Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke wòle be Kristotɔ nabu adedada kple tɔƒodede?

Biblia mede se ɖe adedada alo tɔƒodede nu o. (Mose V, 14:4, 5, 9, 20; Mateo 17:27; Yohanes 21:6) Ke hã, ehiã be Kristotɔ siwo daa ade alo dea tɔ ƒo nabu Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose geɖewo ŋu.

Mawu ɖe mɔ na Noa kple eƒe dzidzimeviwo be woawu lãwo hena ɖuɖu, ne wonya tso ʋu lãawo hafi ɖu wo ko. (Mose I, 9:3, 4) Mɔfiame sia te gbe ɖe edzi be esi wònye Mawu gbɔe lãwo ƒe agbe tso ta la, ele be woade bubu eŋu. Eya ta Kristotɔwo mewua lãwo le kamedede alo modzakaɖeɖe ko ta, le bubu mademade agbe ŋu dzimesesẽtɔe me, o.—Lododowo 12:10.

Nu bubu aɖe hã li si ŋu wòle be míabu ku ɖe nɔnɔme si míeɖena fiana ŋu. Anɔ eme be apostolo siwo nye tɔƒodelawo kpɔa dzidzɔ ne woɖe lã geɖe. Ke hã, naneke meɖee fia be wotsɔa lãɖeɖe alo adedada ƒoa adegbee alo be woyia ade gbe alo dea tɔ ƒo be yewoatsɔ aʋli ho alo atsɔ aɖe yewoƒe kalẽwɔwɔ afia ame bubuwo, alo ɖe dzidzɔ si woakpɔ le lãawo didi, keke ɖe wo ŋu, kple wo wuwu me la ko ta o.—Psalmo 11:5; Galatiatɔwo 5:26.

Eya ta anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe meɖoa kpɔɖeŋu nyui le bubudede ale si Yehowa bua agbee ŋu mea? Ðe nye susu kple dzeɖoɖo katã kuna ɖe adedada alo tɔƒodede ŋua? Ðe nye agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be dzidzɔkpɔkpɔ le adedada alo lãɖeɖe me ŋu nu koe menɔa agbe ɖoa, alo ɖee wòɖenɛ fiana kɔte be Mawu ƒe subɔlae menyea? Ðe adedada alo tɔƒodede na be medea ha kplikplikpli kple dzimaxɔsetɔwo alo gblẽa nye ƒomea ɖia?’—Luka 6:45.

Ate ŋu adzɔ be ame siwo kpɔa woƒe nuɖuɖu tso adedada alo tɔƒodede me la dometɔ aɖewo nase le wo ɖokui me be yewoate ŋu agblẽ Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo ɖi faa ne adedaɣi alo tɔƒodeɣi ɖo. Gake míeɖea xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu fiana ne míeɖea mɔ gbeɖe be naneke naxɔ ŋgɔ na subɔsubɔdɔ si míawɔ nɛ la o. (Mateo 6:33) Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔwo wɔna ɖe “Kaisaro” ƒe se siwo ku ɖe adedada kple tɔƒodede ŋu la dzi, ne dziɖuɖu hea to na seawo dzi dalawo loo, alo mehea to na wo o gɔ̃ hã.—Mateo 22:21; Romatɔwo 13:1.

Ahiã be ame aɖewo naɖe mɔ Mawu ƒe dzidzenuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu dzi hafi Yehowa ƒe nukpɔsusu le adedada kple tɔƒodede ŋu nasu wo si. (Efesotɔwo 4:22-24) Ke hã, ele be míade bubu nyametsotso si ame bubuwo nɔ te ɖe woƒe dzitsinya dzi wɔ la ŋu. Apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si gbɔna la sɔ le go sia me nyuie: “Migana míadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, ame aɖeke nagatsɔ nukikli . . . ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.” (Romatɔwo 14:13) Ðokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ kple ameŋububu nana be ŋutifafa nɔa hamea me eye esia doa dzidzɔ na mía Wɔla, si nye agbe ɖe sia ɖe ƒe Dzɔtsoƒe.—Korintotɔwo I, 8:13. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le May 15, 1990, ƒe Gbetakpɔxɔ me hena numeɖeɖe bubuwo.