Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mlã Viwò Wòanye Ŋutifafame

Mlã Viwò Wòanye Ŋutifafame

Mlã Viwò Wòanye Ŋutifafame

Esi dzi dzɔ Nicole, si xɔ ƒe enyi be ye kple yeƒe ƒomea yewoʋu yi nuto bubu me la, eɖoa nyatakaka ɖe sia ɖe ɖe exɔlɔ̃ vevi Gabrielle. Gbe ɖeka, ɖeko Gabrielle gblɔ na Nicole be yemedi be yeagase eƒe ʋuʋu ŋuti nya azɔ o. Esia te ɖe Nicole dzi vevie wòdo dziku hegblɔ na nɔa be, “Nyemedi be magakpɔ Gabrielle ake gbeɖe o!”

ZI GEÐE la, ehiãna be dzilawo nade nu ɖeviwo dome masɔmasɔwo, abe esi do mo ɖa le Nicole kple Gabrielle dome ene la me—menye be woafa akɔ na ɖeviawo ko o, ke be woafia wo ale si woadzra wo nɔewo dome ɖo hã. Le dzɔdzɔme nu la, ɖeviwo wɔa ‘ɖevinuwo,’ eye zi geɖe la, womenyaa ale si gbegbe woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dea abi ame bubuwo ŋu o. (Korintotɔwo I, 13:11) Wohiã kpekpeɖeŋu be woatu nɔnɔme nyui siwo akpe ɖe wo ŋu woanɔ ŋutifafa me kple ƒomea me tɔwo kpakple ame bubuwo la ɖo.

Dzila Kristotɔwo dina vevie be yewoana hehe yewo viwo be ‘woadi ŋutifafa, eye woati eyome.’ (Petro I, 3:11) Dzidzɔ si gbegbe ŋutifafame kpɔna la ƒo agbagba siwo wòhiã be wòadze be wòaɖu nazãbubu, nuteɖeamedzi kple adãwɔwɔ ƒe seselelãmewo dzi la ta sãsãsã. Ne dzilae nènye la, aleke nàte ŋu amlã viwòwo woanye ŋutifafamewo?

Na Viwòwo Nadi Vevie Be Yewoadze “Ŋutifafa Mawu La” Ŋu

Woyɔ Yehowa be “ŋutifafa Mawu,” eye be eyae nye ame si “naa ŋutifafa.” (Filipitɔwo 4:9; Romatɔwo 15:33, NW) Eya ta dzila dzeaɖaŋuwo zãa Mawu ƒe Nya, Biblia, tsɔ mlãa wo viwo be woadi be yewoadze Mawu ŋu ahasrɔ̃ eƒe nɔnɔme nyuiawo. Le kpɔɖeŋu me, kpe ɖe viwòwo ŋu woakpɔ nu si apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega wɔdɔɖeamedzi aɖe me la le susu me—anyieʋɔ dzeani aɖe si le gbe mumu ƒe amadede me, si le abe emerald kpe ene, si ƒo xlã Yehowa ƒe fiazikpuia. * (Nyaɖeɖefia 4:2, 3) Ðe eme na wo be anyieʋɔ sia le tsitre ɖi na ŋutifafa kple tomefafa si ƒo xlã Yehowa, eye be adudu yayra sia ɖe ame siwo katã ɖoa toe la dzi.

Yehowa ganaa mɔfiafia mí hã to Via, Yesu, si woyɔ be ‘Ŋutifafafia’ la dzi. (Yesaya 9:5, 6) Eya ta anyo be nàxlẽ Biblia me nuŋlɔɖi siwo me Yesu ƒe nufiame vevi siwo ku ɖe asaƒoƒo na masɔmasɔ kple nyaʋiʋliwo ŋu le la na viwò sueawo ahadzro wo me kpli wo. (Mateo 26:51-56; Marko 9:33-35) Ðe nu si tae Paulo, si nye “vlodola tsã” la trɔ eƒe nɔnɔme, eye wòŋlɔ be “ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, . . . amesi doa dzi le vɔ̃ me” la me na wo. (Timoteo I, 1:13; Timoteo II, 2:24) Ale si viwò anɔ agbe ɖe nufiame siawo nui la awɔ nuku na wò.

Evan ɖo ŋku edzi be esime yexɔ ƒe adre la, ɖevi aɖe di ge le ye ŋu esime yewonɔ bɔs me yina suku. Egblɔ be: “Nua ve dɔme nam ale gbegbe be medi be maɖo eteƒe nɛ! Enumake meɖo ŋku nane si míesrɔ̃ le aƒe me ku ɖe ame siwo dia ge le ame ŋu ŋuti la dzi. Menyae be Yehowa di tso asinye be ‘magaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o,’ eye be ‘manɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.’” (Romatɔwo 12:17, 18) Esia wɔe be Evan kpɔ ŋusẽ kple dzideƒo te ŋu ɖu eɖokui dzi le nɔnɔme sesẽ ma me hewɔ nu tufafatɔe. Edi be yeadze ŋutifafa Mawu la ŋu.

Nye Ŋutifafame

Ðe wò aƒe me nye afi si ŋutifafa lea? Ne nenemae la, ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ale si woawɔ nu kple amewo le ŋutifafa me ŋu to ŋkuléle ɖe ŋuwò ɖeɖe ko me. Ale si nàkpɔ dzidzedze le viwòwo mamlã be woanye ŋutifafamewo me anɔ te ɖe ale si gbegbe wò ŋutɔ nèsrɔ̃a ale si Mawu kple Kristo wɔa nu ɖe amewo ŋu le ŋutifafa mee dzi.—Romatɔwo 2:21.

Russ kple Cindy doa vevie nu le wo viŋutsu eveawo mamlã me hedea dzi ƒo na wo be woawɔ nu kple amewo lɔlɔ̃tɔe ne wodo dziku na wo. Cindy gblɔ be: “Ale si mía kple Russ míewɔa nu ɖe ɖeviawo kple ame bubuwo ŋu ne masɔmasɔ do mo ɖa la wɔa akpa vevi aɖe le ale si ɖeviawo awɔ nu le nɔnɔme mawo tɔgbi me ŋu.”

Ne èda vo gɔ̃ hã—abe ale si ko wòle le dzila ɖe sia ɖe gome ene la—àte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ atsɔ afia nu vevi aɖewo viwòwo. Stephen gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mía kple srɔ̃nye Terry míewɔa nu wògbɔa eme hehea to na mía vi etɔ̃awo hafi va sea nu si tututu dzɔ la gɔme. Ne edzɔ alea la, míeɖea kuku.” Terry gblɔ kpee be: “Míenana mía viawo nyana be míawo hã míede blibo o, eye be míewɔa vodada. Míekpɔe be menye ɖeko esia na ŋutifafa le míaƒe ƒomea me o, ke ekpe ɖe ɖeviawo ŋu wosrɔ̃ ale si woati ŋutifafa yome hã.”

Ðe viwòwo te ŋu srɔ̃a ale si woanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me to ŋkuléle ɖe ale si nèwɔa nu ɖe wo ŋu ŋuti mea? Yesu xlɔ̃ nu be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Togbɔ be ate ŋu adzɔ be nàwɔ vodadawo hã la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si nàɖe afia viwòwo akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi godoo. Viwòwo awɔ ɖe wò nufiamewo dzi bɔbɔe wu ne èna nufiame siawo le lɔlɔ̃ me.

Nɔ Blewu Le Dziku Me

Lododowo 19:11 gblɔ be: “Ame ƒe nugɔmesese nana medoa dziku kabakaba o, NW.” Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woatu nugɔmesese ma tɔgbi ɖo? David gblɔ nu si kpe ɖe woa kple srɔ̃a Mariann ŋu wote ŋu kpe ɖe wo viŋutsu kple wo vinyɔnua ŋu le go sia me be: “Ne wodo dziku le nu si ame aɖe gblɔ alo wɔ wòve wo ŋu la, míekpena ɖe wo ŋu be woaɖe ameŋububu afia. Míebiaa nya bɔbɔe siawo tɔgbi wo: ‘Nanee anya te ɖe amea dzi le ŋkekea mea? Ŋuʋãmee wòlea? Ame aɖee anya do dziku nɛa?’” Mariann gblɔ be, “Esia naa ɖeviawo ƒe dziku nu fana, eye woƒoa asa na susu gbegblẽwo bubu tso amea ŋu alo nyahehe kplii.”

Nu nyui geɖe ate ŋu ado tso hehe sia nana me. Kpɔ ale si Michelle, si nye Nicole si ŋu míeƒo nu tso le nyati sia ƒe gɔmedzedze la dada, na kpekpeɖeŋui wòte ŋu kpɔ woa kple Gabrielle dome masɔmasɔa gbɔ wu wo nɔewo dome dzadzraɖo ko ɖa. Michelle gblɔ be: “Mía kple Nicole míexlẽ agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu Tso Nufiala Gã La Gbɔ ƒe ta 14 lia. * Emegbe meɖe nu si Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be míatsɔ ake ame ‘va se ɖe zi blaadre vɔ adre’ la me nɛ. Esi meɖo to Nicole wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ vɔ la, mekpe ɖe eŋu wòse ale si gbegbe Gabrielle alé blanui eye nu ate ɖe edzii be ye xɔlɔ̃ vevi ʋu dzo le ye gbɔ yi didiƒe ʋĩ la gɔme.”—Mateo 18:21, 22, NW.

Nugɔmesese deto si va su Nicole si ku ɖe nu si tae Gabrielle anya do dziku nenema ɖo ŋu kpe ɖe eŋu wòse nu gɔme nɛ eye esia ʋãe wòƒo ka na Gabrielle heɖe kuku nɛ. Michelle gblɔ be, “Tso ɣemaɣi la, edzɔa dzi na Nicole be yete ŋu sea ame bubuwo ƒe seselelãmewo gɔme na wo hewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie tsɔ doa dzidzɔ na wo.”—Filipitɔwo 2:3, 4.

Kpe ɖe viwòwo ŋu woaƒo asa na dzikudodo ɖe amewo ƒe vodada kple nugɔmemasemase na ame ta. Ðewohĩ wò hã àkpɔ dzidzɔ be viwòwo ɖea amenuveve kple dadavilɔlɔ̃ akuakua fiaa ame bubuwo.—Romatɔwo 12:10; Korintotɔwo I, 12:25.

Na Woanya Bubu Si Tsɔtsɔke Nyena

Lododowo 19:11 gblɔ be: ‘Bubu wònye, nenye be, woɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.’ Esi Yesu nɔ nɔnɔme sesẽtɔ kekeake me tom la, esrɔ̃ Fofoa heɖe tsɔtsɔke ƒe nɔnɔme fia. (Luka 23:34) Viwòwo ate ŋu anya bubu si tsɔtsɔke nyena ne wokpɔ ale si gbegbe tsɔtsɔke faa akɔ na woe dze sii.

Le kpɔɖeŋu me, Willy si xɔ ƒe atɔ̃ la kpɔa dzidzɔ ne woa kple mamaa wole amadedewo sisim ɖe nɔnɔmetatawo me le pepa dzi. Esi wonɔ nu sia wɔm gbe ɖeka la, kasia Mama dzudzɔ ewɔwɔ, henyra ɖe Willy vevie eye wòtso dzo le egbɔ. Ete ɖe Willy dzi vevie. Willy fofo Sam gblɔ be: “Susumedɔléle aɖe nɔ fu ɖem na Willy mama. Eya ta míezã nya bɔbɔewo tsɔ ɖe eme na Willy be wòase egɔme.” Esi Sam ɖo ŋku edzi na Willy be yewotsɔ eƒe vodada geɖewo kee, eye be eya hã ate ŋu awɔ nenema la, nu si Willy wɔ la wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Sam gblɔ be: “Àte ŋu akpɔ ale si gbegbe mía kple srɔ̃nye míese le mía ɖokui me esime míekpɔ mía vi suea wòyi mamaa si xɔ ƒe 80 la gbɔ ɖaƒo nu nɛ kukuɖeɖetɔe helé eƒe alɔtinu gbugbɔ kplɔe va kplɔ̃a gbɔ la le susu mea?”

Bubu wònye vavã ne ɖeviwo srɔ̃ ale si ‘woahe adodo’ kple amewo atsɔ ake amewo ne woda vo ɖe wo ŋu. (Kolosetɔwo 3:13) Ne amewo ɖoe koŋ wɔ dzikudonamenuwo ɖe viwòwo ŋu gɔ̃ hã la, ka ɖe edzi na wo be nuwɔwɔ tufafatɔe te ŋu wɔa dɔ ɖe ame dzi vevie, elabena “ne ame aɖe ƒe zɔzɔme dze Yehowa ŋu la, enana be, eƒe futɔwo ke hã nɔa ŋutifafa me kplii.”—Lododowo 16:7.

Yi Edzi Nànɔ Kpekpem Ðe Viwòwo Ŋu Be Woanye Ŋutifafamewo

Ne dzilawo zãa Mawu ƒe Nya la tsɔ fiaa nu wo viwo “le ŋutifafa me,” eye woawo ŋutɔwo nye “amesiwo wɔa ŋutifafa” la, wonyea yayra na wo viwo. (Yakobo 3:18) Dzila siawo tɔgbi le wo viwo mlãm be woanya ale si woakpɔ masɔmasɔwo gbɔ ahanye ŋutifafamewo. Esia nana wokpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe le woƒe agbe me katã.

Ƒewuivi etɔ̃ siwo le ŋgɔyiyi nyui wɔm le gbɔgbɔ me la le Dan kple Kathy si. Dan gblɔ be: “Togbɔ be wo hehe le ɖevime menɔ bɔbɔe o hã la, edzɔ dzi na mí be mía viawo va zu ame ɖɔʋuwo. Wole ƒomedodo nyui me kple amewo, eye wote ŋu tsɔ kena faa ne ame aɖe do dziku na wo.” Kathy gblɔ be, “Esia dzɔa dzi na mí ŋutɔ, elabena ŋutifafa nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Eya ta abe dzila Kristotɔwo ene la, anyo ŋutɔ be ‘miagadzudzɔ’ alo ‘ana ɖeɖi nate mia ŋu’ le nufiafia mia viwo be woanye ŋutifafamewo me o, ne edze abe ɖeviawo mele wɔwɔm ɖe nufiameawo dzi tututu le gɔmedzedzea me o ene gɔ̃ hã. Esi miele miatɔ sinua wɔm la, mika ɖe edzi be “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu [la] anɔ anyi kpli mi!”—Galatiatɔwo 6:9; Korintotɔwo II, 13:11.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Kpɔ nɔnɔmetata si le agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ƒe axa 75. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

ÐE WÒKPƆA ŊUSẼ NYUI ÐE WO DZIA?

Nyati aɖe si dɔwɔƒe aɖe si nye Media Awareness Network ta, si ƒe tanyae nye “Nyakakamɔnuwo Dzi Modzakaɖeɖe Me Ŋutasẽnuwɔnawo” ka nya ta be: “Nukpɔsusu si nye be woatsɔ ŋutasẽnuwo wɔwɔ ɖe ame ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ dzena gaglã le modzakaɖeɖe siwo me amewo nɔa nu tum kple wo nɔewo le atraɖii me.” Numekukuwo ɖee fia be television, sinema, kple Video dzi wɔnawo dometɔ 10 le alafa me koe ɖe nu gbegblẽ siwo dona tso ŋutasẽnuwɔna siawo me fia. To vovo na esia la, nyatia ɖe nu me be, “woɖea ŋutasẽnuwɔna siawo fiana abe nu siwo ŋu naneke megblẽ le o, nu si sɔ, kple nu si wɔwɔ womate ŋu aƒo asa na o—mɔ si koŋ dzi woato akpɔ kuxiwo gbɔ—ene.”

Ðe nèkpɔe be ehiã be yewoawɔ asitɔtrɔ le nu siwo miekpɔna le television dzi le wò aƒe me ŋua? Mègaɖe mɔ nyakakamɔnuwo dzi modzakaɖeɖe siawo nagblẽ agbagba siwo dzem nèle be yeamlã ye viwo woanye ŋutifafamewo la dome o.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Mlã viwòwo woadi be yewoadze “ŋutifafa Mawu la” ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Dze agbagba nàɖɔ woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna gbegblẽwo ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ele be viwòwo nasrɔ̃ kukuɖeɖe kple tsɔtsɔke