Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amewo Le Ðeka Wɔm Le Xexea Me Katã—Alekee?

Amewo Le Ðeka Wɔm Le Xexea Me Katã—Alekee?

Amewo Le Ðeka Wɔm Le Xexea Me Katã—Alekee?

ALEKE naɖe “ɖekawɔwɔ” gɔmee? Ame aɖewo sea egɔme ko be enye masɔmasɔ alo dzre ƒe anyimanɔmanɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne dukɔ eve alo esiwo wu nenema wɔ ŋutifafanubabla kple wo nɔewo la, ɖewohĩ woagblɔ be wowɔ ɖeka. Gake nenemae wòle ŋutɔŋutɔa? Mate ŋu anye nenema kokoko o.

Bu eŋu kpɔ: Le ŋutinya katã me la, dukɔwo mewɔ ɖe ŋutifafanubabla akpe geɖe siwo wowɔ la dzi o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, xexea me ƒe kplɔla ɖe sia ɖe dina vevie be yeakpɔ ŋusẽ ɖe bubuawo dzi wu be yewoawɔ ɖeka alo anɔ anyi le ŋutifafa me. Azɔ hã, dukɔ aɖewo vɔ̃na le nu si ate ŋu adzɔ ne aʋawɔnu sesẽwo mele wo si de bubuawo tɔ nu o ta.

Eya ta ne dukɔ eve aɖewo mele aʋa wɔm kple wo nɔewo o la, mefia kokoko be wowɔ ɖeka eye ŋutifafa le wo dome o. Ðe míate ŋu agblɔ ŋutɔŋutɔ be ŋutifafa le ame eve aɖewo siwo lé tu ɖe wo nɔewo dzi la dome le esi wo dometɔ aɖeke medae haɖe o ta? Gbeɖe! Nɔnɔme ma tututu mee dukɔ geɖewo le egbea. Makamaka ɖe wo nɔewo dzi si le fievo dom ɖe edzi na vɔvɔ̃ li be woava da woƒe tu gãgãawo gbe ɖeka. Nu ka wɔm wole be woatsɔ axe mɔ na afɔku sia?

Vɔvɔ̃ Na Nukliaʋawɔnuwo—Exea Mɔ Na Ðekawɔwɔ

Dukɔ geɖewo ɖoa ŋu ɖe Nukliaʋawɔnuwo Ƒe Agbogbododo Nuléle Ƒe Nubabla ŋu. Nubabla sia si wowɔ le ƒe 1968 me la de se be mele be dukɔ siwo si aʋawɔnu siawo mele o la nawɔ wo o, eye be esiwo si wole xoxo la nagawɔ ɖeke kpee o. Nuklianubabla sia, si te dukɔ siwo wu 180 de asii fifia, ƒe taɖodzinue nye be dukɔwo naɖe woƒe nukliaʋawɔnuwo dzi kpɔtɔ kura mlɔeba.

Togbɔ be afɔɖeɖe sia dze nu nyui aɖee hã la, ɖikela aɖewo bua Nuklianubabla sia be enye agbagbadzedze ko be woaxe mɔ na dukɔ siwo si aʋawɔnu siawo mele o la be woagawɔ wo o. Eya ta vɔvɔ̃ li be dukɔ siwo de asi nubablaa te la ate ŋu ava gbe edziwɔwɔ. Le nyateƒe me la, dukɔ aɖewo kpɔnɛ be mesɔ kura be woaxe mɔ na yewo be yewoagawɔ aʋawɔnu siawo siwo wobu be anye takpɔnu na yewo la o.

Nu si na nɔnɔmea gagblẽ ɖe edzi, ɖewohĩ esi na vɔvɔ̃ gale eŋu wu gɔ̃ hã, ye nye nyateƒe si wònye be womede se be dukɔ aɖeke nagazã nuklianuwo atsɔ awɔ elektrikŋusẽ o. Esia na ame aɖewo le vɔvɔ̃m be ate ŋu adzɔ be dukɔ siwo zãa nukliaŋusẽ tsɔ wɔa nu bubuwo la ate ŋu anɔ nukliaʋawɔnuwo wɔm le adzame.

Dukɔ siwo si nukliaʋawɔnuwo le fifia gɔ̃ hã ate ŋu agbe Nubablaa dzi wɔwɔ. Ðikelawo gblɔ be anye bometsitsi be míakpɔ mɔ be dukɔ siwo si aʋawɔnu siawo le nagblẽ wo dome alo aɖe wo dzi kpɔtɔ gɔ̃ hã. Dikelawo dometɔ aɖewo gblɔ be, “hafi woate ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ la . . . ehiã be xɔlɔ̃wɔwɔ kple kaka ɖe ame nɔewo dzi blibo nava nɔ dukɔ siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu [si wɔe be esesẽ ŋutɔ be woaxɔe ase be] nu sia ate ŋu ava eme la dome.”

Aleke kee amegbetɔwo ɖadze agbagba be yewoana xexea me nawɔ ɖekae o, ɖeko woado kpo nu. Esia mewɔ nuku na ame siwo srɔ̃a Biblia ya o, elabena Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Biblia gagblɔe kɔte hã be: “Ame aɖewo ƒe mɔ dzɔna le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu nyea ku ƒe mɔ.” (Lododowo 16:25) Nya mawo ɖee fia be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu awɔ naneke le xexea ƒe ɖekawɔwɔ ŋu o. Ke hã, esia mefia be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o.

Afi Si Ðekawɔwɔ Vavãtɔ Atso

Biblia na míenya be Mawu do ŋugbe be xexea awɔ ɖeka gake menye amegbetɔwo gbɔe wòatso o. Wɔla la, si ɖoe be ameƒomea nanɔ ŋutifafa me le xexea me godoo, awɔ nu si amegbetɔwo mate ŋu awɔ o. Asesẽ na ame aɖewo be woaxɔ nya sia dzi ase. Ke hã, tso gɔmedzedzea me ke la, Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔƒomea nanɔ agbe le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me. * Nya geɖewo le Biblia me siwo ɖo kpe edzi be egakpɔtɔ nye Mawu ƒe tameɖoɖo kokoko be yeana amegbetɔƒomea nawɔ ɖeka. Bu wo dometɔ ʋɛ siwo gbɔna ŋu kpɔ:

• “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba, amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!”—PSALMO 46:9, 10.

“Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”YESAYA 11:9.

• “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me, eye wòaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.”—YESAYA 25:8.

• “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.”—PETRO II, 3:13.

• “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—NYAÐEÐEFIA 21:4.

Kakaɖedzi le ŋugbedodo siawo ŋu. Nu ka tae? Elabena esi wònye be Yehowa Mawue nye Wɔla la ta la, ŋusẽ kple ŋutete le esi be wòana amegbetɔƒomea nawɔ ɖeka. (Luka 18:27) Edi vevie gɔ̃ hã be yeawɔe. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be enye Mawu ƒe “ŋudzedze [nyui], . . . bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi.”—Efesotɔwo 1:8-10.

Menye drɔ̃e dzro aɖe koe Mawu ƒe “anyigba yeye” si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” ƒe ŋugbedodo la nye o. (Petro II, 3:13) Yehowa Mawu gblɔ ku ɖe ŋugbe si wòdo ŋu be: ‘Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la hafi.’—Yesaya 55:11.

Mawu Ƒe Nya La Na Wowɔ Ðeka

Abe ale si míekpɔe le nyati gbãtɔa me ene la, subɔsubɔhawo wɔa akpa vevi aɖe le mamadede ameƒomea me me tsɔ wu be woana amewo nawɔ ɖeka. Ehiã be míade ŋugble tso nya sia ŋu vevie, elabena ne míexɔe se be Wɔla aɖe li la, ɖe susu manɔ eme be míakpɔ mɔ be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ esubɔlawo dome oa? Nenema tututue wòle be wòanɔ!

Ale si subɔsubɔhawo dea mama ameƒomea me la mewɔ ɖeka kple Yehowa Mawu ƒe amenyenye alo eƒe Nya la o. Ke boŋ ŋkɔ gbegblẽe subɔsubɔha siwo doa ɖekawɔwɔ ƒe susu siwo tso amegbetɔwo gbɔ ɖe ŋgɔ le esi teƒe be woade Mawu ƒe tameɖoɖo dzi la xɔ. Yesu yɔ subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe anyigbadzinɔɣi la be “alakpatɔwo” eye wògblɔ na wo be: “Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena: ‘Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.’”—Mateo 15:7-9.

Nu si to vovo na emae nye be tadedeagu vavãtɔ ya le amewo tem ƒo ƒu ɖekae. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. Adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye wòatso nya me na dukɔ geɖewo; woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:2, 4.

Yehowa Ðasefowo le wɔwɔm ɖe mɔfiame siwo Yehowa Mawu na ku ɖe ɖekawɔwɔ ŋuti la dzi le dukɔ siwo wu 230 me fifia. Nu kae na wote ŋu wɔ ɖeka? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mido lɔlɔ̃, si nye blibonyenye la ƒe nublanu.” (Kolosetɔwo 3:14) Nya si Paulo zã na “nublanu” le gbe gbãtɔa me ate ŋu afia ŋutilãa ƒe ƒunukpeƒetsiãkawo. Ƒunukpeƒetsiãka siawo te ŋu sesẽna abe nublaka ene, eye wowɔa dɔ vevi eve. Woléa ŋutilã ŋutinuwo ɖe wo teƒe heblaa lãmeƒuwo ɖe wo nɔewo nu.

Nenema kee wòle le lɔlɔ̃ hã gome. Menye ɖeko nɔnɔme nyui sia nana be amewo mewua wo nɔewo o. Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ nana be ame ƒomevi vovovowo te ŋu wɔa nu kple wo nɔewo le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me. Le kpɔɖeŋu me, ekpena ɖe amewo ŋu wonɔa agbe ɖe agbenɔnɔse si woyɔna be Sikasedede, si dze le Mateo 7:12 la nu. Yesu Kristo gblɔ le afi ma be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” Mɔfiame sia dzi wɔwɔ kpe ɖe ame geɖewo ŋu woɖu nazãbubu dzi.

“Lɔlɔ̃ Le Mia Dome”

Yehowa Ðasefowo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe nya si Yesu gblɔ be, “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome” la dzi atsɔ aɖee afia be Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe yewonye. (Yohanes 13:35) Woɖea lɔlɔ̃ sia fiana zi geɖe wòɖea dzesi ƒãa ne ame ƒomeviwo dome masɔmasɔ kple dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔwo do mo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, esi ame ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura yi edzi le Rwanda, le ƒe 1994 me la, Yehowa Ðasefowo ɖe lɔlɔ̃ si le wo si na wo nɔewo la fia. Ðasefo siwo nye Hututɔwo de woƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã tsɔ kpɔ wo nɔvi Tutsitɔwo ta!

Le nyateƒe me la, masɔ be míakpɔ mɔ be dukɔ blibowo nalɔ̃ wo nɔewo ale gbegbe be xexea nawɔ ɖeka o. Le Biblia ƒe nya nu la, Mawu ɖeɖe koe ate ŋu awɔ esia le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Gake fifia kura gɔ̃ hã la, ame ɖekaɖekawo ate ŋu atu lɔlɔ̃ na wo nɔewo ɖo ahawɔ ɖeka.

Le ƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo siwo wu biliɔn ɖeka kple edzivɔwo tsɔ yi amewo gbɔ ɖaƒo nu na wo tso Biblia kple viɖe siwo dona tso eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ me le egbeŋkekea me ŋu. Mawu ƒe Nyaa me sidzedze vavãtɔ na ame miliɔn geɖe, siwo dometɔ aɖewo lé fu wo nɔewo kaɖikaɖi tsã la, wɔ ɖeka. Wo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye Arabtɔwo kple Yudatɔwo, Armeniatɔwo kple Turkeytɔwo, Germanytɔwo kple Russiatɔwo.

Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso ale si Mawu ƒe Nya Biblia te ŋu kpena ɖe amewo ŋu wowɔa ɖeka ŋua? Ne èdii la, ekema te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu, alo nàzã adrɛs siwo le agbalẽ sia ƒe axa 2 lia atsɔ aŋlɔ agbalẽ na etalawo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia hena numeɖeɖe bubuwo ku ɖe tameɖoɖo si le Mawu si na amegbetɔwo ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Dukɔwo mewɔ ɖe ŋutifafanubabla akpe geɖe siwo wowɔ la dzi o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ te ŋu wɔ nu si amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu wɔ o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Mawu ƒe Nya la na míenya ame si gbɔ xexea me ƒe ɖekawɔwɔ atso

[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]

Yehowa Ðasefo Hututɔwo kple Tutsitɔwo wɔ ɖeka tu woƒe tadeaguƒe