Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔɖeɖe Ðo Ta Xexe Yeye Me

Zɔɖeɖe Ðo Ta Xexe Yeye Me

Agbemeŋutinya

Zɔɖeɖe Ðo Ta Xexe Yeye Me

ABE ALE SI JACK PRAMBERG GBLƆ ENE

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe si me lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 80 kple edzivɔ le la le afi si gogo Arboga, du sue dzeani aɖe, si le Sweden dukɔa ƒe titinanuto me. Afi siae míele, eye afi sia kee mía kple srɔ̃nye Karin míewɔa dɔ le. Aleke míewɔ va le afi sia?

SWEDEN ɖetugbui aɖe, si xɔ ƒe 15, zɔ mɔ yi ɖe United States (États-Unis) le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo. Esi wònɔ afi si woxɔa mɔzɔla siwo si aƒe menɔ o ɖo le New York City la, edo go Swedentɔ ƒudzidela aɖe. Woƒe nu va lé dzi na wo nɔewo, woɖe wo nɔewo, eye wodzi ŋutsuvi ɖeka—nyee nye ema. Wodzim le Bronx, New York, U.S.A., le ƒe 1916 me, le Xexemeʋa I wɔɣi.

Esia megbe kpuie la, míeʋu yi Brooklyn. Míaƒe aƒe medidi tso Brooklyn Heights nutoa gbɔ o. Fofonye gblɔ nam emegbe be yekɔm ɖe tɔdziʋu sue aɖe me de tɔdzi le teƒe si gogo Brooklyn Tɔdzisasrã, si dze ŋgɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒe gã la tututu. Nyemenya kura be dɔ siwo wowɔna le afi ma ava kpɔ ŋusẽ ɖe nye agbe dzi o.

Xexemeʋa I wu enu le ƒe 1918 me, eye amewuwu manyatalenu si nɔ edzi yim le Europa la wu enu azɔ. Asrafowo gbɔ va aƒe va dze ŋgɔ kuxi bubu—dɔmakpɔwɔe kple ahedada. Fofonye kpɔe be anyo be míatrɔ ayi aƒe, eye míegbɔ va Sweden le ƒe 1923 me. Míeva nɔ Erikstad, si gogo ketekedzeƒe aɖe le Dalsland nutoa me. Fofonye ʋu mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe aɖe le afi ma, eye afi mae mede suku le eye afi mae metsi ɖo.

Woƒã Nyateƒea Ƒe Ku Ðe Nye Dzi Me

Fofonye ƒe dɔwɔƒea mekpɔ dzidzedze o. Eya ta egate ƒudzidɔwɔwɔ ake le ƒe 1930 ƒeawo me. Egblẽ míawo ɖeɖe ɖi. Agbanɔamedzi geɖewo dze ŋgɔ danye, eye nye hã mezu mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒea dzi kpɔla. Gbe ɖeka, Dada yi ɖasrã tɔɖinye Johan kpɔ. Esi xexea me ƒe nɔnɔme na nu te ɖe edzi vevie ta la, ebia be: “Johan, alea ko xexea me ƒe nɔnɔmeawo anɔ ɖaa?”

Eɖo eŋu nɛ be: “Ao, manɔ elea ɖaa o, Ruth.” Eyi edzi ƒo nu tso ŋugbe si Mawu do be yeaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa ahana Fiaɖuƒe aɖe si ƒe Fia anye Yesu Kristo la naɖu anyigbaa dzi le dzɔdzɔenyenye me la ŋuti nɛ. (Yesaya 9:5, 6; Daniel 2:44) Eɖe eme nɛ be Fiaɖuƒe si ŋuti Yesu fia mí be míado gbe ɖa lee nye dziɖuɖu dzɔdzɔe ma si ana anyigba la nazu paradiso.—Mateo 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Biblia ƒe ŋugbedodo siawo de dzi gbɔ na Dada. Eɖo ta aƒe me henɔ akpe dam na Mawu le mɔa dzi ʋuu keke va ɖo. Gake medo dzidzɔ na mía kple Papa be Dada va le ɖe tsɔm le mawusubɔsubɔnyawo me o. Ɣemaɣi lɔƒo le ƒe 1930 ƒeawo me la, meʋu yi Trollhättan, le Sweden ƒe ɣetoɖoƒenuto me afi si mekpɔ dɔ le, le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe gã aɖe. Eteƒe medidi o, Papa, si gbɔ tso ƒudzi teti enye ma la kple Dada woʋu va afi ma. Esia na míaƒe ƒomea gawɔ ɖeka ake.

Esi wònye be Dada di vevie be yeaganya nu geɖe tso Mawu ŋu ta la, edi Yehowa Ðasefowo le nutoa me heke ɖe wo ŋu. Ɣemaɣi la, woƒoa ƒu le wo nɔewo ƒe aƒe me, abe ale si ko Kristotɔ gbãtɔawo wɔnɛ ene. (Filemon 1, 2) Eva ɖo Dada dzi gbe ɖeka be woava ƒo ƒu le eƒe me. Etsɔ didi vevie bia Papa nenye be yeate ŋu akpe ye xɔlɔ̃wo va aƒea me hã. Eɖo eŋu nɛ be, “Xɔ̃nyewoe xɔ̃wòwo nye.”

Eya ta wova wɔa kpekpea le aƒea me. Ne ameawo va ɖo ko la, nye ya medoa go. Gake emegbe menɔa anyi ne wova ƒo ƒu. Ðasefoawo ƒe vividoɖeameŋu kple woƒe numeɖeɖe nyui siwo gɔme nya sena bɔbɔe la ɖe nazãbubu ɖe sia ɖe ɖa le nye susu me tso wo ŋu. Ɣemaɣie nyateƒea ƒe ku te tsitsi le nye dzi me—etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui va su asinye.

Nye Ƒudzidede

Anɔ eme be menyi ƒudzidededɔa lɔlɔ̃ ƒe dome tso Papa gbɔ, elabena nye hã meva te ƒudzidɔwɔwɔ. Meva tsɔ ɖe le nye gbɔgbɔmenuhiahiãwo hã me vevie. Ne míeɖo melidzeƒe aɖe la, medzea agbagba ɣesiaɣi be make ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Le Amsterdam, Holland (si nye Netherlands fifia) la, meyi ɖe posudɔwɔƒe ɖabia afi si mate ŋu akpɔ wo le. Le numeɖeɖe aɖewo megbe la, wotsɔ wo dometɔ aɖe ƒe adrɛs nam, eye meɖo ta afi ma enumake. Nyɔnuvi ƒe ewo vi aɖe do wòezɔ nam vividoɖeameŋutɔe le ʋɔtrua nu. Togbɔ be amedzroe menye hã la, ƒomedodo kplikplikpli aɖe ɖo mía kplii kpakple eƒe ƒomea siaa dome—esiae nye zi gbãtɔ si mese vivi le dukɔwo dome nɔviwo dome nɔnɔ me!

Togbɔ be míese gbe na mía nɔewo o hã, esi woɖe ɣletigbalẽ kple ketekemɔzɔzɔ ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe ɖe go eye wote nɔnɔmetata aɖe tata ɖe agbalẽ dzi la, mese egɔme be wole takpekpe aɖe wɔ ge le Haarlem, du si te ɖe mía ŋu la me. Mede takpekpea, eye togbɔ be nyemese nya aɖeke gɔme o hã la, evivi nunye ŋutɔ. Esi mekpɔ Ðasefowo nɔ amekpegbalẽviwo mam tsɔ nɔ amewo kpem na dutoƒonuƒo sese le Kwasiɖagbe la, medi vevie be nye hã makpɔ gome le eme. Eya ta mefɔa amekpegbalẽvi siwo amewo tsɔ ƒu gbe la hegbugbɔ maa wo na ame bubuwo.

Gbe ɖeka, esi míetɔ ɖe Buenos Aires, Argentina la, meke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afi ma ŋu. Esi mege ɖe eme la, mekpɔ ɔfis ɖeka kple nudzraɖoƒe aɖe. Nyɔnu aɖe nɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu nɔ nane lɔ̃m, eye nyɔnuvi dzaa aɖe, si anye via, nɔ fefem kple fefenu aɖe. Zã do ŋutɔ, eye ŋutsu aɖe nɔ agbalẽ, siwo dome Swedengbe me Creation gbalẽ hã nɔ, la fɔm le agbalẽti aɖe dzi. Esi mekpɔ ale si woɖo nukomo hedo dzaa nam vividoɖeameŋutɔe la, mekpɔe dze sii enumake be ame siawo dome koe wòle nam be manɔ.

Esi míeɖo ta aƒe la, míaƒe melia va kɔ asrafoha si nɔ Canada srafowo ƒe yameʋu, si ge dze Newfoundland ƒe ƒuta, me la. Ŋkeke aɖewo megbe, esi míegogo Scotland la, Eŋlisiawo ƒe ƒudzisrafowo lé mí. Wokplɔ mí yi Kirkwall le Orkney Ƒukpowo dzi be yewoabia gbe mí. Xexemeʋa II dze egɔme, eye Hitler ƒe Nazi srafowo xɔ Poland nyigbaa le September 1939 me. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, woɖe asi le mía ŋu, eye míegado go kuxi aɖeke le mɔa dzi va se ɖe esime míetrɔ gbɔ va Sweden o.

Megbɔ va aƒe le gɔmesese eve nu—le ŋutilã me kpakple le gbɔgbɔ me. Azɔ la, medi vevie be manye Mawu ƒe amewo dometɔ ɖeka eye nyemedi be mado kpo ƒuƒoƒo ɖekae kpli wo o. (Hebritɔwo 10:24, 25) Dzi dzɔam ne meɖo ŋku edzi be esi menɔ ƒudzidɔ wɔm la, meɖia ɖase na ƒudzidɔwɔlawo ɣesiaɣi, eye wo dometɔ ɖeka hã va zu Ðasefo.

Subɔsubɔdɔ Tɔxɛ Aɖe

Le ƒe 1940 ƒe gɔmedzedze la, meɖi tsa yi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Stockholm. Nɔviŋutsu Johan H. Eneroth, si nɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm le Sweden ɣemaɣi la do dzaa nam hexɔm nyuie. Esi megblɔ nɛ be medi be makpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me abe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ene la, ekpɔm dũu hebiam be, “Èka ɖe edzi be Mawu ƒe habɔbɔe nye esia?”

Meɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃.” Esia wɔe be meva xɔ nyɔnyrɔ le June 22, 1940 dzi, eye mete subɔsubɔ le alɔdzedɔwɔƒea, afi si lɔlɔ̃ xɔ aƒe ɖo la le hatidɔwɔla nyuiwo dome. Míezãa míaƒe kwasiɖanuwuwuwo hena gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ. Le dzomeŋɔli la, míedoa gasɔ yia anyigbamama siwo gbɔ didi me heɖea gbeƒã hena kwasiɖanuwuwua katã, eye ne zã do la, míemlɔa be bablawo dome.

Gake zi geɖe la, míeɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me le Stockholm dua kple eƒe golɔgoewo me. Gbe ɖeka, meɖatu ŋutsu aɖe le eƒe xɔtexɔ me wònɔ eƒe tsi dzodzoe ɖomɔ̃ si ŋɔ la trem kple ŋkubiã. Meŋlɔ nye awua ƒe abɔwo hekpe ɖe eŋu. Esi míedzrae ɖo vɔ la, ŋutsua ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia hegblɔ nam be: “Meka ɖe edzi be susu bubu aɖe tae nànya va ɖo. Eya ta na míage ɖe xɔa me aklɔ asi eye míano kɔfi dzodzoe aɖe.” Míege ɖe eme, eye esi míenɔ kɔfia nom la, meɖi ɖase nɛ. Eva zu hati Kristotɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Togbɔ be Sweden dukɔa mede akpa aɖeke dzi le aʋawɔwɔa me o hã la, xexemeʋaa lɔe ɖe eme. Wonɔ ŋutsuwo yɔm be woava wɔ asrafodɔ eye woyɔ nye hã. Esi megbe asrafowo ƒe hehexɔxɔ la, wolém de ga hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Emegbe wokplɔm yi dɔ sesẽ wɔsaɖa aɖe me. Zi geɖe la, wokplɔa sɔhɛ Ðasefowo yiaa ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume, eye míete ŋu ɖi ɖase na wo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Esia na Yesu ƒe nyagblɔɖia va eme be: “Woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.”—Mateo 10:18.

Tɔtrɔwo Va Nye Agbe Me

Aʋa la wu enu le Europa le ƒe 1945 me. Emegbe Nathan H. Knorr, si nɔ ŋgɔ xɔm na xexea me katã ƒe dɔa ɣemaɣi kpakple eƒe agbalẽŋlɔla, Milton Henschel, wotso Brooklyn va srã mí kpɔ. Woƒe sasrãkpɔa ɖe vi ŋutɔ, elabena ena wogawɔ ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Sweden dukɔa me, eye eɖe vi na nye hã. Esime mese be mate ŋu ade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua la, mebia enumake be madee.

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, medze sukua dede gɔme, eye ɣemaɣi la, enɔ New York, le South Lansing nutoa ƒe dodonu. Le ɣleti atɔ̃ me la, mexɔ hehe si na nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia kple Mawu ƒe habɔbɔa ŋu gade to ɖe edzi. Mekpɔe be ame siwo xɔa ŋgɔ na xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nye ame siwo ŋu woate ŋu ate ɖo bɔbɔe, eye wosea nu gɔme na ame. Wowɔa dɔ sesĩe aduadua kpli mí. (Mateo 24:14) Togbɔ be esia mewɔ nuku nam o hã la, dzi dzɔm be nye ŋutɔ mekpɔ eteƒe.

Gilead Sukua ƒe klass enyilia ƒe sukunuwuɣi va ɖo azɔ, le February 9, 1947 dzi. Nɔviŋutsu Knorr gblɔ dukɔ siwo me woaɖo mí sukuviawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo na mí. Esi wòɖo dzinye la, egblɔ be, “Nɔviŋutsu Pramberg atrɔ ayi Sweden aɖakpe ɖe nɔviawo ŋu le afi ma.” Le nyateƒe me la, dzi medzɔm tututu be matrɔ ayi aƒe o.

Dɔdeasi Sesẽ Aɖe Wɔwɔ

Esi megbɔ va Sweden la, mese be wote dɔ yeye aɖe wɔwɔ le dukɔ geɖe me le xexea me katã, si nye nutome gã dzikpɔdɔa. Nyee nye nutome gã dzikpɔla gbãtɔ si woɖo le Sweden, eye wònɔ nam be mawɔ dɔ sia akpe dukɔa katã ɖo. Mewɔa ɖoɖo ɖe takpekpe si míeyɔna egbea be nutome sue takpekpe la ŋu hekpɔa edzi le du gã kple du viwo me le Sweden katã. Esi wònye be míewɔ ɖoɖo sia tɔgbi kpɔ o ta la, mɔfiame ʋɛ aɖewo ko wonam. Mía kple nɔviŋutsu Eneroth míede adaŋu le ale si míate ŋu akpɔ dɔ sia gbɔ le mɔ nyuitɔ kekeake nu ŋu. Metsi dzodzodzoe eye medo gbe ɖa na Yehowa zi geɖe. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ nutome gã dzikpɔkpɔ dɔa hena ƒe 15 sɔŋ.

Le ɣeyiɣi mawo me la, esesẽna ŋutɔ be míake ɖe takpekpewɔƒe nyui aɖe ŋu. Ɣeɖuƒewo alo ƒuƒoƒe mawo tɔgbi, siwo me fana miamiamia akpa eye ɣeaɖewoɣi womenɔa nɔnɔme nyui me o, koe míezãna. Nenemae wònɔ le takpekpe aɖe si míewɔ le Rökiö, Finland, gome. Takpeƒea nye nutoa me takpexɔ aɖe si wogblẽ ɖi hena ɣeyiɣi aɖe. Sno nɔ dzadzam sesĩe, eye ya me fa miamiamia de fafadzidzenu Celsius 20 (-20°C). Eya ta míedo dzo ɖe mlekpui gã eve siwo wotsɔ amigago wɔ ɖi la me be dzoxɔxɔ nanɔ xɔa me. Gake míenya kura be xeviwo wɔ atɔwo ɖe dzudzɔtoƒea o. Eya ta dzudzɔa xɔ xɔa me keŋ! Togbɔ be dzudzɔa nɔ míayɔm hã la, ame sia ame he eƒe dziwui tsyɔ ta hekpɔtɔ nɔ anyinɔƒe. Ðeko esia wɔe be míeɖoa ŋku takpekpe sia dzi etɔxɛe.

Mɔfiame siwo wona mí hena ɖoɖowɔwɔ ɖe ŋkeke etɔ̃ nutome sue takpekpe siawo ŋu dometɔ ɖekae nye be míawɔ ɖoɖo ɖe nuɖuɖu ŋu na vavalawo. Le gɔmedzedzea me la, dɔwɔnu aɖeke menɔ mía si o eye nuteƒekpɔkpɔ aɖeke hã mesu mía si ɖe dɔ sia gbegbe wɔwɔ ŋu o. Gake nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dovevienuwo lɔ̃ faa tsɔ wo ɖokui na hena dɔ sesẽ sia wɔwɔ. Le ŋkeke si do ŋgɔ na takpekpea dzi la, àkpɔ nɔvi siawo woabɔ ɖe anagote gbogbo aɖewo ŋu anɔ kpakpam ahanɔ nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo gblɔm. Ɣeyiɣi siawo, siwo me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo wɔ dɔ sesĩe ɖekae la mee wo dometɔ geɖe va zu xɔlɔ̃ veviwo.

Agbalẽ si dzi woŋlɔ nu ɖo kpakpla atsɔ aɖe gbeƒã nutome sue takpekpe siawo hã nye ɖoɖo bubu si míewɔna ɣemaɣi. Míelɔa gbɔ toa du alo kɔƒe aɖe me hekpea nutoa me tɔwo be woava se dutoƒonuƒoa. Amewo dea bubu mía ŋu hewɔa nu ɖe mía ŋu nyuie zi geɖe. Gbe ɖeka, le Finspång dua me la, dɔwɔlawo nɔ dodom bibibi tso woƒe dɔwɔƒe hetɔ ɖe mɔa to. Enumake wo dometɔ ɖeka do ɣli gblɔ be: “Míatɔwo, mikpɔ ɖa, ame siawoe nye ame siwo dzi Hitler mete ŋu kpe o!”

Nu Ðedzesi Aɖe Dzɔ Le Nye Agbe Me

Esime medo go Karin, si nye ɖetugbi lédziname aɖe megbe la, eteƒe medidi hafi tɔtrɔwo va nye agbe me le dzikpɔkpɔ mɔzɔzɔ dɔa wɔwɔ me o. Wokpe mí ame evea siaa be míade dukɔwo dome takpekpe le Yankee Stadium, New York City, le July 1953 me. Afi mae Milton Henschel wɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea na mí le le Dzoɖa, July 20 lia dzi, le takpekpea ƒe ɖiɖiɖemeɣia. Enye numadzɔkpɔ aɖe si dzɔ le baseball ƒoƒe xɔŋkɔ ma. Mía kple Karin míesubɔ nɔviawo le mɔzɔzɔdɔa me va de asi na ƒe 1962 me, esime wokpe mí be míava wɔ dɔ ɖekae kple Sweden Betel ƒomea. Gbã la, mewɔ dɔ le Magazinewo Dzikpɔƒe. Emegbe wode dɔ asi nam be nanɔ agbalẽtamɔ̃a kple mɔ̃ bubuwo dzram ɖo le esi menye mɔ̃ɖaŋudɔwɔla ta. Karin ya wɔ dɔ le nunyaƒea hena ƒe geɖe. Eye ƒe geɖe enye esia la, ele dɔ wɔm le Nuŋɔŋlɔmetoto Dɔwɔƒea.

Agbe si me yɔ fũu kple nudzɔdzɔ veviwo, si me dzidzeme le, si do dzidzɔ na ame ka gbegbee nye esi me míese vivi le le Yehowa subɔsubɔ ɖekae abe atsu kple asi ene me hena ƒe siwo wu 54 sɔŋ! Yehowa yra eƒe habɔbɔ, si yɔ fũu kple dɔ sesẽ wɔla lɔ̃amewo la vavã. Esime mete subɔsubɔ le alɔdzedɔwoƒea le ƒe 1940 me la, Ðasefo 1,500 koe nɔ Sweden. Gake wowu 22,000 fifia. Ðasefowo dzi ɖe edzi geɖe wu le xexea me ƒe akpa bubuwo, si wɔe be míaƒe xexlẽme wu miliɔn ade kple afã fifia le xexea katã.

Yehowa ƒe gbɔgbɔa le megbe na míaƒe dɔa, hena míele dzidziɖedzi geɖe kpɔm. Ne míetsɔ xɔseŋku kpɔ ameƒomea me tɔwo, siwo le abe atsiaƒu dzeagbo ene la, vɔvɔ̃ meɖoa mí o. Míele zɔ ɖem ɖo ta ŋgɔgbe hele Mawu ƒe xexe yeyea kpɔm ɖaa. Mía kple Karin míedaa akpe na Mawu ɖe eƒe dɔmenyonyowo katã ta, eye míedoa gbe ɖa gbe sia gbe biaa ŋusẽdodo be míate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi va se ɖe esime míaɖo míaƒe taɖodzinua—Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple agbe mavɔ—gbɔ!—Mateo 24:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nyee ma le danye ƒe ata dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Afi si mía kple Papa míeɖo tɔdziʋu sue aɖe de tɔ dzi le le ƒe 1920 ƒeawo me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mía kple Herman Henschel (Milton fofo) le Gilead, le ƒe 1946 me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Míeɖe mía nɔewo le Yankee Stadium le July 20, 1953 dzi