Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Nya Medoa Kpo Emevava Gbeɖe O

Yehowa Ƒe Nya Medoa Kpo Emevava Gbeɖe O

Yehowa Ƒe Nya Medoa Kpo Emevava Gbeɖe O

“Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—YOSUA 23:14.

1. Ame kae nye Yosua, eye nu kae wòwɔ esi eƒe agbe ƒe nuwuwu nɔ gogom?

YOSUA nye asrafomegã kalẽtɔ si mevɔ̃na o kple nuteƒewɔla si si xɔse le. Ezɔ kple Mose eye Yehowa ŋutɔe tiae be wòakplɔ Israel dukɔa to gbegbe dziŋɔ aɖe dzi ayi ɖe anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi. Esi Yosua, si ŋu wodea bubui ŋutɔ, ƒe agbe ƒe nuwuwu nɔ gogom la, eƒo nyuidinamenuƒo ʋãme aɖe na Israel ame tsitsiwo. Ðikeke mele eme o be nuƒo ma do ŋusẽ ame siwo ɖo toe la ƒe xɔse. Nya siwo wògblɔ ate ŋu ado ŋusẽ wò hã wò xɔse.

2, 3. Aleke nuwo nɔ na Israel dukɔa esime Yosua ƒo nu na Israel ame tsitsiwo, eye nya kae Yosua gblɔ?

2 Kpɔ nudzɔdzɔa ɖa le susu me; Biblia gblɔ be: “Esi Yehowa na Israel kpɔ gbɔdzɔe tso eƒe futɔ, siwo ƒo xlãe godoo, si me eteƒe didi, eye Yosua tsi xɔ ƒe geɖe la, Yosua yɔ Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo gblɔ na wo bena: Metsi, eye mexɔ ƒe geɖe.”—Yosua 23:1, 2.

3 Esusɔ vie Yosua naxɔ ƒe 110. Enɔ agbe le ɣeyiɣi siwo me Mawu ƒe amewo to nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedziwo me la me. Ekpɔ Mawu ƒe nu dzɔtsuwo teƒe, eye wòkpɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo geɖewo me vava teƒe. Eya ta nu si teƒe eya ŋutɔ kpɔ nae kakaɖedzi blibo wògblɔ be: “Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—Yosua 23:14.

4. Kakaɖedzinya kawoe Yehowa gblɔ na Israel viwo?

4 Yehowa ƒe nya kawoe va eme le Yosua ƒe agbenɔɣi? Míadzro kakaɖedzinya etɔ̃ siwo Yehowa gblɔ na Israel viwo la me. Gbãtɔae nye, Mawu aɖe wo tso kluvinyenye me. Evelia, akpɔ wo ta. Etɔ̃lia, akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Kakaɖedzinya mawo tɔgbie Yehowa gblɔ na eƒe ame siwo li egbea hã, eye míele wo me vava teƒe kpɔm le míaƒe agbe me. Gake hafi míadzro nu siwo Yehowa wɔ le míaƒe ŋkekeawo me me la, mina míadzro nu siwo wòwɔ le Yosua ƒe ŋkekeawo me la me gbã.

Yehowa Ðe Eƒe Amewo

5, 6. Aleke Yehowa ɖe Israel viwo tso Egipte, eye nu kae esia ɖe fia?

5 Esime Israel viwo do ɣli na Mawu le kluvinyenye me le Egipte la, Yehowa see. (Mose II, 2:23-25) Yehowa gblɔ na Mose le ŋuve si nɔ bibim la gbɔ be, “Meɖi va, be maɖe [nye amewo] le Egiptetɔwo si me, eye makplɔ wo atso anyigba sia dzi ayi ɖe anyigba, si nyo, eye wòlolo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi. (Mose II, 3:8) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be nàkpɔ eteƒe esime Yehowa na nya sia va eme! Esime Farao gbe be yemaɖe asi le Israel viwo ŋu woadzo le Egipte o la, Mose gblɔ nɛ be Mawu ana Nil me tsiwo natrɔ zu ʋu. Yehowa ƒe nya la va eme. Nil Tɔsisia me tsiwo zu ʋu vavã. Tɔmelãwo ku, eye tsia meganyo na nono o. (Mose II, 7:14-21) Farao gasẽ dzi me kokoko, eye Yehowa gahe fuwɔame asieke bubuwo va Farao ƒe dukɔa dzi, eye enana wonyaa wo dometɔ ɖe sia ɖe do ŋgɔ hafi wodzɔna. (Mose ƒe Agbalẽ Evelia, ta 8-12) Esime fuwɔame ewolia na Egiptetɔwo kple woƒe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo ku megbe la, Farao ɖe mɔ na Israel viwo be woadzo—eye wodzo hã vavã!—Mose II, 12:29-32.

6 Esi Yehowa ɖe Israel viawo alea vɔ la, ena wozu eƒe dukɔ tiatia. Esia do Yehowa ɖe dzi be enye Ŋugbedododziwɔla, ame si ƒe nya medoa kpo emevava gbeɖe o. Esia ɖee fia kɔte be Yehowa ƒo dukɔwo ƒe mawuwo katã ta. Eƒe amewo ɖeɖe ƒe ŋutinya sia xexlẽ doa ŋusẽ míaƒe xɔse. Kpɔ ale si gbegbe wòawɔ dɔ ɖe dziwòe ne wò ŋutɔ èkpɔ nudzɔdzɔ ma teƒe ɖa! Yosua kpɔe dze sii kɔte be Yehowa “ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Psalmo 83:19.

Yehowa Kpɔ Eƒe Amewo Ta

7. Aleke Yehowa kpɔ Israel viwo ta tso Farao ƒe aʋakɔa si me?

7 Ke kakaɖedzinya evelia, si nye be Yehowa akpɔ eƒe amewo ta ya ɖe? Kakaɖedzinya sia dze le ŋugbe si Yehowa do be yeaɖe wo tso Egipte ahakplɔ wo ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi la me. Ðo ŋku edzi be Farao si do dziku la tsɔ aʋakɔ sesẽ siwo do tasiaɖam alafa geɖewo la ti Israel viwo yome. Aleke gbegbe kakaɖedzi anya su ɖokuidoɖedzila sia sii enye esi, vevietɔ esime wòdze abe ɖe Israel viwo va xaxa ɖe toawo kple ƒua dome ene! Mawu de nu nyaa me azɔ be yeakpɔ yeƒe amewo ta esime wòna alilikpo dodo aɖe va tso Israel viwo kple Egipte ʋakɔa dome. Egiptetɔwo ƒe akpa dzi do viviti; kekeli nɔ Israel viwo ya ƒe akpa dzi. Esime alilikpoa na be Egiptetɔwo magate ŋu aɖe zɔ o la, Mose do eƒe atikplɔ ɖe dzi eye Ƒu Dzĩa me mã hezu mɔ si dzi Israel viwo ato adzo, evɔ wòhezu mɔ̃ si aɖe Egiptetɔwo ya. Yehowa tsrɔ̃ Farao ƒe aʋakɔ sesẽ la keŋkeŋ hekpɔ Eya ŋutɔ ƒe amewo ta be womeɖu wo dzi o.—Mose II, 14:19-28.

8. Aleke wokpɔ Israel viwo ta (a) le gbea dzi, kple (b) le woƒe gege ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi me?

8 Esi Israel viwo tso Ƒu Dzĩa vɔ la, wotsa le anyigba si woɖɔ be enye “gbe gã dziŋɔ [aɖe la] dzi, afisi da vɔ̃wo kple [akeklewo] le, afisi tsi vena le.” (Mose V, 8:15) Yehowa kpɔ eƒe amewo ta le afi ma hã. Ke aleke wòkpɔ wo ta le woƒe gege ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi me? Kanaantɔwo ƒe aʋakɔ sẽŋuwo tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ke hã, Yehowa gblɔ na Yosua be: “Tsi tre, eye mia kple dukɔ blibo la miatso Yordan sia ayi anyigba, si mebe, mana Israel-viwo la dzi. Ame aɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.” (Yosua 1:2, 5) Yehowa ƒe nya siawo medo kpo emevava o. Mede ƒe ade hafi Yosua ɖu fia 31 dzi hexɔ Ŋugbedodonyigbaa ƒe akpa gã aɖe o. (Yosua 12:7-24) Aʋadziɖuɖu sia mava eme Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ manɔmee o.

Yehowa Kpɔ Eƒe Amewo Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Na Wo

9, 10. Aleke Yehowa kpɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le gbea dzi?

9 Na míadzro kakaɖedzinya etɔ̃lia, si nye be Yehowa akpɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo la, me azɔ. Esi Mawu ɖe Israel viwo tso Egipte vɔ megbe kpuie la, edo ŋugbe na wo be: “Kpɔ ɖa mana abolo nadza tso dziƒo na mi, eye dukɔ la nado gbesiagbe aɖafɔe ɖe ŋkeke ɖeka ƒe nuɖuɖu nu.” Mawu na ‘abolo ma si tso dziƒo’ la wo abe ale si wòdo ŋugbee ene. “Esi Israel-viwo kpɔe la, wogblɔ na wo nɔewo bena: Nuka nye esi?” Esiae nye mana, abolo si ŋugbe Yehowa do na wo.—Mose II, 16:4, 13-15.

10 Le ƒe 40 siwo katã Israel viwo tsɔ nɔ gbea dzi me la, Yehowa lé be na wo hena nuɖuɖu kple tsi wo. Ekpɔ egbɔ be avɔ mevuvu le wo ŋu o, eye woƒe afɔ mete hã o. (Mose V, 8:3, 4) Yosua kpɔ nu siawo katã teƒe. Yehowa ɖe eƒe amewo, ekpɔ wo ta, eye wòkpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo abe ale si wòdo ŋugbe na woe ene.

Eƒe Amewo Ðeɖe Le Míaƒe Ŋkekeawo Me

11. Nu kae dzɔ le Brooklyn, New York, le ƒe 1914 me, eye nu ka ƒe ɣeyiɣie de ɣemaɣi?

11 Ke míaƒe ŋkekea me ya ɖe? Esi Charles Taze Russell, si nɔ ŋgɔ xɔm le Biblia Nusrɔ̃viwo dome la ge ɖe Betel si le Brooklyn, New York, ƒe nuɖuxɔ me le Fiɖa ŋdi, October 2, 1914 dzi la, edo gbe na nɔviawo dzidzɔtɔe be: “Ŋdi na mi, nɔviwo.” Eye hafi wòabɔbɔ nɔ anyi la, eɖe gbeƒãe dzidzɔtɔe be: “Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la wu enu; woƒe fiawo ƒe ŋkekewo vɔ.” Ɣeyiɣia gade na Yehowa, xexea me katã ƒe Dziɖula Gãtɔ, be wòaɖe eƒe amewo. Eye eɖe wo hã!

12. Ðeɖekpɔkpɔ kae va eme le ƒe 1919 me, eye nu kae do tso eme?

12 Le ƒe atɔ̃ pɛ ko megbe la, Yehowa ɖe eƒe amewo tso “Babilon gã,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe sesẽ la me. (Nyaɖeɖefia 18:2) Mía dometɔ akpa gãtɔ metsi ɣemaɣi kpɔ ɖeɖe dodzidzɔname ma teƒe o. Ke hã, míele eƒe viɖewo teƒe kpɔm kɔte egbea. Yehowa gbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ la ɖo anyi eye wòƒo ame siwo dina vevie be yewoade ta agu nɛ la nu ƒu ɖekae. Wogblɔ nudzɔdzɔ sia ŋu nya ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.”—Yesaya 2:2.

13. Dzidziɖedzi ka teƒe nèkpɔ le Yehowa ƒe amewo dome?

13 Yesaya ƒe nya mawo medo kpo emevava o. Le ƒe 1919 me la, amesiamina susɔeawo te xexea me katã ƒe ɖaseɖiɖidɔ aɖe wɔwɔ dzinɔameƒotɔe, si wɔe be wodo Mawu vavã la ƒe tadedeagu ɖe dzi boo. Le ƒe 1930 ƒeawo me la, eva dze ƒãa be wonɔ “alẽ bubuwo” nu ƒom ƒu. (Yohanes 10:16) Le gɔmedzedzea me la, wonye ame akpewo, emegbe wova zu akpe alafawo, eye fifia la, wonye ame miliɔn geɖe siwo va le tadedeagu dzadzɛtɔ ƒe akpa dzi! Woɖɔ ame siawo le ŋutega aɖe si woɖe fia apostolo Yohanes me be wonye “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Dzidziɖedzi ka teƒee wò ŋutɔ nèkpɔ le wò agbe me? Yehowa Ðasefo nenie nɔ anyigba dzi esime nète nyateƒea sɔsrɔ̃? Ame siwo le Yehowa subɔm egbea ƒe xexlẽme wu 6,700,000. Esime Yehowa ɖe eƒe amewo tso Babilon Gã la me la, eʋu mɔ ɖi na dzidziɖedzi gã si teƒe kpɔm míele egbea.

14. Ðeɖekpɔkpɔ kae le ŋgɔ gbɔna?

14 Yehowa ƒe ɖeɖedɔ bubu le ŋgɔ gbɔna—esia alɔ anyigbadzinɔla ɖe sia ɖe ɖe eme. Yehowa ato eƒe ŋusẽ ƒe ɖeɖefia wɔnuku aɖe dzi aɖe ame siwo katã tsia tsitre ɖe eyama ŋu la ɖa, eye wòaɖe eƒe amewo ayi ɖe xexe si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye be míakpɔ vɔ̃ɖinyenye ƒe nuwuwu kple ɣeyiɣi si ado dzidzɔ na ame wu le ameƒomea ƒe ŋutinya me la ƒe gɔmedzedze teƒe!—Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Yehowa Ƒe Ametakpɔkpɔ Le Míaƒe Ŋkekea Me

15. Nu ka tae míehiã na Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ le míaƒe ŋkekea me?

15 Abe ale si míekpɔe ene la, Israel vi siwo nɔ anyi le Yosua ƒe ŋkekea me la hiã na Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ. Ðe Yehowa ƒe ame siwo li egbea ya mehiã na eƒe takpɔkpɔ oa? Wohiã nɛ ŋutɔ! Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Woade mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.” (Mateo 24:9) Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Yehowa Ðasefowo do dzi le tsitretsiɖeŋu sesẽwo kple wo yome titi ŋutasesẽtɔe me le dukɔ geɖe me. Ke hã, edze ƒãa be Yehowa le eƒe amewo ta kpɔm. (Romatɔwo 8:31) Eƒe Nya na kakaɖedzi mí be naneke—‘lãnu sia lãnu, si wotu ɖe mía ŋu’—mate ŋu atɔ te míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa o.—Yesaya 54:17.

16. Nu kawo teƒe nèkpɔ siwo ɖo kpe edzi be Yehowa kpɔa eƒe amewo ta?

16 Togbɔ be xexea me lé fu Yehowa ƒe amewo hã la, dzidzim ko wole ɖe edzi. Yehowa Ðasefowo le dzidzedze kpɔm le dukɔ 236 me—esia nye kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ be Yehowa li kpli mí be yeakpɔ mía ta tso ame siwo di be yewoatsrɔ̃ mí alo amia nu na mí la si me. Àte ŋu aɖo ŋku dunyahela sesẽ alo subɔsubɔhakplɔla siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu kutɔkutɔe, siwo teƒe nèkpɔ la, ƒe ŋkɔwo dzia? Nu kae dzɔ ɖe wo dzi? Afi kae wole fifia? Wo dometɔ geɖewo ku gbɔɖiametɔe, abe ale si wònɔ le Farao gome le Mose kple Yosua ŋɔli ene. Ke Mawu subɔla siwo ku nuteƒewɔwɔtɔe ya ɖe? Yehowa kpɔ wo ta, elabena wokpɔtɔ le eƒe susu me. Dedienɔƒe nyuitɔ kekeakee ma wole. Eme kɔ ƒãa be, ŋugbe si Yehowa do be yeakpɔ mía ta la le eme vam.

Yehowa Kpɔa Eƒe Amewo Ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Na Wo Egbea

17. Kakaɖedzi kae Yehowa na mí ku ɖe míaƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu ŋu?

17 Abe ale si Yehowa kpɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le gbea dzi ene la, nenema kee wòwɔna na míawo hã egbea. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana gbɔgbɔmenuɖuɖu mí. (Mateo 24:45) Gbɔgbɔmenyateƒe siwo nɔ ɣaɣla hena ƒe alafa geɖe la ŋuti sidzedze su mía si. Mawudɔla la gblɔ na Daniel be: “Dzra nya siawo ɖo, eye nàtre agbalẽ la nu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.”—Daniel 12:4.

18. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be sidzedze vavãtɔ dzi ɖe edzi egbea?

18 Nuwuɣia mee míele fifia, eye Mawu ŋuti sidzedze dzi ɖe edzi vavã. Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe nyateƒea lɔ̃lawo ŋu le xexea me godoo woke ɖe Mawu vavã la kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ ŋu. Le egbeŋkekea me la, woate ŋu ake ɖe Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo kpena ɖe amewo ŋu wosea nyateƒe xɔasi siwo le Biblia me gɔme la ŋu le anyigba ƒe teƒe ɖe sia ɖe. Le kpɔɖeŋu me, na míada ŋku ɖe afi si woɖo tanyawo ɖo le Biblia srɔ̃gbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? me akpɔ. * Tanyaawo dometɔ aɖewoe nye: “Ameka Tututue Mawu Nye?,” “Afikae Ame Kukuwo Le?,” “Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?,” kple “Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?” Ƒe akpe geɖewoe nye esia si amegbetɔwo di vevie be yewoase biabia siawo gɔme. Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo ate ŋu asu amewo si egbea. Togbɔ be ƒe alafa geɖe va yi si me Biblia me sidzedze mesu amewo si o eye Kristodukɔa kaka alakpanufiafiawo hã la, Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavãtɔ va su ame siwo di vevie be yewoasubɔ Yehowa la si, eye wòle ŋusẽ dom wo.

19. Mawu ƒe ŋugbedodo kawo me vava teƒe nèkpɔ, eye kakaɖedzi kae esia na wò?

19 Vavãe, nu siwo teƒe míawo ŋutɔwo míekpɔ na míate ŋu agblɔ be: ‘Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mía Mawu la, gblɔ na mí la me o, wo katã va eme na mí, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.’ (Yosua 23:14) Yehowa ɖea esubɔlawo, ekpɔa wo ta, eye wòkpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Ðe nàte ŋu atɔ asi eƒe ŋugbedodo aɖe si meva eme le eƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi o la dzia? Màke ɖe ɖeke ŋu o. Nunya le eme be míaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe Nya si ŋu kakaɖedzi le la ŋu.

20. Nu ka tae míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na etsɔme kple kakaɖedzi?

20 Ke etsɔme ya ɖe? Yehowa gblɔ be ame akpa gãtɔ ate ŋu akpɔ mɔ na agbenɔnɔ le anyigba si atrɔ azu paradiso nyui aɖe la dzi. Mɔkpɔkpɔ le ame ʋɛ aɖewo hã si be woaɖaɖu fia kple Kristo le dziƒo. Mɔkpɔkpɔ siawo dometɔ ka kee ɖale mía si o, ele be míayi edzi awɔ nuteƒe abe ale si Yosua wɔe ene. Míaƒe mɔkpɔkpɔa ava eme na mí godoo gbe ɖeka. Ɣemaɣi la, míatrɔ akpɔ ŋugbe siwo katã Yehowa do na mí, eye míawo hã míagblɔ be: “Wo katã va me.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 18 Yehowa Ðasefowoe tae.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Yehowa ƒe kakaɖedzinya kawo me vava teƒee Yosua kpɔ?

• Mawu ƒe ŋugbedodo kawo me vava teƒee nèkpɔ?

• Kakaɖedzi kae wòle be wòanɔ mía si le Mawu ƒe nyawo ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yehowa de nu nyaa me be yeaɖe yeƒe amewo

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Aleke Yehowa kpɔ eƒe amewo ta le Ƒu Dzĩa nu?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Aleke Yehowa kpɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le gbea dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Yehowa léa be na eƒe amewo egbea