Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Kple Mawu Fiaɖuƒe La

Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Kple Mawu Fiaɖuƒe La

Yehowa Ƒe Dziɖulanyenye Kple Mawu Fiaɖuƒe La

“Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, . . . tɔwòe nye fiaɖuƒe.” —KRONIKA I, 29:11.

1. Nu ka ta Yehowae nye xexea me katã Dziɖulagã si dze?

“YEHOWA li eƒe fiazikpui ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.” (Psalmo 103:19) Nya siawoe hakpalaa tsɔ ɖe nyateƒenya vevi si ku ɖe dziɖuɖu ŋu la fia. Esi wònye Yehowa Mawue nye Wɔla la ta la, eyae nye xexea me katã Dziɖulagã si dze.

2. Alekee Daniel ɖɔ Yehowa ƒe dziƒodziɖuƒea?

2 Gake hafi dziɖula aɖe nawɔ eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ la, ele be ame aɖewo nanye eteviwo. Le gɔmedzedzea me la, Yehowa te dziɖuɖu ɖe eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo eya ŋutɔ wɔ la dzi—ɖe eƒe Tenuvi la dzi gbã, eye emegbe ɖe eƒe mawudɔlawo ƒe ha nyadri aɖe dzi. (Kolosetɔwo 1:15-17) Ƒe gbogbo aɖewo megbe la, woɖe Mawu ƒe dziɖuƒe sia ƒe akpa sue aɖe fia nyagblɔɖila Daniel. Egblɔ be: “Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi, eye amegã ɖeɖi aɖe bɔbɔ nɔ edzi, . . . ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye ame akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ.” (Daniel 7:9, 10) Ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewoe nye ema si Yehowa, ‘Amegã Ðeɖi la,’ nɔ eƒe gbɔgbɔmeviwo ƒe ƒome gã si le ɖoɖo nu, eye wonye “subɔla” siwo wɔa nu si dzea eŋu la, dzi ɖum.—Psalmo 103:20, 21.

3. Alekee Yehowa keke eƒe dziɖulanyenye ɖe enu wòlɔ xexea ƒe akpa si míekpɔna ɖe eme?

3 Mlɔeba, Yehowa keke eƒe dziɖulanyenye ɖe enu esime wòwɔ xexe gbahoo nyadri si míekpɔna, si ƒe akpa aɖee nye míaƒe anyigba la. (Hiob 38:4, 7) Ewɔna na nukpɔla si le anyigba dzi be dziƒo ŋu nuwo zɔna le ɖoɖo nu le game dzi pɛpɛpɛ ale gbegbe be edze abe ame aɖeke mele mɔ fiam wo alo le wo dzi ɖum o ene. Ke hã, hakpalaa gblɔ be: “[Yehowa de] se, eye wodzɔ, etsɔ wo ɖo anyi ɖaa tegbee; ana ɖoɖowo, eye emagatrɔ wo o.” (Psalmo 148:5, 6) Yehowa yi edzi le eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ wɔm ɖe eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo kple xexe gbahoo si míekpɔna la dzi to mɔfiafiawo, sededewo, kple dziɖuŋusẽ dzi.—Nexemya 9:6.

4. Alekee Yehowa wɔa eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ ɖe amegbetɔwo dzi?

4 Esi Mawu wɔ atsu kple asi gbãtɔa la, egate eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ bubu nu. Tsɔ kpe ɖe nu siwo katã amegbetɔwo hiã bene woanɔ agbe si ŋu tameɖoɖo le, si me dzidzeme le nana wo ŋu la, Yehowa na ŋusẽ wo be woaɖu anyigbadzinuwɔwɔ bubuwo dzi, si fia be ena dziɖuŋusẽ aɖe wo. (Mose I, 1:26-28; 2:8, 9) Eya ta eme kɔ ƒãa be menye ɖeko Mawu ƒe dziɖuɖu nyo heɖea vi na ame ko o, ke edea bubu kple asixɔxɔ eteviwo ŋu hã. Ne Adam kple Xawa nya yi edzi bɔbɔ wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te ko la, woate ŋu akpɔ mɔ na agbenɔnɔ tegbee le anyigba dzi paradisoƒea me.—Mose I, 2:15-17.

5. Nu kae míate ŋu agblɔ tso ale si Yehowa wɔa eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ la ŋu?

5 Va se ɖe fifia la, nya ta kae míate ŋu aƒo? Gbã la, Yehowa le eƒe nuwɔwɔwo katã dzi ɖum tso gbe aɖe gbe ke. Evelia, Mawu ƒe dziɖulanyenye ɖea vi, eye wòdea asixɔxɔ eteviwo ŋu. Mlɔeba la, mía ɖokui bɔbɔ ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenyea te kple eƒe akpa dzi nɔnɔ ahe yayra mavɔwo vae na mí. Mewɔ nuku o be esia ʋã blema Israel Fia Dawid wògblɔ be: “Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.”—Kronika I, 29:11.

Nu Ka Ta Wògahiã Be Mawu Naɖo Fiaɖuƒe Aɖe Anyi?

6. Ƒomedodo kae le Mawu ƒe dziɖulanyenye kple eƒe Fiaɖuƒea dome?

6 Esi wònye be Yehowa, Xexea Me Katã Dziɖulagã la, wɔa eƒe dziɖulanyenye kple gãnyenye ŋu dɔ tso gbe aɖe gbe ke ɖe, ke nu ka tae wògahiã be wòaɖo Mawufiaɖuƒea anyi? Zi geɖe la, dziɖula wɔa eƒe dziɖuŋusẽ ŋu dɔ to dɔwɔha aɖe si wòna ŋusẽe ɖe eteviwo dzi la dzi. Eya ta Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye mɔ si dzi Mawu tona wɔa eƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ ɖe eƒe nuwɔwɔwo dzi, alo dɔwɔha si wòzãna le dziɖuɖu me.

7. Nu ka tae Yehowa gaɖo eƒe dziɖulanyenye ɖeɖe fia ƒe mɔnu yeye anyi?

7 Yehowa wɔa eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ le mɔ vovovo nu le ɣeyiɣi vovovo me. Egaɖo eƒe dziɖulanyenye ɖeɖe fia ƒe mɔnu yeye aɖe anyi hena kuxi aɖe si do mo ɖa la gbɔ kpɔkpɔ. Kuxi sia do mo ɖa esime Mawu ƒe gbɔgbɔmevi dzeaglã aɖe, si nye Satana, te ŋu ble Adam kple Xawa wodze aglã ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu. Aglãdzedze ma nye gbetɔtɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye. Le mɔ ka nu? Esi Satana gblɔ na Xawa be ne eɖu atikutsetse si ŋu wode se ɖo la maku akpɔ o la, nu si wòwɔnɛ ye nye be Yehowa nye aʋatsokala si dzi womate ŋu aka ɖo o. Satana gagblɔ na Xawa be: “Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” Satana ƒe nya siawo fia be nu ade Adam kple Xawa dzi wu ne woŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe sea dzi hewɔ nu si dze wo ŋu. (Mose I, 3:1-6) Esia nye gbetɔtɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze tẽe. Nu kae Yehowa awɔ?

8, 9. (a) Alekee amegbetɔ dziɖula awɔ nu ne ame aɖewo dze aglã ɖe eŋu? (b) Alekee Yehowa wɔ nu ɖe aglãdzedze si do mo ɖa le Eden la ŋu?

8 Nu kae míakpɔ mɔ be dziɖula aɖe nawɔ ne ame aɖewo ɖoe koŋ dze aglã ɖe eƒe dziɖuɖua ŋu? Ame siwo nya xexemeŋutinya nyuie la ate ŋu aɖo ŋku nudzɔdzɔ siawo tɔgbi dzi. Zi geɖe la, ɖe dziɖulaa—ne enye dɔmenyola gɔ̃ hã—drɔ̃a ʋɔnu aglãdzelaawo hebua fɔ wo be wonye dugbãlawo. Ðewohĩ emegbe dziɖulaa ana ŋusẽ ame aɖe be wòaɖe aglãdzelaawo ɖa ahana ŋutifafa nanɔ anyi. Nenema kee Yehowa hã ɖee fia be yeakpɔ nɔnɔmea gbɔ esime wòtso enumake hebu fɔ aglãdzelaawo. Ebu fɔ Adam kple Xawa be womegadze na agbe mavɔ nunanaa xɔxɔ o, eye wònya wo do go ɖa le Eden bɔa me.—Mose I, 3:16-19, 22-24.

9 Esime Yehowa nɔ fɔ bum Satana la, eɖe mɔnu yeye si dzi wòato awɔ eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ, si nye mɔnu si dzi wòato agbugbɔ ana ɖoɖo kple ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe eƒe dziɖuɖua katã me la fia. Mawu gblɔ na Satana bena: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Eya ta Yehowa ɖee fia be enye yeƒe tameɖoɖo be yeana ‘dzidzimevi’ aɖe natsrɔ̃ Satana kple edzidelawo ahaʋli yeƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze ta.—Psalmo 2:7-9; 110:1, 2.

10. (a) Ame kae va nye ‘dzidzimevi’ la? (b) Nya kae Paulo gblɔ tso nyagblɔɖi gbãtɔa me vava ŋu?

10 ‘Dzidzimevi’ mae va nye Yesu Kristo, kpakple hatidziɖulawo ƒe ha aɖe. Woƒe ƒuƒoƒoe nye Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea. (Daniel 7:13, 14, 27; Mateo 19:28; Luka 12:32; 22:28-30) Gake womeɖe nu siawo katã fia zi ɖeka o. Le nyateƒe me la, ale si nyagblɔɖi gbãtɔa ava emee la nye “nya ɣaɣla kɔkɔe si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me.” (Romatɔwo 16:25, NW) Ame siwo ɖe xɔse fia le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la di vevie be yewoanya ɣeyiɣi si me woaɖe “nya ɣaɣla kɔkɔe” sia ɖe go eye nyagblɔɖi gbãtɔa nava eme le esime woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta.—Romatɔwo 8:19-21.

“Nya Ɣaɣla Kɔkɔe La” Ðeɖe Ðe Go Vivivi

11. Nya kawoe Yehowa gblɔ na Abraham?

11 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yehowa nɔ “Mawu fiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la” ƒe akpa vovovowo ɖem fia vivivi. (Marko 4:11, NW) Ame siwo Yehowa ɖe nya sia fia dometɔ ɖekae nye Abraham, si woyɔ be “Mawu xɔlɔ̃.” (Yakobo 2:23) Yehowa do ŋugbe na Abraham be yeawɔe wòazu “dukɔ gã.” Emegbe Mawu gana Abraham nya be: “Fiawo adzɔ tso mewò” eye “wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.”—Mose I, 12:2, 3; 17:6; 22:17, 18.

12. Alekee Satana ƒe dzidzimevia va dze le Tsiɖɔɖɔa megbe?

12 Tso Abraham ƒe ɣeyiɣia me ke la, amegbetɔwo te agbagbadzedze be yewoakpɔ ŋusẽ ahaɖu ame bubuwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ le Noa ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi Nimrod ŋu be: “Ame sia de asi gãɖuɖu me le anyigba dzi. Ame sia enye adela kalẽtɔ le [tsitretsitsi ɖe] Yehowa [ŋu] me.” (Mose I, 10:8, 9) Eme kɔ ƒãa be Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi tee Nimrod kple ame bubu siwo ɖo wo ɖokui dziɖulawoe la nɔ. Woa kple wo dzi delawo wova zu Satana ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe.—Yohanes I, 5:19.

13. Nya kae Yehowa gblɔ ɖi to Yakob dzi?

13 Togbɔ be Satana nɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu geɖewo ɖom anyi hã la, Yehowa ƒe tameɖoɖo metsi akpo dzi o. Yehowa gblɔ to Abraham tɔgbuiyɔvi Yakob dzi be: “Atamkayi magbe Yuda si nɔnɔ o, eye womaɖe fiatikplɔ ɖa le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.” (Mose I, 49:10) Eya ta nyagblɔɖinya siawo fia be ame aɖe si dze le se nu la ava xɔ “atamkayi” alo dziɖulanyenye, kple “fiatikplɔ” alo dziɖuŋusẽ ahaɖu “dukɔwo” alo ameƒomea dzi. Ame kae wòanye?

“Vaseɖe Esime Amesi Tɔ Wònye Nava”

14. Nubabla kae Yehowa wɔ kple Dawid?

14 Yuda ƒe dzidzimeviwo dometɔ gbãtɔ si Yehowa tia be wòaɖu fia ɖe yeƒe dukɔa dzie nye alẽkplɔla Dawid, Isai vi. * (Samuel I, 16:1-13) Togbɔ be Dawid wɔ vodada geɖe hã la, Yehowa ve enu le esi wònɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe ta. Be Yehowa nana nya si wògblɔ ɖi le Eden bɔa me me nagakɔ ɖe edzi nyuie la, ebla nu kple Dawid, esime wògblɔ be: “Maɖo viwò [alo wò dzidzimevi], si do tso wò ali me la, ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.” Menye Dawid vi Salomo si va ɖu fia ɖe eteƒe la ŋue nya sia ku ɖo o, elabena Yehowa gblɔ le nubablaa me be: “Maɖo eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui tè dzi ɖaa.” Nubabla sia ɖee fia kɔte be Dawid ƒe ƒomea mee Fiaɖuƒea ƒe “dzidzimevi” si ŋugbe wodo la ado tso.—Samuel II, 7:12, 13.

15. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yuda fiaɖuƒea nye kpɔɖeŋu na Mawu Fiaɖuƒea?

15 Tso Dawid dzi la, fiaƒome aɖe, si me nunɔlagã la sia ami kɔkɔe na fiawo le la te dziɖuɖu. Eya ta woate ŋu ayɔ fia siawo be amesiaminawo alo mesiawo. (Samuel I, 16:13; Samuel II, 2:4; 5:3; Fiawo I, 1:39) Wogblɔ tso wo ŋu be wonɔ anyi ɖe Yehowa ƒe fiazikpui dzi heɖua fia ɖe Yehowa teƒe le Yerusalem. (Kronika II, 9:8) Le gɔmesese ma nu la, Yuda fiaɖuƒea, si nye kpɔɖeŋu na Mesia Fiaɖuƒea la, nye mɔnu si dzi Yehowa wɔ eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ to.

16. Nu kawoe do tso Yuda fiawo ƒe dziɖuɖu me?

16 Ɣesiaɣi si fia la kple dukɔa bɔbɔ wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te la, eyraa wo hekpɔa wo ta. Salomo ƒe dziɖuɣi nye ŋutifafa kple nudzedziname ƒe ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe si ƒo ɖe sia ɖe ta, si nye nyagblɔɖikpɔɖeŋu na ale si Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi anɔ esime woaɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa keŋkeŋ eye woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta. (Fiawo I, 4:20; 5:5) Nublanuitɔe la, fia siwo do tso Dawid ƒe fiaƒomea me dometɔ akpa gãtɔ mewɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi o, eye esia wɔe be dukɔa ƒo eɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ me. Mlɔeba Yehowa ɖe mɔ Babilontɔwo va tsrɔ̃ fiaɖuƒea le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Edze abe ɖe Satana ƒe alɔ de dzi le eƒe agbagbadzedze be yeaɖi gbɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye la me ene.

17. Nu kae ɖee fia be togbɔ be womu Dawid ƒe fiaɖuƒea ƒu anyi hã la Yehowa gakpɔtɔ nɔ eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ wɔm?

17 Menye ɖe Dawid ƒe fiaɖuƒea ƒe mumu—kple Israel ƒe dziehefiaɖuƒe si mu do ŋgɔ la—nye kpeɖodzi be Yehowa do kpo nu le eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ wɔwɔ me o, ke boŋ enye Satana ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amegbetɔwo dzi kple amegbetɔ ƒe ɖokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ me tsonu wɔnublanuiwo. (Lododowo 16:25; Yeremya 10:23) Bene Yehowa naɖee afia be yekpɔtɔ nɔ yeƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ wɔm la, egblɔ to nyagblɔɖila Ezekiel dzi be: “Woaɖe tablanu ɖa, eye woaɖe fiakuku ɖi. . . . Anyiglãgo, anyiglãgowo ƒe anyiglãgo mawɔ woe; esia maganɔ anyi o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye la nava, eye matsɔe nɛ.” (Xezekiel 21:31, 32) Nya mawo ɖee fia be ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wodo, “Amesi tɔ wònye la” meva ɣemaɣi o.

18. Nya kae mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria?

18 Azɔ, míeva ɖo ƒe 2 D.M.Ŋ. me. Wodɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe Maria, si nye ɖetugbui nɔaƒe aɖe si nɔ Nazaret, du si nɔ Palestina ƒe dziehenuto si nye Galilea me, la gbɔ. Egblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nàdzi ŋutsuvi, eye nàyɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye [Yehowa Mawu] atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.”—Luka 1:31-33.

19. Nu dodzidzɔname ka ƒe ɣeyiɣie de azɔ?

19 Ɣeyiɣia de ɣemaɣi azɔ be woaɖe “nya ɣaɣla kɔkɔe la” ɖe go. Eteƒe madidi o, ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wodo la ƒe akpa vevitɔ ado. (Galatiatɔwo 4:4; Timoteo I, 3:16) Satana aɖu afɔkpodzi nɛ. Gake ‘dzidzimevi’ ma ava gbã ta na Satana ahaɖe eya kple edzidelawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖe sia ɖe ɖa. Aɖe gbeƒãe hã be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖɔ nu siwo katã Satana gblẽ la ɖo, eye wòaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta. (Hebritɔwo 2:14; Yohanes I, 3:8) Aleke Yesu awɔ esiae? Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí be míasrɔ̃? Míakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Benyamin toa mee Saul, ame si Mawu tia gbã be wòaɖu fia ɖe Israel dzi la tso.—Samuel I, 9:15, 16; 10:1.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu ka ta Yehowae nye xexea me katã ƒe Dziɖulagã si dze?

• Nu ka tae Yehowa ɖoe be yeaɖo Fiaɖuƒe aɖe anyi?

• Alekee Yehowa ɖe “nya ɣaɣla kɔkɔe la” ɖe go vivivi?

• Nu kae ɖee fia be togbɔ be Dawid ƒe fiaɖuƒea mu hã la, Yehowa gakpɔtɔ nɔ eƒe dziɖulanyenye ŋu dɔ wɔm?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nu kae Yehowa ɖe fia to Abraham dzi?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nu ka tae Dawid ƒe fiaɖuƒea ƒe mumu menye kpeɖodzi be Yehowa ƒe dziɖulanyenye do kpo nu o?