Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èle Dzadzraɖoɖi Na Yehowa Ƒe Ŋkeke La?

Èle Dzadzraɖoɖi Na Yehowa Ƒe Ŋkeke La?

Èle Dzadzraɖoɖi Na Yehowa Ƒe Ŋkeke La?

“Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.” —ZEFANYA 1:14.

1-3. (a) Nu kae Biblia gblɔ tso Yehowa ƒe ŋkekea ŋu? (b) “Yehowa ƒe ŋkeke” kae le ŋgɔ na mí?

YEHOWA ƒe ŋkeke gã la menye gaƒoƒo 24 o. Ke boŋ enye ɣeyiɣi ƒe didime aɖe si me Mawu adrɔ̃ toheʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo. Susu geɖewo li siwo tae wòle be mawumavɔ̃lawo navɔ̃ na ŋkeke ma si anye vivitidogbe, dzikudogbe, dɔmedzoe heliheli dogbe, xaxagbe, kple aƒedoɖigbe la ɖo. (Yesaya 13:9; Amos 5:18-20; Zefanya 1:15) Yoel ƒe nyagblɔɖi la gblɔ be: “Alele, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.” (Yoel 1:15) Gake le ŋkeke gã ma dzi la Mawu anye Xɔnametɔ na “amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.”—Psalmo 7:11.

2 Wozãa nyagbɔgblɔ “Yehowa ƒe ŋkeke” la wòkuna ɖe toheʋɔnudɔdrɔ̃ si Mawu he va amewo dzi le ɣeyiɣi vovovowo me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, “Yehowa ƒe ŋkeke” va Yerusalemtɔwo dzi esime Babilontɔwo va tsrɔ̃ wo le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. (Zefanya 1:4-7) Mawu ƒe toheʋɔnudɔdrɔ̃ ma tɔgbi va Yudatɔwo dzi le ƒe 70 M.Ŋ. me, esime Mawu zã Romatɔwo wotsrɔ̃ Yudatɔ siwo gbe Via la. (Daniel 9:24-27; Yohanes 19:15) Biblia gagblɔ nya ɖi ku ɖe “Yehowa ƒe ŋkeke” aɖe si ‘aƒo ɖe dukɔwo katã dzi’ la ŋu. (Zaxarya 14:1-3) Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòtsɔ ŋkeke ma do ƒome kple Kristo ƒe anyinɔnɔ, si dze egɔme tso ƒe 1914 me esime woɖo Yesu zi dzi wòzu Fia le dziƒo. (Tesalonikatɔwo II, 2:1, 2) Esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum kabakaba alea ta la, Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2007 ƒe mawunyakpukpuia sɔ ŋutɔ. Woɖee tso Zefanya 1:14 si gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe.”

3 Esi Mawu ƒe ŋkekea tu aƒe ta la, fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be nànɔ dzadzraɖoɖi. Aleke nàte ŋu adzra ɖo ɖe ŋkeke ma ŋui? Nu bubu kawoe nàte ŋu awɔ atsɔ adzra ɖo ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ŋu?

Nɔ Dzadzraɖoɖi

4. Dodokpɔ gã ka ŋue Yesu dzra eɖokui ɖo ɖi na?

4 Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ŋu me be: ‘Minɔ dzadzraɖoɖi.’ (Mateo 24:44) Esime Yesu gblɔ nya sia la, eya ŋutɔ nɔ dzadzraɖoɖi xoxo na dodokpɔ sesẽ aɖe—eƒe ku si anye tafevɔsa la. (Mateo 20:28) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu dzra eɖokui ɖo ɖi la me?

5, 6. (a) Aleke lɔlɔ̃ na Mawu kple mía haviwo wɔa akpa aɖe le míaƒe dzadzraɖoɖi nɔnɔ ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ŋu me? (b) Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi le lɔlɔ̃ na ame havi gome?

5 Yesu lɔ̃ Yehowa kple Eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo tso dzi blibo me. Hebritɔwo 1:9 gblɔ tso Yesu ŋu be: “Èlɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye nèléa fu madzɔmadzɔnyenye; eyata Mawu, wò Mawu la, tsɔ dzidzɔmi si na wò wu wò hatiwo.” Esi Yesu lɔ̃ Fofoa si le dziƒo ta la, elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ. Ne lɔlɔ̃ ma tɔgbi le mía si na Mawu eye míenɔa agbe ɖe eƒe nudidiwo nu la akpɔ mía ta. (Psalmo 31:24 ) Lɔlɔ̃ sia kple toɖoɖo akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkeke gã la.

6 Lɔlɔ̃ na amewo nye Yesu ƒe amenyenye ƒe akpa vevi aɖe. Le nyateƒe me la, “eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Esia ta Yesu ɖe gbeƒã nya nyuia na amewo, abe ale si ko lɔlɔ̃ ʋãa míawo hã míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia na mía haviwo ene. Lɔlɔ̃ na Mawu kple mía haviwo nana míeyia edzi kpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe eye esia kpena ɖe mía ŋu míenɔa dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkeke gã la.—Mateo 22:37-39.

7. Esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam la, nu ka tae míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm ɖo?

7 Yesu kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. (Psalmo 40: 9) Ne nɔnɔme ma ke le mía si la, dzi adzɔ mí le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu me. Míanye nunala ɖokuitɔmadilawo abe Yesu ene, eye esia ana míakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Vavãe “dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ̃ sesẽ.” Dzidzɔ sia ana míanɔ dzadzraɖoɖi nyuie na Mawu ƒe ŋkeke gã la.—Nexemya 8:10.

8. Nu ka tae wòle be míate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me?

8 Gbedodoɖa na Mawu vevie kpe ɖe Yesu ŋu wòdzra ɖo ɖe xɔse ƒe dodokpɔwo ŋu. Enɔ gbe dom ɖa esime Yohanes nɔ enyrɔm. Hafi Yesu natia eƒe apostoloawo la edo gbe ɖa zã blibo ɖeka. (Luka 6:12-16) Eye Biblia xlẽla ka dzie gbe si Yesu do ɖa le eƒe anyigba dzi nɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la mewɔa dɔ ɖo o? (Marko 14:32-42; Yohanes 17:1-26) Ðe nènye ame si doa gbe ɖa edziedzi abe ale si Yesu wɔe enea? Te ɖe Yehowa ŋu edziedzi, kpɔ ɣiyiɣi ɖe gbedodoɖa ŋu, di gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia, eye nàwɔ wo dzi kaba ne mɔfiameawo dze ƒãa. Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple mía Fofo si le dziƒo la le vevie le ɣeyiɣi sesẽ sia si me Mawu ƒe ŋkeke gã la le aƒe tum kabakaba le la me. Eya ta yi edzi nànɔ tetem ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me.—Yakobo 4:8.

9. Aleke gbegbee dzitsitsi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu le vevie?

9 Dzitsitsi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu hã kpe ɖe Yesu ŋu wònɔ dzadzraɖoɖi na dodokpɔ siwo wòdo goe. Le nyateƒe me la, efia eyomedzelawo be ne wole gbe dom ɖa na Mawu la, woabia be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Ne míedina vevie be míakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti alo ana wòanɔ kɔkɔe la, míadze agbagba aƒo asa na nu siwo ahe vlodoame va eƒe ŋkɔa dzi la wɔwɔ. Esia awɔe be, míanɔ dzadzraɖoɖi bliboe na Yehowa ƒe ŋkeke gã la.

Ðe Tɔtrɔ Aɖewo Li Wòle Be Nàwɔa?

10. Nu ka tae wòsɔ be míadzro míaƒe agbenɔnɔ me kpɔ?

10 Ne Yehowa ƒe ŋkekea va etsɔ ɖeka la, ànɔ dzadzraɖoɖi ŋutɔŋutɔa? Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nadzro eɖokui me akpɔe ɖa be tɔtrɔ aɖewo li wòle be yeawɔ mahã. Esi míenyae be amegbetɔ ƒe agbe le kpuie eye kakaɖedzi mele eŋu o ta la, ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me gbe sia gbe. (Nyagblɔla 9:11, 12; Yakobo 4:13-15) Eya ta mina míadzro nane siwo ŋu wòahiã be míalé ŋku ɖo le míaƒe agbenɔnɔ me la me akpɔ.

11. Biblia xexlẽ ƒe taɖodzinu kae le asiwò?

11 Nu vevi ɖekae nye nuxlɔ̃ame si “dɔla nuteƒewɔla” la nana mí be míaxlẽ Biblia gbe sia gbe. (Mateo 24:45) Àte ŋu aɖoe be yeaxlẽ Ŋɔŋlɔawo tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ va se ɖe Nyaɖeɖefia ahade ŋugble le eŋu ƒe sia ƒe. Àte ŋu awu Biblia ƒe ta 1,189-awo katã xexlẽ nu le ƒe ɖeka me ne èxlẽa abe ta ene ene gbe sia gbe. Enɔ na Israel fia ɖe sia ɖe be wòaxlẽ Yehowa ƒe Sea “le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.” Edze ƒãa be Yosua hã wɔ nu ma tɔgbi. (Mose V, 17:14-20; Yosua 1:7, 8) Esi Mawu ƒe Nya la xexlẽ kpena ɖe gbɔgbɔ me lẽkplɔlawo ŋu be woafia “nufiafia, si le blibo” ta la, ɖe mele vevie be woanɔ exlẽm gbe sia gbe oa?—Tito 2:1.

12. Nu kae wòle be Yehowa ƒe ŋkeke si tu aƒe la naʋã wò be nàwɔ?

12 Ele be ale si Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒee la naʋã wò be nàde Kristotɔwo ƒe kpekpeawo edziedzi eye nàkpɔ gome le wo me bliboe ale si wòanya wɔ. (Hebritɔwo 10:24, 25) Esi nènye Fiaɖuƒegbeƒãɖela si dia ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ hekpena ɖe wo ŋu ta la, kpekpeawo dede ana be wò ŋutete nanyo ɖe edzi le go sia me. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Ðewohĩ àte ŋu aƒo ɖokuiwò ɖe hamea me dɔ bubuwo hã wɔwɔ me, abe kpekpeɖeŋunana ame tsitsiwo kple dzidede ƒo na ɖeviwo ene. Ɛ̃, dɔ siawo wɔwɔ ate ŋu ana dzidzeme gã aɖe wò!

Mia Kple Ame Bubuwo Dome Ƒomedodo

13. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo ku ɖe amenyenye yeyea dodo ŋu?

13 Esi Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe alea ta la, ɖe wòahiã be nàdze agbagba be nàdo “ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me” geɖe wua? (Efesotɔwo 4:20-24) Esi nèle mawumenɔnɔmewo tum ɖo la, ame bubuwo ade dzesii godoo be ‘èle zɔzɔm le Mawu ƒe gbɔgbɔ la me,’ eye nèle eƒe kutsetsea ɖem fia. (Galatiatɔwo 5:16, 22-25) Àte ŋu atɔ asi nanewo koŋ siwo mia kple wò ƒomea miewɔ siwo ɖee fia be miedo amenyenye yeyea la dzia? (Kolosetɔwo 3:9, 10) Le kpɔɖeŋu me, ɖe wonya wò be ènye ame si nyoa dɔme na haxɔsetɔwo kple ame bubuwoa? (Galatiatɔwo 6:10) Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ edziedzi akpe ɖe ŋuwò be nàtu mawumenɔnɔme siwo akpe ɖe ŋuwò be nànɔ dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkeke la ɖo.

14. Nu ka tae wòle be ame nado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea esi wòle agbagba dzem be yeatu ɖokuidziɖuɖu ɖo?

14 Ekema ne èdoa dziku kabakaba eye nède dzesii be yehiã ɖokuidziɖuɖu geɖe wu ya ɖe? Nɔnɔme siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ana nàtse dometɔ ɖekae nye ema. Eya ta do gbe ɖa nàbia gbɔgbɔ kɔkɔea, le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nya siawo be: “Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔ; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi. . . . Azɔ mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo, mienya alesi miana nunana nyui mia viwo, ʋuu keke Fofo, si le dziƒo la, mana [gbɔgbɔ] kɔkɔe amesiwo bianɛ la o mahã?”—Luka 11:9-13.

15. Nu kae wòle be nàwɔ ne masɔmasɔ aɖe le mia kple haxɔsetɔ aɖe dome?

15 Tsɔe be masɔmasɔ aɖe le mia kple haxɔsetɔ aɖe dome. Ne ele nenema la, dze agbagba ɖe sia ɖe be miadzra mia nɔewo dome ɖo ahato esia dzi ana be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nayi edzi anɔ hamea me. (Psalmo 133:1-3) Wɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo le Mateo 5:23, 24 alo Mateo 18:15-17 la dzi. Ne èɖea mɔ wò dzibibi nɔa anyi ɣe ɖoa to ɖe edzi la, ekema kpɔ nyawo gbɔ kaba. Zi geɖe la, nu si wòbiana koe nye be woalɔ̃ faa atsɔ ake. Paulo ŋlɔ bena: “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.”—Efesotɔwo 4:25, 26, 32.

16. Mɔ kawo nue wòhiã be wòaɖe dɔmetɔtrɔ afia le le srɔ̃ɖegbenɔnɔa me?

16 Srɔ̃ɖegbenɔnɔ bia be srɔ̃tɔwo ƒe dɔme natrɔ ɖe wo nɔewo ŋu, eye ɣeaɖewoɣi la, woatsɔ ake wo nɔewo. Ne ehiã be nàɖe lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ afia wò kpeɖeŋutɔa geɖe wu la, ekema ku kutri be nàɖo taɖodzinu sia gbɔ to Mawu kple eƒe Nya la ƒe kpekpeɖeŋu me. Ðe wòhiã be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo be nàte ŋu awɔ ɖe Korintotɔwo I, 7:1-5 me nyawo dzi, ale be nàte ŋu aɖe nuxaxa dzi akpɔtɔ ahaƒo asa na nuteƒemawɔmawɔa? Ðikeke mele eme o be agbenɔnɔ ƒe akpa sia mee wòle na srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu be eƒe “dɔme natrɔ ɖe ame ŋu” le.

17. Afɔ kawoe wòle be ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la naɖe?

17 Ke ne èwɔ nu vɔ̃ gã aɖe ya ɖe? Ðe afɔ siwo nàtsɔ aɖɔ nɔnɔmeawo ɖoe la enumake. Dze agbagba ɖe sia ɖe nàdi hamemetsitsi Kristotɔwo ƒe kpekpeɖeŋu. Woƒe gbedodoɖa kple aɖaŋuɖoɖowo akpe ɖe ŋuwò be nàgaɖo gbɔgbɔmelãmesẽ me. (Yakobo 5:13-16) Trɔ dzi me, eye do gbe ɖa na Yehowa. Esia mawɔmawɔ ana nànɔ fɔ bum ɖokuiwò eye wò dzitsinya hã anɔ fu ɖem na wò. Dawid hã to nɔnɔme ma me kpɔ, gake eƒe dzi dze eme ŋutɔ esime wòʋu eƒe nu vɔ̃a me na Yehowa. Dawid ŋlɔ bena: “Woayra amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyɔ nui. Woayra amesi Yehowa mebu vodada na o, eye eƒe gbɔgbɔ me la alakpa aɖeke meli o.” (Psalmo 32:1-5) Yehowa tsɔa ame siwo wɔ nu vɔ̃ gake trɔ dzi me vavã la ƒe nu vɔ̃wo kea wo.—Psalmo 103:8-14; Lododowo 28:13.

Mèganye Xexea Me Ƒe Akpa Aɖeke O

18. Aleke wòle be nàbu xexea mee?

18 Ðikeke mele eme o be èle mɔ kpɔm na xexe yeye wɔnuku si ƒe ŋugbe mía Fofo si le dziƒo la do na mí la. Ke aleke nèbua ameƒome madzɔmadzɔ si te eɖokui ɖe aga tso Mawu gbɔ lae? Satana ame si nye “xexeamefia” la mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe Yesu Kristo dzi o. (Yohanes 12:31; 14:30) Kakaɖedzitɔe la, mèdi be Abosam kple eƒe xexea nakpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi o, eya ta wɔ ɖe apostolo Yohanes ƒe nya siawo dzi be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o.” Esia nye nunyanu si wòle be nàwɔ, elabena “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:15-17.

19. Taɖodzinu kawoe woxlɔ̃ nu sɔhɛ Kristotɔwo be woaɖo?

19 Èle kpekpem ɖe viwòwo ŋu be ‘woadzra wo ɖokuiwo ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexea mea’? (Yakobo 1:27) Satana adi be yeaɖe viwòwo abe ale si wotsɔa ɖɔ ɖea tɔmelãwoe ene. Wotrɔ asi le hadomeha kple habɔbɔ vovovowo ŋu be woana sɔhɛwo ƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple Satana ƒe xexea me tɔ. Gake Yehowa subɔlawo le habɔbɔ ɖeka kolia si atsi anyi le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu la me xoxo. Eya ta ele be woade dzi ƒo na sɔhɛ Kristotɔwo be ‘woagba go le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Ehiã be dzila mawuvɔ̃lawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woaɖo taɖodzinu si ana woanɔ agbe si me dzidzɔ kple teƒeɖoɖo le, agbe si dea bubu Mawu ŋu eye wòkpena ɖe ame ŋu be wònɔa dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea la na wo ɖokuiwo.

Wò Susu Nenɔ Nu Siwo Ava Le Yehowa Ƒe Ŋkeke Gã Megbe La Dzi

20. Nu ka tae wòle be wò susu nanɔ agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ la dzi?

20 Àte ŋu alala Yehowa ƒe ŋkeke la dzigbɔɖitɔe ne wò susu le agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ la dzi. (Yuda 20, 21) Nɔ mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le Paradiso me, ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàgaɖo wò ɖekakpuimeŋusẽ me ake, eye ɣeyiɣi si seɖoƒe meli na o la asu asiwò nàminya taɖodzinu nyuiwo ahasrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa ŋu. Le nyateƒe me la, àte ŋu ayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Mawu ŋu tegbee, elabena eƒe “mɔwo to ko” ŋue amegbetɔwo nya nu tso fifia. (Hiob 26:14) Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname kawoe nye esi!

21, 22. Dzeɖoɖo kawoe ayi edzi le mia kple ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dome?

21 Le Paradisoa me la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be ame siwo wofɔ ɖe tsitre la nagblɔ nu siwo dzɔ va yi la na mí tsitotsito. Henox agblɔ ale si wòte ŋu wɔ be dzi nɔ eƒo wògblɔ Yehowa ƒe gbedeasia na ame mavɔ̃mawuwo la na mí. (Yuda 14, 15) Noa agblɔ ale si aɖakaʋua kpakpa nɔ la na mí. Abraham kple Sara ate ŋu agblɔ ale si wose le wo ɖokuiwo me esi wobia tso wo si be woaʋu le Ur du si me dzidzeme nɔ la me aɖanɔ avɔgbadɔwo me la na mí. Kpɔ ale si wòanɔ ne Ester le nu ƒom tso ale si wòʋli eƒe amewo ta, eye wògblẽ Haman ƒe nugbe si wòɖo ɖe wo ŋu me ŋu la ɖa. (Ester 7:1-6) Kpɔe ɖa ko be Yona le nu ƒom tso ŋkeke etɔ̃ siwo wòtsɔ nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ mee ŋu, alo Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa le ale si wòse le eɖokui me esime wònɔ Yesu nyrɔm la gblɔm. (Luka 3:21, 22; 7:28) Nu dodzidzɔname gbogbo kawoe nye esi míasrɔ̃!

22 Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu asiwò be nàkpe ɖe ame siwo woafɔ ɖe tsitre la ŋu be “sidzedze Mawu” nasu wo si. (Lododowo 2:1-6) Aleke wòdoa dzidzɔ na míe nye esi ne míekpɔ amewo le sidzedze Yehowa Mawu xɔm eye wole agbe nɔm ɖe enu egbea! Gake bu ale si gbegbe dzi adzɔ wò le etsɔmee ɖa ne Yehowa yra ɖe agbagba siwo dzem nèle le nu fiam ame siwo nɔ agbe gbe aɖe gbe ʋĩ ke la dzi, eye wole ŋudzedze kpɔm ɖe nu si srɔ̃m wole la ŋu ŋu kpɔ!

23. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

23 Esi míede blibo o ta la, míate ŋu axlẽ viɖe siwo mí Yehowa ƒe amewo míekpɔna egbea la avɔ alo adzro wo katã me o. (Psalmo 40:6) Vevietɔ wu la, míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmemɔnuɖoɖo siwo Mawu wɔ na mí la ŋu. (Yesaya 48:17, 18) Eɖanye aleke kee míaƒe nɔnɔmewo le o, mina míawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔea tso dzi blibo me esi míele Yehowa ƒe ŋkeke gã la lalam.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae nye “Yehowa ƒe ŋkeke la”?

• Aleke nàte ŋu anɔ dzadzraɖoɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ŋui?

• Esi Mawu ƒe ŋkeke gã la tu aƒe alea ta la, tɔtrɔ kawoe wòahiã be míawɔ?

• Nu kae nèle mɔ kpɔm na ne Yehowa ƒe ŋkeke la va yi vɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yesu nɔ dzadzraɖoɖi na dodokpɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mɔnukpɔkpɔ kae nye esi wòanye be míakpe ɖe ame siwo woafɔ ɖe tsitre la ŋu be sidzedze Yehowa nasu wo si!