Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu mahã:

• Nu ka tae viɖe mavɔwo le “Nubabla Xoxo La” ŋu?

Menye mawu sẽŋuta aɖee Eŋlɔla nye o, ke boŋ Mawu lɔ̃ame, Yehowa, ye. Yesu kple eyomedzela gbãtɔwo yi edzi yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ku ɖe agbenɔnɔ ŋu le wo me, eye etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku ƒe ŋugbedodowo le wo me na ameƒomea.—9/1, axa 4-7.

• Vi kawoe mɔɖeɖe be amegbetɔwo nayi edzi anɔ agbe tso keke esime Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ la ɖe?

Ƒe akpe geɖe siwo va yi ɖee fia be aʋatsokalae Satana nye—Adam kple Xawa kple woƒe dzidzimevi miliɔn geɖewo ku. Ƒe gbogbo siwo va yi ɖee fia be eme menyo na amegbetɔwo wu esi wotiae be yewoawɔ nu Mawu manɔmee o, eye gome loo alo ŋutete mele wo si be woafia mɔ woƒe afɔɖeɖewo o.—9/15, axa 6-7.

• Nu ka tae womehe nya ɖe Yakob ŋu esime wògblɔ be yee nye Esau o?

Yakob ye dze axɔ fofoa ƒe yayra, le esi wòƒle ŋgɔgbevinyenyea le Esau si ta. Esi Isak va de dzesii be Yakob ye yeyra la, medze agbagba be yeatrɔe o. Eye edze ƒãa be Mawu, ame si ate ŋu ade nu nyaa me hafi la, di be Yakob naxɔ yayraa.—10/1, axa 31.

• Mɔ ka nue dzitsinya si le mía si ɖo kpe edzi be menye nɔnɔmetɔtrɔ mee míedzɔ tso o?

Didi be woakpe ɖe amewo ŋu nenye be abia be woatsɔ nanewo asa vɔe gɔ̃ hã dzena le ame siwo tso dukɔwo kple dekɔnuwo katã me la dome. Menye havilɔlɔ̃ ɖokuitɔmadimaditɔe siae woakpɔ mɔ be amegbetɔwo naɖe afia ne ɖe lã, siwo nɔa avu wɔm be yewoatsi agbe to mɔ sia mɔ nu la, dzro koe wonye o.—10/15, axa 20.

• Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Mawu bɔbɔa eɖokui, eye mɔ ka nue wòɖea nɔnɔme sia fiana le?

Esi Mawu nye Dziɖulagã kple Wɔla ta la, gbɔdzɔgbɔdzɔwo mele Eŋu abe ale si wòle le mía gome ene o. Ke hã, le ɖekawɔwɔ me kple Samuel II, 22:36 la, Mawu bɔbɔa eɖokui le gɔmesesea nu be etsɔa ɖe le eme na amegbetɔ tsɛ siwo dzea agbagba be yewoadze eŋu, eye wòkpɔa nublanui na wo. Ebɔbɔa eɖokui le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hafi wɔa nu kple amegbetɔ mawuvɔ̃la siwo le anyigba dzi la dɔmenyotɔe.—11/1, axa 4-5.

• Aleke blema ze kakɛwo ɖo kpe Biblia me nuŋlɔɖiwo dzi?

Tomenukulawo ke ɖe anyinu kakɛ aɖewo ŋu le Samaria siwo dzi woŋlɔ ƒomeŋkɔ adre, siwo dze le Yosua 17:1-6 la, ɖo. Anyinu kakɛ siwo ŋu woke ɖo le Arad ɖo kpe nunɔlawo ƒe ƒomewo ƒe anyinɔnɔ dzi, eye Mawu ƒe ŋkɔ hã dze le wo dzi. Anyinu kakɛ siwo ŋu woke ɖo le Laxis kɔ nu me ku ɖe dunyahehe ƒe nɔnɔme kple ʋunyaʋunya si nɔ anyi le Yuda hafi Babilontɔwo va dze wo dzi la ŋu.—11/15, axa 12-14.

• Nu kae na míeƒo nya ta be Lukae ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa?

Teofil ye woŋlɔ Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa kple Apostolowo ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa siaa na, si ɖee fia be Lukae ƒo wo nu ƒu. Ŋkɔteƒenɔnya “mí,” “míaƒe,” kple “mía” zazã ɖee fia be Luka kpɔ gome le nudzɔdzɔawo dometɔ aɖewo me. (Dɔwɔwɔwo 16:8-15)—11/15, axa 18.

• Aleke wòle be Kristotɔ nabu adedada kple tɔƒodede?

Tso keke Noa ƒe ŋkekea me ke la, Mawu ɖe mɔ be amegbetɔwo nawu lãwo hena ɖuɖu. Ke hã, mɔfiame si nye be woatso ʋu lãwo te gbe ɖe edzi be ele be woade bubu lãwo ƒe agbe ŋu esi wònye be Mawu gbɔe woƒe agbe dzɔ tso ta. Mele be Kristotɔwo nawu lãwo le kamedede loo alo le dzidzɔ si woakpɔ le lãwo didi kple wo wuwu me la ta o. Ele vevie be míade bubu Kaisaro ƒe sewo ŋu, eye míabu ame bubuwo ƒe dzitsinya hã ŋu. (Romatɔwo 14:13)—12/1, axa 31.