Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Miaƒe Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”

“Miaƒe Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”

“Miaƒe Dɔme Natrɔ Ðe Ame Ŋu”

MEDZƆ be amegbetɔwo di be woaɖe dɔmetɔtrɔ afia yewo alea kpɔ o, le esi amewo le akɔ kpem kple dɔwuame, dɔléle, hiãkame, nu vlo wɔwɔ, dukɔmeviwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ, kple dzɔdzɔmefɔkuwo ta. Dɔmetɔtrɔ bia be woade dzesi ame bubuwo ƒe fukpekpewo alo nɔnɔme sesẽ siwo me wole la ahadi be woawɔ nane atsɔ aɖe woƒe fukpekpeawo dzi kpɔtɔ. Abe ale si tsi fafɛ aɖe nono naa ame si to ŋdɔkutsu sesẽ aɖe gbe ƒe dzi dzea emee ene la, nenema kee dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia ame aɖe si dzi nu te ɖo hã nana eƒe dzi dzea eme, eƒe vevesese dzi ɖena kpɔtɔ, eye wònaa dzi gaɖoa eƒo.

Míate ŋu aɖe dɔmetɔtrɔ afia to nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me—ebia be míatsɔ ɖe le eme na amewo eye míanɔ klalo be míana kpekpeɖeŋu wo ɣesiaɣi si wohiãe. Anyo be manye míaƒe ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple ame nyanyɛwo koe míanɔ dɔmetɔtrɔ ɖem fia o. Míate ŋu aɖe dɔmetɔtrɔ afia ame siwo míenya o kura gɔ̃ hã. Le Yesu Kristo ƒe Todzimawunya la me la, ebia be: “Ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã?” Yesu, ame si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu la gblɔ be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 5:46, 47; 7:12.

Àte ŋu axlẽ nya siawo—si woyɔna be Sikasedede la—le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me. Ame geɖe lɔ̃na ɖe edzi be Biblia mee mɔfiame nyuitɔ siwo ku ɖe dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia ŋu la le. Ŋɔŋlɔawo gblɔ agba si le mía dzi be míakpe ɖe ame siwo mate ŋu awɔ naneke tso nɔnɔme si me wole ŋu o le susu aɖewo ta la ŋu zi gbɔ zi geɖe. Biblia gblɔ tso Yehowa Mawu ame si nye Eŋlɔla kple mía Wɔla la ŋu be enye ame si ɖo dɔmetɔtrɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖi.

Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ be: “[Mawu nye] amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wòlɔ̃a amedzro hena abolo kple avɔtatae.” (Mose V, 10:18) Wogblɔ le Yehowa Mawu ŋu be enye “amesi tsona na amesiwo wote ɖe anyi, eye wònaa abolo dɔwuitɔwo.” (Psalmo 146:7) Yehowa de se ku ɖe amedzrovi siwo dzi nu mede o la ŋu be: “Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene.”—Mose III, 19:34.

Gake dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Kolose la bena: “Mieɖe ame xoxoa kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye mido ame yeye, si wowɔ yeye hena sidzedze le amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu . . . Esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ.”—Kolosetɔwo 3:9, 10, 12.

Eya ta dɔmetɔtrɔ tutuɖo bia agbagbadzedze. Nɔnɔme ma nye ‘amenyenye yeye’ si wòle be Kristotɔwo naɖe afia la ƒe akpa aɖe. Paulo nɔ agbe le blema Romatɔwo ƒe xexe sẽŋuta la me. Exlɔ̃ nu eƒe haxɔsetɔwo be woawɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe amenyenye ŋu ale be woazu ame siwo sea veve ɖe ame nu heɖea dɔmetɔtrɔ fiana geɖe wu.

Ŋusẽ Si Dɔmetɔtrɔ Kpɔna Ðe Amewo Dzi

Ame aɖewo bua ame siwo ɖea dɔmetɔtrɔ fiana be wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple wɔnamanɔŋutɔwo. Ðe nuŋububu alea sɔa?

Kura o! Nu si koŋ ʋãa ame wòɖea dɔmetɔtrɔ fiana lae nye lɔlɔ̃ deto. Lɔlɔ̃ sia tso Mawu, ame si ɖo lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ ɖi, la gbɔ. ‘Mawue nye lɔlɔ̃.’ (Yohanes I, 4:16) Woyɔ Yehowa wòsɔ nyuie be “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu.” (Korintotɔwo II, 1:3) Gɔmesese si koŋ le nyagbɔgblɔ “dɔmetɔtrɔ” ŋue nye “nublanuikpɔkpɔ kple vevesese ɖe ame siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la nu.” Yehowa ‘nyoa dɔme na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo’ kura gɔ̃ hã!—Luka 6:35.

Mía Wɔla la di tso mía si be míawo hã míaɖe nɔnɔme nyuiwo afia; wo dometɔ ɖekae nye dɔmetɔtrɔ. Míexlẽ le Mixa 6:8 be: “Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ.” Míexlẽ le Lododowo 19:22 hã be: “Dɔmenyonyo enye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃.” Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, si ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia bliboe la hã xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Mizu nublanuikpɔlawo, abe alesi mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.” (Luka 6:36) Gɔmeɖeɖe si nye The Jerusalem Bible ɖe nya siawo gɔme be: “Míaƒe dɔme netrɔ ɖe ame ŋu abe ale si mia Fofo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋui ene.”

Susu nyuiwo li si tae wòle be míaƒe dɔme natrɔ ɖe amewo ŋu, elabena esia wɔwɔ hea viɖe geɖewo vanɛ. Míekpɔa nya siwo woŋlɔ ɖe Lododowo 11:17 be, “dɔmenyotɔ wɔa nyuie na eya ŋutɔ ɖokui” la ƒe nyateƒenyenye teƒe zi geɖe. Ne míeɖe dɔmetɔtrɔ fia ame aɖe si le hiã me la, Mawu bunɛ be Ye ŋutɔe míewɔ dɔmenyo ma na. Etsɔnɛ ɖo eɖokui dzi be yeatsɔ dɔmenyonyo aɖo dɔmetɔtrɔ si ye subɔlawo ɖena fiana la teƒe na wo. Gbɔgbɔ ʋã Fia Salomo wògblɔ be: “Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.” (Lododowo 19:17) Eye Paulo ŋlɔ bena: “Mienyae bena, nu nyui, si ke amesiame wɔna la, eya ke wòaxɔ tso Aƒetɔ la gbɔ.”—Efesotɔwo 6:8.

Dɔmetɔtrɔ tea ŋu nana be ɖekawɔwɔ kpɔtɔ nɔa mía dome eye wònana hã be míekpɔa masɔmasɔwo gbɔ. Ekpena ɖe mía ŋu míeɖɔa nugɔmemasemase na ame nɔewo ɖo, eye wònaa mɔnukpɔkpɔ mí be míatsɔ ake. Nugɔmemasemase na ame nɔewo ate ŋu ado mo ɖa, elabena míetea ŋu ɖea nu si le susu me na mí kple ale si míesena le mía ɖokui me la gblɔna ɣesiaɣi abe ale si míedii ene o, alo amewo ate ŋu ase míaƒe nuwɔnawo gɔme bubui. Le nɔnɔme sia me la, dɔmetɔtrɔ kpena ɖe mía ŋu míekpɔa kuxiawo gbɔ, eye míenaa ŋutifafa kpɔtɔ nɔa anyi. Ele bɔbɔe be woatsɔ ake ame aɖe si wonya nyuie be eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu. Dɔmetɔtrɔ kpena ɖe mía ŋu míetea ŋu wɔna ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na Kristotɔwo be “mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la” la dzi.—Kolosetɔwo 3:13.

Dɔmetɔtrɔ—Veveseseɖeamenu Ðeɖe Fia

Gawu la, dɔmetɔtrɔ ɖeɖe fia tea ŋu ɖea fukpekpe dzi kpɔtɔ. Abe ale si míekpɔe ene la, eʋãa mí míeɖea veveseseɖeamenu fiaa ame siwo le xaxawo me tom, eye wònana míekpea fu kple ame siwo le fu kpem la. Dɔmetɔtrɔ bia be woawɔ nu ɖe ame siwo le fu kpem la ŋu lɔlɔ̃tɔe eye woawɔ nane atsɔ akpe ɖe wo ŋu.

Ne Kristotɔwo ƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu la, ke Yesu ye nye ema srɔ̃m wole. Edia ɣeyiɣi ɣesiaɣi tsɔ naa gbɔgbɔ me kple ŋutilã me kpekpeɖeŋu amewo. Esi wòde dzesii be amewo nɔ hiã me la, eto mɔ aɖe dzi kpe ɖe wo ŋu dɔmetɔtrɔtɔe.

Bu ale si Yesu wɔ nui esime wòkpɔ ameha aɖe si gbɔgbɔmedɔ nɔ wuwum la ŋu kpɔ: “Esi wòkpɔ amehaawo la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wowɔ fu wo, eye woka hlẽ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.” (Mateo 9:36NW) Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be nya si gɔme woɖe le afi sia be “nu wɔ nublanui nɛ” la fia “seselelãme aɖe si ʋãa ame yina ɖe keke ememe ʋĩ ke.” Le nyateƒe me la, woyɔ nya sia be enye nya sẽŋu kekeake siwo wozãna na dɔmetɔtrɔ le Helagbe me la dometɔ ɖeka.

Le mɔ ma ke nu la, Kristotɔ siwo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu la tsona kaba henaa gbɔgbɔ me kple ŋutilã me kpekpeɖeŋu amewo. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu.” (Petro I, 3:8) Le kpɔɖeŋu me, esi wòva hiã be Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe si dzi nu mede o naʋu ayi nuto bubu me hena lãmesẽnya aɖe gbɔ kpɔkpɔ la, woƒe haxɔsetɔ siwo le nuto ma me tsɔ aƒe aɖe na wo wonɔ eme dzinu ade sɔŋ femaxee. Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Gbe sia gbe la, wova kpɔa míaƒe fɔfɔme ɖa, eye woƒe dzideƒonamenyawo nana míeɖea dzi ɖi.”

Kritotɔ vavãwo tsɔa ɖe le ame siwo womenya o la hã ƒe nyonyo me. Wotsɔa woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo ɖoa anyi faa hena kpekpeɖeŋunana ame siwo womedze si o. Yehowa Ðasefowoe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo na kpekpeɖeŋu ame aɖewo siwo womenya kura o siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ me la nye.

Nuwɔwɔ alea wɔe be dɔmetɔtrɔ kple dɔmenyonyo nuwɔnawo xɔ aƒe ɖe Kristo hamea me. Lɔlɔ̃ ʋãa hamea me tɔwo wodia mɔnu siwo dzi woato asubɔ ame bubuwo. Tsyɔ̃evi kple ahosi siwo le hamea me ahiã na wò ɖetsɔleme kple veveseseɖeamenu le kuxi gbogbo siwo me tom wole la ta. Ðe nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu ame siawo tɔgbi bene woanɔ te ɖe ahedada, atikewɔnyawo kple nɔƒe nyui makpɔmakpɔ, kpakple kuxi bubuwo nua?

Bu atsu kple asi aɖe si le Greece la ŋu kpɔ. Tutudɔ dze srɔ̃ŋutsua dzi. Wokplɔ ŋutsua kple srɔ̃a yi dɔnɔkɔdzi aɖe si didi tso wo gbɔ. Aŋuti siwo le woƒe abɔ me koe wòle be woagbe adzra hafi akpɔ ga vi aɖe. Ame kae awɔ esia na wo esi woyi ɖatsi kɔdzi? Hame si me wodzo le la tso ɖe dɔa ŋu. Wogbe aŋutiawo hedzra, si wɔe be atsu kple asi sia si hiã tu la te ŋu kpɔ ga aɖe eye woƒe dzi dze eme.

Míate ŋu aɖe dɔmetɔtrɔ afia le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ siwo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu nyae be ɣeaɖewoɣi la, nu si koŋ ame siwo dzi nu te ɖo la dometɔ aɖewo hiãnae nye be woasrã wo kpɔ, aɖo to wo ameŋububutɔe, ase veve ɖe wo nu ahatsɔ Ŋɔŋlɔawo ade dzi ƒo na wo.—Romatɔwo 12:15.

Se Vivi Le Ame Siwo Ðea Dɔmetɔtrɔ Fiana La Dome

Xexea me katã ƒe Kristotɔwo ƒe hamea yi edzi nye afi si ŋutifafa kple akɔfaname bɔ ɖo eye woɖea dɔmetɔtrɔ kple dɔmenyonyo fiana le. Kristotɔ vavãwo nyae be dɔmetɔtrɔ hea amewo ɖe ame ŋu, gake ŋutasesẽ ya naa amewo kana le ame ŋu. Eya ta wodzea agbagba be yewoaɖe dɔmetɔtrɔ afia amewo le yewo Fofo si le dziƒo la sɔsrɔ̃ me to nuwɔna ŋutɔŋutɔwo dzi.

Yehowa Ðasefowo le kpewòm be nàva se vivi le dɔmetɔtrɔ, lɔlɔ̃, kple beléname si xɔ aƒe ɖe Kristo hamea me la me. Woka ɖe edzi be nɔnɔme siwo le afi ma la ado dzidzɔ na wò eye wòana wò dzi nadze eme godoo.—Romatɔwo 15:7.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Kolose la be woado dɔmetɔtrɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Esi Yesu de dzesi amewo ƒe hiahiã aɖe la, eto mɔ aɖe dzi kpe ɖe wo ŋu dɔmetɔtrɔtɔe