Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nusrɔ̃lawɔla Gã La

Srɔ̃ Nusrɔ̃lawɔla Gã La

Srɔ̃ Nusrɔ̃lawɔla Gã La

“Milé ŋku ɖe ale si mieɖoa toe ŋu nyuie.”—LUKA 8:18, NW.

1, 2. Nu ka tae wòle be nàlé ŋku ɖe ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la ŋu?

YESU KRISTO nɔ Nufiala kple Nusrɔ̃lawɔla Gã ƒe dɔ wɔm esi wògblɔ be: “Milé ŋku ɖe ale si mieɖoa toe ŋu nyuie.” (Luka 8:16-18NW) Gɔmeɖose ma ku ɖe wò subɔsubɔdɔa ŋu abe Kristotɔ ene. Ne èléa to ɖe gbɔgbɔmemɔfiamewo ŋu la, àtsɔ wo ade dɔwɔwɔ me eye àzu Fiaɖuƒegbeƒãɖela kpɔdzidzedze. Enye nyateƒe be màte ŋu ase Yesu ƒe gbe egbea ya o, gake àte ŋu axlẽ nu tso nya siwo wògblɔ kple nu siwo wòwɔ siwo le Ŋɔŋlɔawo me la ŋu. Nu kawoe le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ŋu?

2 Yesu nye nya nyui gbeƒãɖela bibi kple Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea fiala ɖedzesi aɖe. (Luka 8:1; Yohanes 8:28) Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa bia be míanye gbeƒãɖelawo kple nufialawo siaa. Ke hã, esesẽna na Kristotɔ gbeƒãɖela bibi aɖewo be woafia nu amewo dzidzedzetɔe. Gbeƒãɖeɖe bia be woagblɔ gbedeasi aɖe ko, evɔ nufiafia amewo tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu ya biana zi geɖe be nusrɔ̃lawɔla la nana ƒomedodo nanɔ woa kple nusrɔ̃via dome. (Mateo 28:19, 20) Míate ŋu awɔ esia to Nufiala kple Nusrɔ̃lawɔla Gã, Yesu Kristo, sɔsrɔ̃ me.—Yohanes 13:13.

3. Ŋusẽ kae Yesu sɔsrɔ̃ ate ŋu akpɔ ɖe wò agbagbadzedze be yeawɔ amewo nusrɔ̃lawoe la dzi?

3 Ne èsrɔ̃ Yesu ƒe nufiafiamɔnuwo la, àwɔ nu wòasɔ kple nya si apostolo Paulo gblɔ be: “Mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋkume, eye miwɔ ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo. Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.” (Kolosetɔwo 4:5, 6) Ebia agbagbadzedze be nàsrɔ̃ Yesu le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me, gake ema wɔwɔ ana be nàkpɔ dzidzedze le wò nufiafia me, elabena akpe ɖe ŋuwò ‘nàɖo nya ŋuti na ame sia ame’ le ale si eƒe nuhiahiã le nu.

Yesu De Dzi Ƒo Na Amewo Be Woaƒo Nu

4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesu nye toɖola nyui?

4 Tso Yesu ƒe ɖevime ke la, eɖoa to amewo eye wòdea dzi ƒo na wo be woaɖe woƒe nukpɔsusuwo agblɔ. Le kpɔɖeŋu me, esime wòxɔ ƒe 12 la, edzilawo yi ɖakpɔe le mawuƒe la me wòle nufialawo dome “hele to ɖom wo, eye wòle nya biam wo.” (Luka 2:46) Yesu meyi gbedoxɔa me be yeatsɔ yeƒe sidzedze ado ŋukpe nufialawo o. Eyi afi ma be yeaɖo to ase nya, togbɔ be ebia nya aɖewo woamawo hã. Ale si Yesu lɔ̃na faa ɖoa to nye nɔnɔme siwo na be wòkpɔ amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ la dometɔ ɖeka.—Luka 2:52.

5, 6. Aleke míewɔ nya be Yesu ɖo to nya siwo ame siwo wòfiaa nui gblɔna la?

5 Esi wonyrɔ Yesu hesi ami nɛ wòzu Mesia vɔ megbe la, ekpɔtɔ yi edzi ɖoa to amewo. Mena eƒe susu katã nɔ nu siwo fiam wònɔ ŋu ale gbegbe be wòŋlɔ ame siwo va be yewoaɖo toe la be o. Zi geɖe la, etɔna sẽe, biaa woƒe nukpɔsusu ku ɖe nya si gblɔm wònɔ la ŋu, eye wòɖoa to woƒe nyaŋuɖoɖowo. (Mateo 16:13-15) Le kpɔɖeŋu me, le Marta nɔviŋutsu, Lazaro, ƒe ku megbe la, Yesu gblɔ na Marta be: “Amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o.” Emegbe ebiae be: “Èle esia xɔm le sesema?” Kakaɖedzitɔe la, Yesu ɖo to nyuie esime Marta ɖo eŋu be: “Ẽ, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la.” (Yohanes 11:26, 27) Kpɔ ale si gbegbe Marta ƒe xɔse me ʋuʋu alea ana Yesu ƒe dzi adze emee ɖa!

6 Esime Yesu ƒe nusrɔ̃la geɖe gblẽe ɖi la, edi be yeanya eƒe apostoloawo ƒe nukpɔsusu. Eya ta ebia wo be: “Alo miawo hã ɖe miele didim be, miadzo mahã?” Simon Petro ɖo ŋu nɛ bena: “Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. Eye míexɔe se, eye míedze sii bena, wòe nye Kristo, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la.” (Yohanes 6:66-69) Kpɔ ale si nya mawo sese anya do dzidzɔ na Yesue ɖa! Ne wò Biblia nusrɔ̃vi aɖe ʋu eƒe xɔse me alea tɔgbi la, ado dzidzɔ na wò godoo.

Yesu Ðo To Amewo Bubutɔe

7. Nu ka tae Samariatɔ geɖe va xɔ Yesu dzi se?

7 Susu bubu si tae Yesu nye nusrɔ̃lawɔla kpɔdzidzedze ye nye be etsɔa ɖe le eme na amewo eye wòɖoa to wo bubutɔe. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka la, Yesu ɖi ɖase na Samaria nyɔnu aɖe le Yakob ƒe vudo si nɔ Sixar la to. Le dzeɖoɖo ma me la, menye Yesu ɖeka koe xɔ nyaa katã gblɔ o; eɖo to nya si nɔ nyɔnua hã si. Esi Yesu nɔ to ɖomee la, ekpɔe be nyɔnua tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me, eye wògblɔ nɛ be, Mawu nɔ ame siwo asubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me la dim. Yesu de bubu nyɔnua ŋu eye wòɖe ɖetsɔleme fiae, esia na nyɔnua yi ɖagblɔ eŋutinya na ame bubuwo, eye “Samariatɔwo dome ame geɖe xɔ edzi se le nyɔnu . . . la, ƒe nya ŋuti.”—Yohanes 4:5-29, 39-42.

8. Aleke ale si ame geɖe kpɔa dzidzɔ ɖe woƒe nukpɔsusuwo gbɔgblɔ ŋu la akpe ɖe ŋuwò be nàdze dzeɖoɖo gɔme le gbeadzii?

8 Edzɔa dzi na amewo be yewoagblɔ yewoƒe nukpɔsusuwo. Le kpɔɖeŋu me, edoa dzidzɔ na Atenetɔwo be woagblɔ woƒe nukpɔsusuwo eye woase nya yeyewo. Esia na be apostolo Paulo te ŋu ɖi ɖase le Areopago si nɔ du ma me la me dzidzedzetɔe. (Dɔwɔwɔwo 17:18-34) Egbea la, ne èle dzeɖoɖo gɔme dzem kple aƒemenɔla aɖe le gbeadzi la, àte ŋu agblɔ be, “Meva gbɔwò, elabena medi be manya wò nukpɔsusu le [nya aɖe ŋu.]” Ðo to amea ƒe nukpɔsusu, eye nàƒo nu tso eŋu, alo nàbia nya aɖee tso eŋu. Emegbe tsɔ nu si Biblia gblɔ tso nyati ma ŋu la fiae tufafatɔe.

Yesu Nya Nya Si Wòagblɔ

9. Nu kae Yesu wɔ hafi ɖe “nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gɔme fia” Kleopa kple eƒe zɔhɛa?

9 Medzɔ kpɔ gbeɖe be Yesu menya nya si wòagblɔ o. Tsɔ kpe ɖe eƒe toɖola nyui nyenye ŋu la, enyaa nu si ŋu bum amewo nɔ la zi geɖe, eye wònya nu si tututu wòagblɔ. (Mateo 9:4; 12:22-30; Luka 9:46, 47) Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye esi: Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe kpuie la, eƒe nusrɔ̃la eve zɔ mɔ tso Yerusalem yina Emaus. Nya Nyuia me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esi wole dze ɖom, eye wole wo nɔewo biam la, Yesu ŋutɔ va tu wo hele azɔli zɔm kpli wo. Gake woƒe ŋkuwo dzi tsyɔ, bena womedze sii o. Eye wògblɔ na wo bena: Nya ka ƒomeviwo nye esi ŋuti miele dze ɖom le le mia nɔewo dome le miaƒe azɔlizɔzɔ me, eye miele nublanuinu wɔm ale? Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Kleopa la, ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Alo wò ɖeka koe dze Yerusalem, eye mènya nusiwo va dzɔ le eme le ŋkeke siawo me o mahã? Egblɔ na wo bena: Kawoe?” Nufiala Gã la ɖo to wo esime woɖe eme nɛ be Yesu, Nazaretetɔ la fia nu amewo, wɔ nukunuwo, eye wotso kufia nɛ. Azɔ ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Yesu na Kleopa kple eƒe zɔhɛa ɖe woƒe nukpɔsusu gblɔ. Emegbe eɖe nu si wònɔ na wo be woanya la me na wo eye “eɖe nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gɔme fia wo.”—Luka 24:13-27, 32.

10. Aleke nàwɔ anya nukpɔsusu si le ame aɖe si nèdo go le gbeadzi la si ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu?

10 Ðewohĩ mènya naneke tso ame si nèva tu le aƒe aɖe me la ƒe nukpɔsusu ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ŋuti o. Be nànya la, àte ŋu agblɔ be edoa dzidzɔ na ye be yease amewo ƒe nukpɔsusu ku ɖe gbedodoɖa ŋu. Emegbe àte ŋu abia be, “Èsusu be ame aɖe ɖoa to gbedodoɖawoa?” Nyaŋuɖoɖoa aɖe nu geɖe afia tso amea ƒe nukpɔsusu ku ɖe mawusubɔsubɔ alo subɔsubɔha si me wòle ŋu la ŋuti. Ne etsɔa ɖe le mawusubɔsubɔ me la, àte ŋu anya nu geɖe wu tso eƒe nukpɔsusu ŋu ne èbiae be, “Èsusu be Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katã, alo ɖe gbedodoɖa aɖewo li siwo ŋu mekpɔa ŋudzedze ɖo oa?” Nyabiase siawo tɔgbi ate ŋu ana ame naɖe dzi ɖi aɖo dze kpli wò. Ne esɔ be nàxlẽ nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ ku ɖe nyati aɖe ŋu nɛ la, anyo be nàwɔe ŋuɖɔɖotɔe, ke menye be nàƒo nu atsi tsitre ɖe amea ƒe dzixɔsewo ŋu tẽe o. Ne dzeɖoɖo kpli wò do dzidzɔ na amea la, adi be nàgatrɔ ava ye gbɔ. Ke ne ebia nya aɖe wò si ŋu màte ŋu aɖo o ya ɖe? Àte ŋu awɔ numekukuwo eye nàtrɔ ayi egbɔ ahanɔ dzadzraɖoɖi be yeaɖo nya ŋu ‘le mɔkpɔkpɔ si le mewò la ŋuti; gake nàwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ̃.’—Petro I, 3:15.

Yesu Fia Nu Ame Siwo Dze La

11. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàke ɖe ame siwo dze woafia nui la ŋu?

11 Ŋutete nɔ ame deblibo Yesu si wòte ŋu kpɔa ame siwo dze be wòafia nu wo la dzea sii. Esesẽna na míawo ya be míake ɖe ame siwo “si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 13:48, NW) Nenema kee wònɔ le apostolo siwo Yesu gblɔ na be, “ne miayi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie,” la gome. (Mateo 10:11) Ele be nàdi ame siwo lɔ̃na faa be yewoaɖo to Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea eye woafia nu yewo tso eŋu la, abe ale si Yesu ƒe apostoloawo wɔe ene. Àte ŋu ake ɖe ame siwo dze la ŋu ne èɖoa to ame sia ame si nèƒoa nu na la nyuie, eye nèdea dzesi nɔnɔme si wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖena fiana la.

12. Aleke nàte ŋu ayi edzi ana kpekpeɖeŋu ɖetsɔlemetɔ aɖe?

12 Ne èdzo le ame aɖe si tsɔ ɖe le Fiaɖuƒegbedeasia me gbɔ la, anyo be nàyi edzi anɔ amea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu bum. Ne èŋlɔ nu siwo nède dzesi esi nèɖo dze kple amea tso nya nyuia ŋu ɖi la, akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu namee. Ne ètrɔ yi amea gbɔ la, ele vevie be nàɖo toe nyuie ne èdi be yeanya nu geɖe tso eƒe dzixɔsewo, nuwɔna, alo nɔnɔme si me wòle ŋu.

13. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nànya nukpɔsusu si le ame aɖe si ku ɖe Biblia ŋu?

13 Aleke nàte ŋu ade dzi ƒo na amewo be woagblɔ nukpɔsusu si le wo si ku ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu na wò? Le nuto aɖewo me la, ewɔa dɔ ŋutɔ ne èbia be, “Ðe Biblia me nyawo gɔmesese sesẽna na wòa?” Zi geɖe la, ale si amea ɖo nya ma ŋui la ɖea nɔnɔme si le esi ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la fiana. Bubue nye be nàxlẽ mawunyakpukpui aɖe eye nàbiae be, “Aleke nèkpɔ nya siawoe?” Abe Yesu ene la, àte ŋu akpɔ dzidzedze geɖe le wò ɖaseɖiɖidɔa me ne èzãa nyabiase nyuiwo. Ke hã, ŋuɖɔɖɔɖo aɖe hiã.

Yesu Zã Nyabiasewo Nyuie

14. Aleke nàte ŋu abia amewo ƒe nukpɔsusu evɔ mànɔ aɖe dem nu me na wo o?

14 Àte ŋu abia amewo ƒe nukpɔsusu evɔ mana woade vovo ge le wo ɖokui me do kpoe o. Srɔ̃ mɔnu siwo Yesu zã la. Yesu menɔa nya maɖinyawo biam o, ke boŋ ebiaa nya siwo nana wobua tame. Eganye ame si ɖoa to tufafatɔe henaa ame siwo kɔa dzi me la ƒe dzi dzea eme eye wovona le wo ɖokui me. (Mateo 11:28) Ame ɖe sia ɖe ƒomevi te ŋu te ɖe eŋu kple woƒe kuxiwo faa. (Marko 1:40; 5:35, 36; 10:13, 17, 46, 47) Ne èdi be amewo naɖe dzi ɖi agblɔ woƒe nukpɔsusu ku ɖe Biblia kple eƒe nufiafiawo ŋu na wò la, mèganɔ aɖe dem nu me na ameawo o.

15, 16. Aleke nàte ŋu awɔ ana amewo nalɔ̃ aɖo dze kpli wò tso mawusubɔsubɔnyawo ŋu?

15 Tsɔ kpe ɖe nyabiasewo zazã nyuie ŋu la, àte ŋu ade dzi ƒo na amewo be woaɖo dze kpli wò ne ègblɔ nya aɖe si anyɔ woƒe ɖetsɔleme eye emegbe nèɖo to wo esime wole nyaa ŋu ɖom. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ na Nikodemo be: “Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpɔ mawufiaɖuƒe la akpɔ o.” (Yohanes 3:3) Nya ma nyɔ Nikodemo ƒe ɖetsɔleme ale gbegbe be ɖeko wònɔ nya ŋu ɖom na Yesu henɔ to ɖomee. (Yohanes 3:4-20) Àte ŋu ana amewo nalɔ̃ aɖo dze kpli wò to mɔ sia tɔgbi dzi.

16 Egbea ale si wole subɔsubɔha yeyewo ɖomee nye nya si ŋu ame geɖe ƒoa nu tsoe le teƒewo abe Afrika, Ɣedzeƒe Europa, kple Latin Amerika ene. Le teƒe siawo tɔgbi la, àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme ale: “Eɖea fu nam be subɔsubɔhawo sɔ gbɔ alea gbegbe. Gake mele mɔ kpɔm be eteƒe madidi o, dukɔwo katã me tɔwo awɔ ɖeka le tadeagu vavãtɔ me. Ðe esia adzɔ dzi na wòa?” Ne ègblɔ nya aɖe si meva amewo ƒe susu me kpɔ o tso mɔkpɔkpɔ si le asiwò ŋu la, ate ŋu ana woaɖe woƒe nukpɔsusu agblɔ. Eye nyabiasewo ŋu nya ɖona bɔbɔe wu ne woate ŋu aɖo wo ŋu le mɔ eve nu. (Mateo 17:25) Ne aƒemenɔla la ɖo wò nyabiasea ŋu vɔ la, wò ŋutɔ zã mawunyakpukpui ɖeka alo eve nàtsɔ aɖo eŋui. (Yesaya 11:9; Zefanya 3:9) Ne èɖo to nyuie eye nèna wò susu le amea ƒe nyaŋuɖoɖoa ŋu la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya nu si ŋu miaɖo dze tsoe ne ètrɔ yi ɣebubuɣi.

Yesu Ðo To Ðeviwo

17. Nu kae ɖee fia be Yesu tsɔ ɖe le eme na ɖeviwo?

17 Menye ame tsitsiwo ɖeɖe ko mee Yesu tsɔ ɖe le o, ke boŋ etsɔ ɖe le eme na ɖeviwo hã. Yesu nya ɖeviwo ƒe fefe vovovowo kple nya siwo wogblɔna hã. Ɣeaɖewoɣi la, ekpea ɖeviwo be woava ye gbɔ. (Luka 7:31, 32; 18:15-17) Ðevi geɖewo nɔ ameha siwo nɔ to ɖom Yesu la dome. Esime ɖeviwo nɔ ɣli dom nɔ Mesia la kafum la, Yesu de dzesii eye wògblɔ be Ŋɔŋlɔawo gblɔ esia ŋu nya ɖi. (Mateo 14:21; 15:38; 21:15, 16) Egbea la, ɖevi geɖewo va le Yesu ƒe nusrɔ̃lawo zum. Eya ta aleke nàte ŋu akpe ɖe wo ŋui?

18, 19. Aleke nàte ŋu ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu viwòe?

18 Be nàna gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu viwò la, ele be nàɖo toe. Ehiã be nànya nukpɔsusu siwo le esi siwo mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tamesusuwo o la. Ne viwòa gblɔ nya aɖe la, nunya anɔ eme be nàkafui gbã, nya ka kee wòɖagblɔ o. Eye emegbe, àte ŋu azã mawunyakpukpui siwo sɔ la atsɔ akpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ Yehowa ƒe nukpɔsusu ku ɖe nyawo ŋu.

19 Nyabiasewo ƒe wɔƒe li. Gake ɖeviwo melɔ̃na be woanɔ nya gbogbo aɖewo biam yewo o, abe ale si ko wòle le ame tsitsiwo gome ene. Le esi nànɔ nyabiase sesẽwo biam viwò la, nu ka tae màgblɔ nya kpui aɖe tso ɖokuiwò ŋu nɛ boŋ oa? Àte ŋu agblɔ be tsã la nane ɖea fu na ye eye nàɖe nu si tae la me nɛ; esia anɔ te ɖe nya si me dzrom miele la dzi. Emegbe àte ŋu abiae be, “Ðe nu sia ɖea fu na wò hã?” Ale si viwòa ɖo nya sia ŋui la ate ŋu ana be miaɖo dze tuameɖo siwo aɖe vi nɛ tso Ŋɔŋlɔawo me.

Yi Edzi Nànɔ Nusrɔ̃lawɔla Gã La Srɔ̃m

20, 21. Nu ka tae wòle be nànye toɖola nyui esi nèle nusrɔ̃lawɔwɔdɔa wɔm?

20 Eɖanye viwò alo ame bubu aɖee nèle nyati aɖe me dzrom kple o, toɖoɖo nyuie le vevie. Le nyateƒe me la, enye lɔlɔ̃ɖeɖefia. Ne èɖoa to la, ke èle nu wɔm ɖokuibɔbɔtɔe, eye èle bubu kple ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le ɖem fia ame si nèle nu ƒom na la. Nyateƒee, toɖoɖo bia be nàlé to ɖe nya si gblɔm amea le la ŋu.

21 Ne èle gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me la, yi edzi nànɔ to ɖom aƒemenɔlawo nyuie. Ne èléa to ɖe nya siwo wogblɔna ŋu nyuie la, àde dzesi Biblia me nyateƒea ƒe akpa siwo ado dzidzɔ na wo la godoo. Ekema dze agbagba nàkpe ɖe wo ŋu to Yesu ƒe nufiafiamɔnu vovovoawo zazã me. Ne èwɔe alea la, àkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme, elabena èle Nusrɔ̃lawɔla Gã la srɔ̃m.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Yesu de dzi ƒo na amewo be woaɖe woƒe nukpɔsusu agblɔe?

• Nu ka tae Yesu ɖo to ame siwo wòfia nui?

• Aleke nàte ŋu azã nyabiasewo le wò ɖaseɖiɖidɔa me?

• Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu ɖeviwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ne èle gbeƒã ɖem la, kpɔ egbɔ be yeɖo to nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Míesrɔ̃a Yesu nenye be míenaa gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu ɖeviwo