Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbetakpɔxɔ Ƒe Tata Si Míasrɔ̃

Gbetakpɔxɔ Ƒe Tata Si Míasrɔ̃

Gbetakpɔxɔ Ƒe Tata Si Míasrɔ̃

MAGAZINE sia si xlẽm nèle lae nye Gbetakpɔxɔ ƒe tata yeye siwo míasrɔ̃ azɔ la ƒe gbãtɔ. Míedi be míaɖe ale si magazine yeye sia anɔ la ƒe nu vevi aɖewo me na wò.

Yehowa Ðasefowo kple Biblia nusrɔ̃vi siwo le ŋgɔyiyi wɔm ye wota esia na. Ado zi ɖeka le ɣletia me, eye nusɔsrɔ̃nyati ene alo atɔ̃ anɔ eme. Nusɔsrɔ̃nyati siawo ŋuti ɖoɖowɔɖia adze le magazinea ƒe akpa dzi. Foto si le Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia si míasrɔ̃ ƒe akpa dzi la manɔ tɔtrɔm ɣleti sia ɣleti, abe ale si wòanɔ le tata si míama ya gome ene o, elabena míamae le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me o.

Le magazinea ƒe axa 2 lia la, woɖe taɖodzinu si le nusɔsrɔ̃nyati ɖe sia ɖe alo nusɔsrɔ̃nyatiwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ŋu la me kpuie, eye àkpɔe be akpe ɖe ŋuwò nànya nu siwo ŋu woku ɖo. Woŋlɔ nyati bubu siwo le magazinea me hã ƒe tanyawo ɖe afi ma. Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔlawo akpɔe be, numeɖeɖe ma akpe ɖe yewo ŋu yewoadzra ɖo ɖe nyatiawo ŋu nyuie, ale be wòaɖe vi na nɔviawo le kpekpea me.

Àkpɔe be nusɔsrɔ̃nyatiawo le kpuie wu ale si wonɔna tsã. Esia ana be míakpɔ ɣeyiɣi adzro mawunyakpukpui veviawo me le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔɣi. Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ mawunyakpukpui siwo katã woyɔ la kwasiɖa sia kwasiɖa. Woŋlɔ ɖe mawunyakpukpui aɖewo ŋu be woaxlẽ wo, eye ele be woaxlẽ wo ahadzro wo me le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔɣi. Woate ŋu axlẽ mawunyakpukpui bubuwo hã ne ɣeyiɣi li. Le nyati aɖewo me la, woŋlɔ ɖe mawunyakpukpui aɖewo gbɔ be “tsɔe sɔ kple.” Esi mawunyakpukpui mawo meɖo kpe nya vevi siwo le memamaa me dzi tẽe o ta la, zi geɖe la, womaxlẽ wo le nusɔsrɔ̃a wɔɣi o. Ke hã, nyatakaka bubuwo dzena le mawunyakpukpui siawo me, alo woɖoa kpe nya si me dzrom wole la dzi le mɔ aɖe nu. Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ wo ne èle dzadzram ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu. Àte ŋu aƒo nu tso wo ŋu ne èle nya ŋu ɖom.

Dɔ siwo míewɔ le subɔsubɔƒea me ŋuti akɔntabubu magadze le Gbetakpɔxɔ me azɔ o. Tso ƒe 2008 me la, adze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi me, eye adze le Yearbook (Annuaire) hã me. Gake abe ale si míegblɔe va yi ene la, nyati bubuwo adze le tata si míasrɔ̃ la me. Togbɔ be míadzro nyati siawo dometɔ geɖe me le hamea ƒe kpekpe aɖeke me o hã la, míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ wo nyuie. Gbɔgbɔmenuɖuɖu ye woawo hã wonye tso “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la gbɔ.—Mat. 24:45-47.

Nya vevi mamlɛtɔ si míagblɔ ye nye be ŋkɔ ɖeka koe le tata si míasrɔ̃ kple tata si míama la si, si nye Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe. Memama aɖe dze le woƒe axa 2 lia, si ɖe taɖodzinu si le Gbetakpɔxɔ ŋu la me. Tata eveawo siaa anɔ ƒe sia ƒe ƒe Gbetakpɔxɔ babla me. Nyati si nye “Èɖo Ŋku Wo Dzia?” adze le tata si míasrɔ̃ me, eye woaɖe emenyawo tso tata eveawo siaa me.

Ƒe 1879 me kee wodze Gbetakpɔxɔ tata gɔme, eye togbɔ be aʋawɔwɔ, gakuxiwo, kple yometiti li hã la, eyi edzi le Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea gblɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Míele gbe dom ɖa be Yehowa nayra asitɔtrɔ yeye sia si wowɔ le eŋu la, bene wòayi edzi alea. Eye míele gbe dom ɖa be Yehowa nayra wò, nuxlẽla hã, esi nèle Gbetakpɔxɔ ƒe tata yeye sia si míasrɔ̃ la ŋu dɔ wɔm nyuie.