Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèwɔa Mɔnukpɔkpɔwo Ŋu Dɔ Ƒoa Nu Tso Wò Dzixɔsewo Ŋua?

Ðe Nèwɔa Mɔnukpɔkpɔwo Ŋu Dɔ Ƒoa Nu Tso Wò Dzixɔsewo Ŋua?

Ðe Nèwɔa Mɔnukpɔkpɔwo Ŋu Dɔ Ƒoa Nu Tso Wò Dzixɔsewo Ŋua?

“ÐE NYATEƑE matrɔmatrɔ aɖe lia?” Esiae nye tanya si ŋu wobia tso sukuviwo si be woaŋlɔ nu tso le Poland dukɔa me. Numeɖeɖe si woŋlɔ kpe ɖe tanya sia ŋue nye: “Míehiã na nyateƒe matrɔmatrɔ aɖeke o. Ame aɖeke mehiã nɛ o. Nyateƒe matrɔmatrɔ aɖeke meli koŋ o.” Agata, sekɛndrisukuvi si xɔ ƒe 15, eye wònye Yehowa Ðasefo la ɖoe be yeazã mɔnukpɔkpɔ sia atsɔ aɖe gbeƒã yeƒe dzixɔsewo na ame bubuwo.

Agata dze dzadzraɖo ɖe dɔdeasia ŋu gɔme kple gbedodoɖa na Yehowa hebiae eƒe mɔfiafia, eye wòte numekuku wɔwɔ tso nyatia ŋu. Eke ɖe numeɖeɖewo ŋu le July 1, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Agata he susu yi nya si Pontio Pilato bia Yesu be, “Nukae nye nyateƒe?” la dzi. (Yohanes 18:38) Eɖe nu me be nya si Pilato bia la ɖe vlododo nu ƒe nɔnɔme fia, abe ɖe wòle gbɔgblɔm be: ‘Tsiã! Nu kae nye nyateƒe? Naneke meli woyɔna nenema o!’ ene. Agata yi edzi be: “Pilato ƒe nyabiase sia na meɖo ŋku numeɖeɖe si wona kpe ɖe dɔdeasia ŋu la dzi.”

Azɔ edzro nukpɔsusu si le ame geɖe si be nu si nye nyateƒe na ame aɖe la manye nyateƒe na ame bubu aɖe ya kokoko o, eye be ɖewohĩ wo ame evea siaa tɔ ate ŋu “adzɔ” la me. Ebia nya aɖewo abe, “Mía dometɔ kae alɔ̃ aɖo yameʋu ne míexɔe se be se siwo kpɔa ŋusẽ ɖe yameʋuwo ƒe zɔzɔ to yame dzi la nye nyateƒe matrɔmatrɔ o?” ene. Emegbe ehe susu yi Biblia dzi hegblɔ be: “Nyateƒenya siwo metrɔna o dzie wotu Mawu ƒe Nya la ɖo, si tae míate ŋu aka ɖe edzi bliboe ɖo.” Egblɔ be ne ame siwo dina anukwaretɔe be yewoanya nyateƒe matrɔmatrɔwo tsɔ dzigbɔɖi dii la woake ɖe wo ŋu.

Agata xɔ ɖaseɖigbalẽ tɔxɛ aɖe, eye mɔnukpɔkpɔ su esi hã wòɖe nu me na klass bliboa. Eƒe sukuxɔmehati geɖewo lɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kple yewo. Dzi dzɔ Agata ŋutɔ be yete ŋu zã mɔnukpɔkpɔ ma tsɔ ƒo nu tso yeƒe dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo. Vavãe, ŋudzɔnɔnɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu na wò be nàʋu wò xɔse me ŋu aɖe vi geɖe ŋutɔ. Mɔnukpɔkpɔ kawo ŋu dɔe nàte ŋu awɔ?