Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Trɔ̃subɔsubɔzã Ate Ŋu Azu Kristotɔwo Ƒe Azãa?

Ðe Trɔ̃subɔsubɔzã Ate Ŋu Azu Kristotɔwo Ƒe Azãa?

Ðe Trɔ̃subɔsubɔzã Ate Ŋu Azu Kristotɔwo Ƒe Azãa?

NYAƲIƲLI sesẽ aɖe yi edzi le Italy le Kristmas ɖuɣi le ƒe 2004 ƒe ada me. Suku tatɔ kple suku nufiala aɖewo de nukpɔsusu si nye be woaɖe susu hehe yi Kristmas subɔsubɔkɔnuwo dzi kpɔtɔ loo alo adzudzɔe kura la dzi. Wowɔ esia be woatsɔ ade bubu sukuvi siwo menye Katolikotɔwo loo alo Protestanttɔwo o siwo le dzidzim ɖe edzi la ŋu. Gake suku tatɔ kple nufiala bubuwo kpakple dɔ bubu wɔla aɖewo te tɔ ɖe edzi be ele be woade bubu kɔnuwo ŋu eye woalé wo me ɖe asi pɛpɛpɛ.

Gake to vovo na nyaʋiʋli siawo la, afi ka koŋ ye Kristmas ƒe kɔnuwo dometɔ geɖe dzɔ tso? Esime nyaʋiʋlia nɔ eƒe sesẽaƒe ɖom la, Vatican ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye L’Osservatore Romano ɖe nya vevi aɖewo ɖe go.

Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ ku ɖe ŋkeke si dzi woɖua Kristmas le la ŋu be: “Womenya ŋkeke si tututu dzi wodzi Yesu o, elabena Romatɔwo ƒe ŋutinya, amexexlẽ si fia de se be woawɔ ɣemaɣi, kple numekuku siwo wowɔ le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me meɖe ŋkeke si tututu wònye la fia o. . . . Roma Sɔlemeha lae tia December 25 ƒe ŋkekea le ƒe alafa enelia me, abe ale si ame geɖe nyae egbea ene. Le ɣeyiɣi siwo me Romatɔwo subɔa mawu geɖewo me la, Ɣemawu ye woɖua azã na le ŋkeke sia dzi. . . . Togbɔ be Konstantino ƒe Se da asi ɖe Kristotɔnyenye dzi le Roma ɣemaɣi hã la, . . . Ɣemawu la ƒe alakpasubɔsubɔ de du ŋutɔ, vevietɔ le asrafowo dome. Woɖua azã siwo míeyɔ do ŋgɔ la le December 25 lia dzi, eye wodzɔ tso kɔnu siwo dzi ame geɖe da asi ɖo ɣemaɣi la me. Esia na be Roma Sɔlemeha la kpɔe be ele be yeana amewo naxɔe ase be Kristotɔwo ƒe azãe woɖuna le December 25 lia dzi, eya ta etsɔ Dzɔdzɔenyenye ƒe Ɣe vavã, Yesu Kristo, ɖɔli Ɣemawu la teƒe eye wòtia ŋkeke sia be wòanye Yesu ƒe dzigbezã.”

Ke Kristmas ti si wozãna le Katolikotɔwo ƒe kɔnuwo me fifia ya ɖe?

Nyati si dze le Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽa me tɔ asi edzi be le keke blemaɣiwo la, wobua ati maluxe geɖewo, abe “holly, dzoŋgbalẽti, sesewu, kple fir (sapin) ƒe alɔwo be ŋusẽ tɔxɛ aɖe alo dɔdaŋusẽ si woate ŋu atsɔ axe mɔ ɖe dɔlélewo nu le wo me.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ yi edzi be: “Le Kristmas Dzodragbe si nye December 24 la, woɖua Adam kple Xawa ƒe azã, eye wonɔa ŋutinya si ku ɖe anyigba dzi Paradiso Ti la ŋu la gblɔm . . . Ðe wòle be ati la nanye atɔtɔŋuti ƒe ati hafi, gake esi wònye be atɔtɔŋuti ƒe ati masɔ le ada me o ta la, wotsɔa fir ti dana ɖe teƒe kɔkɔ aɖe eye wotsɔa atɔtɔŋuti aɖewo dea eƒe alɔawo me, alo bene woawɔ Ðeɖekpɔkpɔ si ava le etsɔme ƒe kpɔɖeŋu la, wowɔa Nuɖuɖu Kɔkɔe bolo siwo wotsɔ akpɔnɔvivi wɔ siwo wome ɖe nɔnɔme aɖe koŋ me si tsi tsitre ɖi na Yesu ƒe anyinɔnɔ le Kplɔ̃ŋudeɣi la, eye nenema kee wonaa kpetikewo kpakple nunana ɖeviwo hã.” Ke aleke wòva nɔ le ɣeyiɣi mawo megbe?

Esi nyadzɔdzɔgbalẽ si nye L’Osservatore Romano gblɔ be Germany ye Kristmas ti zazã dze egɔme tsoe le ƒe alafa 16 lia me vɔ la, egblɔ be: “Italy nye dukɔ mamlɛtɔ siwo va da asi ɖe Kristmas tiwo zazã dzi dometɔ ɖeka, susu siwo tae la dometɔ ɖekae nye be wonɔ wobewobewo sem be Prostestanttɔwo ƒe kɔnuwɔwɔe Kristmas ti zazã nye, eya ta ele be woaɖɔlii kple lãwo ƒe nuɖuɖaka [Yesu Dzidzi ŋuti nutatawo].” Papa Paulo VI ye “dze kɔnu si nye Kristmas ti gã aɖe dada ɖe [St. Peter’s Square, Rome] Yesu Dzidzi ŋuti Nutatawo gbɔ wɔwɔ gɔme.”

Aleke nèkpɔe, ɖe wòsɔ be subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖe nana woasusui be Kristotɔwo ƒe gɔmesese le nudzɔdzɔ kple dzesi siwo dzɔ tso blema trɔ̃subɔsubɔ me la ŋua? Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu Kristotɔ vavãwo ku ɖe nu si sɔ be woawɔ ŋu ale: “Hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?”—Korintotɔwo II, 6:14-17.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]

Kristmas ti (axa kemɛ dzi) kple Yesu Dzidzi ŋuti nutata le Vatican

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© 2003 BiblePlaces.com

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ɣemawu la

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Museum Wiesbaden