Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mesrɔ̃ Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu Bliboe

Mesrɔ̃ Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu Bliboe

Agbemeŋutinya

Mesrɔ̃ Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu Bliboe

Abe Ale Si Aubrey Baxter Gblɔ Ene

Le ƒe 1940 ƒe Memleɖa fiẽ aɖe la, ŋutsu eve va dze dzinye heƒom ƒu anyi. Kpovitɔ eve tɔ ɖe afi ma, le esi teƒe be woaxɔ nam la, ɖe woɖu fewu le ŋunye hekafu anyrawɔlaawo boŋ. Nu si na wowɔ ŋutasẽnu ma ɖe ŋunye la dze egɔme ƒe atɔ̃ do ŋgɔ, esime menɔ dɔ wɔm le tomenukuƒe aɖe. Mina maɖe eme na mi.

NYEE nye vi etɔ̃lia le ŋutsuvi ene dome, eye ƒe 1913 mee wodzim le Swansea, si nye ƒutadu aɖe si le New South Wales, Australia. Esime mexɔ ƒe atɔ̃ la, Spaniatɔwo ƒe dzamezã, si ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe ɖa le xexea me katã la, va dze mí katã dzi le ƒomea me. Dzidzɔtɔe la, mía dometɔ aɖeke meku o. Gake le ƒe 1933 me la, Dada ku kpata esime wòxɔ ƒe 47. Enye nyɔnu mawuvɔ̃la, eye Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia srɔ̃gbalẽ si nye Light ƒe babla eveawo su esi xoxo.

Ɣemaɣi la, mewɔa dɔ le tomenukuƒe aɖe. Esi wònye be míewɔa dɔ geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe me eye dɔ ʋɛ aɖewo koe nɔa anyi le ɣeyiɣi bubuwo me ta la, metsɔa agbalẽawo ɖe asi hexlẽa wo le akaɖi si wotsi ɖe míaƒe dɔwɔkukua ŋu ƒe keklẽ nu. Eteƒe medidi o, mekpɔe be meke ɖe nyateƒea ŋu. Mete Biblia me nuƒo si Ðasefowo ƒona le radio dzi la hã sese. Nye dzidzɔ gba go esime Papa kple nɔvinyeŋutsuawo katã va kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒea ŋu.

Le ƒe 1935 me la, axamedɔ dze nɔvinyeŋutsu, Billy, dzi wòku kpata, esime wòxɔ ƒe 16 pɛ ko. Gake azɔ la, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa fa akɔ na míaƒe ƒomea. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Papa kple nɔvinyeŋutsu Verner kple Harold, kpakple wo srɔ̃wo tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu. Le nye ƒometɔ kplikplikpliwo dome la, nye ɖeka koe gale agbe fifia. Gake nyɔnu si Verner ɖe zi evelia, si ŋkɔe nye, Marjorie, kple Harold srɔ̃, Elizabeth, gakpɔtɔ le Yehowa subɔm.

Mesrɔ̃ Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu

Ƒe 1935 mee medo go Yehowa Ðasefowo ŋkume kple ŋkume zi gbãtɔ, esime nyɔnu tsitsi aɖe si nye Ukraintɔ la do gasɔ va mía ƒe me. Mede Kristotɔwo ƒe kpekpe zi gbãtɔ le Kwasiɖa ma ƒe nuwuwu, eye le kwasiɖa ɖeka megbe la, mewɔ ɖeka kple ƒuƒoƒoa le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be Ðasefo si kpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi la tsɔ agbalẽvi aɖewo nam heɖo nye ɖeka ɖe gbeadzi! Esi meɖo aƒe gbãtɔa nu la, menɔ vɔvɔ̃m ale gbegbe be ɖeko medi be anyigba nake nu amim! Gake aƒemenɔlaa xɔm nyuie eye wòxɔ agbalẽ gɔ̃ hã.

Mawunyakpukpuiwo abe Nyagblɔla 12:1 kple Mateo 28:19, 20 ene wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, eye medi be manye mɔɖela, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela. Papa da asi ɖe nye nyametsotsoa dzi. Togbɔ be nyemexɔ nyɔnyrɔ haɖe o hã, meɖoe be madze egɔme le July 15, 1936 dzi. Meyi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Sydney le ŋkeke ma dzi, eye wode dɔ asi nam be mawɔ ɖeka kple mɔɖela 12 aɖewo míaɖe gbeƒã le Sydney ƒe gbɔtodu si nye Dulwich Hill. Wofiam ale si wozãa mɔ̃ si wotrona kple asi tsɔ tua lui, si wozãna ɣemaɣi bene woaɖe nuɖuɖu ƒe gazazã dzi kpɔtɔ.

Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Le Avenutowo Me

Esi meva xɔ nyɔnyrɔ emegbe le ƒe ma me la, woɖo mía kple mɔɖela eve bubu—Aubrey Wills kple Clive Shade—ɖe Queensland ƒe titinanuto me. Nu siwo míetsɔ ɖe asie nye Aubrey ƒe bɔsua, gasɔ aɖewo, agbaƒomɔ̃ si míetsɔ ƒoa Biblia me nuƒowo, agbadɔxɔ ɖeka si zu míaƒe aƒe hena ƒe etɔ̃, numlɔdzi etɔ̃, kplɔ̃ ɖeka, kple nuɖagaze ɖeka. Esi wòɖo dzinye be maɖa nu fiẽ aɖe la, lu kple amagbewoe metsaka ɖa hesusui be meɖa nu tɔxɛ aɖe fiẽ ma. Gake mía dometɔ aɖeke mete ŋu ɖui o. Metsɔe na sɔ aɖe si te ɖe mía ŋu. Eʋɛ̃e se, ʋuʋu ta, eye wògblẽe ɖi dzo! Emae nye zi mamlɛtɔ si metee kpɔ be maɖa nane si nyemeɖa kpɔ o.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, míeɖoe be míakpe anyigbamamaa ɖo kaba to emama ɖe akpa etɔ̃ me bene mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ dɔ le akpa si nye etɔ me. Edzɔna zi geɖe be menɔa adzɔge ʋĩ tso mía nɔƒea gbɔ le ŋkekea ƒe nuwuwu ale gbegbe be nyemate ŋu ado gasɔ agbɔ va aƒe me o, eya ta metsia ame aɖewo siwo wɔa amedzro nam le kɔƒeawo me la gbɔ dɔna ɣeaɖewoɣi. Gbe ɖeka, memlɔ abati nyui aɖe ŋutɔ dzi le nyiwo nyiƒe aɖe ƒe amedzroxɔ me, eye le zã si kplɔe ɖo me la, memlɔ anyigba ƒuƒlu ƒoɖi aɖe le adelãwo ƒe agbadɔ aɖe me, le lãgbalẽ siwo woli kɔ ɖi eye wonɔ ʋeʋẽm kũu la dome. Memlɔa gbe me zi geɖe. Gbe ɖeka, gbevuwo va ƒo xlãm, gake wonɔ adzɔge ale gbegbe be nyemete ŋu kpɔ wo le vivitia me o, ke hã, menɔ woƒe ɣlidodowo sem. Nyememia ŋku o ʋuu ŋu ke, eye meva kpɔe be menye nye dim wonɔ o, ke boŋ lãŋutinu siwo wotsɔ ƒu gbe ɖe afi ma dim wonɔ be yewoaɖu.

Gbeƒãɖeɖe Kple Ʋu Si Ŋu Nuƒomɔ̃ Le

Míezã ʋu si ŋu míetsi nuƒomɔ̃ ɖo tsɔ ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea. Kpovitɔwo ɖe mɔ na mí be míaƒo mɔ̃a le Townsville dua, si le Queensland ƒe dziehenutoa me la titina. Gake Biblia me nuƒoa do dziku na Salvation Army (Armée du Salut) tɔwo eye wogblɔ na mí be míadzo. Míegbe, eye wo dometɔ atɔ̃ ʋuʋu míaƒe bɔsua adãtɔe ʋuu. Ɣemaɣi la, menɔ ʋua me nɔ mɔ̃a dzi kpɔm! Míekpɔe be nunya manɔ eme be míate tɔ ɖe míaƒe gomenɔamesi dzi o, eya ta esi wogblẽ mí ɖi dzo la, míedzo le afi ma.

Le Bundaberg la, ŋutsu ɖetsɔlemetɔ aɖe ɣe eƒe tɔdziʋu na mí be míatsɔ aɖe gbeƒã nuƒoa tso Burnett Tɔsisi, si to dua me la dzi. Aubrey kple Clive wotsɔ nuƒomɔ̃a ɖe tɔdziʋua me heyi ɖe tɔa dzi esime nye ya menɔ akpata si míehaya me. Zã ma me la, Joseph F. Rutherford, si nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã, ƒe nuƒo si wòƒo kple gbe sesẽ, si wolé ɖe agba dzi, la ɖi le Bundaberg dua katã me heɖe gbeƒã Biblia me gbedeasi sesẽ aɖe. Le nyateƒe me la, enye veviedodonu ƒe ɣeyiɣi si me wòhiã be Mawu ƒe amewo naɖe dzideƒo kple xɔse afia le.

Aʋawɔwɔ He Kuxi Geɖewo Vae

Esi Xexemeʋa II dze egɔme le September 1939 me megbe kpuie la, November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ dzro Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade le dunyahehe kple aʋawɔwɔ me me. Emegbe la, mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be mesrɔ̃ nyati ma si va le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Le mía kple Aubrey, kple Clive, ƒe subɔsubɔ ɖekae hena ƒe etɔ̃ megbe la, míexɔ dɔdeasi vovovo siwo na míeklã tso mía nɔewo gbɔ. Woɖom dzikpɔla mɔzɔlae be makpɔ Queensland ƒe dziehenutoa dzi, si wɔe be medo go nɔnɔme siwo do nye ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpɔ zi geɖe.

Mesubɔ Townsville hamea le August 1940 me, afi si mɔɖela ene, siwo nye Percy kple Ilma Iszlaub, * kpakple Norman kple nɔvia Beatrice Bellotti, nɔ subɔsubɔm le. Ƒe ade megbe la, Beatrice va zu srɔ̃nye. Memleɖa fiẽ aɖe, esime mí ame xexlẽme aɖe míewu ablɔdziɖaseɖiɖi nu megbee wodze dzinye abe ale si megblɔe le gɔmeadzedzea me ene. Gake ɖeko nu madzɔmadzɔ ma si wowɔ ɖe ŋunye la gado ŋusẽm ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu.

Nɔvinyɔnu mɔɖela eve, Una kple Merle Kilpatrick, wonɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm dzonɔamemetɔe le dziehe gome. Gbe ɖeka, mía kpli wo míekpɔ dzidzɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye wobia tso asinye be maku yewo atso tɔ aɖe yewoaɖasrã ƒome aɖe si tsɔ ɖe le eme la kpɔ. Esia bia be maƒu tsia ayi tɔa godo aɖatsɔ akro aɖe tso afi ma vae, akɔ nɔvinyɔnuawo ɖe eme agbɔgbu atso tɔa kpli wo. Gake esi meƒu tsia ɖo akroa gbɔ la, medi atabuawo do kpo! Míese emegbe be tsitretsiɖeŋula aɖee tsɔ wo ɣla. Gake eƒe nugbeɖoɖoa mexe mɔ na mí o. Mewɔ tɔŋudzɔdzɔdɔ hena ƒe geɖe eye megabi ɖe tsiƒuƒu me ŋutɔ. Eya ta mesa ka si wotsɔ lé akroa ɖe tɔa nu la ɖe ali, eye meƒu tsia he akroa va nyɔnuawo gbɔ, woge ɖe eme, eye megbugbɔ he akroa yi tɔa godo. Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi, elabena ƒome ma va zu Ðasefowo.

Le Yehowa Ƒe Asi Ƒe Vɔvɔ̃li Te

Asrafowo xe mɔ le Innisfail dua ƒe dodonu le dedienɔnɔ ƒe nyawo ta. Esi wònye be dua mee menɔ ta la, mete ŋu xɔ mɔɖegbalẽ si de dzinye ŋutɔ le alɔdzedɔwɔƒea teƒenɔla siwo va srãa mí kpɔ la kpɔkplɔ me. Aleke mewɔna kplɔa wo toa asrafoawo gbɔ? Meɣlaa wo ɖe nugo aɖe si le ʋua ƒe megbezikpuia te la me.

Ɣemaɣi la, mɔ̃memi nɔ vevem, eya ta ʋu geɖe zãa gasmɔ̃. Hafi ʋua naxɔ dzo la, ele be mɔ̃ sia nahe gas tso dzoka xɔxɔ me. Medoa aka kotokuwo ɖe nugo si me nɔvia ɣla ɖo la dzi hezɔa zã kplii. Ne meɖo asrafoawo gbɔ la, menana gasmɔ̃a nɔa totrom sesĩe bene dzokaa nabiã hɛ̃ ale be woagakaka ʋua me ƒitsoƒitso o. Le zã aɖe me la, medo ɣli gblɔ na dzɔlawo be, “Ne metsi dzo na ʋua la, ke medi nya le gasmɔ̃a ŋu, eye asesẽ ŋutɔ hafi ʋua nagaxɔ dzo.” Mɔ̃a ƒe dzoxɔxɔ heliheli, eƒe ɣlidodo, kple dzudzɔtutu wɔe be ɖeko dzɔlawo lé ŋku ɖe ʋua ŋu ɖewoɖewoe ko heɖe mɔ nam medzo.

Le ŋkeke mawo me la, wode dɔ asi nam be mawɔ ɖoɖo ɖe takpekpe aɖe si Townsville dua me Ðasefowo awɔ ŋu. Nuɖuɖu nɔ vevem, eye hafi míakpɔ agbɔsɔsɔme si míehiã la, ele be míaxɔ mɔɖeɖe tso nutoa me senyawo gbɔ kpɔla gbɔ. Ɣemaɣi la, woléa mía nɔviwo dea ga le woƒe akpaɖekedzimademade ta. Eya ta esi mebia be mado go senyawo gbɔ kpɔlaa la, menɔ ɖokuinye biam be, ‘Nunyanue nye esia wɔm melea, alo ɖe mele ge dim le kpɔ̃ ŋu?’ Ke hã, meyi ɖado go kplii abe ale si wobia tso asinye ene.

Senyawo gbɔ kpɔlaa nɔ anyi ɖe kplɔ̃ gã aɖe ŋu hegblɔ nam be zi le tenye. Esi megblɔ susu si ta meva egbɔ ɖo nɛ la, etsi kã hetsɔ ŋku lalɛ̃ aɖe kpɔm dũu. Emegbe egbɔ fũum hebiam be, “Nuɖuɖu agbɔsɔsɔme kae miedi?” Metsɔ pepa si dzi míeŋlɔ nu agbɔsɔsɔme ʋɛ si asu na mí ɖo la nɛ. Edzro eme hegblɔ be: “Ewɔ abe esia masu na mí o ene. Anyo be míana agbɔsɔsɔme sia ƒe teƒe eve mi.” Esi medzo le egbɔ la, meda akpe na Yehowa tso dzi blibo me, elabena egafia num tso ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu ŋuti.

Le January 1941 me la, woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Australia. Ame geɖe va le nazã bum ɖe mía ŋu, eye wotso mía nu gɔ̃ hã be Japantɔwo ƒe ŋkutsalawoe míenye! Gbe ɖeka, ʋu eve lɔ kpovitɔwo kple asrafowo va kɔ ɖe Fiaɖuƒea Ƒe Agble, si le Atherton Plateau (kponyigba gbadza aɖe), si míeƒle hena agbledede, la dzi. Wova nɔ akaɖi aɖe si klẽna sesĩe, si wote ŋu trɔna ɖe goawo katã me, si wobe míetsɔ naa nyatakaka futɔwo la, dim. Wotso mía nu hã be míedoa bli ɖe ɖoɖo aɖe si nye nuŋɔŋlɔ si woate ŋu axlẽ tso yameʋu me la nu! Gake wova kpɔe be nutsotso siawo katã nye aʋatso.

Esi woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu ta la, ele be míadze aye ahadze aɖaŋu le agbalẽwo tsɔtsɔ yi na nɔviwo me. Le kpɔɖeŋu me, esime woɖe agbalẽ si nye Children (Ðeviwo) ɖe go la, mexɔ eƒe agbalẽgo babla ɖeka le Brisbane, heɖo keteke yi ɖe dziehe gome, eye ne míetɔ ɖe du ɖe sia ɖe si me hame aɖe le me la, mekpɔa egbɔ be agbalẽa xexlẽme aɖewo naka nɔviwo si. Nu si mewɔ be kpovitɔwo nagaka agba me nam o ye nye be, metsɔ laxalaxa aɖe si le togodoo ɖe asi eye meƒonɛ ɖe agbalẽgoa xa hafi ɖina le ketekea me. Togbɔ be ayemɔnu sia dze nu tsɛ hã la, womelém le teƒe aɖeke o. Yehowa ƒe amewo kpɔ gbɔdzɔe geɖe ŋutɔ esime woɖe mɔxenua—si ŋu ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe gblɔ le be “mele se nu o, eye wònye nugbeɖoɖo kple ameteteɖeanyi”—ɖa le June 1943 me.

Woyɔm Be Mava Wɔ Asrafodɔ

Le ƒe si do ŋgɔ me la, wobia tso mía kple Aubrey Wills, kpakple Norman Bellotti, si be míava wɔ asrafodɔ. Woyɔ Aubrey kple Norman kwasiɖa ɖeka do ŋgɔ nam eye wolé wo be woanɔ ga me hena ɣleti ade. Ɣemaɣi la, posudɔwɔƒea nɔ asi ɖom Gbetakpɔxɔ magazine siwo wonɔ ɖoɖom ɖe Ðasefo siwo wonya nyuie la dzi, gake woɖea asi le ame bubuwo ya tɔ ŋu. Míaƒe dɔe nye be míadi ame siawo bene míawɔ magazineawo ƒe kɔpi geɖe ahama na mía nɔvi Ðasefowo. Esia wɔe be gbɔgbɔmenuɖuɖu aɖeke meto mía ŋu o.

Menyae be woava lém de ga, gake esi wova ka ɣleti ade nam be manɔ ga me la, mebia enumake be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ nam, abe ale si alɔdzedɔwɔƒe si le Sydney nam mɔfiame ene. Míaƒe taɖodzinue nye be míahe nye gameyiyia ɖe megbe va se ɖe esime míana hehe ame bubu si axɔ ɖe tenyeƒe ayi dɔa dzi. Mewɔ nye ablɔɖeɣia ŋu dɔ ɖasrã Ðasefo 21 aɖewo siwo wode ga me le Queensland ƒe dziehenutoa me la kpɔ. Wo ame akpa gãtɔ nɔ gaxɔ ɖeka me, eye wo ŋu dzɔlaa lé fu mí vevie. Esi mena wònya be subɔsubɔha bubuwo me tɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo va srãa wo kpɔ la, edo dziku vevie eye wòdo ɣli gblɔ be: “Ne nyee aɖe gbe la, mana Yehowa Ðasefowo katã naɖo fli eye woada tu wo!” Enumake dzɔlawo kplɔm do go afɔtsɔtsɔe.

Esi wolɔ̃ be woagbugbɔ adrɔ̃ nyaa nam la, wona ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ nye akpa dzi abe ale si sea bia ene. Gake le nyateƒe me la, nye ŋutɔe ʋli ɖokuinye ta le ʋɔnua, eye ehiã be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Eye eya hã megblẽm ɖi o. (Luka 12:11, 12; Filipitɔwo 4:6, 7) Nukutɔe la, meɖu dzi le nyagbugbɔgadrɔ̃a me, elabena wokpɔ vodada le nutsotso si woŋlɔ ɖi tso ŋunye la me.

Le 1944 me la, wode dɔ asi nam be masubɔ nutome sue aɖe si lolo lɔ South Australia, Victoria ƒe dziehe, kple New South Wales ƒe dugã si nye Sydney ɖe eme. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, esi wowɔ ɖoɖo be woanɔ dutoƒonuƒowo ƒom le xexea me godoo atsɔ anɔ ɖase ɖim la, eva hiã be nuƒola ɖe sia ɖe nazã axa ɖeka ƒe nuƒogbalẽ atsɔ adzra ye ŋutɔ ƒe nuƒo ɖo. Gaƒoƒo ɖeka ƒe nuƒoƒoƒo he kuxi yeyewo vae, gake míeyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, eye wòyra míaƒe agbagbadzedzewo.

Srɔ̃ɖeɖe Kple Agbanɔamedzi Yeyewo

Le July 1946 me la, mía kple Beatrice Bellotti míeɖe mía nɔewo, eye míesubɔ abe mɔɖelawo ene. Míaƒe aƒea nye kekexɔ si wotsɔ ati wɔe. Míedzi Jannyce (Jann), míaƒe tesia, le December 1950 me. Míewɔ mɔɖeɖedɔa le du geɖe, siwo dometɔ aɖewo nye Kempsey kple New South Wales, afi si Ðasefo bubu aɖeke menɔ o me. Le Kwasiɖa ɖe sia ɖe gbe la, míeyina nutoa ƒe takpexɔ aɖe me bene maƒo dutoƒonuƒo aɖe si míetsɔ amekpegbalẽviwo ɖe gbeƒãe la. Le ɣleti gbãtɔawo me la, Beatrice kple Jann, míaƒe vidzĩa, koe nyea nyaselawo. Gake eteƒe medidi o, amewo te vava ɖekaɖeka. Egbea, hame eve siwo le dzidzedze kpɔmee le Kempsey dua me.

Esime Jann xɔ ƒe eve la, míeɖanɔ Brisbane. Emegbe esi wòwu suku nu la, míewɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae abe ƒome ene hena ƒe ene le New South Wales ƒe du si nye Cessnock me hafi trɔ yi Brisbane bene míana kpekpeɖeŋu Beatrice nɔ, si ƒe lãme gblẽ. Fifia la, mele subɔsubɔm abe hamemetsitsi ene le Chermside hamea me.

Mía kple Beatrice míedaa akpe na Yehowa ɖe ale si gbegbe wòyra míi, kple mɔnukpɔkpɔ si wòna mí be míekpe ɖe ame 32 ŋu wova nya eyama la ta. Medaa akpe na Yehowa ɖe srɔ̃nye ta, elabena togbɔ be ame fatue wònye hã la, eʋlia Biblia me nyateƒea ta dzinɔameƒotɔe. Eƒe lɔlɔ̃ na Mawu, kple eƒe ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu, kpakple ale si eƒe ‘ŋku dzi dza’ na wònye vidada nyui kple srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ vavã. (Mateo 6:22, 23; Lododowo 12:4) Mía kplii míate ŋu atsɔ gbe ɖeka agblɔ tso dzi blibo me be: “Woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu.”—Yeremya 17:7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Percy Iszlaub ƒe agbemeŋutinya dze le May 15, 1981, ƒe Yevugbe me Gbetakpɔxɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Míezã ʋu sia si ŋu nuƒomɔ̃ le la le Queensland ƒe dziehenutoa me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Esime menɔ Kilpatrick ƒomea ƒe ʋua tutum kpli wo le tsidzaɣi aɖe le Queensland ƒe dziehenutoa me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Míaƒe srɔ̃ɖegbe