Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mawu Ƒe Nu Gogloawo” Me Dzodzro

“Mawu Ƒe Nu Gogloawo” Me Dzodzro

“Mawu Ƒe Nu Gogloawo” Me Dzodzro

“Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.”—KORINTOTƆWO I, 2:10.

1. Biblia me nyateƒe kawo nyanyae nana Biblia nusrɔ̃vi yeyewo kpɔa dzidzɔ?

MÍA dometɔ akpa gãtɔ siwo le Kristo hamea me ate ŋu aɖo ŋku dzidzɔ si míekpɔ esime míete nyateƒea sɔsrɔ̃ la dzi. Míeva se Yehowa ƒe ŋkɔa ƒe vevienyenye, nu si ta wòɖe mɔ fukpekpe li, nu si ta ame aɖewo ayi dziƒo, kple ale si etsɔme anɔ na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒe susɔeawo la gɔme. Anɔ eme be do ŋgɔ la, míexlẽa Biblia le mía ɖokui si ya, gake nu siawo nɔ ɣaɣla ɖe mí, abe ale si wòle le ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ gome ene. Míenɔ abe ame aɖe si ke ŋku ɖe tɔsisi aɖe si me adzakpo dzeaniwo le me ene. Esi wònye be ŋku gbɔloe wòtsɔ le tsia me kpɔm ta la, nu dzeani siwo le eme la dometɔ ʋɛ aɖewo koe wòte ŋu kpɔ. Gake esi wòva zã tsigɔmekpɔmɔ̃ la, ekpɔ dzidzɔ ale gbegbe, elabena ete ŋu kpɔ adza siwo le amadede vovovo me, tɔmelãwo, tɔmelã siwo ɖi seƒoƒowo, kple nu gbagbe dzeani bubuwo. Nenema kee esime ame aɖe dze egɔme nɔ kpekpem ɖe mía ŋu be míase Ŋɔŋlɔawo gɔme la, “Mawu ƒe nu gogloawo” ƒe akpa sue aɖe koe nye ema míete kpɔkpɔ.—Korintotɔwo I, 2:8-10.

2. Nu ka tae dzidzɔ si míekpɔna le Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ me ate ŋu anɔ anyi tegbee?

2 Ðe wòle be Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze sue si su mía si la ɖeɖe nasɔ gbɔ na mía? “Mawu ƒe nu gogloawo” lɔ Mawu ƒe nunya si woɖe fia Kristotɔwo to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi evɔ wole ɣaɣla ɖe ame bubuwo ya ɖe eme. (Korintotɔwo I, 2:7) Nuwuwu meli na Mawu ƒe nunya o, eye míate ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe le eme kuku me. Míate ŋu anya nu sia nu le nunya si dzena le ale si Mawu wɔa nui me ŋu o. Dzidzɔ si míekpɔ esime míete Biblia ƒe nufiafia veviwo sɔsrɔ̃ la akpɔtɔ anɔ mía me ɖaa ne míeyi edzi kua “Mawu ƒe nu gogloawo” me ɖeɖimateameŋutɔe.

3. Nu ka tae wòhiã be míase susu siwo le megbe na míaƒe dzixɔsewo gɔme nyuie?

3 Nu ka tae wòhiã be míase ‘nu goglo’ mawo gɔme ɖo? Ne menye ɖeko míese nu siwo dzi míexɔ se gɔme o, ke míese nu si ta míexɔ wo dzi se ɖo—nu siwo koŋ dzi wotu míaƒe dzixɔsewo ɖo—hã gɔme la, ado ŋusẽ míaƒe xɔse kple kakaɖedzi. Ŋɔŋlɔawo gblɔ na mí be míazã míaƒe “tamebubu ŋutete” atsɔ “[ado] Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui.” (Romatɔwo 12:1, 2, NW) Nu si ta Yehowa bia tso mía si be míanɔ agbe le mɔ aɖe koŋ nu gɔme sese ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe didi vevie be míaɖo toe. Eya ta “nu gogloawo” nyanya ate ŋu ado ŋusẽ mí be sedzimawɔmawɔ ƒe tetekpɔ nagaɖu mía dzi o, eye aʋã mí be “[míado] vevie nu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.”—Tito 2:14.

4. Nu kawoe Biblia sɔsrɔ̃ lɔ ɖe eme?

4 Hafi míate ŋu ase nu gogloawo gɔme la, ele be míasrɔ̃ nu. Gake menye nuxexlẽ dzro koe nusɔsrɔ̃ nye o. Ke boŋ enye ŋugbledede vevie le nu si xlẽm míele ŋu ahakpɔ ale si wòdo ƒome kple nu siwo míenya xoxo. (Timoteo II, 1:13) Elɔ dzesidede susu si ta wogblɔ nyaa ɖo ɖe eme. Ne míele Biblia srɔ̃m la, ele be míade ŋugble le ale si míate ŋu awɔ nu si míesrɔ̃ ŋu dɔ le nyametsotso siwo me nunya le wɔwɔ kple kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me. Azɔ hã, esi wònye be “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la [nyo]” ta la, ele be míaƒe nusɔsrɔ̃ naku ɖe “nya sia nya, si dona tsoa [Yehowa] ƒe nu me la ŋuti.” (Timoteo II, 3:16, 17; Mateo 4:4) Biblia sɔsrɔ̃ bia kutrikuku geɖe! Gake ate ŋu avivi ame nu hã, eye “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme sese mesesẽ akpa o.

Yehowa Kpena Ðe Ame Fafawo Ŋu Wosea Wo Gɔme

5. Ame kawoe ate ŋu ase “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme?

5 Ne sukudede meɖe na wo o eye nusɔsrɔ̃ mevivia nu wò o gɔ̃ hã la, mele be nàsusui be yemate ŋu ase “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme o. Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, menye nunyalawoe Yehowa ɖe eƒe tameɖoɖo fia o, ke boŋ ame manyagbalẽwo kple ame tsɛ siwo bɔbɔ wo ɖokui be Mawu subɔlawo nafia nu yewoe wòɖee fia. Wonɔ abe vidzĩwo ene ne wotsɔ wo sɔ kple ame siwo de suku geɖewo. (Mateo 11:25; Dɔwɔwɔwo 4:13) Le ‘nusiwo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ’ gome la, apostolo Paulo ŋlɔ na haxɔsetɔwo be: “Míawo la Mawu ɖee fia mí to eƒe [gbɔgbɔ] la dzi; elabena [gbɔgbɔ] la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.”—Korintotɔwo I, 2:9, 10.

6. Gɔmesese kae le nya si le Korintotɔwo I, 2:10 ŋu?

6 Alekee Mawu ƒe gbɔgbɔa dzroa “nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke”? Yehowa meɖea nyateƒea ƒe gɔmesese fia Kristotɔ ɖekaɖekawo o, ke boŋ etoa eƒe gbɔgbɔa dzi fiaa mɔ eƒe habɔbɔa wòɖea Biblia me nyateƒea gɔme na Mawu ƒe ame siwo subɔnɛ le ɖekawɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 20:28; Efesotɔwo 4:3-6) Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi ɖeka dzi koe hamewo katã zɔna ɖo le xexea me godoo. Eye le ƒe aɖewo megbe la, wo katã wokpea Biblia ƒe nufiafia veviwo katã ɖo. Hamea kpena ɖe amewo ŋu to gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me wotua nɔnɔme si hiã bene woase “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme la ɖo.—Dɔwɔwɔwo 5:32.

Nu Siwo “Mawu Ƒe Nu Gogloawo” Lɔ Ðe Eme

7. Nu ka tae ame geɖe mesea “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme o?

7 Mele be míasusui be ‘nu goglowo’ nye nu siwo gɔme sese sesẽ kokoko o. Menye ɖe wòsesẽ akpa be Mawu ƒe nunya nasu amewo si tae ame akpa gãtɔ mesea “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme o, ke boŋ esi Satana blea amewo wogbea kpekpeɖeŋu si Yehowa nana to Eƒe habɔbɔa dzi tae.—Korintotɔwo II, 4:3, 4.

8. Nu goglo kawo ŋue Paulo ƒo nu tso le lɛta si wòŋlɔ na Efesotɔwo la ƒe ta etɔ̃lia me?

8 Lɛta si Paulo ŋlɔ na Efesotɔwo ƒe ta etɔ̃lia ɖee fia be “Mawu ƒe nu gogloawo” lɔ nyateƒenya geɖe siwo gɔme Yehowa ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ se nyuie la ɖe eme, abe dzesidede ame si Dzidzimevi si ŋugbe wodo la nye, ameƒomea me tɔ aɖewo tiatia hena dziƒoyiyi, kple Mesia Fiaɖuƒea ene. Paulo ŋlɔ bena: “Womena amegbetɔviwo nya [nya ɣaɣla sia] le ŋɔli bubuwo me o, abe alesi woɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖila kɔkɔewo le gbɔgbɔ la me azɔ la ene o, bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo la ƒe hadomenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me.” Paulo gblɔ be wode dɔ asi na ye be yeana “keklẽ naklẽ na wo katã, bene woanya nusi nye nya ɣaɣla, si woɣla ɖe Mawu, si wɔ nuwo katã la me tso ŋɔli mavɔwo me la ƒe nuɖoanyi la.”—Efesotɔwo 3:5-9.

9. Nu ka tae wònye mɔnukpɔkpɔ na mí be míesea “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme?

9 Paulo yi edzi ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wònye hã be “woato [hamea] dzi ana . . . ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanya Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la” me. (Efesotɔwo 3:10) Nunya si le ale si Yehowa wɔa nu kple Kristo hamea me la teƒekpɔkpɔ kple egɔmesese ɖea vi na mawudɔlawo. Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi be míesea nu siwo gɔme sese dzroa mawudɔlawo gɔ̃ hã la gɔme! (Petro I, 1:10-12) Emegbe, Paulo gblɔ be míadze agbagba ‘bene mí kpakple ame kɔkɔewo katã míate ŋu adze si nu si nye Kristotɔwo ƒe xɔse la ƒe kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme.’ (Efesotɔwo 3:11, 18) Azɔ mina míadzro nu gogloawo ƒe kpɔɖeŋu aɖewo, siwo ana míaƒe nugɔmesese nade to ɖe edzi la me akpɔ.

Nu Gogloawo Ƒe Kpɔɖeŋu Aɖewo

10, 11. Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafia nu la, ɣekaɣie Yesu zu Mawu ƒe dziƒo ‘nyɔnua’ ƒe ‘dzidzimevia’ ƒe akpa vevitɔ?

10 Míenya be Yesue nye Mawu ƒe dziƒo “nyɔnu” si ŋu woƒo nu tso le Mose I, 3:15 la ƒe ‘dzidzimevia’ ƒe akpa vevitɔ. Bene míaƒe nugɔmesese nade to ɖe edzi la, ɖewohĩ míabia be: ‘Ɣekaɣie Yesu va zu Dzidzimevi si ŋugbe wodo? Ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzue loo, edziɣi abe amegbetɔ enee loo, eƒe nyɔnyrɔxɔɣie loo, alo esime wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome yea?’

11 Mawu do ŋugbe be dzidzimevi si agba ta na da la ado tso yeƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si woyɔ le nyagblɔɖi me be “nyɔnu” la me. Gake ƒe akpe geɖewo va yi, eye Mawu ƒe nyɔnu la mete ŋu dzi vi aɖeke si ate ŋu atsrɔ̃ Satana ahagblẽ eƒe dɔwɔwɔwo me o. Eya ta woyɔ nyɔnua le Yesaya ƒe nyagblɔɖi me be enye “konɔ” si le “nu xam.” (Yesaya 54:1, 5, 6) Mlɔeba, wova dzi Yesu le Betlexem. Gake esi wonyrɔe hetsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ eye wòzu Mawu ƒe vi si le etɔxɛ ko hafi Yehowa ɖe gbeƒãe be: “Amesia enye vinye.” (Mateo 3:17; Yohanes 3:3) Nyɔnua ƒe ‘dzidzimevia’ ƒe akpa vevitɔa ɖe eɖokui fia mlɔeba. Emegbe la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu yomedzelawo hã wozu Mawu ƒe viwo. Yehowa ƒe ‘nyɔnua’ si nɔ abe “konɔ, si medzi vi o” ene hena ɣeyiɣi didi aɖe la te ŋu “tso aseye” mlɔeba.—Yesaya 54:1; Galatiatɔwo 3:29.

12, 13. Mawunyakpukpui kawoe ɖee fia be Kristotɔ amesiamina siwo katã le anyigba dzi ƒe ƒuƒoƒoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la?

12 Nu gogloawo ƒe kpɔɖeŋu evelia si woɖe fia mí la ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo be yeatia ame 144,000 tso ameƒomea me ŋu. (Nyaɖeɖefia 14:1, 4) Míelɔ̃ ɖe edzi be amesiamina siwo katã le agbe le anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me ƒe ƒuƒoƒoe nyea “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si Yesu gblɔ be ana “nuɖuɖu” yeƒe aƒemetɔwo le ɣeyiɣi nyui dzi. (Mateo 24:45) Mawunyakpukpui kawoe ɖee fia be gɔmesese sia sɔ? Alo ɖe wòanye be Kristotɔ ɖe sia ɖe si tsɔa gbɔgbɔmenyawo tua nɔvia ɖoe Yesu wɔnɛa?

13 Mawu gblɔ na Israel dukɔa be: “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia.” (Yesaya 43:10) Gake Yesu gblɔ na Israel ƒe kplɔlawo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Nisan 11 lia dzi be Mawu gbe woƒe dukɔa be maganye yeƒe dɔla o. Egblɔ be: “Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.” Yesu gblɔ na amehaawo bena: “Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.” (Mateo 21:43; 23:38) Israel ƒe aƒe la, si nye Yehowa ƒe dɔla, medze aɖaŋu alo wɔ nuteƒe o. (Yesaya 29:13, 14) Emegbe le ŋkeke ma ke dzi, esime Yesu bia be, “Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” mahã la, le nyateƒe me la, ɖe wònɔ biabiam be, ‘Dukɔ dzeaɖaŋu kae axɔ ɖe Israel teƒe abe Mawu ƒe dɔla wɔnuteƒe ene?’ Apostolo Petro na ŋuɖoɖoa esime wògblɔ na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea be: “Miawoe nye . . . dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ [koŋ].” (Petro I, 1:4; 2:9) Gbɔgbɔmedukɔ ma, si nye “Mawu ƒe Israel” lae va zu Yehowa ƒe dɔla azɔ. (Galatiatɔwo 6:16) Abe ale si ko blema Israel dukɔa me tɔwo katã ƒo ƒu nye “dɔla” ɖeka ene la, nenema kee Kristotɔ amesiamina siwo katã le agbe le anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me la ƒe ƒuƒoƒo nyea “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela.” Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wònye na mí be míexɔa “nuɖuɖu” to Mawu ƒe dɔlaa dzi!

Ðokuisinusɔsrɔ̃ Ate Ŋu Avivi Ame Nu

14. Nu ka tae Biblia sɔsrɔ̃, ke menye exexlẽ dzro ko o, ate ŋu avivi mía nu?

14 Ne Ŋɔŋlɔawo ŋuti gɔmesese yeye aɖe su mía si la, ɖe ale si wòdoa ŋusẽ míaƒe xɔse medoa dzidzɔ na mí oa? Esia tae Biblia sɔsrɔ̃, ke menye exexlẽ dzro ko o, ate ŋu avivi mía nu ŋutɔ. Eya ta ne èle Kristotɔwo ƒe agbalẽwo xlẽm la, bia ɖokuiwò be: ‘Vovototo kae le numekɔkɔ sia kple nu si menya tso nyatia ŋu tsã la dome? Mawunyakpukpui alo numeɖeɖe bubu kawoe agate ŋu aɖo kpe numekɔkɔ si woɖe ɖe go le nyati sia me dzi?’ Ne èkpɔe be ehiã be yeawɔ numekuku la, de dzesi biabia si va susu me na wò la ɖi, eye wòanye nusɔsrɔ̃ si nàgava wɔ emegbe.

15. Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kawoe ate ŋu ado dzidzɔ na ame, eye aleke wòate ŋu aɖe vi hena ɣeyiɣi didi?

15 Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kawoe ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ si dona tso nugɔmesese deto ƒe ame si susu me? Le kpɔɖeŋu me, ne èwɔ ɖoɖo hedzro nubabla vovovo siwo Mawu wɔ kple amegbetɔwo me tsitotsito la, ana nugɔmesese deto nasu asiwò. Nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yesu Kristo ŋu me dzodzro alo Biblia ƒe nyagblɔɖigbalẽwo dometɔ aɖe ƒe kpukpuiawo me dzodzro ɖekaɖeka hã ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse. Nu bubu si agate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔsee nye, Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe ŋutinya me dzodzro le Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) gbalẽa me. * Azɔ hã, “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” siwo dze le Gbetakpɔxɔ me le ɣeyiɣi siwo va yi me la me toto ana nàke ɖe mawunyakpukpui aɖewo ƒe gɔmeɖeɖe deto ŋu. De dzesi ale si wonɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖe nyaa me nyuie. Esia akpe ɖe ŋuwò nàna hehe wò “nugɔmesese ƒe ŋutetewo” ahatu wò sidzedze ŋutete ɖo. (Hebritɔwo 5:14, NW) Ne èle nua srɔ̃m la, de dzesi nya veviwo ɖe wò Biblia alo nuŋlɔɖigbalẽ aɖe me bene nàte ŋu anɔ wo zãm ɖaa, eye nàte ŋu atsɔe akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu.

Kpe Ðe Ðeviwo Ŋu Biblia Sɔsrɔ̃ Navivi Wo Nu

16. Aleke miate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be Biblia sɔsrɔ̃ nado dzidzɔ na wo?

16 Nu geɖewo li siwo dzilawo ate ŋu awɔ be gbɔgbɔmenuwo nadzro wo viwo. Megawɔ na mi be ɖeviwo mate ŋu ase nu goglowo gɔme o. Ne miebia tso ɖeviwo si be woawɔ numekuku le nyati aɖe ŋu atsɔ adzra ɖo ɖe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu la, miate ŋu abia wo le nua srɔ̃ɣi be woagblɔ nu siwo ŋu woke ɖo na mi. Miate ŋu ade ale si ɖeviwo aʋli woƒe xɔse ta kple ale si woate ŋu aɖo kpe edzi be nu siwo wofia yewo la nye nyateƒe la ƒe wɔwɔfiawo hã míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃a me. Hekpe ɖe eŋu la, miate ŋu azã agbalẽ gbadza si nye ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ * atsɔ afia nu wo tso Biblia nyigbawo ŋu alo atsɔ akpe ɖe wo ŋu woase kwasiɖa sia kwasiɖa Biblia xexlẽ ƒe akpa si mieɖo la me nyuie.

17. Nu ka tae wòhiã be míada asɔ le ɖoɖo si míewɔ hena ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ me?

17 Ðokuisi Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo me léle ɖe asi ate ŋu ado ŋusẽ xɔse ahavivi ame nu ale gbegbe, gake ele be nànɔ ŋudzɔ be magaxɔ wò ɣeyiɣiwo katã be màgakpɔ ɣeyiɣi ɖe kpekpeawo dzadzraɖo ŋu o. Kpekpeawo nye mɔ bubu si dzi Yehowa tona fiaa nu mí to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. Ke hã, numekuku bubuwo wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàna nyaŋuɖoɖo tuameɖowo le kpekpeawo me, abe le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe alo kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia me dzroɣi le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me ene.

18. Nu ka tae agbagba siwo nàdze asrɔ̃ nu tso “Mawu ƒe nu gogloawo” ŋu manye dzodzro o?

18 Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ tsitotsito le ɖokuiwò si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Biblia gblɔ le asixɔxɔ si le nusɔsrɔ̃ ma ƒomevi ŋu la ŋu be: “Nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye: Nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” (Nyagblɔla 7:12) Eya ta agbagba siwo nàdze be gɔmesese deto nasu asiwò le gbɔgbɔmenuwo ŋu manye dzodzro o. Biblia do ŋugbe na ame siwo yia edzi dzroa gbɔgbɔmenuwo me be: “[Woƒe] asi atu sidzedze Mawu.”—Lododowo 2:4, 5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe tae.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu kawoe “Mawu ƒe nu gogloawo” nye?

• Nu ka ta mele be míadzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso nu goglowo ŋu gbeɖe o?

• Nu ka tae dzidzɔ si dona tso “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme sese me ate ŋu asu Kristotɔ ɖe sia ɖe si?

• Nu kae nàwɔ be “Mawu ƒe nu gogloawo” gɔme sese nàɖe vi na wò geɖe wu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ɣekaɣie Yesu va zu Dzidzimevi si ŋugbe wodo?

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dzilawo ate ŋu abia tso ɖeviwo si be woawɔ numekuku le nyati aɖe ŋu atsɔ adzra ɖo ɖe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu