Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lãnu Sia Lãnu Si Wotu Ðe Ŋuwò La Madze Edzi O

Lãnu Sia Lãnu Si Wotu Ðe Ŋuwò La Madze Edzi O

Lãnu Sia Lãnu Si Wotu Ðe Ŋuwò La Madze Edzi O

“Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.”—YESAYA 54:17.

1, 2. Aleke nu siwo me Yehowa Ðasefo siwo nɔ Albania to la ɖo kpe Yesaya 54:17 me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi?

ƑE GEÐEWOE nye esi va yi la, Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo mevɔ̃na o nɔ todu sue aɖe si le Europa ƒe anyieheɣedzeƒe gome la me. Kɔmiunisttɔ mawudzimaxɔselawo ƒe dziɖuɖu aɖe dze agbagba ɖe sia ɖe be yeatsrɔ̃ wo ɖa. Ke hã, funyafunyawɔame, fuwɔamegaxɔwo, kple aʋatsonyawo gbɔgblɔ tso wo ŋu to nyakakamɔnuwo dzi mete ŋu tsrɔ̃ wo ɖa o. Ame kawoe wonye? Woawoe nye Yehowa Ðasefo siwo nɔ Albania. Togbɔ be kpekpeawo dede kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ sesẽ ŋutɔ ɣemaɣi hã la, woƒe kutrikuku ƒe geɖe do Kristotɔnyenye ɖe dzi, eye wòhe kafukafu va Yehowa ƒe ŋkɔa dzi. Le ƒe si va yi me esime wonɔ woƒe alɔdzedɔwɔƒea yeyea ŋu kɔm la, Ðasefo aɖe si wɔ nuteƒe hena ƒe geɖe la gblɔ be: “Aleke kee Satana dzea agbagbae o, eyi edzi le kpo dom nu, eye Yehowa yi edzi le dzi ɖum!”

2 Esiawo katã ɖo kpe ŋugbe si Mawu do na eƒe amewo si woŋlɔ ɖe Yesaya 54:17 la ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu.” Ŋutinya ɖo kpe edzi be naneke meli si Satana ƒe xexea ate ŋu awɔ atsɔ atɔ te subɔsubɔ si Yehowa Mawu ƒe subɔla ɖeadzɔgbewo tsɔna nanɛ la o.

Satana Ƒe Agbagbadzedze Siwo Mekpɔ Dzidzedze O

3, 4. (a) Nu kawoe nye Satana ƒe lãnuwo dometɔ aɖewo? (b) Mɔ kawo nue Abosam ƒe lãnuwo mekpɔ dzidzedze o le?

3 Lãnu siwo wozã ɖe mí tadeagula vavãwo ŋu la dometɔ aɖewoe nye asiɖoɖo dɔa dzi, nu vlo wɔhawo ƒe amedzidzedze, gaxɔwo me nɔnɔ, kple alakpanyawo gbɔgblɔ ɖe mía ŋu na dziɖuɖuwo. (Psalmo 94:20) Le nyateƒe me la, esime mí Yehowa Ðasefowo míele nyati sia srɔ̃m gɔ̃ hã la, wole Kristotɔ vavãwo ‘tem kpɔ’ le woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ta le dukɔ aɖewo me.—Nyaɖeɖefia 2:10.

4 Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe ka nya ta be, le ƒe ɖeka pɛ ko me la, wodze Mawu ƒe amewo dzi hewɔ nu vevi wo le nudzɔdzɔ 32 me esime wonɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kpovitɔwo dze Ðasefowo—tsitsiawo kple ɖeviwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa—dzi le nudzɔdzɔ 59 me esime wonɔ gbeƒã ɖem le dutoƒo. Woɖe wo dometɔ aɖewo ƒe asibidenudzesiwo da ɖi, woɖe foto wo, eye wode wo gaxɔ me abe nu vlo wɔlawo ene. Wodo ŋɔdzi na wo dometɔ bubuwo be yewoawɔ nu vevi wo. Le dukɔ bubu me la, nyatakaka siwo ŋu kpeɖodzi le ɖee fia be Yehowa Ðasefo siwo wolé, do fe na, alo ƒo la wu 1,100 fifia. Nudzɔdzɔ siawo dometɔ siwo wu 200 do mo ɖa esime woƒo ƒu hena ŋkuɖoɖo Yesu ƒe ku dzi! Ke hã, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kpe ɖe eƒe amewo ŋu wote ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme madeamedzi gbogbo siawo nu, le dukɔ sia kple du bubuwo siaa me. (Zaxarya 4:6) Futɔwo ƒe dziku mate ŋu amia nu na ame siwo le Yehowa kafum la o. Ɛ̃, míeka ɖe edzi be lãnu aɖeke mate ŋu agblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo me o.

Wobu Fɔ Aʋatsoɖewo

5. Aʋatsoɖe kawoe tso ɖe Yehowa subɔlawo ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me?

5 Yesaya gblɔ ɖi be Mawu ƒe amewo abu fɔ aɖe sia aɖe si atso ɖe wo ŋu la. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wogblɔ aʋatsonyawo ɖe Kristotɔwo ŋu zi geɖe, eye wogblɔ tso wo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo. Nya siwo dze le Dɔwɔwɔwo 16:20, 21 nye aʋatsonutsotso mawo ƒe kpɔɖeŋu ɖeka: “Amesiawo la, . . . wole míaƒe du la nyamam; eye wole kɔ, siwo medze mí be, míaxɔ alo míanyi o la, gblɔm fia mí, elabena Romatɔwo míenye.” Ɣebubuɣi la, subɔsubɔhakplɔla siwo nye tsitretsiɖeŋulawo dze agbagba be yewoade adã tame na dugã dziɖulawo be woatu nu kple Kristo yomedzelawo, wogblɔ be: “Amesiwo de zi xexeame la, wova afisia hã, . . . amesiawo katã woda kaisaro ƒe seawo dzi.” (Dɔwɔwɔwo 17:6, 7) Wona ŋkɔ Paulo be “dɔvɔ̃” kple kɔmama aɖe si nɔ zi dem amewo dome “le xexeame godoo” la ƒe kplɔla.—Dɔwɔwɔwo 24:2-5.

6, 7. Mɔ siwo dzi Kristotɔ vavãwo tona bua fɔ aʋatsoɖe siwo tsona ɖe wo ŋu la dometɔ ɖeka ɖe?

6 Eya ta ne wole alakpanya vɔ̃ɖiwo gblɔm ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu, le wo nu tsom alakpatɔe, le wo ŋu gblẽm hele nya vɔ̃wo kakam tso wo ŋu egbea la, mewɔa nuku na mí o. Ke aleke míebua fɔ aʋatsoɖe siawoe?—Yesaya 54:17.

7 Zi geɖe la, Yehowa Ðasefowo toa woƒe agbe nyui nɔnɔ dzi ɖenɛ fiana be aʋatsonutsotso kple ameŋugblẽnya mawo menye nyateƒe o. (Petro I, 2:12) Ne Kristotɔwo wɔ nu tsɔ ɖee fia be yewonye dumevi siwo wɔa se dzi kple ame siwo nɔa agbe nyui hetsɔa ɖe le wo havi amegbetɔwo ƒe nyonyo me la, edzena ƒãa be nutsotso siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la nye alakpa. Míaƒe agbe nyui nɔnɔ ɖia ɖase le mía ŋu. Zi geɖe la, ne amewo de dzesi míaƒe dɔ nyuiwo la, eʋãa wo be woakafu mía Fofo si le dziƒo la, eye wolɔ̃na ɖe edzi be esubɔlawo ƒe agbenɔnɔmɔ lae nye nyuitɔa.—Yesaya 60:14; Mateo 5:14-16.

8. (a) Nu kae wòahiã ɣeaɖewoɣi be míawɔ atsɔ aʋli Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu si le mía si la tae? (b) Le Kristo sɔsrɔ̃ me la, aleke míebua fɔ aɖe siwo tsona ɖe mía ŋu lae?

8 Tsɔ kpe ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋu la, ahiã ɣeaɖewoɣi be míaʋli Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu siwo le mía si ta dzinɔameƒotɔe. Mɔ siwo dzi míewɔa esia to la dometɔ ɖekae nye biabia tso dziɖuɖuwo kple setɔwo si be woakpɔ mía ta. (Ester 8:3; Dɔwɔwɔwo 22:25-29; 25:10-12) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ehe nya kple eƒe tsitretsiɖeŋulawo eye wòklo nu le woƒe alakpanyawo dzi kãa ɣeaɖewoɣi. (Mateo 12:34-37; 15:1-11) Le Yesu sɔsrɔ̃ me la, míelɔ̃na faa be míaɖe míaƒe dzixɔsewo me tsitotsito tso dzi me na amewo ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na mí. (Petro I, 3:15) Mele be míaɖe mɔ gbeɖe be sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, alo ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la ƒe fewuɖuɖu le mía ŋu nana míadzudzɔ nuƒoƒo tso nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me ŋu o.—Petro II, 3:3, 4.

Yerusalem—Si Nye ‘Kpegba’

9. Yerusalem kae wotsɔ “kpegba” tsi tsitre ɖi na le Zaxarya 12:3, eye ame kawoe le eteƒe le anyigba dzi egbea?

9 Zaxarya ƒe nyagblɔɖia ɖe susu si tae dukɔwo tsia tsitre ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu la fia. De dzesi nu si Zaxarya 12:3 gblɔ: “Ɣemaɣi la matsɔ Yerusalem awɔ kpegbae na dukɔwo katã.” Yerusalem ka ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo? Nya si Zaxarya gblɔ ɖi ɖe Yerusalem ŋu la ku ɖe “dziƒo Yerusalem,” si nye Dziƒofiaɖuƒe si woyɔ Kristotɔ amesiaminawo na, la ŋu. (Hebritɔwo 12:22) Mesia Fiaɖuƒe sia ƒe domenyila susɔe ʋɛ aɖewo gakpɔtɔ le anyigba dzi. Woa kple woƒe zɔhɛ siwo nye “alẽ bubuwo” le nu xlɔ̃m amewo be woava nɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi esi ɣeyiɣi gakpɔtɔ li. (Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 11:15) Aleke dukɔwo le nu wɔm ɖe amekpekpe sia ŋui? Eye kpekpeɖeŋu ka ƒomevie Yehowa naa esubɔla vavãwo egbea? Mina míakpɔ esia ɖa esi míeyi edzi le Zaxarya ta 12 lia me dzrom. Esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu kakaɖedzi nasu mía si be ‘lãnu aɖeke makpɔ dzidzedze ɖe’ Mawu ƒe amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ɖeadzɔgbewo ŋu o.

10. (a) Nu ka tae wodzea Mawu ƒe amewo dzi? (b) Nu kae dzɔna ɖe ame siwo dzea agbagba be yewoahe ‘kpegba’ ɖa la dzi?

10 Zaxarya 12:3 ɖee fia be dukɔwo xɔa “abi” vevie. Aleke esia dzɔnae? Mawu de se be ele be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Yehowa Ðasefowo tsɔa sedede sia ŋkubiãnyae. Ke hã, gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea be eya koe nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia la va zu ‘kpegba’ na dukɔwo. Wodzea agbagba be yewoatee ɖa le yewoƒe mɔ dzi to tsitretsitsi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ŋu me. Dukɔ siwo ƒoa wo ɖokui ɖe esia wɔwɔ me la ‘dea abi wo ɖokuiwo ŋu’ vevie, eye woxɔa abi nyamanyama. Eye woɖia gbɔ wo gɔ̃ hã, ne wodo kpo nu ŋukpetɔe. Womate ŋu amia nu na tadeagula vavã siwo dea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒe ŋuti ‘nya nyui mavɔ’ la hafi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu naɖo ŋu la o. (Nyaɖeɖefia 14:6) Esi gaxɔdzikpɔla aɖe si le Afrika dukɔ aɖe me le ale si wonɔ fu wɔm Yehowa subɔlawo teƒe kpɔm la, egblɔ be: ‘Miele miaƒe ŋusẽ gblẽm be yewole ame siawo yome tim. Womana ta gbeɖe o. Ðeko wole dzidzim ɖe edzi.’

11. Aleke Mawu wɔ ɖe ŋugbe si wòdo le Zaxarya 12:4 la dzii?

11 Xlẽ Zaxarya 12:4. Yehowa do ŋugbe be yeagbã ŋku na ame siwo le avu wɔm kple yeƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela dzinɔameƒotɔwo le kpɔɖeŋumɔ nu ahana ‘woadze aɖaʋa.’ Ewɔ ɖe eƒe nya dzi. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ aɖe si me woɖo asi dɔa dzi le me la, tsitretsiɖeŋulawo mete ŋu xe mɔ ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si Mawu ƒe amewo xɔna la nu o. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe kura gɔ̃ hã gblɔ be Yehowa Ðasefowo zãa ƒuƒulotowo (alo wotowotowo) tsɔ lɔa Biblia srɔ̃gbalẽwo va dukɔa me! Ŋugbe si Mawu do na esubɔla wɔnuteƒewo la va eme be: “Mado vɔvɔ̃ na sɔwo katã, eye sɔdolawo adze aɖaʋa; nye ŋku anɔ te.” Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe futɔ siwo dziku gbã ŋku na la menya afi si woato o. Ke hã, míeka ɖe edzi be Yehowa akpɔ eƒe amewo ta abe ƒuƒoƒo ene eye wòatsɔ ɖe le woƒe nyonyo me godoo.—Fiawo II, 6:15-19.

12. (a) Gɔmesese ka nue Yesu da dzo ɖe anyigba dzi le eƒe anyigbadzinɔɣi le? (b) Aleke amesiaminawo tɔ dzo nuwo le gbɔgbɔmegɔmesese nu, eye nu kawoe do tso eme?

12 Xlẽ Zaxarya 12:5, 6. “Yuda-amegãwo” tsi tsitre ɖi na ame siwo xɔa ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome. Yehowa tsɔ dzonɔameme sẽŋu yɔ ame siawo me taŋtaŋ bene woate ŋu akpɔ Fiaɖuƒe ƒe nu siwo le anyigba dzi la dzi. Ɣeaɖeɣi la, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Meva dzo da ge ɖe anyigba dzi.” (Luka 12:49) Eva da dzo ɖe anyigba dzi hã nyateƒe. Yesu to eƒe gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe dzi na be Mawu ƒe Fiaɖuƒea va nye nu si koŋ ŋu amewo ƒoa nu tsoe. Esia he nyaʋiʋli sesẽ aɖe de amewo dome le Yuda duwo katã me. (Mateo 4:17, 25; 10:5-7, 17-20) Nenema kee abe ‘dzoɖesonu ɖe nake titina kple akakati bibi le gbe ƒuƒu me ene’ la, ame siwo dzea Kristo ƒe afɔɖoƒewo yome la tɔa dzo nuwo le gbɔgbɔmegɔmesese nu. Agbalẽ si nye The Finished Mystery * si wota le ƒe 1917 me klo nu le Kristodukɔa ƒe alakpanuwɔwɔ dzi wòdze gaglãa. Esia na sɔlemehakplɔlawo wɔ nu adãtɔe. Nyitsɔ laa la, Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 37 lia si ƒe tanyae nye “Ɣeyiɣi si me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða la Ðo Vɔ!” ʋã ame geɖe wowɔ nyametsotso be yewoanɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi loo alo yewoatsi tsitre ɖe eŋu.

Woxɔ Na “Yuda ƒe agbadɔ” La

13. Nu kae nyagbɔgblɔ “Yuda ƒe agbadɔ” la fia, eye nu ka tae Yehowa xɔna na ame siwo dzi wodze la?

13 Xlẽ Zaxarya 12:7, 8. Agbadɔwo nye nu siwo wozãna ŋutɔ le blema Israel, alẽkplɔlawo kple agbledelawo nɔa wo me ɣeaɖewoɣi. Ne futɔwo va be yewoadze Yerusalem dzi la, ame siawo ŋue wòagblẽ nu le gbã, eye woawoe nye ame gbãtɔ siwo ahiã takpɔkpɔ tso futɔawo si me. Nyagbɔgblɔ si nye “Yuda ƒe agbadɔ” ɖee fia be le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, amesiamina susɔe siwo li le míaƒe ŋkekea me la le teƒe si le nu vo ke menye du sesẽwo me o. Le afi ma la, woʋlia Mesia Fiaɖuƒea ƒe nuwo ta vɔvɔ̃manɔmee. Yehowa aʋakɔwo ƒe Mawu la, “axɔ na Yuda ƒe agbadɔ gbã,” elabena woawo koŋ dzie Satana dzena.

14. Aleke Yehowa ʋlia ame siwo le “Yuda ƒe agbadɔ” me la ta, eye wokpɔa wo ta be womeklia nu o?

14 Le nyateƒe me la, ŋutinya me nuŋlɔɖia ɖo kpe edzi be Yehowa le eƒe amesiamina siwo nye Fiaɖuƒea teƒenɔlawo la ta ʋlim le woƒe “agbadɔ” siwo le teƒe siwo le nu vo la me. * Ekpɔa woƒe ‘ame beliwo ta be womeklia nu o’ le susua nu be edoa ŋusẽ wo eye dzi ɖoa wo ƒo abe fia aʋawɔla Dawid ene.

15. Nu ka tae Yehowa ‘di be yeatsrɔ̃ dukɔwo katã,’ eye ɣekaɣie wòawɔ esia?

15 Xlẽ Zaxarya 12:9. Nu ka tae Yehowa ‘di be yeatsrɔ̃ dukɔwo katã’? Elabena woyi edzi le tsitre tsim ɖe Mesia Fiaɖuƒea ŋu. Wodze na tsɔtsrɔ̃, elabena woɖea fu na Mawu ƒe amewo eye wotia wo yome. Eteƒe madidi o, Satana ƒe dɔla siwo le anyigba dzi adze Mawu vavã la subɔlawo dzi zi mamlɛtɔ eye esia ahe afɔku si ava xexea me dzi si woyɔ le Biblia me be Harmagedon la vae. (Nyaɖeɖefia 16:13-16) Ʋɔnudrɔ̃la Gãtɔ la atso ɖe amedzidzedzea ŋu eye wòaʋli esubɔlawo ta ahakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti le dukɔwo dome.—Xezekiel 38:14-18, 22, 23.

16, 17. (a) Nu kae “nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu”? (b) Nu ka dzie míaƒe dzidodo le Satana ƒe amedzidzedzewo me ɖoa kpee?

16 Lãnu aɖeke mele Satana si si wòate ŋu atsɔ agbɔdzɔ Mawu ƒe amewo ƒe xɔse me alo atsi woƒe dzonɔameme nu le xexea godoo o. Ŋutifafa si míekpɔna tso Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ me la “nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu.” (Yesaya 54:17) Ame aɖeke mate ŋu axɔ ŋutifafa kple gbɔgbɔ me nudzedziname si le mía si la sesẽe o. (Psalmo 118:6) Satana ayi edzi anɔ tsitretsiɖeŋu ƒe dzo la tum ɖo eye wòanɔ agbagba dzem be yeahe xaxawo ava mía dzi. Ale si míedoa dzi le vlodoamewo me nuteƒewɔwɔtɔe la nye kpeɖodzi be Mawu ƒe gbɔgbɔa le mía dzi. (Petro I, 4:14) Wole gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la le xexea me godoo. Abe futɔwo ƒe lãnu siwo wotsɔ ƒoa ame ƒua anyii ene la, wole kpɔɖeŋu tsitretsiɖeŋu ƒe “akafokpewo” dam ƒu Mawu ƒe amewo. Ke hã, Yehowa subɔlawo dea axa na nenem kpe mawo hetsia woƒe nu vevi wɔame nu le Eƒe ŋusẽ me. (Zaxarya 9:15) Womate ŋu atɔ te dɔ si wɔm amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛwo le la o!

17 Míele mɔ kpɔm na ɖeɖekpɔkpɔ keŋkeŋ tso Abosam ƒe amedzidzedzeawo me. Aleke gbegbe kakaɖedzi si le mía si be ‘lãnu sia lãnu, si wotu ɖe mía ŋu la, madze edzi o, eye be míabu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe mía ŋu le ʋɔnu’ la faa akɔ na míe nye esi!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

^ mm. 14 Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu), axa 675-6, si Yehowa Ðasefowo ta.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae ɖee fia be Satana ƒe lãnuwo mekpɔ dzidzedze o?

• Aleke dziƒo Yerusalem va zu “kpegbae”?

• Aleke Yehowa xɔ na ‘Yuda ƒe agbadɔe’?

• Esi míegogo Harmagedon la, kakaɖedzi kae wòle be wòanɔ asiwò?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Yehowa subɔla siwo le Albania lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi togbɔ be Satana dze wo dzi hã

[[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yesu ɖee fia be nya siwo wotsɔ tso ye nu menye nyateƒe o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Lãnu siwo wotuna ɖe nya nyui gbeƒãɖelawo ŋu la dometɔ aɖeke madze edzi o