Nu Kae Ana Nàkpɔ Dzidzeme Le Agbe Me?
Nu Kae Ana Nàkpɔ Dzidzeme Le Agbe Me?
KENNY wɔa dɔ le dɔwɔƒe xɔŋkɔ aɖe si dɔa adzɔnuwo na asitsalawo, dutaʋu xɔasi aɖe le esi, eye wòle aƒe nyui aɖe si wotu ɖe dziƒoxɔ aɖe tame le dugã aɖe ƒe akpa si kesinɔtɔwo nɔna la me. Esi wòbi ɖe dzodzo tso yameʋu me ƒe fefewɔwɔ me ta la, kpotiti tso yameʋu si le ya me ʋĩ ke me doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Ðe eƒe dzi dze emea? Le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Wall Street Journal ƒe nya nu la, egblɔ be: “Nyee nye esi, fifia mexɔ ƒe 45, eye etsɔme vavã aɖeke mele asinye o . . . Viɖe aɖeke mele nye agbe ŋu o.”
Elyn ku kutri vevie be yeazu snodzihoʋlila xɔŋkɔ. Eva zu snodzihoʋlila xɔŋkɔ aɖe mlɔeba. Elyn xɔ ŋkɔ abe ale si wòdii ene. Gake efa konyi be: “Ke afi kae dzidzɔkpɔkpɔ siwo katã menɔ mɔ kpɔm na la le?” Egagblɔ be: “Metsi akogo ŋutɔ. Mava ku nyagã mlɔeba, eye togbɔ be ga gbogbo aɖe le asinye hã la, nye agbe aɖi gbɔlo ŋutɔ nenye be taɖodzinu sia koe le nye agbe ŋu.”
Hideo xɔ ŋkɔ le nutata me ale gbegbe, etsɔ eƒe agbe katã ke na dɔ sia wɔwɔ. Medzraa eƒe nutatawo o; esusui be wo dzadzra aɖe asixɔxɔ si le yeƒe nutata ŋu dzi akpɔtɔ. Le eƒe agbe ƒe nuwuwu lɔƒo esi wòxɔ ƒe 98 la, etsɔ eƒe nutata akpa gãtɔ wɔ nunanae na blemanudzraɖoƒe aɖe. Etsɔ eƒe agbe ɖo anyi hena nutata. Ke hã, mekpɔ dzidzeme o, esusui be ele be yeanɔ anyi ɖaa hafi yeate ŋu ata nu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke manɔ o.
Ame aɖewo va ƒo wo ɖokuiwo ɖe kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me vevie. Le kpɔɖeŋu me, bu sinima dɔwɔƒe aɖe si le Hollywood la ƒe amegã aɖe ŋu kpɔ. Esi wònye sinima dɔwɔƒe gãtɔ siwo le United States dometɔ ɖeka ƒe dɔdzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ ta la, ede ha kple sinima wɔla xɔŋkɔwo eye wònɔ dugã aɖe ƒe akpa si aƒe nyuiwo le me. Esi wòyi mɔkeke le Cambodia eye wònɔ nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe aɖe le fiadua, Phnom Penh, me la nyɔnuvi aɖe te ɖe eŋu henɔ ga biamee. Etsɔ dɔlar ɖeka kple aha vivi ɖeka nae. Dzi dzɔ nyɔnuvia ŋutɔ. Ke hã, egava afi ma ake le zã si kplɔe ɖo me ganɔ nu biam. Ŋutsua de dzesii be nu geɖe hiã wu gotagome kpekpeɖeŋu vi aɖe nanae ko.
Ƒe ɖeka megbe la, amegã sia ɖoe be yemagawɔ dɔ le sinima dɔwɔƒea o, ke boŋ yeayi aɖana kpekpeɖeŋu ame dahewo le Cambodia. Eɖo suku aɖe si me wofiaa nu sukuviawo henaa xɔdɔme kple nuɖuɖu wo le. Ke hã, enɔa avu wɔm kple seselelãme siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu madzudzɔmadzudzɔe. Ekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme le nu siwo wɔm wòle la ŋu, gake mɔkpɔkpɔbuɖeame kple dziɖeleameƒo le kuxi siwo le dzidzim ɖe edzi siwo wòle be wòakpe akɔ kple la ɖea fu nɛ.
Ame ene siwo ŋu míeƒo nu tsoe fifi laa la katã susui be yewonya taɖodzinu si nɔ yewo si le agbe me. Ke hã, esime wova ɖo taɖodzinu si ta woku kutri ɖo vevie la gbɔ gɔ̃ hã la womekpɔ dzidzeme o. Nu kae nye nu vevitɔ na wò le agbe me? Nu kae nèɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me? Èka ɖe edzi be ale si nèle agbe nɔmee fifia mava ve wò le etsɔme oa?