Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Maleaxi Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Maleaxi Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Maleaxi Ƒe Agbalẽa Me

ƑE 70 kple edzivɔwo va yi tso esime wowu Yerusalem ƒe gbedoxɔa tutu nu. Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Yudatɔwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye va ɖiɖi ale gbegbe. Nunɔlawo gɔ̃ hã wɔa nu fitifitiwo. Ame kae ana woanya nɔnɔme si me wonɔ ŋutɔŋutɔ la, eye wòadze agbagba ana woagbɔ agbe le gbɔgbɔ me? Yehowa tsɔ dɔ sia de nyagblɔɖila Maleaxi si me.

Nyagblɔɖi siwo tso gbɔgbɔ mee le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ mamlɛtɔ, si Maleaxi ŋlɔ le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu, la me. Toléle ɖe Maleaxi ƒe nyagblɔɖinyawo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖoɖi na “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” esime woatsrɔ̃ fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia.—Maleaxi 3:23.

NUNƆLAWO “NA AME GEÐEWO DZE ANYI”

(Maleaxi 1:1–2:17)

Yehowa gblɔ ale si wòsena le eɖokui me ɖe Israel ŋu ale: “Melɔ̃ mi.” Gake nunɔlawo do vlo Mawu ƒe ŋkɔ. Alekee? To “nuɖuɖu makɔmakɔwo,” “lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo” tsɔtsɔ ‘va eƒe vɔsamlekpui dzi’ me.—Maleaxi 1:2, 6-8.

Nunɔlawo tsɔ woƒe “nufiame na ame geɖewo dze anyi.” Dukɔ la ‘dome ame sia ame wɔa nu tovo ɖe ehavi ŋu.’ Wo dometɔ aɖewo ɖe dutanyɔnuwo. Bubuwo ya wɔ ‘nu tovo ɖe woƒe ɖekakpuimesrɔ̃wo ŋu.’—Maleaxi 2:8, 10, 11, 14-16.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

2:2—Mɔ ka nue Yehowa trɔ nunɔla dzegoawo ƒe ‘yayra wòzu fiƒode’ le? Mawu wɔ esia le mɔ sia nu be yayra siwo nunɔla mawo biana na amewo zua fiƒode.

2:3—Nu kae wòfia be woahlẽ “mĩwo ɖe mo na” nunɔlawo? Le Sea nu la, ele be woatsɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe la ƒe mĩwo ayi asaɖaa godo aɖatɔ dzo wo. (Mose III, 16:27) Lãwo ƒe mĩwo hehlẽ ɖe nunɔlawo ƒe mo fia be Yehowa gbe woƒe vɔsawo eye ame siwo nɔ vɔa sam ƒe nu nɔ ŋu nyɔm nɛ.

2:13—Ame kawo ƒe aɖatsiwoe wotsɔ tsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi? Esiawo nye srɔ̃nyɔnu siwo vaa gbedoxɔa me va dudua woƒe dzimenyawo kɔna ɖe Yehowa ŋkume la ƒe aɖatsiwo. Nu kae do nuxaxa sia na wo? Wo srɔ̃ŋutsu Yudatɔwo nɔ te ɖe nu maɖinuwo dzi gbe wo eye wodzo le wo gbɔ, ɖewohĩ be yewoaɖaɖe dutaɖetugbiwo.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:10. Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe nunɔla ŋuklẽla siwo xɔa ga ɖe dɔ tsɛwo abe agboawo tutu alo dzododo ɖe vɔsamlekpui dzi ene ta la ƒe vɔsawo ŋu o. Aleke gbegbe wòle vevie nye esi be ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple mía haviwo naʋã mí le nu siwo míewɔna le míaƒe tadedeagu kple gbeadzisubɔsubɔdɔa siaa me, ke menye be míawɔe ɖe ga ta gbeɖe o!—Mateo 22:37-39; Korintotɔwo II, 11:7.

1:14; 2:17. Yehowa meda asi ɖe alakpanuwɔwɔ dzi o.

2:7-9. Ele be ame siwo si mɔnukpɔkpɔ su be woafia nu le hamea me la nakpɔ egbɔ be nu siwo yewofiana la wɔa ɖeka kple Mawu ƒe Nya, Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo, kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo “xɔnuvi nuteƒewɔla” tana la.—Luka 12:42; Yakobo 3:11.

2:10, 11. Yehowa kpɔa mɔ be ye subɔlawo nabu aɖaŋuɖoɖo si nye be woaɖe srɔ̃ le “Aƒetɔ la me” la ŋkubiãnyae.—Korintotɔwo I, 7:39.

2:15, 16. Ele be tadeagula vavãwo nade asixɔxɔ gã aɖe nubabla si wowɔ kple woƒe ɖekakpuimesrɔ̃wo la ŋu.

‘AƑETƆ LA AVA EƑE GBEDOXƆ ME’

(Maleaxi 3:1–3:24)

“Aƒetɔ [Yehowa Mawu], . . . ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi” kple “nubabla ƒe dɔla [Yesu Kristo].” Mawu ‘aɖi ʋɔnu ɖe eƒe amewo ŋu’ eye wòatrɔ azu ɖasefo zãzɛ ɖe nu vɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi wɔlawo ŋu. Gawu la, woaŋlɔ “ŋkuɖodzigbalẽ” le ame siwo vɔ̃a Yehowa la ŋu.—Maleaxi 3:1, 3, 5, 16.

Ŋkeke si le “bibim abe kpodzo ene” ava eye wòafiã ame vɔ̃ɖiwo katã. Do ŋgɔ na ŋkeke ma ƒe vava la, woadɔ nyagblɔɖila aɖe ɖa “ne wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe viwo ŋu, eye viwo ƒe dziwo ɖe fofowo ŋu.”—Maleaxi 3:19, 23, 24.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

3:1-3—Ɣekaɣie “Aƒetɔ” la kple “nubabla ƒe dɔla” la va gbedoxɔa me, eye ame kae wodɔ ɖo ɖe wo ŋgɔ? Yehowa to eteƒenɔla aɖe dzi va eƒe gbedoxɔa me hekɔ eŋu le Nisan 10, 33 M.Ŋ. dzi. Ɣemaɣie Yesu ge ɖe gbedoxɔa me eye wònya ame siwo nɔ nu dzram kple ame siwo nɔ nu ƒlem la do goe le eme. (Marko 11:15) Esia dzɔ le ƒe etɔ̃ kple afã le amisisi na Yesu abe Fia si wotia ene la vɔ megbe. Nenema kee wòdze abe ƒe etɔ̃ kple afã le Yesu ɖoɖo zi dzi wòzu Fia le dziƒo megbe la, ekplɔ Yehowa ɖo yi gbɔgbɔmegbedoxɔa me hekpɔe be ehiã be woakɔ Mawu ƒe amewo ŋu. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wodɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela be wòava dzra Yudatɔwo ɖo ɖe Yesu Kristo ƒe vava ŋu. Le míaƒe ŋkekea me la, wodɔ dɔla aɖe ɖa be wòadzra mɔ dzi ɖo hafi Yehowa nava eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me. Le ƒe 1880-awo ƒe gɔmedzedze ke la, Biblia nusrɔ̃viwo dze Biblia fiafia dɔ aɖe gɔme bene woagbugbɔ atu Biblia me nyateƒea ƒe nufiafia vevi geɖewo ɖe dzi anukwaretɔwo ƒe dzi me.

3:10—Ðe “nuwo ƒe ewoliawo katã” nana fia míaƒe nuwo katã tsɔtsɔ na Yehowa? Wonɔ te ɖe Yesu ƒe kua dzi ɖe Mose ƒe Sea ɖa, eya ta womegabia nu ewolia tso mía si ŋutɔŋutɔ o. Ke hã, kpɔɖeŋugɔmesese aɖe le nu ewolia nana ŋu. (Efesotɔwo 2:15) Mefia míaƒe nuwo katã tsɔtsɔ na o. Togbɔ be Israel viwo tsɔa nuwo ƒe ewolia yia gbedoxɔ me ƒe sia ƒe hã la, míawo ya míetsɔa míaƒe nuwo katã naa Yehowa zi ɖeka hɔ̃ ko—ne míetsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbe nɛ eye míetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe míaƒe adzɔgbeɖeɖea dzi. Tso ɣemaɣi dzi la, nu siwo katã le mía si la nye Yehowa tɔ. Ke hã, eɖea mɔ na mí míezãa nu siwo le mía si la ƒe akpa aɖe, si nye kpɔɖeŋu nu ewolia, le subɔsubɔ si míetsɔna nanɛ me. Enye nu sia nu si míaƒe nɔnɔmewo ɖea mɔ na mí míewɔna kple esiwo míaƒe dzi ʋãa mí míezãna. Vɔsanu siwo míetsɔna naa Yehowa ƒe ɖee nye míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple nunɔamesi siwo míezãna le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me. Nu siwo gakpe ɖe emawo ŋue nye Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede, dɔnɔwo kple haxɔsetɔ tsitsiwo sasrã kpɔ, kple ga tsɔtsɔ kpe asi ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu.

3:21—Mɔ ka nue Yehowa subɔlawo ‘afanya ame vɔ̃ɖiwo’ le? Mawu ƒe amewo ‘mafanya ame vɔ̃ɖiwo’ ŋutɔŋutɔ, si fia be woakpɔ gome le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ hehe va wo dzi me o. Ke boŋ esia fia be Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi awɔ esia le kpɔɖeŋumɔ nu to gomekpɔkpɔ le dziɖuɖu ƒe aseyetsotso si akplɔ Satana ƒe xexea tsɔtsrɔ̃ ɖo la me kple dzi blibo.—Psalmo 145:20; Nyaɖeɖefia 20:1-3.

3:22—Nu ka tae wòle be ‘míaɖo ŋku Mose ƒe se la dzi’? Se ma mebla Kristotɔwo ya o, gake enye “nu nyui, siwo le vava ge la, ƒe vɔvɔli.” (Hebritɔwo 10:1) Eya ta ne míedzroa Mose ƒe Sea me nyuie la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si nu siwo woŋlɔ ɖi ɖe eme la le eme vamee adze sii. (Luka 24:44, 45) Gawu la, “nusiwo nye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu la” le Sea me. Nusɔsrɔ̃ tso Sea ŋu le vevie be míase Kristotɔwo ƒe nufiafiawo kple agbenɔnɔ gɔme.—Hebritɔwo 9:23.

3:23, 24—Ame kae “nyagblɔɖila Eliya” tsi tsitre ɖi na? Wogblɔe ɖi be “Eliya” awɔ gbugbɔɖɔɖodɔ aɖe, si nye dukɔ la ƒe dzi dzadzraɖo. Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Yesu Kristo gblɔ be Yohanes Amenyrɔɖetsimela ye “Eliya” tsi tsitre ɖi na. (Mateo 11:12-14; Marko 9:11-13) Woadɔ ame si wòtsi tsitre ɖi na le míaƒe ŋkekea me la ɖo ɖa do ŋgɔ “hafi ne Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.” Ðikekemanɔmee la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ye Eliya tsi tsitre ɖi na le míaƒe ŋkekea me. (Mateo 24:45) Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sia yi edzi le gbɔgbɔmeɖɔɖɔɖodɔ aɖe wɔm kutrikukutɔe.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

3:10. Ne míedo kpo míaƒe nu nyuitɔwo tsɔtsɔ na Yehowa la, ekema míele eƒe yayrawo tem mía ɖokui.

3:14, 15. Nunɔlawo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽwo wɔe be Yudatɔwo te subɔsubɔ si wotsɔna naa Mawu la bubu nu tsɛ. Ele be ame siwo le agbanɔamedzi nɔƒewo le Kristo hamea me naɖo kpɔɖeŋu nyui.—Petro I, 5:1-3.

3:16. Yehowa wɔa nuŋlɔɖi ku ɖe ame siwo vɔ̃nɛ hewɔa nuteƒe nɛ la ŋu. Eɖoa ŋku wo dzi eye akpɔ wo ta ne ehe tsɔtsrɔ̃ va Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi. Eya ta mina míagagbɔdzɔ le tame si míeɖo kplikpaa be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu la me gbeɖe o.—Hiob 27:5.

3:19. Le ŋkeke si dzi amewo lana akɔnta Yehowa la, nu ɖeka koe adzɔ ɖe “alɔ” kple “ke” siaa dzi—ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖeka tɔgbi kee ava ɖeviwo kple wo dzilawo siaa dzi. Agba kae nye esi le dzilawo dzi le wo vi suewo gome! Ele be vifofo kple vidada siwo nye Kristotɔwo nadze agbagba vevie bene Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye tenɔnɔ nyui nakpɔtɔ anɔ wo si le eŋkume.—Korintotɔwo I, 7:14.

“Vɔ̃ Mawu”

Ame kawoe atsi agbe le “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” dzi? (Maleaxi 3:23) Yehowa gblɔ be: “Dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe, si ƒe aʋalawo me xɔxɔ le la, adze na mi, amesiwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, eye miaho adzo anɔ kpo tim abe nyiviwoe do tso lãkpɔ me ene.”—Maleaxi 3:20.

Yesu Kristo ame si nye “dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe” adze na ame siwo vɔ̃a Mawu ƒe ŋkɔ tso dzi blibo me eye Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu la. (Yohanes 8:12) ‘[Dɔyɔyɔ] anɔ eƒe aʋalawo me’ na ame siawo—gbɔgbɔmedɔyɔyɔ fifia kple dɔyɔyɔ le ŋutilã me, susu me, kple seselelãme gome le Mawu ƒe xexe yeyea me. (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Esi woyɔ fũu kple dzidzɔ kple dzidzeme ta la, wowɔa nu abe ‘nyiviwo’ ene. Esi yayra siawo le susu me na mí ta la, mina míawɔ ɖe Fia Salomo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nyagblɔɖila Maleaxi, Mawu subɔla veviedonula si me dzo nɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Ele be nu siwo míefiana la nawɔ ɖeka kple Biblia

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Yehowa subɔlawo dea asixɔxɔ woƒe srɔ̃ɖenubabla ŋu