Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòanya Wɔ Be Xexea Nawɔ Ðeka?

Ðe Wòanya Wɔ Be Xexea Nawɔ Ðeka?

Ðe Wòanya Wɔ Be Xexea Nawɔ Ðeka?

ÐE MÍAƑE xexea ɖo ta ŋutifafa me loo, alo afɔku mee wòɖo tae? Edze abe kpeɖodzi le evea siaa ŋu ene.

Le go ɖeka me la, xexea me ƒe kplɔlawo gblɔna kakaɖedzitɔe be anya wɔ be ŋutifafa nava nɔ xexea me—ɖewohĩ le esi nu siwo ate ŋu adzɔ ne ŋutifafa meli o adzi ŋɔ akpa ta. Le go bubu me la, vɔvɔ̃ ɖoa amewo ne wobu biabia aɖewo, abe esiwo gbɔna ene, ŋu: Dukɔ kawo sie aʋawɔnu siwo ate ŋu atsrɔ̃ ame gbogbowo zi ɖeka le? Ðe woava zã wo gbe ɖeka? Nu kae adzɔ ne wozã wo?

Ŋutinya ɖee fia be hoʋiʋli kple nazãbubu nye nu siwo koŋ xea mɔ na xexea me ƒe ɖekawɔwɔ tso gbe aɖe gbe ke, eye zi geɖe la, ɖe subɔsubɔhawo ƒlɔa dzo ɖe amewo dome masɔmasɔwo te tsɔ wu be woatsi wo nu. Nyadzɔdzɔŋlɔla James A. Haught ŋlɔ bena: “Nu sia nu si dea mama amewo dome la ate ŋu ahe fuléle vae, eye subɔsubɔhawo nye nu siwo dea mama amewo dome wu la dometɔ ɖeka. Togbɔ be woxɔe se le xexea me katã be subɔsubɔhawo naa amewo zua ame ‘ɖɔʋuwo’ hã la, eva dze kɔte be wonaa ame aɖewo wɔa hlɔ̃donuwo.” Nukpɔsusu ma tɔgbie le agbalẽŋlɔla Steven Weinberg hã si. Eŋlɔ bena: “Subɔsubɔhawo koŋue naa ame siwo awɔ nu nyui hafi la wɔa nu vɔ̃ɖi.”

Ðe mɔkpɔkpɔ li be míaƒe xexea ava wɔ ɖeka gbe aɖe gbea? Ɛ̃! Gake abe ale si míava kpɔe ene la, menye amegbetɔwo loo, alo subɔsubɔha siwo amegbetɔwo ɖo la gbɔe wòatso o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Ðe xexea le abe bɔmb si awo le aɖebaƒoƒo ʋɛ aɖewo me enea?