Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mido Ðokuibɔbɔɖeanyi’

‘Mido Ðokuibɔbɔɖeanyi’

‘Mido Ðokuibɔbɔɖeanyi’

ENYE ŋutsu aɖe si tso dugã xɔŋkɔ aɖe me. Mɔnukpɔkpɔ su esi be Romatɔnyenye ƒe gomenɔamesi su esi tso edziɣi ke, eye anɔ eme be etso ƒome xɔŋkɔ aɖe me. Ŋutsu sia, si ŋkɔe nye Saul, xɔ hehe nyuitɔ kekeake siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la dometɔ aɖewo. Edoa gbe eve ya teti, eye wònye Farisitɔwo—si nye Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ ƒe ƒuƒoƒo xɔŋkɔ aɖe la—dometɔ ɖeka.

Anɔ eme be Saul mebua ame tsɛwo ɖe naneke me o, eye eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye nyea dada nɛ. (Luka 18:11, 12; Dɔwɔwɔwo 26:5) Saul hati Farisitɔwo bua wo ɖokuiwo be yewode ŋgɔ wu ame bubuwo, eye wodina be yewoaɖe dzesi, helɔ̃a dzesideŋkɔ gãwo tsɔtsɔ. (Mateo 23:6, 7; Luka 11:43) Saul ƒe hadede kple ame siawo anya na wòzu ɖokuidoɖedzila. Míenyae be eti Kristotɔwo yome vevie. Le ƒe aɖewo megbe, esi wòva zu apostolo Paulo la, egblɔ le eɖokui ŋu be, tsã la, yenye “busunyagblɔla kple yometila kpakple vlodola.”—Timoteo I, 1:13.

Nyateƒee, Saul va zu Kristotɔ apostolo Paulo, eye eƒe nɔnɔme trɔ keŋkeŋ. Esi wònye Kristotɔ apostolo la, egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be yenye “ame kɔkɔewo katã dome suetɔ.” (Efesotɔwo 3:8) Togbɔ be ebi ɖe nya nyui gbɔgblɔdɔa me ŋutɔ hã la, medi be woakafu ye ɖe esia ta o. Ke boŋ etsɔ kafukafua katã na Mawu. (Korintotɔwo I, 3:5-9; Korintotɔwo II, 11:7) Paulo siae ɖo aɖaŋu na hati Kristotɔwo be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.”—Kolosetɔwo 3:12.

Ðe aɖaŋuɖoɖo ma sɔ na mí ame siwo le ƒe alafa 21 lia mea? Ðe wòɖea vi be woanye ɖokuibɔbɔla? Ðe wònye nyateƒe be ɖokuibɔbɔ nye ŋusẽ ƒe dzesia?

Ðe Wɔla Ŋusẽkatãtɔ La Bɔbɔa Eɖokuia?

Ne míele nu ƒom tso ɖokuibɔbɔ ŋu la, ele be míanya Mawu ƒe nukpɔsusu le nyaa ŋu. Nu ka tae? Elabena eyae nye míaƒe Dziɖulagã kple mía Wɔla. Ne míetsɔ mía ɖokui sɔ kplii la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be míele ɖeke me kura o. Míehiã na eƒe kpekpeɖeŋu. Nunyala aɖe si nɔ anyi kpɔ, si ŋkɔe nye Elihu, gblɔ be: “Ŋusẽkatãtɔ la, ame aɖeke matui o, eƒe ŋusẽ tri akɔ.” (Hiob 37:23) Le nyateƒe me la, ɖe ŋkuléle ɖe xexe gbahoo sia si ƒo xlã mí ŋu menana míesena le mía ɖokui me be míeɖi naneke le egbɔ oa? Nyagblɔɖila Yesaya kpe mí be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la nu.”—Yesaya 40:26.

Togbɔ be Yehowa Mawu nye ŋusẽkatãtɔ hã la, ebɔbɔa eɖokui. Fia Dawid do gbe ɖa nɛ be: “Ètsɔ wò xɔxɔ ƒe akpoxɔnu la nam, eye wò [ɖokuibɔbɔ] wɔm mezu gã.” (Samuel II, 22:36) Mawu bɔbɔa eɖokui le gɔmesesea nu be etsɔa ɖe le eme na amegbetɔ tsɛ siwo dzea agbagba be yewoadze eŋu, eye wòkpɔa nublanui na wo. Esi wònye Yehowa le dziƒo ʋĩ ta la, ɖeko wòle abe ɖe wòbɔbɔna ŋutɔŋutɔ hafi wɔa nu kple amegbetɔ mawuvɔ̃la siwo le anyigba dzi la dɔmenyotɔe ene.—Psalmo 113:5-7.

Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ɖokuibɔbɔ si esubɔlawo ɖena fiana ŋu. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.” (Petro I, 5:5) Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ le ale si Mawu bua dadalawoe ŋu be: “Dadalawo katã nye ŋunyɔ na Yehowa.” (Lododowo 16:5) Ke alekee ɖokuibɔbɔ ate ŋu anye ŋusẽ ƒe dzesi?

Nu Si Ðokuibɔbɔ Menye O

Ðokuibɔbɔ menye gbɔɖiɖi ame ɖokui o. Le blemadukɔ aɖewo me la, ɖokuibɔbɔla nyea kluvi—ametevi, ame si dzi nu mede o, kple nublanuime. Gake Biblia ya ɖee fia kɔte be ɖokuibɔbɔɖeanyi nana bubu nɔa ame ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nunyala Salomo ŋlɔ bena: “Kesinɔnu, bubu kple agbe enye fetu tso ɖokuibɔbɔ kple Yehowa-vɔvɔ̃ me.” (Lododowo 22:4) Míexlẽ le Psalmo 138:6 hã be: “Yehowa lolo, ekpɔa ame bɔbɔɖokui, eye wòdzea si dadala tso adzɔge.”

Ne ame nye ɖokuibɔbɔla la, mefia be enye ame maɖedzesi si si ŋutete tɔxɛwo mele o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu Kristo lɔ̃ ɖe edzi be yenye Yehowa ƒe Tenuvi, eye wòɖe vevienyenye si le subɔsubɔdɔ si wòwɔ le anyigba dzi ŋu la fia. (Marko 14:61, 62; Yohanes 6:51) Ke hã, Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ fia, to dɔ siwo wòwɔ ŋuti kafukafu tsɔtsɔ na Fofoa kpakple ŋusẽ si wònae zazã le kpekpe ɖe amewo ŋu me me, ke menye le aƒetɔɖuɖu ɖe wo dzi loo, alo wo tete ɖe anyi me o.

Ŋusẽ Ƒe Dzesie

Ðikeke mele eme o be, Yesu Kristo ŋɔlimetɔwo nyae “to [eƒe] nu dzɔtsuwo” wɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 2:22) Ke hã, ame geɖe bunɛ be enye ‘ameƒomea dome ame tsɛtɔ kekeake.’ (Daniel 4:14) Menye ɖeko wòbɔbɔ eɖokui o, ke efia nu tso ɖokuibɔbɔ ƒe vevienyenye hã ŋu enuenu. (Luka 9:48; Yohanes 13:2-16) Gake eɖokuibɔbɔ ɖe anyi mena wòzu ame ɖɔe o. Eɖe dzinɔameƒo fia le Fofoa ƒe ŋkɔ ta ʋiʋli kple eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Filipitɔwo 2:6-8) Woɖɔ Yesu le Biblia me abe dzata sesẽ aɖe ene. (Nyaɖeɖefia 5:5) Yesu ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ɖokuibɔbɔ zɔna aduadu kple agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me léle ɖe asi sesĩe.

Esi míele agbagba dzem be míatu ɖokuibɔbɔ nyuitɔ ɖo la, míede dzesii be ehiã kutrikuku vevie be woaɖe ɖokuibɔbɔ afia le nu sia nu me. Ebia be woabɔbɔ ame ɖokui awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi tsɔ wu be woato mɔ bɔbɔetɔ dzi alo awɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi. Ðokuibɔbɔ tutuɖo bia be woanɔ agbe ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu, elabena ehiã be míagbe nu le mía ŋutɔwo míaƒe didiwo gbɔ ahawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu kpakple nu siwo aɖe vi na ame bubuwo la ɖokuitɔmadimaditɔe.

Ðokuibɔbɔ Ƒe Viɖewo

Ðokuibɔbɔ medo ƒome kple dada alo ɖokuiŋudzedze o. Ŋɔŋlɔawo zãa nya “tamebɔbɔɖeanyi” tsɔ ɖɔa ɖokuibɔbɔ zi geɖe. (Efesotɔwo 4:2) Tamebɔbɔɖeanyi nana míebua mía ɖokui abe ale si tututu míele ene—le míaƒe ŋutetewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo, nu siwo míete ŋu wɔna kple esiwo míete ŋu wɔna o gome. Paulo ɖo aɖaŋu nyui aɖe le go sia me esime wòŋlɔ bena: “Mele egblɔm na mi ame siwo le afi ma dometɔ ɖe sia ɖe be, wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o; ke boŋ be wòabu tame le ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu.” (Romatɔwo 12:3, NW) Ame sia ame si wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la le ɖokuibɔbɔ ɖem fia.

Míeɖea ɖokuibɔbɔ fiana ne míelɔ̃na faa tsɔa amewo ƒe nyonyo ɖoa ŋgɔ na míawo ŋutɔwo tɔ. Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòxlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.” (Filipitɔwo 2:3) Esia wɔ ɖeka kple se si Yesu de na eyomedzelawo be: “Amesi nye gãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe subɔla. Eye amesi ke lado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi ke labɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Mateo 23:11, 12.

Nyateƒee, tamebɔbɔɖeanyi nana Mawu doa ame ɖe dzi. Nusrɔ̃la Yakobo te gbe ɖe nya sia dzi esime wòŋlɔ bena: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le [Yehowa] ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.” (Yakobo 4:10) Ame kae madi be Mawu nado ye ɖe dzi o?

Tɔtɔ kple dzrehehewo ɖo dukɔ vovovowo kple ame ɖekaɖekawo dome le esi womete ŋu ɖe ɖokuibɔbɔ fia o ta. Gake eɖea vi geɖe be woanye ɖokuibɔbɔla. Dzidzɔ si dona tso Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu me la asu mía si. (Mixa 6:8) Míaƒe susu me adze akɔ anyi, elabena dzidzɔ kple dzidzeme sua ɖokuibɔbɔla si wu dadala. (Psalmo 101:5) Mía kple míaƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, dɔwɔhatiwo, kple ame bubuwo dome anɔ nyuie, eye míase vivi le hadede kpli wo me geɖe wu. Ðokuibɔbɔlawo ƒoa asa na nyahehe kple tɔtete ɖe nya dzi, siwo nye nɔnɔme siwo ate ŋu ahe dziku, fuléle, nyaléle ɖe dɔme, kple veve heliheli vɛ bɔbɔe.—Yakobo 3:14-16.

Nyateƒee, ɖokuibɔbɔ tutuɖo nye mɔ nyui aɖe si dzi míato ana ƒomedodo nyui nanɔ mía kple amewo dome. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple ɖokuitɔdidi kple hoʋiʋli ƒe xexe sia me kuxiwo. To Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, apostolo Paulo te ŋu ɖu ɖokuiŋudzedze kple dada gbɔgbɔ si nɔ eme tsã la dzi. Nenema kee, wòle be míawo hã míaƒo asa na tamesusu ƒe nɔnɔme si nana míedoa mía ɖokui ɖe dzi alo bua mía ɖokui be míenyo wu ame bubuwo. Biblia xlɔ̃ nu be: “Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.” (Lododowo 16:18) Ne míewɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi hesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua la, míakpɔ nunya si le ‘ame ɖokuibɔbɔɖeanyi’ me adze sii.—Kolosetɔwo 3:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Paulo te ŋu ɖu ɖokuiŋudzedze kple dada dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðokuibɔbɔɖeanyi kpena ɖe mía ŋu míenɔa ƒomedodo nyui me kple amewo

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

Anglo-Australian Observatory/David Malin Images