Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Tɔnyee Nye Klosalo, Eye Tɔnyee Nye Sika”

“Tɔnyee Nye Klosalo, Eye Tɔnyee Nye Sika”

“Tɔnyee Nye Klosalo, Eye Tɔnyee Nye Sika”

LE ƑE alafa adelia D.M.Ŋ. me la, Persia Fia Kores na ablɔɖe Mawu ƒe amewo tso aboyo me le Babilon. Wo dometɔ akpe geɖe trɔ yi Yerusalem be yewoagbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ si zu glikpo la atu. Nuwo mede ame siwo trɔ gbɔ la dzi le ganyawo gome kura o, eye woƒe futɔ siwo le nutoa me tsi tsitre ɖe woƒe xɔtudɔa ŋu. Eya ta xɔa tulawo dometɔ aɖewo nɔ ɖi kem ne yewoate ŋu awu dɔ gã ma nu hã.

Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Xagai dzi na kakaɖedzi xɔa tulawo be yeli kpli wo. Mawu gblɔ be: “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye woahe dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ vɛ, eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.” Xagai gblɔ gbedeasi sia le xɔtulaawo ƒe ganyawo ŋu be: “Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika, Yehowa Zebaot ye gblɔe!” (Xagai 2:7-9) Esi Xagai gblɔ nya ʋãme mawo ƒe atɔ̃ megbe la, wowu xɔtudɔa nu.—Ezra 6:13-15.

Xagai ƒe nyawo ʋãa Mawu subɔlawo le míaƒe ŋkekea hã me le woƒe xɔtudɔ gã siwo ku ɖe tadedeagu na Yehowa ŋu la wɔwɔ me. Esime dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa te magazine sia, si woyɔna tsã be Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence, tata le ƒe 1879 me la, woŋlɔ ɖe eme be: “Míexɔe se be YEHOWAE le megbe na ‘Zion’s Watch Tower’ la, eye esi wòle alea ta la, míaɖe kuku alo aƒo koko na amegbetɔwo gbeɖe be woana gakpekpeɖeŋu mí o. Ne Eya ame si gblɔ be: ‘Tɔnyee sika kple klosalo siwo katã le towo dzi nye’ la do kpo ga si míehiã la tsɔtsɔ na mí la, ke míase egɔme be ɣeyiɣia de be míatɔ te agbalẽawo tata hena ɣeyiɣi aɖe.”

Míetɔ te magazine sia tata kpɔ o. Wota eƒe tata gbãtɔa ɖekaɖeka 6,000 sɔŋ ɖe Eŋlisigbe ɖeɖe ko me. Egbea, wotaa Gbetakpɔxɔ ƒe tata ɖe sia ɖe kɔpi 28,578,000 sɔŋ le mama dedie nu, ɖe gbegbɔgblɔ 161 me. * Eye wotaa magazine sia ƒe evelia si nye Nyɔ! ƒe tata ɖe sia ɖe kɔpi 34,267,000 le mama dedie nu, ɖe gbegbɔgblɔ 80 me.

Yehowa Ðasefowo le dɔ geɖe, siwo ƒe taɖodzinu wɔ ɖeka kple tameɖoɖo si le Gbetakpɔxɔ ŋu—si nye Yehowa dodo ɖe dzi be eyae nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ Fiagã kple gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia—la wɔm. (Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 4:11) Kakaɖedzi si le Ðasefowo si egbeae nye ema magazine sia ɖe gbeƒãe le ƒe 1879 me. Woka ɖe edzi be Mawue le megbe na yewoƒe dɔa eye be yewoakpɔ ga ɣesiaɣi na dɔ siwo dzi eƒe yayra le la wɔwɔ. Gake ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, afi kae Yehowa Ðasefowo kpɔa ga tso hena woƒe dɔwo wɔwɔ? Eye dɔ kawo wɔm wole hena gbeƒãɖeɖe nya nyuia le xexea me katã?

Afi Kae Wokpɔa Ga Tso Hena Dɔa Wɔwɔ?

Ne Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem la, amewo biaa wo zi geɖe be, “Ðe woxea fe na mí ɖe dɔ sia ta?” Ŋuɖoɖoae nye ao. Wolɔ̃na zãa woƒe ɣeyiɣiwo faa. Didi be yewoada akpe ɖe nu siwo su wo si tae ʋãa gbeƒãɖela siawo wozãa gaƒoƒo geɖe tsɔ ƒoa nu na amewo tso Yehowa kpakple Biblia me ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme nyui si gbɔna ŋu ŋuti. Wode asixɔxɔ nu si Mawu wɔ na wo ŋu, eye wokpɔe dze sii be nya nyuia sese na yewoƒe agbenɔnɔ nyo ɖe edzi ale gbegbe hena yewokpɔa dzidzɔ. Eya ta wodina be yewoana nu nyui siwo su yewo si la nasu ame bubuwo hã si. Woto esia me le wɔwɔm ɖe gɔmeɖose si le Yesu ƒe nya si nye, “Faa miexɔe, faa minae” la dzi. (Mateo 10:8) Le nyateƒe me la, didi be yewoanye Yehowa kple Yesu ƒe ɖasefowo ʋãa wo wozãa woawo ŋutɔwo ƒe kotokumega le gbeƒãɖeɖe woƒe dzixɔsewo na amewo me; na ame siwo le didiƒe ʋĩ tso wo gbɔ gɔ̃ hã.—Yesaya 43:10; Dɔwɔwɔwo 1:8.

Afi si gbegbe wòle be gbeƒãɖeɖe sia naɖo kple mɔnu siwo dzi wotona—agbalẽtaƒewo, dɔwɔƒewo, Takpexɔwo, dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo, kple bubuawo—be woawɔe ade goe la bia gazazã gbogbo aɖe ŋutɔ. Afi kae wokpɔa ga tso? Ga si wozãna ɖe nu siawo katã ŋu la nyea lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo. Yehowa Ðasefowo mebiaa woƒe hame viwo be woadzɔ ga woatsɔ akpe asi ɖe habɔbɔa ƒe dɔwo ŋu loo, alo biana tso amewo si be woaxe fe ɖe agbalẽ siwo yewona wo la ta o. Gake ne ame aɖe di be yewoadzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe hehenadɔ si wɔm wole ŋu la, Ðasefowo xɔnɛ kple dzidzɔ. Na míadzro nu siwo agbagbadzedze be woaɖe gbeƒã nya nyuia le xexea me katã lɔ ɖe eme la dometɔ ɖeka, si nye gbegɔmeɖeɖe la, me akpɔ.

Agbalẽwo Tata Ðe Gbegbɔgblɔ 437 Me

Ƒe blananewoe nye esia, Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwoe nye esiwo gɔme woɖena ɖe gbe bubu me wu le xexea me. Woɖea traktwo, agbalẽ gbadzawo, magazinewo, kple agbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 437 me. Abe ale si wòle le dɔ bubu siwo gbeƒãɖeɖe nya nyuia lɔ ɖe eme gome ene la, dɔ sia hã lɔ nu geɖewo ɖe eme. Gake nu kawoe gbegɔmeɖeɖedɔa lɔ ɖe eme?

Ne Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo ŋlɔlawo wu nyati aɖe ŋɔŋlɔ nu le Eŋlisigbe me vɔ la, wonana wòsua gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo siwo wona hehee, siwo le anyigbaa ƒe teƒe vovovowo, la si to Internet dzi. Gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe ɖea agbalẽwo gɔme ɖe gbe siwo me wotana wo ɖo la dometɔ ɖeka me. Ƒuƒoƒoawo me tɔwo ƒe xexlẽme ate ŋu anye tso ame 5 va ɖo ame 25, le dɔ si gbegbe wòle be woawɔ kple ale si gbegbe gbe si me woɖea agbalẽawo gɔme ɖo la sẽe nu.

Ne woɖe nyati aɖe gɔme vɔ la, wogbugbɔ xlẽnɛ tsɔ sɔna kple gbe si me woɖe egɔme tso tɔa hetoa eme nyuie. Taɖodzinuae nye be woaɖe susu siwo le gbe gbãtɔa me agblɔ eme nakɔ nyuie wòasɔ pɛpɛpɛ ale si woate ŋui. Dɔ sesẽ aɖe ŋutɔe wònye le susu geɖewo ta. Ne gbegɔmeɖelawo kple nuŋɔŋlɔmetolawo le dɔ wɔm tso nyati aɖe si me nya siwo gɔme sese sesẽ le ŋu la, ele be woawɔ numekuku geɖe le gbe gbãtɔa (si ate ŋu anye Eŋlisigbe alo gbe bubu aɖe, abe Fransegbe, Russiagbe, alo Spaingbe ene) kple le gbe si me woɖea egɔme ɖo la siaa me bene vodada naganɔ woƒe gɔmeɖeɖea me o. Le kpɔɖeŋu me, ne wole Nyɔ! ƒe nyati aɖe si ƒo nu tso aɖaŋunu aɖe alo si ku ɖe blemanu aɖe ŋu gɔme ɖe ge la, wowɔa numekuku geɖe ŋutɔ ale be woaɖe nyatia gɔme ale si dze.

Gbegɔmeɖela geɖewo wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo abe ɣeyiɣiawo katã alo ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔlawo ene. Bubuwo wɔa dɔ le nuto si me wodoa gbea le me. Womexea fe na wo ɖe dɔ si wowɔna ta o. Nuɖuɖu kple xɔdɔme kpakple kotokumega si woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiã vevi aɖewo gbɔ koe wonana ɣeyiɣiawo katã ƒe gbegɔmeɖelawo. Ðasefo 2,800 aɖewoe le subɔsubɔm abe gbegɔmeɖelawo ene le xexea me godoo. Fifi laa la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe 98 mee gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo le alo kpɔa esiwo le teƒe bubuwo la dzi. Le kpɔɖeŋu me, alɔdzedɔwɔƒe si le Russia kpɔa ɣeyiɣiawo katã alo ɣeyiɣi aɖe ƒe gbegɔmeɖela siwo wu 230, siwo ɖea gbe siwo wu 30 gɔme, siwo dome gbe siwo womenya nyuie le nuto bubuwo me o, abe Chuvash, Ossetian, kple Uighur ene le la, ƒe dɔwɔnawo dzi.

Asi Tɔtrɔ Le Gbegɔmeɖeɖedɔa Ƒe Nyonyome Ŋu

Ame sia ame si te gbe bubu aɖe sɔsrɔ̃ kpɔ la nyae be, mele bɔbɔe be woaɖe nya aɖe si gɔmesese sesẽ la me ɖe gbe bubu me wòasɔ pɛpɛpɛ o. Taɖodzinuae nye be woaɖe nyagbɔgblɔ kple susu siwo le nyati si le gbe gbãtɔa me la gɔme wòasɔ pɛpɛpɛ bene woate ŋu axlẽe bɔbɔe abe ale si gbe si me woɖe egɔme ɖo la me tɔwo ƒoa nui le dzɔdzɔme nu ene, abe gbe ma mee woŋlɔ nyatia ɖo tẽe ene. Esia wɔwɔ bia aɖaŋu geɖe. Exɔa ƒe geɖe hafi gbegɔmeɖela yeyewo te ŋu bina ɖe dɔa me, eye Yehowa Ðasefowo wɔ hehenaɖoɖo si yia edzi ɖaa be wòaɖe vi na wo. Ɣeaɖewoɣi la, nufialawo ɖasrãa gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo kpɔ hekpena ɖe wo ŋu be woatu gbegɔmeɖeɖe ƒe aɖaŋuwo ɖo ahasrɔ̃ kɔmpiuta dɔwɔɖoɖo yeyewo zazã.

Viɖe geɖewo le dodom tso hehenaɖoɖo sia me. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Nicaragua ka nya ta be: “Esiae nye zi gbãtɔ si míaƒe gbegɔmeɖela siwo ɖea Miskitogbe gɔme la xɔ gbegɔmeɖeɖe ƒe mɔnuwo kple aɖaŋuwo ŋuti hehe tso nufiala aɖe si tso alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico va la gbɔ. Esia na tɔtrɔ gã aɖe va ale si míaƒe gbegɔmeɖelawo wɔa woƒe dɔae la me. Ena gbegɔmeɖeɖedɔa ƒe nyonyome gade ŋgɔ ale gbegbe.”

Nya Siwo Wɔa Dɔ Ðe Ame Ƒe Dzi Dzi

Taɖodzinu si le Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔmeɖeɖe ɖe amewo de gbe me ŋue nye be woaɖo woƒe dzi gbɔ, eye nu ma tututue le dzɔdzɔm. Le ƒe 2006 me la, dzi dzɔ Yehowa Ðasefo siwo le Bulgaria ŋutɔ esime woɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures Biblia ɖe go le Bulgariagbe me. Alɔdzedɔwɔƒe si le Bulgaria ka nya ta be ame geɖewo le akpe dam ɖe eta. Hamea me tɔwo gblɔ be “fifia, Biblia le dɔ wɔm ɖe yewoƒe dzi dzi ŋutɔŋutɔ, ke menye yewoƒe tamesusu ɖeɖe ko dzi o.” Ame tsitsi aɖe si le Sofia gblɔ be: “Mexlẽ Biblia hena ƒe geɖe, gake nyemexlẽ Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si gɔmesese le bɔbɔe hewɔa dɔ ɖe nye dzi dzi tẽe alea gbegbe kpɔ o.” Nenema kee, esi Ðasefo aɖe, si le Albania, xɔ New World Translation Biblia bliboa si woɖe ɖe go le Albaniagbe me la, egblɔ be: “Aleke gbegbe Mawu ƒe Nyaa nya se le Albaniagbe mee nye esi! Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi be Yehowa naƒo nu na mí le mía ŋutɔwo de gbe me!”

Ate ŋu axɔ ƒe geɖe hafi gbegɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nawu Biblia bliboa gɔmeɖeɖe nu. Gake ne esia wɔe be ame miliɔn geɖe va se Mawu ƒe Nyaa gɔme ŋutɔŋutɔ zi gbãtɔ le woƒe agbe me la, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be agbagbadzedze mawo ɖe vi vavã oa?

“Mawu Ƒe Hadɔwɔlawo Míenye”

Le nyateƒe me la, dɔwɔna siwo le vevie hena gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzidzedzetɔe la dometɔ ɖeka koe gbegɔmeɖeɖedɔa nye. Biblia srɔ̃gbalẽwo ŋɔŋlɔ, wo tata, wo mama kpakple dɔ bubu siwo do ƒome kplii, siwo wowɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo, nutome suewo, kple hamewo me la bia gazazã kple agbagbadzedze geɖe ŋutɔ. Ke hã, Mawu ƒe amewo ‘tsɔa wo ɖokuiwo kena’ hena dɔ sia wɔwɔ. (Psalmo 110:3) Wobunɛ be mɔnukpɔkpɔ kple bubu wònye na yewo be yewoakpe asi ɖe dɔa ŋu, eye Yehowa hã bua wo be wonye yeƒe “hadɔwɔlawo.”—Korintotɔwo I, 3:5-9.

Enye nyateƒe be eya ame si gblɔ be “tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika” la mehiã míaƒe gakpekpeɖeŋu hafi wòate ŋu awɔ eƒe dɔa ade goe o. Ke hã, ɖe Yehowa de asixɔxɔ eƒe subɔlawo ŋu to mɔnukpɔkpɔnana wo be woawɔ akpa aɖe le yeƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ me to woƒe gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe nyateƒe si naa agbe ame la na “dukɔwo katã” me. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ðe medzro wò vevie be nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui be nàkpe asi ɖe dɔ vevi si womagawɔ gbeɖegbeɖe akpɔ o la ŋu oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ gbe siwo me wotanɛ ɖo le la axa 2 lia.

[Aɖaka si le axa 18]

“WONANA MÍEBUA TAME VEVIE”

Nyɔnuvi ƒe 14 vi aɖe ŋlɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Cameroon be: “Esi meƒle sukugbalẽ siwo mehiã le ƒe sia me vɔ la, mete ŋu dzra nye nusrɔ̃gbalẽ siwo mezã le ƒe si va yi me la dometɔ eve hena 2,500 francs [$5, U.S.]. Mele ga sia ɖom ɖe mi hekpe ɖe 910 francs [$1.82, U.S.] si medzra ɖo la ŋu abe nudzɔdzɔ ene. Medi be made dzi ƒo na mi be miayi dɔ nyui si wɔm miele la dzi. Akpe na mi ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ta. Wonana míebua tame vevie.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

NUDZƆDZƆ AÐE SI LE ETƆXƐ

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico la xɔ lɛta sia tso Manuel, ƒe ade vi aɖe si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu, si le Chiapas State la gbɔ. Esi wònye be mekpɔ nya nuŋɔŋlɔ o ta la, exɔlɔ̃ aɖee ŋlɔe nɛ. Manuel gblɔ be: “Mamanye nam hanɔ ɖeka. Esime wòdzi viwo la, metia nyuitɔ si le wo dome henyii le nɔviwo ƒe kpekpeɖeŋu me. Mele ga si medzrae la ɖom ɖe mi kple lɔlɔ̃ geɖe abe nudzɔdzɔ ene. Ha la ƒe kpekpemee nye kilogram 100, eye wòxɔ pesos 1,250 [alo $110, U.S.]. Meɖe kuku mizã ga sia na Yehowa.”

[Aɖaka si le axa 19]

‘MIZÃ GA SIA TSƆ ÐE BIBLIA GƆME’

Woɖe New World Translation of the Christian Greek Scriptures (Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe) Biblia ɖe go le Ukrainegbe me le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe siwo wowɔ le Ukraine le ƒe 2005 me la me. Le takpekpea ƒe ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, wokpɔ lɛta sia le nudzɔɖaka aɖe me, si xlẽ be: “Mexɔ ƒe asieke. Akpe na mi ɖe Greek Scriptures Bibliaa ta. Dada na ga sia mía kple nɔvinyeŋutsu suetɔ be míatsɔ anɔ bɔs ɖom yi suku. Gake ne tsi menɔ dzadzam o la, míezɔna yia sukua eye míedzra hryvnia 50 [alo $10, U.S.] siawo ɖo. Mía kple nɔvinye míedi be miazã ga sia atsɔ aɖe Biblia bliboa gɔme ɖe Ukrainegbe me.”

[Aɖaka si le axa 20, 21]

MƆ SIWO DZI AME AÐEWO TONA DZƆA NU

NUDZƆDZƆ HENA XEXEA ME KATÃ ƑE DƆA

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka, siwo dzi woŋlɔ ɖo be, “Nudzɔdzɔ Hena Xexea Me Katã Ƒe Dɔa—Mateo 24:14,” me.

Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔa me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, Attention Treasurer’s Office, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483 tẽe, alo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽ siwo woaɖo ɖa to adrɛs si le etame dzi la dzi be, woaxee na “Watch Tower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu, si aɖe nu me be ɖe wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu na Watch Tower be wòazã ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Gake ne gaa dzɔla bia gaa la, woagatrɔe anae. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexea me godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexe: Ame ate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo axe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Ame ate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ ga si wòda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo; alo Habɔbɔa naxɔ amea ƒe dzudzɔxɔxɔ le dɔme ƒe ga esime amea gakpɔtɔ le agbe loo, alo le eƒe ku megbe, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.

Ga Si Wode Dɔ Aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nunana si wotsɔ ke keŋkeŋ.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nu si ŋu woɖe asi le keŋkeŋ, alo ne aƒe si me nunalaa lee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be nunalaa nana alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me nanya hafi wòawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi.

Nunanaɖoɖo Si Me Woɖea Nane Le Naa Nunalaa Ƒe Sia Ƒe: Nunanaɖoɖo sia nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa dɔwɔƒe aɖe si Yehowa Ðasefowo zãna alo si le woƒe dzikpɔkpɔ te. Woxea ga home aɖe koŋ na nunalaa, alo na ame si dzi nunalaa tɔ asii la, ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eƒe nunana la teƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔna na nunalaa tso ƒe si me wòtsɔ nua na.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Ame ate ŋu ato domenyinumagbalẽ, si wòwɔ le setɔwo gbɔ, dzi ana be nunɔamesi alo ga nazu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa tɔ ne yeku, alo woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanɔ ame siwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nu siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o.

Abe ale si nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo koŋ ɖe nunana siawo tɔgbi ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me, be wòakɔ nu me na ame siwo di be yewoana kpekpeɖeŋu Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa, to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ ana nyatakaka tso mɔnu vovovo siwo dzi woate ŋu ato ana nu fifia alo le ame ƒe ku megbe ŋu. Esi ame geɖe xlẽ agbalẽ gbadza la hedzro nu me kple woa ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋu ɖaŋuɖolawo vɔ megbe la, wote ŋu kpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe subɔsubɔdɔa, kple dɔ siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe ame siwo hiã tu ŋu la ŋu, eye woɖe vi geɖe le woƒe adzɔxenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽ.

Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete la zazã atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo me loo, alo nàƒo ka na wo, alo nàbia Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.

Charitable Planning Office

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive

Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707

[Nɔnɔmetata siwo le axa 19]

Miskitogbe ƒe gbegɔmeɖelawo, le Nicaragua alɔdzedɔwɔƒe