Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tu Nɔnɔme Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔ Nusrɔ̃lawo La Ðo

Tu Nɔnɔme Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔ Nusrɔ̃lawo La Ðo

Tu Nɔnɔme Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàwɔ Nusrɔ̃lawo La Ðo

“Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.”—MATEO 28:19.

1. Le blema la, ŋutete kple nɔnɔme kawoe Mawu subɔla aɖewo hiã?

ƔEAÐEWOƔI la, ele be Yehowa subɔlawo natu ŋutete kple nɔnɔme siwo akpe ɖe wo ŋu woate ŋu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ɖo. Le kpɔɖeŋu me, Abraham kple Sara ʋu dzo le Ur du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo la me abe ale si Mawu de se na woe ene, eye wòva hiã be woatu nɔnɔme kple ŋutete si hiã be woanye avɔgbadɔ me nɔlawo la ɖo. (Hebritɔwo 11:8, 9, 15) Be Yosua nate ŋu akplɔ Israel viwo ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi la, ebia be dzi nanɔ eƒo, wòaka ɖe Yehowa dzi, eye Mawu ƒe Sea ŋuti sidzedze nasu esi. (Yosua 1:7-9) Ŋutete ka kee ɖanɔ Bezaleel kple Oholiab si xoxo o, Mawu ƒe gbɔgbɔa na be woƒe ŋutetea ganyo ɖe edzi alo dzi ɖe edzi ale be ŋutsu siawo te ŋu kpɔ avɔgbadɔa tutu kple eŋudɔ bubuwo dzi hekpɔ gome le wo me dzidzedzetɔe.—Mose II, 31:1-11.

2. Nyabiase siwo ku ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu kawo mee míadzro?

2 Ƒe alafa aɖewo megbe la, Yesu Kristo de se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Medzɔ kpɔ gbeɖe be mɔnukpɔkpɔ su amewo si be woawɔ dɔ gã sia ƒomevi o. Nɔnɔme kawoe míehiã bene míawɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa? Aleke míate ŋu atu nɔnɔme siawo ɖoe?

Lɔlɔ̃ Deto Ðeɖe Fia Mawu

3. Mɔnukpɔkpɔ kae se si wode na mí be míawɔ nusrɔ̃lawo la naa míi?

3 Tete ɖe amewo ŋu kple agbagbadzedze be míaƒoe ɖe wo nu woasubɔ Mawu vavã la bia be lɔlɔ̃ deto nanɔ mía si na Yehowa. Israel viwo te ŋu ɖe lɔlɔ̃ si nɔ wo si na Mawu la fia to eƒe sededewo me lelé ɖe asi, vɔ siwo dzea eŋu la sasa, kple ekafukafu le hadzidzi me dzi. (Mose V, 10:12, 13; 30:19, 20; Psalmo 21:14; 96:1, 2; 138:5) Mí nusrɔ̃lawɔlawo hã míeléa Mawu ƒe sewo me ɖe asi, míegaɖea lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la fiana to eŋuti nya kple eƒe tameɖoɖowo gbɔgblɔ na amewo me. Ele be míaƒo nu kple kakaɖedzi, eye míatia nya siwo sɔ atsɔ agblɔ ale si míesena le mía ɖokui me ɖe mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí ŋu la na amewo.—Tesalonikatɔwo I, 1:5; Petro I, 3:15.

4. Nu ka tae nufiafia amewo tso Yehowa ŋu do dzidzɔ na Yesu ɖo?

4 Esi lɔlɔ̃ deto nɔ Yesu si na Yehowa ta la, nuƒoƒo tso Mawu ƒe tameɖoɖowo, Fiaɖuƒea, kple tadedeagu vavã ŋu do dzidzɔ nɛ ŋutɔ. (Luka 8:1; Yohanes 4:23, 24, 31) Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.” (Yohanes 4:34) Yesu ŋue hakpala la ƒe nya siwo gbɔna la ku ɖo, egblɔ be: “Nye Mawu, wò lɔlɔ̃nu wɔwɔ enye nye dzidzɔ, eye wò se la le nye dzi me. Meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gãwo me; kpɔ ɖa, nyememia nu o, Yehowa, ènyae.”—Psalmo 40:9, 10; Hebritɔwo 10:7-10.

5, 6. Nɔnɔme vevi kae wòle be wòanɔ nusrɔ̃lawɔlawo si?

5 Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa ame yeye siwo srɔ̃ Biblia me nyateƒea eteƒe medidi o la be wotsɔa kakaɖedzi ƒoa nu tso Yehowa kple Fiaɖuƒea ŋu ale gbegbe be wotea ŋu kpɔa dzidzedze le nyaƒoƒo ɖe amewo nu be woade ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo ŋu me ŋutɔ. (Yohanes 1:41) Lɔlɔ̃ na Mawu ye nye nu vevitɔ si ʋãa mí míekpɔa gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. Eya ta mina míayi edzi ana be dzo nakpɔtɔ anɔ lɔlɔ̃ ma me to eƒe Nya la xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu edziedzi me.—Timoteo I, 4:6, 15; Nyaɖeɖefia 2:4.

6 Ðikeke mele eme o be, lɔlɔ̃ na Yehowa kpe ɖe Yesu Kristo ŋu wòzu nufiala si me dzo nɔ. Gake menye ema ɖeɖe koe na be wòkpɔ dzidzedze le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me o. Ke nɔnɔme bubu kae kpe ɖe Yesu ŋu wòkpɔ dzidzedze le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me?

Ðe Ðetsɔleme Fia Amewo Lɔlɔ̃tɔe

7, 8. Aleke Yesu bu amewoe?

7 Yesu tsi dzi ɖe amewo ŋu eye wòɖe ɖetsɔleme vavã fia wo. Do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu esime wònye Mawu ƒe “dɔnunɔla” gɔ̃ hã la, ekpɔ dzidzɔ ɖe nya siwo ku ɖe amegbetɔwo ŋu la ŋu. (Lododowo 8:30, 31) Esime Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, ese veve ɖe amewo nu, eye wòna ame siwo te ɖe eŋu la ƒe dzi dze eme. (Mateo 11:28-30) Yesu ɖe Yehowa ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ kple veveseɖeamenu fia, eye esia he amewo ɖe Mawu vavã ɖeka la ƒe tadedeagu ŋu. Ame ƒomeviwo katã ɖo to Yesu, elabena etsɔ ɖe le woawo ŋutɔwo kple nɔnɔme siwo me wonɔ la me lɔlɔ̃tɔe.—Luka 7:36-50; 18:15-17; 19:1-10.

8 Esi ŋutsu aɖe bia Yesu be nu kae yeawɔ hafi akpɔ agbe mavɔ mahã la, “Yesu kpɔe dũ, eye wòlɔ̃e.” (Marko 10:17-21) Míexlẽ tso ame aɖewo siwo Yesu fia nui le Betania la ŋu be: “Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua kpakple Lazaro.” (Yohanes 11:1, 5) Yesu lɔ̃ amewo ale gbegbe be etsɔ ɖiɖiɖeme si wòhiã la sa vɔe bene wòate ŋu afia nu wo. (Marko 6:30-34) Yesu ƒe ɖetsɔtsɔ le eme na ehati amegbetɔwo vevie lɔlɔ̃tɔe alea na be wòkpɔ dzidzedze le kpekpe ɖe amewo ŋu be woava tadedeagu vavãtɔ gbɔ me wu ame sia ame.

9. Nɔnɔme kae nɔ Paulo si nye nusrɔ̃lawɔla la si?

9 Apostolo Paulo hã tsɔ ɖe le eme na ame siwo wòɖe gbeƒã na vevie. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na ame siwo va zu Kristotɔwo le Tesalonika la be: “Esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyuie la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.” Le Paulo ƒe agbagba siwo wòdze lɔlɔ̃tɔe ta la, Tesalonikatɔ aɖewo ‘trɔ tso trɔ̃wo gbɔ bena woasubɔ Mawu gbagbe la.’ (Tesalonikatɔwo I, 1:9; 2:8) Ne míetsɔa ɖe le eme na amewo vavã abe ale si Yesu kple Paulo wɔe ene la, míawo hã míate ŋu akpɔ dzidzɔ si dona tso eme ne wokpɔ be nya nyuia le “amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ƒe dziwo gbɔ ɖom la.—Dɔwɔwɔwo 13:48.

Ðe Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ Fia

10, 11. Nu ka tae ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ hiã ne míele agbagba dzem be míawɔ nusrɔ̃lawo?

10 Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nɔa nusrɔ̃lawɔla kpɔdzidzedzewo si. Womebua kesinɔnuwo ƒe amesisusu nu vevitɔ le agbe me kura o. Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Aleke gbegbe wòsẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena woayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee!” Nya sia sese wɔ nuku na nusrɔ̃lawo, gake Yesu gblɔ kpee be: “Viwo, asẽ bena, amesiwo ɖoa dzi ɖe kesinɔnuwo ŋuti la, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me! Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vò me, wu alesi kesinɔtɔwo nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee.” (Marko 10:23-25) Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woanɔ agbe tsɛ ale be woƒe susu katã nanɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu. (Mateo 6:22-24, 33) Nu ka tae ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ kpena ɖe mía ŋu míewɔa nusrɔ̃lawo?

11 Ebia agbagbadzedze geɖe be míafia nu siwo katã ƒe se Yesu de la amewo. Nusrɔ̃lawɔla dzea agbagba be yeawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔwo kwasiɖa sia kwasiɖa. Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖewo ɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui ŋu ɖadi ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui bena mɔnukpɔkpɔ geɖe wu nasu wo si be woake ɖe dzi nyui tɔwo ŋu. Kristotɔ gbogbo aɖewo srɔ̃ gbe bubuwo ale be woate ŋu aɖe gbeƒã na gbe bubu dola siwo le woƒe nutowo me. Nusrɔ̃lawɔla bubu aɖewo ʋu dzo le woƒe aƒe me yi ɖe nuto bubu alo du dudu me bene woakpɔ gome le nuŋeŋedɔa me bliboe. (Mateo 9:37, 38) Esiawo katã wɔwɔ bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ. Gake be woanye nusrɔ̃lawɔla kpɔdzidzedze bia nu geɖe wu ema.

Gbɔ Dzi Ði Gake Mègagblẽ Ɣeyiɣi O

12, 13. Nu ka tae dzigbɔɖi hiã vevie le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me?

12 Dzigbɔɖi hã nye nɔnɔme bubu si kpena ɖe mía ŋu míewɔa nusrɔ̃lawo. Gbedeasi si mí Kristotɔwo míeɖea gbeƒãe la bia nuwɔwɔ kpata, ke hã, nusrɔ̃lawo wɔwɔ ya bia ɣeyiɣi geɖe kpakple dzigbɔɖi. (Korintotɔwo I, 7:29) Yesu metsi dzi na nɔviaŋutsu Yakobo o. Togbɔ be edze abe Yakobo nya nu tso Yesu ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nyuie ene hã la, nane hee ɖe megbe be mezu eƒe nusrɔ̃la o hena ɣeyiɣi aɖe. (Yohanes 7:5) Edze ƒãa be ɣeyiɣi kpui si tso Kristo ƒe ku kple ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea domee Yakobo va zu nusrɔ̃la, elabena Ŋɔŋlɔawo na míekpɔe be ekpe ɖe dadaa, nɔviaŋutsuwo, kple apostoloawo ŋu hena gbedodoɖa. (Dɔwɔwɔwo 1:13, 14) Yakobo wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo, eye wòva xɔ agbanɔamedzi gãwo le Kristo hamea me emegbe.—Dɔwɔwɔwo 15:13; Korintotɔwo I, 15:7.

13 Abe ale si wònɔna le agbledelawo gome ene la, Kristotɔwo le nu siwo tsina vivivi zi geɖe la ƒãm—siwo nye Mawu ƒe Nya la gɔmesese, lɔlɔ̃ na Yehowa, kple Kristo ƒe gbɔgbɔ ɖeɖe fia. Esia bia dzigbɔɖi. Yakobo ŋlɔ bena: “Migbɔ dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ. Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.” (Yakobo 5:7, 8) Yakobo nɔ nu xlɔ̃m eƒe haxɔsetɔwo be ‘woagbɔ dzi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe anyinɔɣi.’ Ne nusrɔ̃lawo mese nane gɔme o la, Yesu tsɔa dzigbɔɖi ɖea eme na wo alo wɔa eŋuti kpɔɖeŋu aɖewo na wo. (Mateo 13:10-23; Luka 19:11; 21:7; Dɔwɔwɔwo 1:6-8) Fifia esi míele Aƒetɔa ƒe anyinɔɣia me la, ehiã be míawo hã míagbɔ dzi ɖi nenema ke esi míele agbagba dzem be míawɔ nusrɔ̃lawo. Ehiã be míafia nu ame siwo va le Yesu yomedzelawo zum le míaƒe ŋkekea me la le dzigbɔɖi me.—Yohanes 14:9.

14. Togbɔ be míegbɔa dzi ɖi hã la, aleke mí nusrɔ̃wɔlawo míate ŋu azã míaƒe ɣeyiɣi nunyatɔe?

14 Togbɔ be míegbɔa dzi ɖi hã la, nya la metsea ku le ame siwo míedzea Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple la dometɔ akpa gãtɔ me o. (Mateo 13:18-23) Eya ta ne míedze agbagba ɖe sia ɖe si míate ŋui be míatsɔ akpe ɖe wo ŋu vɔ la, nunya anɔ eme be míadzudzɔ ɣeyiɣi gbegblẽ ɖe ame siawo tɔgbi ŋu, eye míadi ame siwo dea asixɔxɔ Biblia me nyateƒea ŋu wu la. (Nyagblɔla 3:1, 6) Le nyateƒe me la, ame siwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana gɔ̃ hã ahiã kpekpeɖeŋu geɖe bene woatrɔ woƒe nukpɔsusuwo, agbenɔnɔwo, kple taɖodzinuwo. Eya ta míegbɔa dzi ɖi abe ale si ko Yesu gbɔ ɖi na eƒe nusrɔ̃la siwo wònɔ sesẽm na be woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo la ene.—Marko 9:33-37; 10:35-45.

Tu Nufiafiaɖaŋu Ðo

15, 16. Nu ka tae nyawo gbɔgblɔ wòanɔ bɔbɔe kple dzadzraɖo nyui le vevie ne míele nusrɔ̃lawo wɔm?

15 Lɔlɔ̃ na Mawu, ɖetsɔtsɔ le eme na amewo, ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ, kple dzigbɔɖi nye nu vevi siwo nana wokpɔa dzidzedze le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me. Ehiã be míatu nufiafiaɖaŋu hã ɖo, elabena ekpena ɖe mía ŋu be míeɖea nyawo me wo me kɔna nyuie eye wo gɔme sese nɔa bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me, nya geɖe siwo Nufiala Gã, Yesu Kristo, gblɔ la ɖe kpe ŋutɔ, elabena wonye nya siwo gɔme sese nɔ bɔbɔe. Anɔ eme godoo be èɖo ŋkui be Yesu gblɔ nya siawo be: “Midzra nu nyuiwo ɖo na mia ɖokui le dziƒo.” “Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o.” “Nunya la ƒe dɔwɔwɔ tso afia nɛ.” “Mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mateo 6:20; 7:6; 11:19; 22:21) Ele eme be menye nya siwo le kpuikpuikpui koe Yesu gblɔ o. Efia nu eme kɔ eye wòɖe nyawo me nenye be ekpɔe be esia wɔwɔ asɔ. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nufiafiamɔnu lae?

16 Dzadzraɖo nyui nye nu vevitɔ si nana wofiaa nu egɔmesese nɔ bɔbɔe eye eme kɔna. Nusrɔ̃lawɔla si medzra ɖo nyuie o la ƒoa nu fũu. Ate ŋu atsɔ numeɖeɖe gbogbo aɖewo atsyɔ nya veviawo dzi, eye wòanɔ nu sia nu si wònya tso nya la ŋu gblɔm. To vovo na ema la, nusrɔ̃lawɔla si dzra ɖo nyuie bua ame si wòle nu fiamee la ŋu, dea ŋugble tso nya si me dzrom wole la ŋu, eye wògblɔa nu si ko hiã la eme kɔna nyuie. (Lododowo 15:28; Korintotɔwo I, 2:1, 2) Nu si gbegbe nusrɔ̃via nya tso nyatia ŋu xoxo kple nya siwo dzi wòahiã be wòate gbe ɖo le nusrɔ̃ɣia nɔa susu me na nufiala la. Nusrɔ̃lawɔla ate ŋu anya nya dodzidzɔname geɖe tso nyatia ŋu, gake be nyawo me nakɔ la ele be wòaƒo asa na nya siwo mehiã o la gbɔgblɔ.

17. Aleke míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu?

17 Yesu kpe ɖe amewo ŋu be woabu tame, le esi eya ŋutɔ nanɔ nyateƒenyawo gblɔm na wo ko teƒe. Le kpɔɖeŋu me, ebia Simon gbe ɖeka be: “Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã?” (Mateo 17:25) Ate ŋu adzɔ be Biblia me ɖeɖe vivia mía nu ale gbegbe be ahiã be míaɖu mía ɖokui dzi bene míaɖe mɔ na nusrɔ̃via be wòaɖe eƒe susu agblɔ alo aɖe nu me ku ɖe nya si me dzrom míele ŋu le aƒe me Biblia nusrɔ̃ɣi. Mele be míabia nya geɖe fũu akpa amewo ya o. Ke boŋ ele be míatsɔ ŋuɖɔɖɔɖo, kpɔɖeŋu nyuiwo, kple nyabiase siwo ŋu míebu nyuie la akpe ɖe wo ŋu woase Ŋɔŋlɔawo me nya vevi siwo me woɖe le míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo me la gɔme.

18. Nu kae “nufiafiaɖaŋu” tutuɖo bia?

18 Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso “nufiafiaɖaŋu” ŋu. (Timoteo II, 4:2, NW; Tito 1:9) Nufiafiaɖaŋu sia bia nu geɖe wu kpekpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòalé nyawo ɖe susu me dzro ko. Ele be míadze agbagba akpe ɖe Biblia nusrɔ̃via ŋu be wòakpɔ vovototo si le nyateƒe kple aʋatso, nyui kple vɔ̃, kple esi le nunya kple bometsitsi dome dze si. Ne míele esia wɔm hele agbagba dzem be míaƒã lɔlɔ̃ na Yehowa ɖe amea ƒe dzi me la, akpɔ nu si tae wòle be wòaɖo to eyama ɖo.

Kpɔ Gome Dzonɔamemetɔe Le Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa Me

19. Aleke Kristotɔwo katã wɔa akpa aɖe le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me?

19 Habɔbɔ si wɔa nusrɔ̃lawo ye Kristo hamea nye. Ne ame yeye aɖe va zu nusrɔ̃la la, menye Yehowa Ðasefo si ke ɖe eŋu hekpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ nu si nye Biblia ƒe nufiafiawo koe kpɔa dzidzɔ o. Ne amewo wɔ ɖoɖo ɖe ɖevi aɖe si bu didi ŋu la, ame ɖeka koe kena ɖe ɖevia ŋu. Gake ne wokplɔ ɖevia vae na edzilawo la, ame siwo katã kpɔ gome le ɖevia didi mee kpɔa dzidzɔ. (Luka 15:6, 7) Nenema kee, hamedɔe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nye. Kristotɔwo katãe kpɔa gome le ame siwo ate ŋu anye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo didi me. Eye ne ame yeye aɖe te kpekpeawo dede le Fiaɖuƒe Akpata me la, Kristotɔ ɖe sia ɖe si le kpekpea me wɔa akpa aɖe le amea ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu tutuɖo me. (Korintotɔwo I, 14:24, 25) Eya ta Kristotɔwo katã ate ŋu akpɔ dzidzɔ be yewowɔa ame akpe geɖe nusrɔ̃lawoe ƒe sia ƒe.

20. Nu kae wòle be nàwɔ ne èdi be yeafia Biblia me nyateƒea amewo?

20 Adzɔ dzi na Kristotɔ wɔnuteƒe geɖe be yewoafia nu amewo ku ɖe Yehowa kple tadedeagu vavãtɔ la ŋu. Togbɔ be wodzea agbagba geɖe hã la, womete ŋu wɔa esia o. Nenye be nenemae wòle le gowòme la, yi edzi nàna lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa me nasẽ ɖe edzi, tsɔ ɖe le eme na amewo, tu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo, gbɔ dzi ɖi, eye dze agbagba nàna wò nufiafiaɖaŋu nanyo ɖe edzi wu. Ƒo wo katã ta la, tsɔ wò didi be yeafia nyateƒea amewo la de gbedodoɖa me. (Nyagblɔla 11:1) Na enyanya be nu sia nu si nèwɔna le Yehowa subɔsubɔ me wɔa akpa aɖe le nusrɔ̃lawɔwɔdɔ si hea ŋutikɔkɔe vanɛ na Mawu me la nafa akɔ na wò.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu ka tae nusrɔ̃lawɔwɔdɔa doa míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu kpɔ?

• Nɔnɔme kawoe wòle be wòanɔ nusrɔ̃lawɔlawo si?

• Nu kae “nufiafiaɖaŋu” bia?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Kristotɔwo ɖea lɔlɔ̃ deto si le wo si na Mawu la fiana to nusrɔ̃lawɔwɔdɔa wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nu ka tae wòle be nusrɔ̃lawɔlawo natsɔ ɖe le eme na amewo?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Nɔnɔme siwo wòle be wòanɔ nusrɔ̃lawɔlawo si la dometɔ aɖewo ɖe?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nu nyui siwo le dodom tso nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me doa dzidzɔ na Kristotɔwo katã