Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Minɔ Tsitre Sesĩe Eye Miakpɔ Ale Si Yehowa Le Mia Ðe Gee’

‘Minɔ Tsitre Sesĩe Eye Miakpɔ Ale Si Yehowa Le Mia Ðe Gee’

‘Minɔ Tsitre Sesĩe Eye Miakpɔ Ale Si Yehowa Le Mia Ðe Gee’

“Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?” —PSALMO 118:6.

1. Afɔku gã kae ameƒomea dze ŋgɔe?

EGBEA la, ameƒomea dze ŋgɔ afɔku gã aɖe si medzɔ kpɔ o. Esi Yesu nɔ nya gblɔm ɖi ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋu la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Xaxa gã lava, esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o. Eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.”—Mateo 24:21, 22.

2. Nu kae le xaxa gã la ƒe gɔmedzedze hem ɖe megbe?

2 Fifi laa la, mawudɔla siwo le dziƒo la le xaxa gã ma hem ɖe megbe, togbɔ be amegbetɔwo ya mele wo kpɔm o hã. Mɔnukpɔkpɔ su apostolo Yohanes si wòkpɔ susu si ta wole xaxa gã la hem ɖe megbe ɖo la le ŋutega aɖe si Yesu ɖe fiae me. Apostolo tsitsia ɖɔe ale: “Mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi . . . Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla [eneawo] . . . bena: Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.”—Nyaɖeɖefia 7:1-3.

3. Nu kae nye nu gbãtɔ si adzɔ ne xaxa gã la dze egɔme?

3 ‘Mía Mawu ƒe dɔtsɔla’ amesiaminawo nutetre mamlɛtɔ le eƒe nuwuwu gogom. Mawudɔla eneawo le klalo be yewoaɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe ya mawo ŋu. Ne woɖe asi le wo ŋu la, nu kae nye nu gbãtɔ si adzɔ? Mawudɔla aɖe ɖo nya ma ŋu be: “Woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe . . . eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o.” (Nyaɖeɖefia 18:21) Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye le dziƒo ne edzɔ be wotsrɔ̃ alakpa subɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la!—Nyaɖeɖefia 19:1, 2.

4. Nudzɔdzɔ kawoe le ŋgɔ gbɔna?

4 Dukɔ siwo katã le anyigba dzi awɔ ɖeka atso ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu. Ðe dukɔwo ate ŋu atsrɔ̃ Kristotɔ nuteƒewɔlawo ɖa keŋkeŋua? Adze abe ɖe woate ŋui ene. Gake kpɔ ɖa! Dziƒoʋakɔ siwo le Kristo Yesu yome la atsrɔ̃ amegbetɔ ŋusẽtɔ siawo. (Nyaɖeɖefia 19:19-21) Mlɔeba la, woatsɔ Abosam kple eƒe dɔlawo aƒu gbe ɖe dɔmawɔmawɔ ƒe aʋli me. Womagate ŋu able amewo azɔ o, elabena woabla wo hena ƒe akpe ɖeka. O, gbɔdzɔe ka gbegbee nye esi wòanye na ameha gã siwo atsi agbe la!—Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14; 20:1-3.

5. Dzidzɔ kae le ame siwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa la lalam?

5 Eteƒe madidi o míakpɔ nudzɔdzɔ wɔnuku siawo siwo adzi ŋɔ ŋutɔ la teƒe. Esiawo katã ku ɖe gome si le Yehowa si be wòaɖu dzi la ŋu. Eye bu esia ŋu kpɔ: Ne míeyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa eye míenɔ eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi sesĩe la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míakpɔ gome le Eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ kple eƒe tameɖoɖowo me vava me. Dzidzɔ gã manyagblɔ kae nye esi wòanye!

6. Le nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ta la, nu ka mee míadzro?

6 Ðe míele dzadzraɖoɖi na nudzɔdzɔ ɖedzesi siawoa? Ðe míexɔ Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ dzi sea? Ðe míeka ɖe edzi be axɔ na mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi le mɔ nyuitɔ nua? Le nyabiase siawo ŋu ɖoɖo na mía ɖokuiwo me la, míate ŋu ana apostolo Paulo ƒe nya siwo wògblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la nanɔ susu na mí be: ‘Nu si ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.’ (Romatɔwo 15:4) Nu siwo woŋlɔ ɖi siwo naa akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ mí la dometɔ aɖee nye nuŋlɔɖi si ku ɖe ale si Yehowa ɖe Israel viwo tso Egiptetɔ ameteɖeanyilawo ƒe asi sesẽ te la ŋu. Nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ tsɔ ɖe Israel viwo me dzodzro nyuie anye dzideƒotsoƒe gã aɖe na mí esi míele mɔ kpɔm na xaxa gã si le aƒe tum kabakaba la.

Yehowa Xɔna Na Eƒe Amewo

7. Le ƒe 1513 D.Ŋ.M. me la, nɔnɔme sesẽ kae do mo ɖa le Egipte?

7 Ƒe 1513 D.Ŋ.M. mee. Yehowa he fuwɔame asieke va Egiptetɔwo dzi xoxo. Le fukpekpe asiekelia megbe la, Farao nya Mose eye wògblɔ nɛ be: “Te ɖa le gbɔnye! Kpɔ nyuie, bena nagava nye ŋku ta azɔ o, elabena gbesigbe nagava nye ŋku ta la, ku ke naku!” Mose ɖo eŋu nɛ be: “Yoo, wòe ƒo nu loo! Nyemegale wò ŋku ta va ge azɔ o.”—Mose II, 10:28, 29.

8. Agbetsitsi ŋuti mɔfiame kawoe wona Israel viwo, eye nu kae do tso eme?

8 Azɔ Yehowa ɖee fia Mose be yele nu bubu aɖe tu ge kple Farao kple Egiptetɔwo katã, eye esia anye nu mamlɛtɔ. Le Abib (Nisan) ƒe ŋkeke 14 lia dzi la, Egiptetɔwo kple woƒe lãwo katã ƒe ŋgɔgbeviwo le kuku ge. Gake woate ŋu akpɔ Israel viwo ƒe ƒomewo ta nenye be wowɔ ɖe mɔfiame siwo Mawu na to Mose dzi la dzi pɛpɛpɛ. Ele be woasisi alẽvi ƒe ʋu ɖe xɔ siwo me wole la ƒe ʋɔtruti eveawo kpakple etametɔ ŋuti eye woagado le xɔ me o. Nu kae dzɔ le zã ma me? Mina Mose ŋutɔ nagblɔe na mí: “Le zã titina la Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi.” Farao wɔ nu kpata. Eyɔ Mose kple Aron va eɖokui gbɔ eye wògblɔ na wo bena: “Netsɔ, midzo le nye dukɔ la dome . . . miyi ɖasubɔ Yehowa, abe alesi miegblɔ ene.” Enumake Israel viwo ʋu dzo, woanya wu ame miliɔn etɔ̃, eye ‘amedzro geɖe’ siwo menye Israel viwo o hã kpe ɖe wo ŋuti.—Mose II, 12:1-7, 29, 31, 37, 38.

9. Mɔ kae Mawu kplɔ Israel viwo to esime woʋu dzo le Egipte, eye nu ka tae?

9 Mɔ kpuitɔ si Israel viwo ate ŋu atoe nye Mediterranea Ƒutamɔ eye woato Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. Gake futɔwo ƒe anyigbamama mee nye ema. Eya ta ɖewohĩ, esi Yehowa medi be yeƒe amewo nawɔ aʋa o ta la, ekplɔ wo to Ƒudzĩa ƒe gbedzimɔ. Togbɔ be ame miliɔn geɖewoe nɔ mɔa zɔm hã la, menye ameha siwo mele ɖoɖo aɖeke nu o ye wonye o. Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Israel-viwo bla akpa hafi ʋu tso Egipte.”—Mose II, 13:17, 18.

‘Miakpɔ Ale Si Yehowa Le Mia Ðe Gee’

10. Nu ka tae Mawu gblɔ na Israel viwo be woaƒu asaɖa anyi ɖe Pi-Haxirot?

10 Emegbe la, wowɔ tɔtrɔ wɔnuku aɖe. Yehowa gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israel-viwo bena, woatrɔ ava ƒu asaɖa anyi ɖe Pi-Haxirot gbɔ le Migdol kple ƒu la dome; miƒu asaɖa anyi ɖe Baal-Zefon kasa le ƒu la nu.” Esi wowɔ ɖe mɔfiame sia dzi la, ameha gã sia va xaxa ɖe toawo kple Ƒudzĩa dome. Edze abe ɖe teƒe aɖeke meli woato o ene. Gake Yehowa nya nu si wɔm wònɔ. Egblɔ na Mose be: “Mana Farao ƒe dzime nasẽ, ale be wòati wo yome, eye maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ blibo la ŋuti; bena Egiptetɔwo nadze sii be, nyee nye Yehowa.”—Mose II, 14:1-4.

11. (a) Afɔ kae Farao ɖe, eye aleke Israel viwo wɔ nui? (b) Aleke Mose wɔ nu ɖe Israel viwo ƒe konyifafa ŋui?

11 Farao susui be vodadae wònye yewɔ be yeɖe mɔ na Israel viwo woʋu dzo le Egipte, eya ta etsɔ aʋatasiaɖam 600 heti wo yome ŋkubiãtɔe. Esi Egiptetɔwo gogo Israel viwo la, vɔvɔ̃ ɖo Israel viawo eye wodo ɣli gblɔ na Mose be: “Esi yɔdo mele Egipte o ta, nèkplɔ mí dzoe, bena míava ku ɖe gbedzia?” Esi Mose ka ɖe edzi be Yehowa axɔ na yewo ta la, egblɔ na wo be: ‘Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo eye miakpɔ ale si Yehowa le mia ɖe gee egbe. Yehowa le aʋa wɔ ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!’—Mose II, 14:5-14.

12. Aleke Yehowa xɔ na eƒe amewoe?

12 Abe ale si Mose gblɔe be Yehowa ŋutɔ awɔ aʋa ɖe Israel viwo nu ene la, gbɔgbɔmeŋusẽwo de nu nya la me. Yehowa ƒe dɔla na alilikpo dodo si nɔ mɔ fiam Israel viwo la dzo yi ɖe wo megbe nukutɔe. Alilikpo la do viviti ɖe Egiptetɔwo eye wòxe mo na wo, evɔ wòklẽ na Israel viwo ya. (Mose II, 13:21, 22; 14:19, 20) Mose wɔ ɖe Mawu ƒe gbe dzi eye wòdo eƒe asi ɖe ƒu la dzi. Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Tete Yehowa na ɣedzeƒeya nyama ƒu la zã blibo la katã . . . Eye Israel-viwo zɔ ƒuƒuiƒe to ƒu la me, eye tsi la zu abe gli ene na wo ɖe woƒe nuɖusi me kple woƒe mia me.” Egiptetɔwo gati wo yome, gake Yehowa le eƒe amewo ƒe akpa dzi. Etɔtɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la, eye wògblɔ na Mose be: “Do wò asi ɖe ƒu la dzi, bena tsi la nagbugbɔ aŋe ɖe Egiptetɔwo, woƒe tasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.” Alea wotsrɔ̃ Farao ƒe aʋakɔ blibo lae keŋkeŋ ale be asrafo ɖeka hɔ̃ gɔ̃ hã metsi agbe o.—Mose II, 14:21-28; Psalmo 136:15.

Srɔ̃ Nu Tso Israel Ƒe Ðeɖekpɔkpɔ Me

13. Aleke Israel viwo wɔ nu ɖe woƒe ɖeɖekpɔkpɔa ŋui?

13 Ŋusẽ kae ɖeɖekpɔkpɔ nukutɔe alea kpɔ ɖe agbetsilaawo dzi? Kasia la, Mose kple Israel viwo do ha ɖa enumake henɔ Yehowa kafum! Wodzi ha be: “Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nu tsuwo. . . . Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe.” (Mose II, 15:1, 18) Ɛ̃, nu gbãtɔ si va susu me na woe nye be yewoakafu Mawu. Le nudzɔdzɔ ma me la, woɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye fia.

14. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu le nu si me Israel viwo to la me? (b) Ƒe 2008 ƒe mawunyakpukpuiae nye ka?

14 Mɔfiame, akɔfafa, kple mɔkpɔkpɔ kawoe su mía si tso nudzɔdzɔ wɔnuku siawo me? Kakaɖedzitɔe la, míate ŋu akpɔe be Yehowa le klalo be yeawɔ nane tso dodokpɔ ɖe sia ɖe si me eƒe amewo ato la ŋu. Ate ŋu akpɔ nɔnɔme ɖe sia ɖe si ava wo dzi la gbɔ. Ƒudzĩa menye mɔxeɖenu aɖeke na Israel esi Yehowa na ɣedzeƒeya sesẽ la ƒo o. Eye Yehowa te ŋu na Ƒudzĩ ma ke zu yɔdo na Farao ƒe aʋakɔwo. Ŋugbledede tso esia ŋu ana míawo hã míagblɔ abe hakpala la ene be: “Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?” (Psalmo 118:6) Míate ŋu akpɔ akɔfafa hã le Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖi ɖe Romatɔwo 8:31 la me, afi ma gblɔ be: “Ne Mawu le mía dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?” Kakaɖedzi kae nye esi nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la naa mí! Wotsia vɔvɔ̃ kple ɖikeke ɖe sia ɖe si ate ŋu anɔ mía me la nu, eye wonaa mɔkpɔkpɔ yɔa mía me fũu. Eya ta aleke gbegbe wòsɔe nye esi be míaƒe ƒe 2008 ƒe mawunyakpukpuiae nye: ‘Milé dzi ɖe ƒo eye miakpɔ ale si Yehowa le mia ɖe gee’!—Mose II, 14:13.

15. Aleke gbegbe toɖoɖo nɔ vevie le Israel viwo ƒe ɖeɖe tso Egipte gomee, eye aleke wòle vevie egbea?

15 Nu bubu ka hãe míate ŋu asrɔ̃ tso Israel viwo ƒe Ʋuʋu tso Egipte me? Eyae nye be míaɖo to Yehowa le nu sia nu me. Israel viwo wɔ nu sia nu si wobia tso wo si le dzadzraɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyuia ŋu me la pɛpɛpɛ. Woɖo to eye womedo go le xɔ me le Nisan 14 lia ƒe zã me o. Mlɔeba la, hafi Israel viwo naʋu dzo le Egipte la, enɔ na wo be ‘woabla akpa.’ (Mose II, 13:18) Egbea la, ele vevie ŋutɔ be míawɔ ɖe mɔfiame siwo wonaa mí to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi la dzi! (Mateo 24:45) Ele be míalé to ɖe Mawu ƒe nya si ɖina le mía megbe be, “mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato,” la ŋu nyuie. (Yesaya 30:21) Ne míele tetem ɖe xaxa gã la ƒe gɔmedzedze ŋu la, ate ŋu adzɔ be míagaxɔ mɔfiame aɖewo koŋ. Be míato xaxaɣi mawo me ado dedie la, anɔ te ɖe nuwɔwɔ aduadu kple Yehowa subɔla wɔnuteƒe bubuwo dzi.

16. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Mawu trɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu tsɔ ɖe Israel viwoe me?

16 Ðo ŋku edzi hã be Yehowa trɔ mɔ na Israel viwo yi teƒe aɖe si na wòdze abe woxaxa wo ɖe towo kple Ƒudzĩa dome ene. Ðeko wòdze abe menye mɔ nyuitɔ lae nye ema o ene. Gake Yehowa kpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu dzi, eye nuwo katã dze edzi nyuie hena eƒe kafukafu kple eƒe amewo ɖeɖe. Egbea la, ate ŋu adzɔ be míase susu si ta wokpɔa hamea ƒe nya aɖewo gbɔ le mɔ aɖe nu la gɔme tututu o, gake ele be míaka ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo wònana to nuteƒewɔla siwo dzi wòtona ƒoa nu na mí dzi la dzi bliboe. Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adze abe ɖe míaƒe futɔwo ƒe alɔ le dzi dem ene. Esi míede blibo o ta la, míate ŋu ase nu sia nu gɔme bliboe o. Ke hã, ŋutete le Yehowa si be wòatrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, abe ale si ko wòwɔe va yi le Israel viwo gomee ene.—Lododowo 3:5.

Ka Ðe Yehowa Dzi

17. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi bliboe?

17 Àte ŋu akpɔ kakaɖedzi si gbegbe anɔ Israel viwo si ne wode ŋugble tso alilikpo dodo ma si nɔa wo ŋgɔ le ŋkeke me, eye wòklẽna na wo le dzobibi me le zã me la ŋu le susu mea? Edze ƒãa be ‘Mawu ƒe dɔlae’ nɔ mɔ fiam wo le woƒe mɔzɔzɔa me. (Mose II, 13:21, 22; 14:19) Egbea la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa li kple eƒe amewo be wòafia mɔ wo, akpɔ wo ta, eye wòaɖe wo. Míate ŋu aka ɖe nya siawo dzi be: “[Yehowa] megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee.” (Psalmo 37:28) Mele be míaŋlɔ mawudɔla triakɔ siwo le megbe na Mawu subɔlawo egbea la be gbeɖe o. To woƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ‘alé dzi ɖe ƒo eye míakpɔ ale si Yehowa le mía ɖe gee.’—Mose II, 14:13.

18. Nu ka tae wòhiã be ‘míado Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã’?

18 Nu kae ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu be ‘míalé dzi ɖe ƒo’ le nyateƒemɔa dzi zɔzɔ me? Eyae nye be míado gbɔgbɔmeʋawɔnu si ŋu Paulo ƒo nu tsoe le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Efesotɔwo me la. De dzesii be apostoloa de dzi ƒo na mí be, ‘mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã.’ Ðe míedo gbɔgbɔmeʋawɔnu sia ƒe akpa sia akpa? Le ƒe si gbɔna me la, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nalé ŋku ɖe eɖokui ŋu akpɔe ɖa be yedo aʋawɔnu sia ƒe akpa sia akpa nyuie mahã. Míaƒe futɔ Satana Abosam nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye wòdzea agbagba be yeana míaɖe ŋu ɖi bene yeadze mía dzi le teƒe siwo míegbɔdzɔ le la. “Míele kame tem kple” gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo. Ke hã, míate ŋu aɖu dzi le Yehowa ƒe ŋusẽ me!—Efesotɔwo 6:11-18; Lododowo 27:11.

19. Ne míedo dzi la, mɔnukpɔkpɔ kae asu mía si?

19 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.” (Luka 21:19) Neva eme be míanɔ ame siwo doa dzi nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme ɖe sia ɖe si wodoa goe me la dome, ale be mɔnukpɔkpɔ nasu mía si to Mawu ƒe amenuveve me be ‘míalé dzi ɖe ƒo eye míakpɔ ale si Yehowa le míaɖe gee.’

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu dodzidzɔname kawoe le dzɔdzɔ ge kpuie?

• Aleke Yehowa ɖe eƒe ameɖeŋusẽ fia le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me?

• Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ le etsɔme?

[Biabiawo]

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Ƒe 2008 ƒe mawunyakpukpuia anye: ‘Milé dzi ɖe ƒo eye miakpɔ ale si Yehowa le mia ɖe gee.’—Mose II, 14:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

‘Nu si ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta’

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Farao ƒe totitri he tsɔtsrɔ̃ va Egipte dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Israel viwo tsi agbe esi wowɔ nu sia nu si Yehowa bia tso wo si la