Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Taflatsɛ Mixɔ Nye Nunana Si Meɖi Naneke O La”

“Taflatsɛ Mixɔ Nye Nunana Si Meɖi Naneke O La”

“Taflatsɛ Mixɔ Nye Nunana Si Meɖi Naneke O La”

LƐTA aɖe si Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Russia xɔ mee nya siawo dze le. Afɔwui siwo wotsɔ alẽfu lɔ̃ aɖaka gã ɖeka kpe ɖe lɛta la ŋu.

Alla si nye Yehowa Ðasefo aɖe, si le subɔsubɔm le hame aɖe me le Russia ƒe Ɣedzeƒe Ʋĩ, si xɔ ƒe 67 ye ɖo nunana la ɖa. Alla le Yehowa subɔm ƒe ewo kple edzivɔe nye esia, eye wòle gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔe. Gake gbagbadɔ va dze edzi kpata ale be eƒe akpa aɖewo tu. Ke hã, lɔlɔ̃ ʋã Alla wòwɔ nu si ƒe alafa gbãtɔ me nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Tabita alo Dorkas, ame si tɔa awu na ehati Kristotɔwo, wɔ la tɔgbi.—Dɔwɔwɔwo 9:36, 39.

Alla ŋlɔ le eƒe lɛtaa me bena: “Nyemate ŋu azɔ o, gake mate ŋu azã nye asiwo ya. Eya ta meɖea gbeƒã to lɛta ŋɔŋlɔ dzi.” Egblɔ kpee be: “Esi magate ŋu azã nye asiwo ta la, meɖoe be malɔ̃ afɔwui ʋɛ aɖewo. Medi be woatsɔ afɔwui siawo ana nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo yia Fiaɖuƒe Akpata tuƒe le teƒe siwo fa miamiamia, abe Russia ƒe Ɣedzeƒe Ʋĩ kple Siberia ene.”

Yesu Kristo gblɔ tso eyomedzela vavãwo ŋu be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Lɔlɔ̃ si tɔgbi Alla ɖe fia la nye Yesu yomedzela vavãwo ƒe dzesi.