Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Obadya, Yona, Kple Mixa Ƒe Agbalẽawo Me

Nya Vevi Siwo Tso Obadya, Yona, Kple Mixa Ƒe Agbalẽawo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Obadya, Yona, Kple Mixa Ƒe Agbalẽawo Me

“OBADYA ƒe ŋutega.” (Obadya 1) Nya siae wotsɔ dze Biblia gbalẽ si nye Obadya gɔme. Nyagblɔɖilaa megblɔ nya bubu aɖeke tso eɖokui ŋu le eƒe agbalẽa, si nu wòwu le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, me wu eƒe ŋkɔ ko yɔyɔ o. Ƒe alafa eve kple edzivɔwo do ŋgɔ la, nyagblɔɖila Yona hã tsɔ anukwareɖiɖi ŋlɔ agbalẽ aɖe si me wòƒo nu tso nu siwo me wòto le Mawu ƒe gbedeasia gbɔgblɔ le duta me ŋu le. Ƒe 60 siwo Mixa tsɔ wɔ eƒe nyagblɔɖidɔae la nɔ Obadya kple Yona tɔ dome, si nye tso ƒe 777 D.M.Ŋ. va se ɖe ƒe 717 D.M.Ŋ. me. Nya si ko Mixa gblɔ tso eɖokui ŋue nye be yenye “Moresitɔ” (kɔƒedu aɖee Moresi nye), eye be Yehowa ƒe nya va na ye “le Yuda-fia Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.” (Mixa 1:1) Kpɔɖeŋu siwo ƒomevi nyagblɔɖilaa wɔ tsɔ ɖe eƒe gbedeasia me nyuie la ɖo kpe edzi be kɔƒedu mee wòtsi ɖo vavã.

“WOATSRƆ̃ [EDOM] ÐA TEGBEE”

(Obadya 1-21)

Obadya gblɔ tso Edom ŋu be: “Le ŋuta, si nèsẽ le nɔviwò Yakob ŋu ŋuti la, ŋukpe anyẽ atsyɔ wò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.” Nyagblɔɖilaa meŋlɔ ŋutasẽnu siwo Edomtɔwo wɔ ɖe Yakob viwo—Israel viwo—ŋu eteƒe medidi o la ƒe sue aɖe gɔ̃ hã be o. Le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, esime Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem la, Edomtɔwo ‘nɔ eteƒe’ eye wowɔ ɖeka kple ‘amedzro’ siawo siwo dze dua dzi.—Obadya 10, 11.

Gake woagbugbɔ aɖo Yakob ƒe aƒea ya te. Obadya ƒe nyagblɔɖia gblɔ be: “Xɔname anɔ Zion-to dzi, anye kɔkɔeƒe.”—Obadya 17.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

5-8—Nu kae ɖe dzesi le ale si wotsɔ Edom ƒe tsɔtsrɔ̃ sɔ kple weinxalawo ƒe vava kple adzodalawo ƒe ƒoƒoɖi le zã me ŋu? Ne fiafiwo koe va ƒo ɖe Edom dzi la, anye ne nu siwo wodi la koe woatsɔ adzoe. Ne nuŋelawo koe va la, anye ne woagblẽ nukuawo ƒe ɖe ɖi be ame bubuwo nava fɔ. Gake ne wotsrɔ̃ Edom la, edzidzelawo alɔ eƒe kesinɔnuwo ƒiaƒiaƒia, eye eƒe “dzoɖuxɔlɔ̃wo” kekeake—Babilontɔwo, siwo wòwɔ ɖeka kpli—hã aha eƒe nunɔamesiwo katã.—Yeremya 49:9, 10.

10—Alekee ‘wotsrɔ̃ Edom ɖa tegbee’? Abe ale si wogblɔe ɖii ene la, Edom, si nye dukɔ ŋutɔŋutɔ si me amewo nɔ le xexea ƒe teƒe aɖe koŋ kpɔ, eye dukplɔɖoɖo nɔ esi la, megava li o. Babilon Fia Nabonido ɖu Edom dzi le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. ƒe domedome lɔƒo. Le ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me la, Nabataeatɔwo va xɔ Edomtɔwo ƒe anyigbawo katã, si na wòva hiã be Edomtɔwo naʋu aɖanɔ Yudea ƒe anyiehe gome, le Negeb ƒe nuto si wova yɔ emegbe be Idumea la, me. Edomtɔwo nu yi gbidii le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Romatɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

3, 4. Esi wònye kpenuto si me to gãgãwo kple aga globowo le mee Edomtɔwo nɔ, si dea wo dzi le aʋawɔwɔ me ta la, woanya se le wo ɖokuiwo me dadatɔe be yewole dedie. Gake wokui wòɖuɖu, elabena ame aɖeke mate ŋu asi le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu o.

8, 9, 15. Amegbetɔwo ƒe nunya kple kalẽwɔwɔ mate ŋu akpɔ ame aɖeke ta le “Yehowa ƒe ŋkeke” dzi o.—Yeremya 49:7, 22.

12-14. Nu si dzɔ ɖe Edomtɔwo dzi la nye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na ame siwo katã kpɔa dzidzɔ ne Mawu ƒe amewo le nɔnɔme sesẽwo me tom. Ŋkubiãnyae wònyena na Yehowa ne wole fu wɔm eƒe amewo.

17-20. Yakob viwo gbugbɔgaɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi sia te emevava esime wo dometɔ susɔe aɖewo trɔ gbɔ tso Babilon va Yerusalem le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Yehowa ƒe nyawo vaa eme godoo. Ele be míaka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi bliboe.

‘NINIWE ATSRƆ̃’

(Yona 1:1–4:11)

Le esi teƒe be Yona nawɔ ɖe Mawu ƒe sedede be ‘wòayi Niniwe, du gã la me, eye wòagblɔ’ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi ɖe eŋu dzi la, Yona si ɖo ta teƒe bubu. Yehowa lɔ “ya gã aɖe trɔ ɖe atsiaƒu la” dzi, eye wòto “ƒumelã gã aɖe” dzi gbugbɔ Yona yi afi si wòdɔe ɖo hede se nɛ zi evelia be wòayi Asiria ƒe fiadu la me.—Yona 1:2, 4; 2:1; 3:1, 2.

Yona ge ɖe dua me hete gbeƒãɖeɖe gbedeasi si le tẽe be: “Esusɔ ŋkeke blane, ne Niniwe natsrɔ̃!” (Yona 3:4) Ale si dua me tɔwo wɔ ɖe Yona ƒe nuxlɔ̃amea dzi, si menɔ mɔ kpɔm na o, na “dzi kui vevie.” Yehowa zã “treklɔnu” aɖe tsɔ na Yona srɔ̃ ale si woakpɔ nublanui.—Yona 4:1, 6.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

3:3—Ðe Niniwe dua ƒe lolome de “ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔzɔzɔ,” si nye kilometa 42 ŋutɔŋutɔa? Ɛ̃. Le blemaɣeyiɣiwo me la, wobua Niniwe dua be elɔ eƒe golɔgoe siwo tso Khorsabad le dziehe gome va ɖo keke Nimrud le anyiehe gome ke ɖe eme. Ne wodzidze nuto gã ma katã si le dzogoe ene me la, anɔ kilometa 100 togodo va kpe.

3:4—Ðe wònɔ na Yona be wòasrɔ̃ Asiriagbe hafi aɖe gbeƒã na Niniwetɔwoa? Anɔ eme be Yona se Asiriagbe xoxo alo ɖewohĩ ɖe Yehowa na wòte ŋu do gbea nukutɔe. Ate ŋu anye hã be Hebrigbe mee wògblɔ gbedeasia le eye ame bubu aɖe ɖe egɔme. Ne aleae wòdzɔe la, ana amewo natsɔ ɖe le eƒe gbedeasia me vevie wu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:1-3. Ne ame ɖoe koŋ tsɔ eɖokui ƒo ɖe dɔ bubuwo wɔwɔ me be yeatsɔ aƒo asa na gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me bliboe la, enye dzesi be nukpɔsusu nyui mele esi ku ɖe dɔa ŋu o. Ðeko wòle abe ɖe ame sia le sisim le dɔ si Mawu de esi la nu ene.

1:1, 2; 3:10. Menye dukɔ aɖe alo ame ƒomevi aɖewo alo ƒuƒoƒo aɖe koŋ me tɔwo koe Yehowa kpɔa nublanui na o. “Yehowa enye dɔmenyotɔ na amewo katã, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ gbagba ɖe eƒe dɔwɔwɔwo katã dzi.”—Psalmo 145:9.

1:17; 2:10. Ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔme ŋkeke kple zã etɔ̃ la nye nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋu na Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi.—Mateo 12:39, 40; 16:21.

2:1; 2:11; 4:6. Yehowa ɖe Yona tso ƒu dzeagbo la me. Azɔ hã, Mawu “dɔ treklɔnu wòva mie ɖe Yona ta me, ne wòado vɔvɔli ɖe edzi ahafa eƒe dzikudodo nu nɛ.” Yehowa subɔla siwo li egbea ate ŋu aɖo ŋu ɖe woƒe Mawu la kple eƒe amenuveve ŋu be akpɔ yewo ta ahaɖe yewo.—Psalmo 13:6; 40:12.

2:2, 3, 10, 11. Yehowa sea esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo eye wòɖoa to woƒe kokoƒoƒowo.—Psalmo 120:1; 130:1, 2.

3:8, 10. Vɔ̃ si Mawu vavã la gblɔ be yeawɔ la “vee,” alo etrɔ eƒe susu le nu si wòbe yeawɔ la ŋuti, eye “mewɔe o.” Nu ka tae? Elabena Niniwetɔwo “ɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu.” Nenema kee Mawu ate ŋu atrɔ eƒe toheʋɔnu egbea hã, ne nu vɔ̃ wɔla aɖe ɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia.

4:1-4. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu aɖo seɖoƒe na Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ o. Ele be míakpɔ nyuie be míagato nyatoƒoe le ale si Yehowa kpɔa nublanui ŋu o.

4:11. Yehowa ɖe mɔ dzigbɔɖitɔe wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia le xexea me katã, elabena—abe ale si wòwɔ na Niniwetɔ 120,000-awo ene la—ekpɔa nublanui na ame ‘siwo menya nu kae nye ɖusi kple mia o.’ Ðe mele be ame siwo le míaƒe anyigbamamawo me ƒe nu nawɔ nublanui na mí eye míatsɔ dzonɔameme awɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa oa?—Petro II, 3:9.

‘WOƑE TA ABEBE TEGBLẼ’

(Mixa 1:1–7:20)

Mixa klo nu le Israel kple Yuda ƒe nu vɔ̃wo dzi, egblɔ woƒe fiaduwo ƒe aƒedozuzu ŋu nya ɖi, eye wòdo gbugbɔgaɖoanyi ŋugbe. Samaria azu “anyiglãgoe ɖe gbe me.” Israel kple Yuda dze na ‘ta bebe,’ alo ŋukpe, le woƒe trɔ̃subɔsubɔ ta. Esi woɖe aboyo wo ta la, woƒe tabebea akeke “abe akagã tɔ ene.” Yehowa do ŋugbe be: “Maƒo Yakob nu ƒu blibo.” (Mixa 1:6, 16; 2:12) Yerusalem hã “azu glikpo” le woƒe kplɔlawo ƒe nu tovo wɔwɔ kple nyagblɔɖilawo ƒe nu gbegblẽ wɔwɔ ta. Gake Yehowa ‘aƒo eƒe amewo nu ƒu.’ ‘Ame si ava zu Israel ƒe dziɖula’ adzɔ tso “Betlexem Efrata.”—Mixa 3:12; 4:12; 5:1.

Ðe Yehowa wɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Israel ŋua? Ðe eƒe seawo sesẽ akpa? Ao. Nu si ko Yehowa bia tso eƒe tadeagulawo sie nye be ‘woawɔ nu si le eteƒe, alɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye woabɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi’ le zɔzɔ kple woƒe Mawu me. (Mixa 6:8) Gake Mixa ŋɔlimetɔwo vɔ̃ɖi ale gbegbe be “ame nyuitɔ le wo dome le abe ŋu ene, eye nuteƒewɔla vɔ̃ɖi wu aŋɔka” siwo dea abi hedoa vevesese na ame sia ame si ŋu woka. Gake nyagblɔɖilaa bia be: “Mawu kae de [Yehowa nu]?” Mawu agakpɔ nublanui na eƒe amewo eye “wòatsɔ [woƒe] nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.”—Mixa 7:4, 18, 19.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:12Ɣekaɣie ‘Israel ƒe ame mamlɛawo nuƒoƒoƒu ɖekae’ ƒe nyagblɔɖia va eme? Eva eme zi gbãtɔ le ƒe 537 D.M.Ŋ. esime Yudatɔwo ƒe ame susɔe aɖewo trɔ yi wo de tso aboyo me le Babilon. Le egbeŋkekeawo me la, nyagblɔɖi sia va eme ɖe “Mawu ƒe Israel” dzi. (Galatiatɔwo 6:16) Tso ƒe 1919 me kee woƒo Kristotɔ amesiaminawo nu ƒu “ɖe lãkpɔ me abe alẽwo ene.” Eye eme ‘gblẽ kple amegbetɔwo’ esime “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” la va te ɖekawɔwɔ kpli wo, vevietɔ tso ƒe 1935 me. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Wowɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ dom ɖe ŋgɔ veviedodotɔe.

4:1-4—Alekee Yehowa ‘drɔ̃a ʋɔnu na dukɔ geɖewo, eye wòtsoa nya me na anyigba dzi dukɔ geɖewo’ “le ŋkeke mlɔeawo me”? Esi wogblɔ be “dukɔ geɖewo” la, mefia anyigba dzi dukɔ alo dunyahenuɖoanyi geɖewo ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ ame ɖekaɖeka siwo tso dukɔwo katã me va zu Yehowa ƒe tadeagulawoe wòfia. Yehowa drɔ̃a ʋɔnu hetsoa nya me na wo le gbɔgbɔmegɔmesese nu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:6, 9; 3:12; 5:1. Asiriatɔwo va tsrɔ̃ Samaria dua le ƒe 740 D.M.Ŋ.—le Mixa ƒe agbenɔɣi. (Fiawo II, 17:5, 6) Asiriatɔwo va ɖo keke Yerusalem ke le Xizkiya ƒe dziɖuɣi. (Fiawo II, 18:13) Babilontɔwo tɔ dzo Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. (Kronika II, 36:19) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, wodzi Mesia la le “Betlexem Efrata.” (Mateo 2:3-6) Yehowa ƒe nyagblɔɖinyawo medoa kpo emevava gbeɖe o.

2:1, 2. Afɔku ka gbegbee nye esi wòanye na mí be míagblɔ be míele Mawu subɔm, evɔ míanɔ kesinɔnuwo dim vevie wu “mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye” tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ!—Mateo 6:33; Timoteo I, 6:9, 10.

3:1-3, 5. Yehowa di tso ame siwo xɔ ŋgɔ le eƒe amewo dome la si be woawɔ nu le dzɔdzɔenyenye me.

3:4. Ne míedi be Yehowa naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, mele be míatsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ aɖo dɔe, alo anɔ agbe eve nɔm o.

3:8. Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ me koe míate ŋu awɔ míaƒe dɔdeasi si nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia, si me ʋɔnudrɔ̃gbedeasiwo hã le la, ade goe le.

5:4. Nyagblɔɖi sia si ku ɖe Mesia la ŋu na kakaɖedzi mí be, ne futɔwo dze Mawu ƒe amewo dzi la, woaʋã “lãkplɔvi adre [si fia blibonyenye]” kple “amegã enyi”—ŋutsu siwo dze ƒe agbɔsɔsɔ gã aɖe—be woaxɔ ŋgɔ le Yehowa ƒe amewo dome.

5:7, 8. Kristotɔ amesiaminawo le abe “Yehowa ƒe zãmu”—yayra tso Mawu gbɔ—ene na ame geɖe, elabena ezãa amesiaminawo le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia me. ‘Alẽ bubuawo’ kpea asi ɖe amesiaminaawo ŋu le akɔfafa na amewo le gbɔgbɔ me me to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe me. (Yohanes 10:16) Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wònye na mí be míakpɔ gome le dɔ sia si naa akɔfafa vavãtɔ amewo la me!

6:3, 4. Ele be míasrɔ̃ Yehowa Mawu le dɔmenyonyo kple vevesese ɖe ame siwo ƒe nya me sẽ gɔ̃ hã, alo ame siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me, nu me.

7:7. Mele be dzi naɖe le mía ƒo ne míele akɔ kpem kple kuxiwo le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuɣi sia me o. Ke boŋ abe Mixa ene la, ehiã be ‘míakpɔ mía Mawu sinu.’

7:18, 19. Abe ale si Yehowa lɔ̃na faa tsɔa míaƒe vodadawo kea míi ene la, ele be míawo hã míalɔ̃ faa atsɔ nu vɔ̃ si amewo wɔ ɖe mía ŋu la ake wo.

Miyi Edzi ‘Miazɔ Le Yehowa Ƒe Ŋkɔ Me’

‘Woatsrɔ̃ ame siwo wɔa aʋa kple Mawu kpakple eƒe amewo la ɖa tegbee.’ (Obadya 10) Gake ne míeɖo to Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame ‘eye míeɖe asi le míaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la,’ atrɔ eƒe dziku ɖa le mía ŋu. (Yona 3:10) “Le ŋkeke mlɔeawo me,” si nye le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la, wole tadedeagu vavãtɔ dom ɖe dzi wòle alakpasubɔsubɔwo katã ta gbɔm, eye toɖolawo le zi ƒom ɖe eŋu. (Mixa 4:1; Timoteo II, 3:1) Eya ta mina míaɖoe kplikpaa “[azɔ] le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”—Mixa 4:5.

Nufiame xɔasi kawo gbegbee nye esi le Obadya, Yona, kple Mixa ƒe agbalẽawo me na mí! Togbɔ be ƒe 2,500 kple edzivɔwoe nye esia woŋlɔ wo hã la, gbedeasi siwo le wo me la ‘le agbe, eye wosẽa ŋu’ le egbeŋkekeawo hã me.—Hebritɔwo 4:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Obadya gblɔe ɖi be: “Woatsrɔ̃ [Edom] ɖa tegbee”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mixa ‘kpɔ Yehowa sinu,’ míawo hã míate ŋu akpɔ esinu

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mɔnukpɔkpɔ si ŋu wòle be míade asixɔxɔ ye gbeƒãɖeɖedɔa nye