƒom tso Kristotɔ siwo trɔ woƒe tamebubu kple agbenɔnɔ wòsɔ kple Mawu ƒe dzidzenu siwo le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me ŋu. Kristotɔ siawo lɔ̃na ɖe edzi be mawusubɔlawo ƒe nyametsotsowo ate ŋu ato vovo le nu siwo ŋu Mawu meƒo nu tsi tsitre ɖo tẽe o la me. Womehea nya ɖe woƒe haxɔsetɔwo ŋu o, ke boŋ wobua nu siwo ŋu Mawu meƒo nu tsi tsitre ɖo o la be wòle “dzadzɛ.” Womekpɔa mɔ be ame sia ame ƒe susu nasɔ kple yewo tɔwo pɛpɛpɛ le nya siwo ku ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa siwo ŋu Biblia mena mɔfiame le tẽe o la me o. Mina míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me akpɔ.

10. Aleke srɔ̃kpekpe (alo kunuwɔwɔ) ate ŋu ahe kuxi avae?

10 Ƒome geɖewo li siwo me srɔ̃tɔ ɖeka va zu Kristotɔ gake ame evelia mezu Kristotɔ o. (Petro I, 3:1; 4:3) Esia ate ŋu ahe kuxi vovovowo avae, abe esiwo kuna ɖe ƒometɔ aɖe ƒe srɔ̃kpekpe alo kunuwɔwɔwo ŋu ene. Bu srɔ̃nyɔnu Kristotɔ aɖe si srɔ̃ le subɔsubɔha bubu me ƒe nya ŋu kpɔ. Ŋutsua ƒe ƒometɔ aɖe le srɔ̃ ɖem eye wole srɔ̃kpekpea wɔ ge le Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔ aɖe me. (Alo ƒometɔ aɖe, ɖewohĩ fofoa alo dadaa, ku, eye wole eƒe kunu wɔ ge le sɔlemexɔ aɖe me.) Wokpe atsu kple asia, eye ŋutsua di be ye srɔ̃ nakplɔ ye ayi. Nu kae eƒe dzitsinya gblɔ nɛ ku ɖe afi ma yiyi ŋu? Nu kae wòawɔ? Bu nu eve siwo wòate ŋu awɔ la ŋu kpɔ.

11. Ƒo nu tso ale si srɔ̃nyɔnu Kristotɔ aɖe ate ŋu ade ŋugble tso srɔ̃kpekpe aɖe si woawɔ le sɔlemexɔ aɖe me dede ŋu la ŋu, eye nyametsotso kae esia ana wòawɔ?

11 Loide de ŋugble tso Biblia me sedede vevi si nye ‘Mido go tso Babilon gã,’ si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe ‘la me’ ŋu. (Nyaɖeɖefia 18:2, 4) Enɔ sɔlemeha si me wole srɔ̃kpekpea wɔ ge le me kpɔ, eye wònyae be le wɔnawo wɔɣi la, woabia tso vavalawo katã si be woakpɔ gome le subɔsubɔnuwɔna siwo dometɔ aɖewoe nye gbedodoɖa, hadzidzi, alo subɔsubɔdzesiwo me. Eɖoe kplikpaa be yemakpɔ gome le nuwɔna mawo me o, medi gɔ̃ hã be yeayi afi ma ne woava ƒoe ɖe ye nu yeaɖe asi le yeƒe nuteƒewɔwɔ ŋu o. Loide dea bubu srɔ̃a ŋu, eye wòdina be yeakpe asi ɖe srɔ̃a si nye eƒe ta le Ŋɔŋlɔawo nu la ŋu; gake medi be yeada le Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi o. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Eya ta etsɔ ŋuɖɔɖɔɖo ɖe eme na srɔ̃a bena ne eɖoe be yeayi kura gɔ̃ hã la, ye ya yemate ŋu ayi o. Ate ŋu agblɔ nɛ be ne yeyi evɔ yegbe gomekpɔkpɔ le wɔna aɖewo me la, ate ŋu ana ŋu nakpee, le susu sia ta ne yemeyi o la, ade edzi wu. Eƒe nyametsotsoa na be eƒe dzitsinya ŋuti kɔ.

12. Aleke ame aɖe ate ŋu ade ŋugble tso amekpekpe be wòade srɔ̃kpeƒe le sɔlemexɔ aɖe me ŋu, eye nyametsotso kae wòate ŋu awɔ?

12 Nyametsotso sesẽ ma tɔgbi dze ŋgɔ Rut hã. Rut dea bubu srɔ̃a ŋu, eɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu, eye eɖoa to eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la. Esi Rut de ŋugble tso nu siwo ŋu Loide hã de ŋugble le ŋu vɔ la, edo gbe ɖa hedzro “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le May 15, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ, me la me. Eɖo ŋku edzi be Hebrivi etɔ̃awo wɔ ɖe sedede si bia tso wo si be woayi teƒe aɖe si trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo ayi edzi le la dzi, gake wolé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi to ale si womekpɔ gome le trɔ̃subɔsubɔnuwɔnawo me o la me. (Daniel 3:15-18) Etso nya me be yeayi kple ye srɔ̃a, gake yemakpɔ gome le subɔsubɔnuwɔna aɖeke me o, eye nu si eƒe dzitsinya gblɔ nɛ lae nye ema wɔm wòle. Etsɔ ŋuɖɔɖɔɖo ɖe nu si eƒe dzitsinya aɖe mɔ nɛ be wòawɔ kple nu si mate ŋu awɔ o la me na srɔ̃a eme kɔ nyuie. Rut le mɔ kpɔm be ye srɔ̃ ava kpɔ vovototo si le tadedeagu vavãtɔ kple alakpatɔ dome la adze sii.—Dɔwɔwɔwo 24:16.

13. Nu ka tae mele be wòaɖe fu na mí ne Kristotɔ eve wɔ nyametsotso siwo to vovo o?

13 Esi wònye be Kristotɔ eve ate ŋu awɔ nyametsotso siwo to vovo ta la, ɖe esia fia be nyametsotso si ame awɔ la mele vevie o alo be ame eve siawo dometɔ ɖeka ƒe dzitsinya gbɔdzɔa? Ao. Le ŋusẽ si hadzidziwo kple ale si wodzrana teƒea ɖo ne wole sɔleme kɔnuwo wɔm kpɔ ɖe Loide dzi tsã ta la, ate ŋu abui be afi ma yiyi anye afɔku gã aɖe na ye. Eye ale si woa kple srɔ̃a wokpɔa gome le subɔsubɔnuwɔnawo me ɖekae tsã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe dzitsinya dzi. Eya ta eka ɖe edzi be emae nye nyametsotso nyuitɔ kekeake na ye.

14. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔwo ku ɖe ame ŋutɔ ƒe nyametsotsowo ŋu?

14 Gake nyametsotso gbegblẽe Rut wɔa? Ame bubuwo mekpɔ mɔ adrɔ̃ ʋɔnui o. Mele be woadrɔ̃ ʋɔnui alo ahe nya ɖe eŋu le esi wòtiae be yeayi wɔnawo wɔƒe, gake yemawɔ subɔsubɔdzesi aɖeke o la o. Aɖaŋu si Paulo ɖo ku ɖe ame ŋutɔ ƒe nyametsotso be yeaɖu nane alo yemaɖui o ŋu la nenɔ susu me na wò, egblɔ be: “Amesi ɖua nu la, nagado vlo amesi meɖua nu o la o; eye amesi meɖua nu o la, nagadrɔ̃ ʋɔnu amesi ɖunɛ la o . . . Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre.” (Romatɔwo 14:3, 4) Kakaɖedzitɔe la, Kristotɔ akuaku aɖeke madi be yeaƒoe ɖe ame aɖeke nu be wòado toku eƒe dzitsinya si wòna hehee la ƒe mɔfiame o, elabena esia wɔwɔ anye gbe aɖe si ate ŋu agblɔ nya siwo xɔa ame ɖe agbe la nu tsitsi.

15. Nu ka tae wòle be míabu ame bubuwo ƒe dzitsinya kple woƒe seselelãmewo ŋuti vevie?

15 Le kpɔɖeŋu sia dzi yiyi me la, ele be nyɔnu Kristotɔ eveawo siaa nabu nu bubu aɖewo hã ŋu, ɖekae nye ŋusẽ si woƒe nyametsotsoa akpɔ ɖe ame bubuwo dzi. Paulo xlɔ̃ nu mí be: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu le nu sia ŋuti bena, ame aɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.’ (Romatɔwo 14:13) Ðewohĩ Loide nyae be nuwɔna sia tɔgbi de zitɔtɔ geɖe hamea alo eƒe ƒomea me kpɔ, eye be yeƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ye viwo dzi. To vovo na ema la, ɖewohĩ Rut nyae be ame aɖewo wɔ nyametsotso mawo tɔgbi kpɔ, gake meɖe fu na hamea alo nutoa me tɔwo o. Ele be nɔvinyɔnu eve siawo—kple mí katã siaa—míanyae be dzitsinya si wona hehe nyuie tsia dzi ɖe ŋusẽ si míaƒe nuwɔnawo akpɔ ɖe amewo dzi la ŋu. Yesu gblɔ be: “Amesi ke laɖia nenem ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ bena, woatsɔ té atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ada ɖe ƒu ƒe gogloƒe, be wòano tsi aku.” (Mateo 18:6) Ne ame aɖe metsɔ ɖeke le ale si eƒe nuwɔna ate ŋu anye nukikli na amewo me o la, eƒe dzitsinya ate ŋu aƒo ɖi, abe ale si wònɔ le Kristotɔ siwo nɔ Kreta la dometɔ aɖewo gomee ene.

16. Tɔtrɔ kawoe míate ŋu akpɔ mɔ be Kristotɔ aɖe nawɔ ne ɣeyiɣiawo va le yiyim?

16 Abe ale si ko wòle be Kristotɔ nayi edzi anɔ tsitsim le gbɔgbɔ mee ene la, nenema kee wòle be wòayi edzi aɖo to eƒe dzitsinya ahawɔ ɖe nu si wògblɔna nɛ dzi geɖe wu. Mina míabu Marko si xɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ laa la ŋu kpɔ. Eƒe dzitsinya gblɔna nɛ be wòatsri nuwɔna siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o siwo me wòkpɔa gome le tsã; ɖewohĩ trɔ̃subɔsubɔ alo ʋuzazã hã le eme. (Dɔwɔwɔwo 21:25) Le nyateƒe me la, eƒoa asa na nu siwo ɖi nuwɔna siwo ŋu Mawu ƒo nu tsi tsitre ɖo la vie gɔ̃ hã keŋkeŋ. Le go bubu me la, nu si ta ame aɖewo gbea nanewo wɔwɔ, abe television dzi wɔna aɖewo siwo eya buna be wonyo la kpɔkpɔ, wɔa nuku nɛ.

17. Wɔ ale si tsitsi le gbɔgbɔ me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ ƒe dzitsinya kple eƒe nyametsotsowo dzi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la ƒe kpɔɖeŋu.

17 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Marko ƒe sidzedze tsi ɖe edzi eye wòte ɖe Mawu ŋu wu. (Kolosetɔwo 1:9, 10) Nu kae do tso eme? Gbe si ɖina le Marko me la xɔ hehe manyagblɔ aɖe. Fifia eɖoa to eƒe dzitsinya nyuie wu, eye wòzãnɛ tsɔ daa Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo kpɔ. Le nyateƒe me la, eva kpɔe be “nu siwo ɖi” nuwɔna siwo ŋu Mawu ƒo nu tsi tsitre ɖo “vie,” siwo yeƒoa asa na tsã la, metsi tsitre ɖe Mawu ƒe nukpɔsusuwo ŋu kura o. Gakpe ɖe eŋu la, fifia esi Marko le wɔwɔm ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi geɖe wu eye wòle lɔlɔ̃m be yeaɖo to yeƒe dzitsinya si yena hehee nyuie ta la, eƒe dzitsinya ʋãnɛ wòƒoa asa na television dzi wɔna siwo wòbuna tsã be wonyo la. Nyateƒee, eƒe dzitsinya ganyo ɖe edzi wu.—Psalmo 37:31.

18. Nu ka ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo?

18 Le hame geɖewo me la, ame siwo ɖo Kristotɔwo ƒe tsitsime vovovowo gbɔe li. Wo dometɔ aɖewo nye xɔsetɔ yeyewo. Ðewohĩ woƒe dzitsinya megblɔa nya aɖeke koŋ na wo le nanewo ŋu o, gake gbe si tso wo me la ɖina sesĩe le nu bubuwo ya gome. Ame siawo hiã ɣeyiɣi kple kpekpeɖeŋu hafi woate ŋu anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo nu ahayi edzi aɖo to woƒe dzitsinya si wona hehee la. (Efesotɔwo 4:14, 15) Dzidzɔtɔe la, ame geɖewo le hame mawo ke me siwo si sidzedze deto kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me, eye dzitsinya si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe nukpɔsusuwo la le wo si. Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na mí be míanɔ “ame dzadzɛ” siwo bua nu si nyoa Aƒetɔ la ŋu la be wole “dzadzɛ” le agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me gome la domee nye esi! (Efesotɔwo 5:10) Mina wòanye míaƒe taɖodzinu be dzitsinya si wɔ ɖeka kple nyateƒe ŋuti sidzedze vavã si le ame siawo si kpakple mawuvɔvɔ̃ si le wo me nasu míawo hã mía si, eye míayi edzi alé eme ɖe asi.—Tito 1:1.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe srɔ̃tɔwo ŋu le March 15, 1983, ƒe yevugbe me Gbetakpɔxɔ, axa 30-1.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae Kristotɔ siwo nɔ Kreta la dometɔ aɖewo ƒe dzitsinya ƒo ɖi?

• Aleke wòate ŋu adzɔe be Kristotɔ eve siwo ƒe dzitsinya le dɔ wɔm nyuie la nawɔ nyametstso siwo to vovo?

• Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nu kae wòle be wòadzɔ ɖe míaƒe dzitsinya dzi?

[Biabiawo]

[Anyigbatata si le axa 26]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Sicily

HELA

Kreta

ASIA SUE

Kipro

MEDITERRANEA ƑU

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Kristotɔ eve ate ŋu awɔ nyametsotso siwo to vovo ne wodo go nɔnɔme ɖeka tɔgbi