Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Wòsesẽ Be Woanye Ðokuibɔbɔla

Ale Si Wòsesẽ Be Woanye Ðokuibɔbɔla

Ale Si Wòsesẽ Be Woanye Ðokuibɔbɔla

AWƆ na ame geɖe be ɖokuibɔbɔ meɖea vi aɖeke na ame le egbexexea me o. Ame siwo ɖea dzesi eye wòdzena be woawoe nu dze edzi na wue nye ame siwo nye akpasesẽnuwɔlawo, dadalawo, ame siwo dina godoo be yewoawɔ yewo ŋutɔ yewoƒe lɔlɔ̃nu. Ame akpa gãtɔ ʋãa ŋu gatɔwo kple ame xɔŋkɔwo, ke menye ɖokuibɔbɔlawo kple ame fatuwo o. Zi geɖe la, ame siwo nu dze edzi na la dana be yewo ŋutɔ yewoƒe dɔ sesẽ wɔwɔe na nu dze edzi na yewo. Womebɔbɔa wo ɖokui o, ke boŋ wodina dadatɔe be amewo nakafu yewo ɖe yewoƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta.

Numekula aɖe si nye Canadatɔ gblɔ be, “‘nye koe’ ƒe nɔnɔme aɖe le mo dom ɖa” le yeƒe dukɔa me. Ame bubuwo kpɔe be míele xexe aɖe si me amewo bua dzidzɔkpɔkpɔ nu vevii wu agbe ɖɔʋu nɔnɔ la me eye wokpɔe be eva le bɔbɔm fifia be amewo va le wo ɖokuiwo ŋu dzem ŋutɔ. Le xexe sia tɔgbi me la, awɔ na amewo be mele be woabu ɖokuibɔbɔ ŋu kura o.

Le nyateƒe me la, ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be ɖokuibɔbɔ nye nɔnɔme si dea ame bubuwo dzi le esi hadede kple ɖokuibɔbɔlawo nɔa bɔbɔe ta. Gake le hoʋiʋli ƒe xexe sia me la, ame aɖewo vɔ̃na be ne yewobɔbɔa yewo ɖokui la, amewo abu yewo ame ɖɔewoe.

Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔe ɖi be le míaƒe ŋkekea me la, amewo lanye “adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo.” (Timoteo II, 3:1, 1, 2) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be nyagblɔɖi sia le eme vam oa? Ðe nèkpɔe be aɖe vi be woanye ɖokuibɔbɔla? Alo ɖe nèsusuna be amewo abu ɖokuibɔbɔla be enye ame ɖɔe, si woate ŋu atafa bɔbɔea?

Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ susu nyui geɖe siwo ta wòle be míatu ɖokuibɔbɔ ɖo ahade asixɔxɔ nɔnɔme sia ŋu. Ena eme kɔ nyuie be ɖokuibɔbɔ nye nɔnɔme nyoameŋu eye wòde dzi ƒo be míatui ɖo, heɖee fia be enye ŋusẽ ƒe dzesi, ke menye gbɔdzɔgbɔdzɔ o. Nyati si kplɔe ɖo aɖe nu si tae la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ne míekpɔ dzidzedze?