Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Luka Hadɔwɔla Lɔlɔ̃tɔ

Luka Hadɔwɔla Lɔlɔ̃tɔ

Luka​—Hadɔwɔla Lɔlɔ̃tɔ

ƑE 65 M.Ŋ. mee. Teƒe lae nye Roma. Luka nyae be afɔku le eme be yeaɖe ye ɖokui afia be yenye apostolo Paulo, ame si wonɔ ʋɔnu drɔ̃m le eƒe xɔse ta ɣemaɣi la, ƒe xɔlɔ̃. Edze abe woatso kufia na Paulo ene. Gake le ɣeyiɣi sesẽ ma me la, Luka—ɛ̃, Luka ɖeka koe—nɔ apostoloa ŋu.—Timoteo II, 4:6, 11.

Biblia xlẽlawo nya Luka ŋkɔ nyuie le Nya Nyui gbalẽ si wòŋlɔ si tɔ eƒe ŋkɔ la ta. Luka kple Paulo, ame si yɔe be “atikewɔla lɔlɔ̃tɔ” kple ‘hadɔwɔla’ la, wozɔ mɔ yi teƒe didiwo. (Kolosetɔwo 4:14; Filemon 24) Nya ʋɛ aɖewo koe Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Luka ŋu heyɔ eƒe ŋkɔ zi etɔ̃ pɛ ko. Gake ne èdzro nu siwo numekukuwo ɖe fia ku ɖe Luka ŋu la, wò hã àkpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔ wɔnuteƒe sia ŋu abe Paulo ene.

Agbalẽŋlɔla Kple Dutanyanyuigblɔla

Woŋlɔ Luka ƒe Nya Nyui gbalẽa kple Apostolowo ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa na Teofil, si ɖee fia be Luka ye ƒo agbalẽ eve siawo siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la siaa nu ƒu. (Luka 1:3; Dɔwɔwɔwo 1:1) Luka megblɔ be ye ŋutɔ yekpɔ Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔa teƒe o. Ke boŋ Luka gblɔ be ame siwo ŋutɔ kpɔ nudzɔdzɔawo teƒe gbɔe yexɔ nyatakakawo tsoe, eye ‘yedzro wo katã me kpɔ tsitotsito va se ɖe egɔme ke.’ (Luka 1:1-3) Eya ta edze ƒã be ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea megbee Luka va zu Kristo yomedzela.

Ame aɖewo susui be Luka tso Antioxia si nɔ Siria. Wode dzesii be Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ɖe nu me tsitotsito tso nu siwo dzɔ le du ma me ŋu, eye agbalẽa tɔ asi “ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖaseɖiɖi nyui” la dometɔ ɖeka dzi be enye “trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia,” gake megblɔ nya aɖeke tso du ade susɔeawo ya ŋu o. Ke hã, míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be nuƒoƒo tso Antioxia ŋu tsitotsito alea ɖee fia be du ma me tɔe Luka nye o.—Dɔwɔwɔwo 6:3-6.

Togbɔ be womeyɔ Luka ƒe ŋkɔ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me o hã la, wozã ŋkɔteƒenɔnya “mí,” “míaƒe,” kple “mía” le nuŋlɔɖia ƒe akpa aɖewo, si ɖee fia be ekpɔ gome le nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le eme la dometɔ aɖewo me. Esi Luka nɔ nu ƒom tso afi siwo Paulo kple eƒe zɔhɛwo to le Asia Sue ŋu la, egblɔ be: ‘Woto Misia ŋu yi Troa.’ Troa ye Paulo kpɔ Makedonia ŋutsu aɖe le ŋutega me wònɔ koko ƒom nɛ be: “Tso ƒu va Makedonia, eye naxɔ na mí.” Luka gblɔ kpee be: ‘Eye esi wòkpɔ ŋutega la, enumake míedi be, míayi Makedonia.’ (Dɔwɔwɔwo 16:8-10) Ale si wòdzo le ŋkɔteƒenɔnya “wo” zazã dzi yi “mí” dzi la ɖee fia be Luka yi ɖakpe ɖe Paulo ƒe zɔhɛwo ŋu le Troa. Emegbe Luka zã ŋkɔteƒenɔnya “mí” tsɔ ƒo nu tso ale si wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa le Filipi ŋu, si ɖee fia be ekpɔ gome le eme. Eŋlɔ bena: “Le Sabat-ŋkeke dzi la míedo go tso dua me yi ɖe tɔ nu, afisi míesusu bena, enye woƒe gbedoɖaƒe; eye esi míebɔbɔ nɔ anyi la, míeƒo nu na nyɔnu, siwo va ƒo ƒu ɖi.” To esia dzi la Lidia kple eƒe aƒemetɔwo katã xɔ nya nyui la eye wonyrɔ wo.—Dɔwɔwɔwo 16:11-15.

Wodo go tsitretsiɖeŋu le Filipi, afi si Paulo da gbe le dɔlanyɔnuvi aɖe “si me afakakagbɔgbɔ” nɔ eye wòkaa nu na amewo la ŋu le. Esi eƒe aƒetɔwo kpɔe be woƒe gadimɔnu la dome gblẽ la, wolé Paulo kple Sila, woƒo wo vevie eye wode wo ga me. Edze ƒã be Luka di teƒe aɖe to, elabena ezã “wo” tsɔ ƒo nu tso nɔnɔme sesẽ si me ehatiawo to la ŋu. Esi Paulo kple Sila do go le gaxɔa me la, “wode dzi ƒo na [nɔviawo], eye wodzo.” Esi Paulo trɔ gbɔ va Filipi le ɣeyiɣi aɖe megbe ko hafi Luka gate ŋkɔteƒenɔnya “mí” zazã ake. (Dɔwɔwɔwo 16:16-40; 20:5, 6) Ðewohĩ Luka tsi Filipi hena dɔa dzi kpɔkpɔ le afi ma.

Nyatakakawo Nu Ƒoƒo Ƒu

Ame kawo gbɔe Luka xɔ nyatakaka siwo le eƒe Nya Nyui gbalẽa kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la tsoe? Akpa siwo Luka zã ŋkɔteƒenɔnya “mí” le le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me—esiwo me wòyɔ eya ŋutɔ ɖokui de nudzɔdzɔawo me le—la ɖee fia be ekplɔ Paulo ɖo tso Filipi yi Yerusalem, afi si wogalé apostoloa le ake. Le mɔzɔzɔa me la, Paulo kple eƒe zɔhɛwo yi ɖadze Filipo nya nyui gblɔla la gbɔ le Kaisarea. (Dɔwɔwɔwo 20:6; 21:1-17) Ðewohĩ Luka xɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ gbãtɔ siwo wowɔ le Samaria la ŋuti nyatakakawo tso Filipo, ame si xɔ ŋgɔ na gbeƒãɖeɖedɔa le afi ma la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:4-25) Ekema ame kawo gbɔe Luka kpɔ nyatakaka susɔewo tsoe?

Edze abe ƒe eve siwo Paulo tsɔ nɔ ga me le Kaisarea la na mɔnukpɔkpɔ Luka wòtsɔ wɔ numekuku hena eƒe Nya Nyui gbalẽa ŋɔŋlɔ ene. Yerusalem, afi si wòate ŋu awɔ numekuku le Yesu ƒe dzidzimegbalẽ me le la, medidi tso afi ma gbɔ kura o. Luka ŋlɔ nudzɔdzɔ gbogbo aɖewo ɖi ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔ ŋu siwo dze le eƒe Nya Nyui gbalẽa ɖeɖe ko me. Agbalẽnyala aɖe de dzesi nudzɔdzɔ siawo ƒomevi 82 sɔŋ.

Ate ŋu anye be Elisabet si nye Yohanes dada gbɔe Luka se Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzidzi ŋuti nyawo tsoe. Ate ŋu axɔ Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔɣi ŋuti numeɖeɖewo tso Yesu dada, Maria, gbɔ. (Luka 1:5–2:52) Ðewohĩ Petro, Yakobo, alo Yohanes ye gblɔ lã geɖe ɖeɖe nukutɔe la ŋuti nya na Luka. (Luka 5:4-10) Luka ƒe Nya Nyui gbalẽa me koe míesrɔ̃a nu tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu aɖewo abe Samariatɔ havilɔ̃la la, ʋiʋli age ɖe agbo bii la me, klosalo si bu la, vi nudomegblẽlaa, kpakple kesinɔtɔ kple Lazaro ƒe kpɔɖeŋua ene ŋu le.—Luka 10:29-37; 13:23, 24; 15:8-32; 16:19-31.

Luka tsɔ ɖe le eme na amewo vevie. Eŋlɔ ŋu tso vɔ si Maria sa tsɔ kɔ eɖokui ŋui, ahosi aɖe ƒe vi fɔfɔ ɖe tsitre, kple nyɔnu aɖe si si ami ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋuti la ŋu. Luka ƒo nu tso nyɔnu siwo tsɔ woƒe nuwo subɔ Kristo la ŋu, eye wògblɔ be Marta kple Maria wɔ amedzro Nɛ. Luka ƒe Nya Nyui gbalẽa ƒo nu tso dɔdada na nyɔnu aɖe si xa gobaa kple ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém, kpakple kpodɔléla ewo siwo ŋuti wokɔ la ŋu. Luka ƒo nu tso ŋutsu kpui aɖe si ŋkɔe nye Zaxeo, ame si lia ati aɖe dzi bene yeate ŋu akpɔ Yesu la ŋu na mí, eye wòŋlɔ nu tso nu vɔ̃ wɔla aɖe si woklã ɖe ati ŋu le Kristo xa la ƒe dzimetɔtrɔ ŋu.—Luka 2:24; 7:11-17, 36-50; 8:2, 3; 10:38-42; 13:10-17; 14:1-6; 17:11-19; 19:1-10; 23:39-43.

Eɖe dzesi ŋutɔ be Luka ƒe Nya Nyui gbalẽa ƒo nu tso ale si Samariatɔ havilɔ̃la si ƒe kpɔɖeŋu Yesu wɔ la kpɔ ŋutsu si ŋu wode abii la ƒe abiawo gbɔ nɛ la ŋu. Edze ƒã be, esi Luka ŋutɔ nye ɖɔkta tae wòte ŋu ŋlɔ ale si Yesu ƒo nu tso abiblamɔnu si Samariatɔa zã, si me wòzã wein abe dɔlékuiwutike ene, ami bene abidzelaa ƒe vevesesea dzi naɖe akpɔtɔ, kple abibabla ŋu la ɖi tsitotsito nenema ɖo.—Luka 10:30-37.

Gamenɔla Aɖe Ƒe Kpekpeɖeŋunala

Luka tsi dzi ɖe apostolo Paulo ŋu vevie. Esime Paulo nɔ ga me le Kaisarea la, Roma nutomefia Felike de se be ‘woagaxe mɔ na’ Paulo ƒe amewo ‘dometɔ aɖeke be wòagana kpekpeɖeŋui o.’ (Dɔwɔwɔwo 24:23) Anɔ eme godoo be Luka hã nɔ kpekpeɖeŋunala siawo dome. Esi wònye be Paulo menɔa lãmesẽ me ɣesiaɣi o ta la, kpekpeɖeŋu siwo “atikewɔla lɔlɔ̃tɔ la” ate ŋu anae dometɔ ɖekae nye be wòawɔ atike nɛ.—Kolosetɔwo 4:14; Galatiatɔwo 4:13.

Esi Paulo bia be Kaisaro negbugbɔ yeƒe nya drɔ̃ na ye la, nutomefia Festo ɖo apostoloa ɖe Roma. Luka nɔ gamenɔla la ŋu le mɔ legbee si wozɔ yi Italy la me nuteƒewɔwɔtɔe, eye wòŋlɔ ale si woƒe tɔdziʋu gbã la ŋu nya ɖi tsitotsito. (Dɔwɔwɔwo 24:27; 25:9-12; 27:1, 9-44) Esime wosi ka Paulo ɖe aƒe me le Roma la, gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ lɛta gbogbo aɖewo eye wòyɔ Luka ƒe ŋkɔ le wo dometɔ eve me. (Dɔwɔwɔwo 28:30; Kolosetɔwo 4:14; Filemon 24) Anɔ eme godoo be ƒe eve siawo mee Luka ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa le.

Gbɔgbɔmedɔ geɖe anya yi edzi le aƒe si me wosi ka Paulo ɖo le Roma la me. Luka anya do go Paulo ƒe hadɔwɔla bubu siwo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋkɔwoe nye Tixiko, Aristarxo, Marko, Yusto, Epafra, kple Onesimo le afi ma.—Kolosetɔwo 4:7-14.

Esime wode Paulo ga me zi evelia eye wòse le eɖokui me be yeɖo kudo nu vɔ la, Luka si nye nuteƒewɔla kple dzinɔameƒotɔ nɔ apostoloa ŋu togbɔ be ame bubuwo gblẽe ɖi hã. Luka nɔ egbɔ togbɔ be esia wɔwɔ ate ŋu ana woalé eya hã gɔ̃ hã. Ðewohĩ Luka ŋutɔe Paulo na wòŋlɔ nya siawo be: “Luka ɖeɖekoe li kplim.” Wogblɔe le xotutu me be, le ema megbe kpuie la wotso ta le Paulo nu.—Timoteo II, 4:6-8, 11, 16.

Luka ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple ɖokuibɔbɔ fia. Meƒo adegbe le eƒe agbalẽnyanya ŋu alo he amewo ƒe susu yi eɖokui dzi o. Nyateƒee, ate ŋu atiae be yeatsɔ atikewɔwɔ na amewo awɔ yeƒe agbemedɔe, gake etiae be yeado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ boŋ. Mina míayi edzi aɖe gbeƒã nya nyuia ɖokuitɔmadimaditɔe ahanɔ subɔsubɔdɔa wɔm ɖokuibɔbɔtɔe hena Yehowa ƒe kafukafu abe ale si Luka wɔe ene.—Luka 12:31.

[Aɖaka si le axa 19]

AME KAE TEOFIL NYE?

Luka ŋlɔ eƒe Nya Nyui gbalẽa kple Apostolowo ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa siaa na Teofil. Luka yɔe le eƒe Nya Nyui gbalẽa me be “amegã Teofil.” (Luka 1:3) Wozãa nya “amegã” na ame xɔŋkɔ siwo nye kesinɔtɔwo kple Roma dziɖuɖumegãwo. Apostolo Paulo hã yɔ bubuŋkɔ ma tɔgbi na Festo si nye Roma nutomefia si nɔ Yuda.—Dɔwɔwɔwo 26:25.

Edze ƒãa be Teofil se nya siwo wonɔ gbeƒã ɖemee tso Yesu ŋu eye wòtsɔ ɖe le nya siwo wose la me vevie. Luka xɔe se be yeƒe Nya Nyui gbalẽa akpe ɖe Teofil ŋu be ‘wòakpɔ nya siwo wofiae la ƒe nyateƒenyenye.’—Luka 1:4.

Le Helatɔ agbalẽnyalagã Richard Lenski ƒe nya nu la, anɔ eme godoo be menye xɔsetɔe Teofil nye esime Luka yɔe be “amegã” o, elabena “le Kristotɔwo ƒe agbalẽwo katã me la, . . . womeyɔ bubuŋkɔ sia si woyɔna na anyigba dzi bubumewo la tɔgbi na nɔvi Kristotɔ aɖeke kpɔ o.” Esi Luka va ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa emegbe la, megazã bubuŋkɔ “amegã” nɛ o, ɖeko wògblɔ be: “O Teofil.” (Dɔwɔwɔwo 1:1) Lenski ƒo nya ta be: “Esime Luka ŋlɔ eƒe Nya Nyui gbalẽa na Teofil la, bubume sia mekpɔ zu Kristotɔ haɖe o, gake etsɔ ɖe le Kristotɔwo ƒe nufiafiawo me vevie; gake esime Luka ɖo Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ɖee la, Teofil zu xɔsetɔ xoxo.”