Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèle Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Ƒe Akpa Dzia?

Ðe Nèle Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Ƒe Akpa Dzia?

Ðe Nèle Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Ƒe Akpa Dzia?

“Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa [ŋutɔ zu] fia!”—PSALMO 96:10.

1, 2. (a) Nu ɖedzesi kae dzɔ le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe October me lɔƒo? (b) Gɔmesese kae nɔ nudzɔdzɔ ma ŋu na Yesu?

NU ÐEDZESI aɖe si teƒe womekpɔ le anyigba dzi kpɔ o la dzɔ le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe October me lɔƒo. Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla Mateo ka nya ta be: “Esi [wonyrɔ] Yesu vɔ la, edo go tso tɔa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye [Yohanes Amenyrɔɖetsimela kpɔ] Mawu ƒe [gbɔgbɔ] la le ɖiɖim abe akpakpa ene va [Yesu dzi]; eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” Nudzɔdzɔ ʋɛ siwo ŋu Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla eneawo katã ƒo nu tso la dometɔ ɖekae nye esia.—Mateo 3:16, 17; Marko 1:9-11; Luka 3:21, 22; Yohanes 1:32-34.

2 Gbɔgbɔ kɔkɔe kɔkɔ ɖe Yesu dzi gaglãa de dzesii be eyae nye Mesia, alo Kristo la, si gɔmee nye Amesiamina. (Yohanes 1:33) ‘Dzidzimevi’ si ŋugbe wodo la do mlɔeba! Ame si Satana, si nye Yehowa kple eƒe dziɖulanyenye ƒe futɔ gãtɔ, aɖu afɔkpodzi na eye eya hã ava gbã ta nɛ lae nye ema le tsitre ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela ŋkume. (Mose I, 3:15) Tso ɣemaɣi la, Yesu nya nyuie be ele be yeadze agbagba ana Yehowa ƒe tameɖoɖo ku ɖe eƒe dziɖulanyenye kple Fiaɖuƒea ŋu nava eme.

3. Alekee Yesu dzra eɖokui ɖo ɖe akpa si wòawɔ le Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋli me la ŋu?

3 Be wòasu te awɔ dɔ si dze ŋgɔe la, ‘Yesu, si yɔ fũu kple gbɔgbɔ kɔkɔe la, gbugbɔ tso Yordan nu, eye gbɔgbɔ la kplɔe yi gbedzi.’ (Luka 4:1; Marko 1:12) Esi Yesu nɔ afi ma hena ŋkeke 40 sɔŋ la, mɔnukpɔkpɔ su esi wòde ŋugble tso dziɖulanyenye ƒe nya si Satana fɔ ɖe te kple nu si wòawɔ atsɔ aʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta la ŋu vevie. Nya ma ka nuwɔwɔ nyanuwo katã—esiwo le dziƒo kple esiwo le anyigba dzi siaa. Eya ta anyo be míadzro nu siwo Yesu wɔ nuteƒewɔwɔtɔe la me bene míakpɔ nu si wòle be míawo hã míawɔ atsɔ aɖee afia be míedi be míanɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi.—Hiob 1:6-12; 2:2-6.

Dziɖulanyenye Ƒe Nya La Hehe Ðe Go

4. Afɔ kae Satana ɖe si he dziɖulanyenye ƒe nya la ɖe go?

4 Le nyateƒe me la, nudzɔdzɔ siawo siwo ŋu míeƒo nu tso la dometɔ aɖeke meyi edzi le Satana ƒe manyamanya me o. Eya ta mehe ɖe megbe le Mawu ƒe ‘nyɔnua’ ƒe ‘dzidzimevia’ dzi dzedze me kura o. (Mose I, 3:15) Satana te Yesu kpɔ zi etɔ̃, hebia tso esi be wòawɔ nu si dze abe ɖee wòade Yesu ŋutɔ dzi ene tsɔ wu be wòawɔ nu si Fofoa bia tso esi. Tetekpɔ etɔ̃lia koŋue he dziɖulanyenye ƒe nyaa ɖe go. Esi Satana ɖe “xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” fia Yesu vɔ megbe la, egblɔ nɛ ŋumakpemakpetɔe be: “Matsɔ nusiawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.” Esi wòle nyanya na Yesu nyuie be Abosam ƒe ŋusẽ tee “xexeme fiaɖuƒewo katã” le ta la, eɖe akpa si dzi eya Yesu ŋutɔ le le dziɖulanyenye ƒe nyaa me fia esi wòɖo eŋu nɛ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Aƒetɔ, wò Mawu la, nàde ta agu na, eye eya ɖeka ko nàsubɔ.’”—Mateo 4:8-10.

5. Dɔdeasi sesẽ kae wòle be Yesu nawɔ ade goe?

5 Ale si Yesu nɔ agbee la ɖee fia kɔte be Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta ʋiʋlie nye nu vevitɔ nɛ le agbe me. Yesu nya nyuie be ele be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi va se ɖe ku, si Satana ahe va ye dzi, me—si wogblɔ ɖi be anye afɔkpodziɖuɖu na nyɔnu la ƒe ‘dzidzimevia’—bene woaɖo kpe Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze dzi. (Mateo 16:21; 17:12) Ele nɛ hã be wòaɖe gbeƒã nyateƒe si wònye be Mawu Fiaɖuƒea nye dɔwɔha si Yehowa na ŋusẽe be wòaɖe aglãdzela Satana ɖa ahana ɖoɖo kple ŋutifafa naganɔ nuwɔwɔwo katã dome la. (Mateo 6:9, 10) Alekee Yesu te ŋu wɔ dɔdeasi sesẽ sia de goe?

“Mawufiaɖuƒe La Ðo Vɔ”

6. Alekee Yesu ɖee fia be Fiaɖuƒea dzie Mawu ato ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me’?

6 “Yesu va Galilea hele gbeƒã ɖem Mawu ƒe nyanyui la bena: Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vɔ.” (Marko 1:14, 15) Le nyateƒe me la, egblɔ be: “Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia du bubuawo hã; elabena eyata wodɔm ɖo.” (Luka 4:18-21, 43) Yesu tsa le Israel nyigba la katã dzi “[nɔ gbeƒã ɖem henɔ] mawufiaɖuƒe ŋu nyanyui gblɔm fia.” (Luka 8:1) Yesu wɔ nukunu geɖewo hã—ena nuɖuɖu amehawo, etsi ahom nu, eda dɔ na dɔnɔwo, hefɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Yesu to nukunu siawo dzi ɖee fia be Mawu ate ŋu aɖɔ nu gbegblẽ kple fukpekpe siwo katã do tso aglãdzedze si do mo ɖa le Eden bɔa me me la ɖo, eye wòato esia me ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.’—Yohanes I, 3:8.

7. Nu kae Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ, eye nu kae do tso eme?

7 Bene woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia tsitotsito la, Yesu ƒo eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe aɖewo nu ƒu hena hehe wo ɖe dɔ sia wɔwɔ ŋu. Gbã la, ede dɔ asi na eƒe apostolo 12 “[hedɔ] wo ɖa be, woaɖe gbeƒã mawufiaɖuƒe la.” (Luka 9:1, 2) Emegbe edɔ ame 70 bubu ɖa be woaɖe gbeƒã bena: “Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!” (Luka 10:1, 8, 9) Esi nusrɔ̃la siawo trɔ gbɔ va gblɔ ale si wokpɔ dzidzedze le Fiaɖuƒea ŋuti gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu nya na Yesu la, egblɔ be: “Mekpɔ be Satana te gege xoxo abe dzikedzo ene tso dziƒo.”—Luka 10:17, 18NW.

8. Nu kae Yesu ƒe agbenɔnɔ katã ɖe fia wòdze kɔte?

8 Yesu megblẽ ɣeyiɣi alo do kpo mɔnukpɔkpɔ aɖeke ŋu dɔ wɔwɔ le ɖaseɖiɖi tso Fiaɖuƒea ŋu me kura o. Ewɔ dɔ madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli hete agbemenu nyuiwo eɖokui gɔ̃ hã. Egblɔ be: “Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” (Luka 9:58; Marko 6:31; Yohanes 4:31-34) Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ dzinɔameƒotɔe le Pontio Pilato ŋkume be: “Esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Yesu ƒe agbenɔnɔ katã ɖee fia be menye ɖeko wòva nye nufiala gã alo nukunuwɔla alo Ðela si tsɔ eɖokui sa vɔ ko o, ke eva hã be yeawɔ Yehowa dziɖulagã la ƒe lɔlɔ̃nu ahaɖi ɖase be ŋutete le Mawu si be wòana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme to eƒe Fiaɖuƒea dzi.—Yohanes 14:6.

“Wowu Nu Vɔ!”

9. Aleke Satana te ŋu ɖu afɔkpodzi na Mawu ƒe nyɔnua ƒe ‘dzidzimevia’ mlɔeba?

9 Nu siwo katã Yesu wɔ ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu medo dzidzɔ na Futɔ Satana Abosam kura o. Eya ta Satana toa eƒe ‘dzidzimevia’ ƒe akpa si le anyigba dzi—si nye dunyahehe kple subɔsubɔ nuɖoanyia—dzi dina enuenu be yeatsrɔ̃ Mawu ƒe nyɔnua ƒe ‘dzidzimevia.’ Yesu koŋue Satana kple edzidelawo tɔ ŋkui tso edziɣi ke va se ɖe eƒe agbe ƒe nuwuwu. Mlɔeba le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe ada me la, ɣeyiɣia de be woade Amegbetɔvi la asi na Futɔ la be wòaɖu afɔkpodzi nɛ. (Mateo 20:18, 19; Luka 18:31-33) Nya Nyui Gbalẽawo me nuŋlɔɖiwo ɖe ale si Satana zã amewo—tso Yuda Iskariot dzi va ɖo nunɔlagã la, agbalẽfialawo, Farisitɔwo, kple Romatɔwo dzi—wobu fɔ Yesu hehee ɖe ati ŋu wòse veve heliheli yi ɖe ku me la fia kɔte.—Dɔwɔwɔwo 2:22, 23.

10. Nu kae nye nu vevitɔ si nu Yesu wu to fuwɔametia ŋuti kua dzi?

10 Nu kae vaa susu me na wò ne èɖo ŋku ale si Yesu nɔ veve sem heliheli hena ɣeyiɣi didi esime wònɔ kudɔ ƒom le fuwɔametia ŋu la dzi? Ðewohĩ àɖo ŋku ale si Yesu tsɔ eɖokui na tafee ɖokuitɔmadimaditɔe ɖe ameƒome wɔ nu vɔ̃a ta la dzi. (Mateo 20:28; Yohanes 15:13) Lɔlɔ̃ gã si Yehowa ɖe fia to tafea nana me anya wɔ nuku na wò. (Yohanes 3:16) Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me abe Roma srafo si dzi nudzɔdzɔa wɔ dɔ ɖo wògblɔ be, “Nyateƒe, Mawuvie nye esia!” la ene. (Mateo 27:54) Seselelãme siawo katã sɔ. Le go bubu me la, ɖo ŋku edzi be nya mamlɛ si Yesu gblɔ le fuwɔametia ŋue nye be: “Wowu nu vɔ!” (Yohanes 19:30) Nu ka nue wowu? Togbɔ be Yesu wu nu geɖe nu to eƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa wɔwɔ me hã la, ɖe menye Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la ta ʋiʋlie nye susu vevi si ta wòva anyigba dzi ɖo oa? Eye ɖe womegblɔe ɖi be esi wònye be Yesue nye ‘dzidzimevia’ ta la, Satana ahe fukpekpe sesẽtɔ kekeake va edzi bene wòato nuteƒewɔwɔ me aɖe vlododo ɖe sia ɖe ɖa le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu oa? (Yesaya 53:3-7) Agbanɔamedzi gãwoe nye esia, ke hã, Yesu wɔ wo katã de goe le go sia go me. Wowu enu vavã!

11. Nu kae Yesu awɔ atsɔ ana nya si wogblɔ ɖi le Eden la nava eme bliboe?

11 Le Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ kple anukwareɖiɖi ta la wofɔe ɖe tsitre, menye abe amegbetɔ ene o, ke boŋ abe ‘gbɔgbɔ, si naa agbe’ ene. (Korintotɔwo I, 15:45; Petro I, 3:18) Ŋugbe si Yehowa do na Via si wòdo ŋutikɔkɔe nae nye: “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui!” (Psalmo 110:1) ‘Futɔawo’ lɔ Satana, agɔdzela gãtɔ la kple ame siwo katã ƒo ƒu nye eƒe ‘dzidzimevia’ ɖe eme. Yesu Kristo si nye Yehowa ƒe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia la axɔ ŋgɔ le aglãdzelawo katã tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le dziƒonutowo me kpakple anyigba dzi me. (Nyaɖeɖefia 12:7-9; 19:11-16; 20:1-3, 10) Ekema nyagblɔɖi si le Mose I, 3:15 kpakple gbedodoɖa si Yesu fia eyomedzelawo, si nye, “Na wò fiaɖuƒe nava. Na wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi hã abe ale si wòava eme le dziƒo ene,” ava eme bliboe.—Mateo 6:10, NW; Filipitɔwo 2:8-11.

Kpɔɖeŋu Si Wòle Be Míasrɔ̃

12, 13. (a) Alekee amewo le nu wɔm ɖe Fiaɖuƒe nya nyuia ŋu le egbeŋkekeawo me? (b) Nu kawo ŋue wòle be míabu le Kristo ƒe afɔtoƒewo toto me?

12 Egbea, wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le dukɔ geɖe me, abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene. (Mateo 24:14) Esia wɔe be ame miliɔn geɖe tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Mawu. Yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vae la doa dzidzɔ na wo ŋutɔ. Wole mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me le paradisonyigba dzi, eye woɖea gbeƒã woƒe mɔkpɔkpɔa na ame bubuwo dzidzɔtɔe. (Psalmo 37:11; Petro II, 3:13) Fiaɖuƒegbeƒãɖela siawo dometɔ ɖekae nènyea? Ne nenemae la, ke èdze na kafukafu. Gake nu bubu aɖe li si ŋu wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabu.

13 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) De dzesii be le afi sia la, menye Yesu ƒe veviedodonu le gbeƒãɖeɖedɔa me kple eƒe bibi ɖe nufiafia me dzie Petro he susu yi o, ke boŋ eƒe fukpekpe dzie. Esi Petro ŋutɔ kpɔ Yesu ƒe fukpekpe teƒe ta la, enya ale si gbegbe Yesu lɔ̃ faa be yeakpe fu bene yeakpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi ahaɖee afia be Satana nye aʋatsokala, abe ale si wònyee hã ene. Ke mɔ kawo nue míate ŋu ato Yesu ƒe afɔtoƒewo le? Ele be míabia mía ɖokui be: ‘Aleke gbegbee melɔ̃ faa be makpe fu be manɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi ahade bubu eyama ŋu? Ðe ale si menɔa agbee kple ale si mewɔa gbeƒãɖeɖedɔa ɖenɛ fiana be Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi nɔnɔe nye nu vevitɔ nama?’—Kolosetɔwo 3:17.

14, 15. (a) Alekee Yesu wɔ nu ɖe aɖaŋuɖoɖo kple mɔnukpɔkpɔ fluame siwo wotsɔ ɖo eŋkume la ŋu, eye nu ka tae? (b) Nu vevi ka dzie wòle be míaƒe susu nanɔ ɣesiaɣi? (Gblɔ aɖaka si nye “Nɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi” me nyawo kpee.)

14 Dodokpɔ kple nyametsotso siwo dometɔ aɖewo mesesẽna o kple esiwo nyea ŋkubiãnya hã dzea ŋgɔ mí gbe sia gbe. Nu ka koŋue akpe ɖe mía ŋu míanya nu si wòle be míawɔ le nɔnɔme mawo me? Le kpɔɖeŋu me, ne tetekpɔ aɖe si ate ŋu ade míaƒe Kristotɔnyenye afɔku me dze ŋgɔ mí la, aleke míewɔa nui? Aleke Yesu wɔ nu esi Petro gblɔ nɛ be wòadi nyui na eɖokui? Yesu blu ɖe eta be: “Te ɖa yi megbenye, Satana! . . . Menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.” (Mateo 16:21-23) Ðe míewɔa nu abe Yesu ene ne wotsɔ gadimɔnu alo amedodo ɖe ŋgɔ le dɔme ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo agblẽ nu le míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu ɖo mía ŋkumea? Esi Yesu de dzesii be ame siwo kpɔ yeƒe nukunuwo teƒe le “vava ge, eye woalé ye sesẽ aɖo fiae” la, eɖe eɖokui ɖe aga enumake.—Yohanes 6:15.

15 Nu ka tae Yesu wɔ nu ŋkubiãtɔe le ɣeyiɣi siawo kple bubuwo me nenema gbegbe ɖo? Elabena ekpɔe dze sii keŋ be nɔnɔmea lɔ nane si le vevie wu ye ŋutɔ yeƒe dedienɔnɔ alo viɖekpɔkpɔ ko ɖe eme. Eƒe didi vevie nye be, nu ka kee le dzɔdzɔm o, ele be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu ahanɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi. (Mateo 26:50-54) Eya ta ne míaƒe susu mele Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la dzi ɣesiaɣi abe ale si Yesu wɔe ene o la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míana ta alo ado kpo nu ne míedo go nɔnɔme mawo tɔgbi. Nu ka tae? Elabena ate ŋu adzɔ be Satana, si bi ɖe nana be nu vɔ̃ɖi nadze nu dzroamee me la, ƒe mɔ̃wo naɖe mí bɔbɔe, abe ale si wòwɔe le Xawa tetekpɔ me ene.—Korintotɔwo II, 11:14; Timoteo I, 2:14.

16. Nu kae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu vevitɔ le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me?

16 Ne míele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm la, míedzea agbagba zãa Biblia tsɔ kpena ɖe amewo ŋu wokpɔa ŋuɖoɖo na biabia siwo le fu ɖem na wo. Esia nye mɔ nyui aɖe si dzi míetona kpena ɖe wo ŋu be woatsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me. Gake menye míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míana amewo nanya nu si Biblia gblɔ kple yayra siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vae ko evɔ o. Ele be míakpe ɖe wo ŋu woase nya vevi si ku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la gɔme. Ðe wodi be yewoava zu Kristotɔ vavãwo helɔ̃ be yewoatsɔ yewoƒe ‘fuwɔameti’ akpe fu le Fiaɖuƒea ta? (Marko 8:34) Ðe wodi be yewoawɔ ɖeka kple ame siwo le Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi bene yewoaɖee afia be Satana nye aʋatsokala kple ameŋugblẽla? (Lododowo 27:11) Enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míawo ŋutɔwo míawɔ esia ahakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu woawɔ nenema ke.—Timoteo I, 4:16.

Esime Mawu Azu “Nuwo Katã Na Ame Sia Ame”

17, 18. Dzidzɔɣi gã kae míate ŋu akpɔ mɔ na ne míeɖenɛ fiana be míele Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi?

17 Esi míele míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe wɔm to míaƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa dzi hele eɖem fia be míele Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi la, míate ŋu akpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me Yesu Kristo “atsɔ fiaɖuƒe la ade asi na eƒe Mawu kple Fofoa.” Ɣekaɣie wòawɔ esia? Apostolo Paulo ɖe eme be: “Ne eɖe dziɖuɖu katã kpakple amegãnyenye kple ŋusẽ katã ɖa vɔ. Elabena ele be wòaɖu fia va se ɖe esime Mawu natsɔ futɔwo katã ade eƒe afɔ te. . . . Ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade Ame si tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.”—Korintotɔwo I, 15:24, 25, 28NW.

18 Dzidzɔɣi gã ka gbegbee nye esi wòanye ne Mawu va zu “nuwo katã na ame sia ame”! Ɣemaɣi la, Fiaɖuƒea awɔ eƒe dɔa ade goe. Woaɖe ame siwo katã tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la ɖa keŋkeŋ. Woana ŋutifafa kple ɖoɖo nagbugbɔ axɔ aƒe ɖe xexe bliboa katã me. Le hakpalaa ƒe nya nu la, nuwɔwɔwo katã adzi ha be: “Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ . . . Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa [ŋutɔ zu] fia!”—Psalmo 96:8, 10.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Alekee Yesu ɖee fia be Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe nya lae nye nu vevitɔ kekeake na ye?

• Nu ka koŋ nue Yesu wu to eƒe subɔsubɔdɔa kple eƒe kua dzi?

• Mɔ kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le atsɔ aɖee afia be míele Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

NƆ YEHOWA ƑE AKPA DZI

Abe ale si nɔvi siwo le Korea kple teƒe bubuwo nyae ene la, ne dodokpɔ sesẽwo va Kristotɔwo dzi la, enyo be woƒe susu nanɔ nu si ta koŋ dodokpɔ mawo vaa wo dzi ɖo la dzi nyuie.

Yehowa Ðasefo aɖe si wolé de ga le Soviet dziɖuɖu si nɔ anyi tsã ƒe dziɖuɣi la gblɔ be: “Nu si kpe ɖe mía ŋu míedo dzie nye nya si fɔ ɖe te le Eden ku ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe dzedze ŋu la gɔmesese nyuie. . . . Míenyae be mɔnukpɔkpɔ wònye su mía si be míade Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi. . . . Esia do ŋusẽ mí hekpe ɖe mía ŋu míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.”

Ðasefo bubu aɖe hã gblɔ nu si kpe ɖe eya kple Ðasefo bubu siwo nɔ dɔ sesẽ wɔsaɖa me ŋu be: “Yehowa do ŋusẽ mí. Togbɔ be nɔnɔmeawo sesẽ na mí hã la, míenɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Míetsɔa nya tuameɖowo dea dzi ƒo na mía nɔewo ɣesiaɣi be Yehowa ƒe akpa dzie míele le xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te la me.”

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Aleke Yesu ʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta esime Satana tee kpɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nu ka nue wowu to Yesu ƒe ku dzi?