Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu

Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu

Lé Ŋku Ðe Wò “Nufiafiaɖaŋu” Ŋu

“Ðe gbeƒã nya la, . . . gbe nya, ka mo, xlɔ̃ nu, le dzigbɔgbɔ blewu katã kple nufiafiaɖaŋu me.”—2 TIM. 4:2.

1. Se kae Yesu de na eƒe nusrɔ̃lawo, eye kpɔɖeŋu kae wòɖo ɖi?

TOGBƆ BE Yesu da dɔ na amewo nukutɔe le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi hã la, menye dɔdala alo nukunuwɔla koŋ ye amewo nyae be enye o, ke nufiala boŋ. (Mar. 12:19; 13:1) Mawu Fiaɖuƒe la ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ ye nye nu vevitɔ na Yesu, eye nenema kee wòle le eyomedzela siwo li egbea hã gome. Wode dɔ asi na Kristotɔwo be woayi nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa dzi to nufiafia amewo be woawɔ nu siwo katã ƒe se Yesu de la dzi.—Mat. 28:19, 20.

2. Nu kae hiã hafi míate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa ade goe?

2 Hafi míate ŋu awɔ nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ si wode mía si la ade goe la, míedzea agbagba ɣesiaɣi be míana míaƒe nufiafiaŋutete nanyo ɖe edzi. Apostolo Paulo te gbe ɖe esia ƒe vevienyenye dzi esime wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Timoteo si woa kplii wowɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Egblɔ nɛ be: “Lé ŋku ɖe ɖokuiwò kple wò nufiafia ŋu ɣeawokatãɣi. Nɔ nu siawo dzi, elabena to esia wɔwɔ me la, àɖe ɖokuiwò kple ame siwo ɖoa to wò la siaa.” (1 Tim. 4:16) Menye nufiafia amewo be sidzedze nasu wo si dzro ko ƒe nya gblɔmee Paulo le le afi sia o. Kristotɔ nufiala bibiwo fiaa nu amewo wòɖoa woƒe dzi gbɔ, eye wòʋãa wo wowɔa tɔtrɔwo le woƒe agbenɔnɔ me. Esia wɔwɔ bia aɖaŋu. Ekema aleke míate ŋu atu “nufiafiaɖaŋu” ɖo ne míele Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la gblɔm na amewo?—2 Tim. 4:2.

“Nufiafiaɖaŋu” Tutu Ðo

3, 4. (a) Aleke míawɔ atu “nufiafiaɖaŋu” ɖo? (b) Aleke Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kpena ɖe mía ŋu míezua nufiala bibiwoe?

3 Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nya “aɖaŋu” gɔme be, efia “ŋutete si sua ame si to nane sɔsrɔ̃, etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me, alo ŋkuléle ɖe ale si wowɔnɛ ŋu me.” Ehiã be míawɔ mɔnu etɔ̃ siawo ŋu dɔ nyuie, hafi ate ŋu anye nya nyuia fiala bibiwo. Mɔ si ko dzi míate ŋu ato ase nu si fiam míele gɔme nyuie lae nye be, míado gbe ɖa ahasrɔ̃ nua nyuie. (Xlẽ Psalmo 119:27, 34.) Ne míeléa ŋku ɖe ale si gbeƒãɖela bibiwo fiaa nui ŋu la, akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nu tso mɔnu siwo wozãna ŋu ahafia nu abe woamawo ene. Eye agbagbadzedze edziedzi be míatsɔ nu siwo míesrɔ̃na la ade dɔwɔwɔ me la, akpe ɖe mía ŋu míaƒe ŋutetewo nanyo ɖe edzi.—Luka 6:40; 1 Tim. 4:13-15.

4 Yehowa ye nye míaƒe Nufiala Gãtɔ. Etoa eƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna dzi fiaa mɔ esubɔla siwo le anyigba dzi la le ale si wòle be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wòde wo si la ade goe ŋuti. (Yes. 30:20, 21) Esia ta hame ɖe sia ɖe wɔa Teokrasi Subɔsubɔ Suku kwasiɖa sia kwasiɖa, eye taɖodzinu si le sukua ŋu ye nye be, wòakpe ɖe sukuviawo katã ŋu be woazu Mawu Fiaɖuƒea ŋuti gbeƒãɖela bibiwo. Biblia ye nye agbalẽ si koŋ wozãna le sukua. Yehowa ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me lae gblɔa nu si míafia la na mí. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ena míenya nufiafiamɔnu siwo nyo hesɔ. Woɖoa ŋku edzi na mí le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me edziedzi be, ne míetua míaƒe nufiafia ɖe Mawu ƒe Nya la dzi, wɔa nyabiasewo ŋu dɔ nyuie, fiaa nu be egɔmesese nanɔ bɔbɔe, eye míeɖenɛ fiana amewo be míetsɔ ɖe le eme na wo ŋutɔŋutɔ la, ana míazu nufiala bibiwo. Mina míadzro nya siawo me ɖekaɖeka. Emegbe míadzro ale si míafia nu wòade nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ la me.

Tu Wò Nufiafia Ðe Mawu Ƒe Nya La Dzi

5. Nu ka dzie wòle be míatu míaƒe nufiafia ɖo, eye nu ka tae?

5 Yesu, si nye nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ la, tu eƒe nufiafia ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. (Mat. 21:13; Yoh. 6:45; 8:17) Meƒo nu le ye ŋutɔ ƒe ŋkɔ me o, ke boŋ le Ame si dɔe la ƒe ŋkɔ me. (Yoh. 7:16-18) Kpɔɖeŋu siae míesrɔ̃na. Eya ta ele be míatu nya siwo míegblɔna le aƒe me yi aƒe me dɔa alo Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me la ɖe Mawu ƒe Nya la dzi. (2 Tim. 3:16, 17) Míate ŋu azã mía ŋutɔwo míaƒe susu adzro nu me kple amewo wòaɖe vi ahakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi, abe ale si wòanɔ ne míezã Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la ene gbeɖe o. Ŋusẽ le Biblia me nyawo ŋu. Nya ka ke mee míele agbagba dzem be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase o, mɔ nyuitɔ si míate ŋu azã ye nye be, míana wòaxlẽ nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso eŋu.—Xlẽ Hebritɔwo 4:12.

6. Aleke nufiala awɔ aka ɖe edzi be, nusrɔ̃via se nya si me dzrom wole la gɔme?

6 Menye gbɔgblɔm míele be, mele be Kristotɔ nadzra ɖo hafi ayi Biblia nusrɔ̃via gbɔ o. Ke boŋ, be ele be nufialaa nabu mawunyakpukpui siwo eya ŋutɔ alo nusrɔ̃via axlẽ tso Biblia me tẽe le nusɔsrɔ̃a wɔɣi la ŋu do ŋgɔ. Zi geɖe la, anyo be míaxlẽ mawunyakpukpui siwo dzi wotu míaƒe dzixɔsewo ɖo la. Ehiã hã be, míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòase mawunyakpukpui ɖe sia ɖe si wòxlẽ la gɔme.—1 Kor. 14:8, 9.

Wɔ Nyabiasewo Ŋu Dɔ Nyuie

7. Nu ka tae nyabiasewo ŋu dɔ wɔwɔ nye nufiafiamɔnu nyui aɖe?

7 Nyabiasewo ŋu dɔ wɔwɔ nyuie nana wobua tame, eye wòkpena ɖe nufialaa ŋu be nu si fiam wòle la ɖoa nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ. Eya ta le esi teƒe be nàɖe mawunyakpukpuiawo me na nusrɔ̃via la, biae be eya ŋutɔ naɖe wo me yease. Ɣeaɖewoɣi la, ɖewohĩ nyabiase aɖe, alo nyabiase vovovowo, biabia nusrɔ̃via akpe ɖe eŋu wòase nyaa gɔme nyuie. Ne ènaa nusrɔ̃via kpɔa gome le nusɔsrɔ̃a me alea la, ekema menye ɖeko nèle kpekpem ɖe eŋu be wòase susu siwo ta wogblɔ nya aɖe ɖo la gɔme o, ke èle kpekpem ɖe eŋu hã be, wòakpɔ susu siwo ta wòalɔ̃ ɖe edzi ɖo la na eɖokui.—Mat. 17:24-26; Luka 10:36, 37.

8. Aleke míawɔ anya nu si le nusrɔ̃via ƒe dzi me?

8 Nusɔsrɔ̃mɔnu si míezãna le míaƒe agbalẽwo sɔsrɔ̃ kple amewo mee nye nyabiase kple ŋuɖoɖo. Ðikeke mele eme o be, ɣeyiɣi kpui aɖe le nusɔsrɔ̃a gɔme dzedze megbe la, ame siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la dometɔ akpa gãtɔ te ŋu kpɔa biabia siwo le agbalẽa me la ƒe ŋuɖoɖowo bɔbɔe to nya siwo le memamawo me la dzi. Ke hã, menye nusrɔ̃via ƒe ŋuɖoɖo nyuiawo kpɔkpɔ ɖeɖe koe nɔa vevie na nufiala si dina be yeƒe nufiafia naɖo nusrɔ̃via ƒe dzi gbɔ la o. Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃vi aɖe ate ŋu aɖe nu si Biblia gblɔ tso agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu la me bɔbɔe. (1 Kor. 6:18) Ke hã, ne míebia nukpɔsusubiabia aɖewoe aɖaŋutɔe la, míate ŋu anya nu si nusrɔ̃via susuna ŋutɔŋutɔ le nu siwo srɔ̃m wòle la ŋu. Eya ta nufialaa ate ŋu abia be: “Nu ka tae Biblia meɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ ŋu na ame siwo menye srɔ̃tɔwo o? Nu kae nèsusu tso Mawu ƒe mɔxexe ɖe enu ŋu? Èsusu be viɖe le eŋu be woawɔ ɖe agbenɔnɔ me dzidzenu siwo Mawu ɖo la dzia?” Ale si nusrɔ̃via aɖo nya siawo ŋui la aɖe nu si le eƒe dzi me afia.—Xlẽ Mateo 16:13-17.

Egɔme Nanya Se Bɔbɔe

9. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele Ŋɔŋlɔawo me ɖem na amewo?

9 Nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nya la me la dometɔ akpa gãtɔ gɔme sese le bɔbɔe. Ke hã, ɖewohĩ alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo na ame siwo míesrɔ̃a Biblia kplii la dometɔ aɖewo tɔtɔ. Abe nufialawo ene la, míaƒe dɔe nye be, míana Biblia la gɔme sese nanɔ bɔbɔe na amewo. Nufiala bibiwo gblɔa nyawo wo gɔme nya sena bɔbɔe, wo me kɔna, eye wodena pɛpɛpɛ. Ne míezɔna ɖe mɔfiame sia dzi la, míana nyateƒea gɔme sese nasesẽ na amewo akpa o. Ƒo asa na numeɖeɖe siwo mehiã o. Mehiã be míaƒo nu tso nu siwo katã ŋu mawunyakpukpui aɖe si míexlẽ la ku ɖo ŋu o. He nusrɔ̃via ƒe susu yi akpa si ana wòase nya si me dzrom miele la ko gɔme dzi. Ne nugɔmesese geɖe wu va le nusrɔ̃via si sum la, ekema Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe detowo me ava nɔ kɔkɔm nɛ ɖe edzi.—Heb. 5:13, 14.

10. Aleke míawɔ anya nu agbɔsɔsɔme si míasrɔ̃ kple Biblia nusrɔ̃via le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe me?

10 Nu agbɔsɔsɔme kae wòle be míasrɔ̃ le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe me? Nuŋububu nyui hiã le esia gome. Nusrɔ̃via kple nufialaa ƒe ŋutetewo kple nɔnɔmewo le vovovo, gake ele be wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be, abe nufialawo ene la, míaƒe taɖodzinu ye nye be, míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃via ŋu be xɔse sesẽ nasu esi. Eya ta míegbɔa dzi ɖi nɛ, be wòaxlẽ nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nya la me, ase wo gɔme, ahalɔ̃ ɖe wo dzi. Nu agbɔsɔsɔme si gɔme wòate ŋu ase la koe míasrɔ̃ kplii. Ke hã, ele be nusɔsrɔ̃a nanɔ zɔ ɖem. Ne nusrɔ̃via nya se nya aɖe gɔme ko la, míayi bubu dzi.—Kol. 2:6, 7.

11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nufiafia ŋu le apostolo Paulo gbɔ?

11 Apostolo Paulo naa nya nyui gbedeasia gɔme sese nɔa bɔbɔe ne ele nu ƒom na ame yeyewo. Togbɔ be agbalẽnyalagã aɖee wònye hã la, mezã nya gã nya gãwo o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 2:1, 2.) Ale si Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea gɔme sese le bɔbɔe la hea dzi nyui tɔwo, eye wònana woƒe dzi dzea eme. Mehiã be ame nanye agbalẽnyalagã hafi ase egɔme o.—Mat. 11:25; Dɔw. 4:13; 1 Kor. 1:26, 27.

Kpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu Woade Asixɔxɔ Nu Si Srɔ̃m Wole Ŋu

12, 13. Nu kae aʋã nusrɔ̃via be wòawɔ nu si srɔ̃m wòle la dzi? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Hafi míaƒe nufiafia nawɔ dɔ ɖe nusrɔ̃via dzi la, ele be wòaɖo eƒe dzi gbɔ. Ele be nusrɔ̃via nase ale si nyaa ka eya ŋutɔe, ale si wòaɖe vi nɛ, kple ale si eƒe agbenɔnɔ anyo ɖe edzi wu ne ewɔ ɖe mɔfiame siwo le Ŋɔŋlɔawo me dzi la me.—Yes. 48:17, 18.

13 Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míele Hebritɔwo 10:24, 25 me dzrom, afi si de dzi ƒo na Kristotɔwo be woaƒo ƒu kple haxɔsetɔwo, bene woatsɔ Ŋɔŋlɔawo ade dzi ƒo na wo nɔewo ahakpɔ gome le hadede si me lɔlɔ̃ le la me. Ne nusrɔ̃via mete hamea ƒe kpekpewo dede haɖe o la, míate ŋu aƒo nu tso ale si míewɔa kpekpeawoe, kple nu si me woadzro le kpekpe si míagawɔ me la, ŋu nɛ kpuie. Míate ŋu ana wòanya be, hamea ƒe kpekpewo dede nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe, eye míagblɔ ale si wòɖea vi na mía ŋutɔwoe la nɛ. Azɔ míate ŋu akpe nusrɔ̃via be wòava kpekpea. Didi be yeaɖo to Yehowa ye wòle be wòaʋãe be yeawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me sededewo dzi, ke menye be yeadze ame si le nu srɔ̃m kpli ye la ŋu o.—Gal. 6:4, 5.

14, 15. (a) Nu kae Biblia nusrɔ̃vi ate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ŋu? (b) Aleke ame si ƒomevi Mawu nye nyanya ate ŋu aɖe vi na Biblia nusrɔ̃vi?

14 Viɖe gãtɔ siwo nusrɔ̃viwo kpɔna tso Biblia sɔsrɔ̃ kple emegɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me dometɔ ɖekae nye be, wova nyana be Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ si li. (Yes. 42:8) Menye Fofo lɔ̃ame kpakple Wɔla si tɔ xexea nye koe wònye o, eɖea ame si ƒomevi wònye kple nu siwo wòte ŋu wɔna la hã fiaa ame siwo lɔ̃e hesubɔnɛ la. (Xlẽ 2 Mose 34:6, 7.) Esime wòsusɔ vie Mose nakplɔ Israel dukɔa adzoe le kluvinyenye me le Egipte la, Yehowa gblɔ tso eɖokui ŋu be: “Mava nye ame si mava nye.” (2 Mose 3:13-15, NW) Esia fia be, Yehowa azu nu sia nu si wòahiã be wòazu, ale be wòawɔ tame siwo wòɖo ɖe eƒe dukɔ tiatiaa ŋu la dzi ade goe. Esia na Israel viwo va nya Yehowa be enye Ðela, Aʋakalẽtɔ, Nunala, ŋugbedodowo dzi wɔla, kple bubuawo.—2 Mose 15:2, 3; 16:2-5; Yos. 23:14.

15 Ðewohĩ Yehowa mawɔ nukunu aɖeke le míaƒe nusrɔ̃viwo ya ƒe agbe me abe ale si wòwɔe na Mose ene o. Ke hã, ne míaƒe nusrɔ̃viwo ƒe xɔse kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wole ŋu le dzidzim ɖe edzi, eye wote eŋudɔwɔwɔ le woƒe agbe me la, woakpɔe godoo be, ehiã be yewoaziɔ ɖe Yehowa ŋu hena dzideƒo, nunya, kple mɔfiafia. Ne wole ewɔm alea la, ekema woawo hã woava nya Yehowa be, enye Aɖaŋuɖola nyanu si dzi woate ŋu aka ɖo, Ametakpɔla, kple Ame si kpɔa woƒe nu hiahiãwo katã gbɔ na wo.—Ps. 55:23; 63:8; Lod. 3:5, 6.

Ðee Fia Be Yetsɔ Ðe Le Eme Nɛ Lɔlɔ̃tɔe

16. Nu ka tae menye nufiafiaŋutete ye nye nu vevitɔ kekeake si hiã hafi nufiafiaa nawɔ dɔ ɖe nusrɔ̃via dzi o?

16 Ne ewɔna na wò be, yemebi ɖe nufiafia me abe ale si yedi ene o hã la, lé dzi ɖe ƒo. Yehowa kple Yesu ye le megbe na hehenanadɔ si wɔm míele le xexea me godoo egbea la. (Dɔw. 1:7, 8; Nyaɖ. 14:6) Woate ŋu ayra agbagba siwo míedzena be míaƒe nyawo nawɔ dɔ nyui ɖe dzi anukware tɔwo dzi la. (Yoh. 6:44) Ne nufiafiaŋutete mele nufiala si o hã la, lɔlɔ̃ vavã si anɔ esi na nusrɔ̃via ate ŋu awɔ dɔ geɖe ɖe edzi. Apostolo Paulo ɖee fia be yenya ale si wòle vevie be, yealɔ̃ ame siwo yefiaa nui la.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8.

17. Aleke míaɖee afia be, míetsɔ ɖe le eme na Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe vevie?

17 Azɔ hã, míate ŋu aɖee afia Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe be míetsɔ ɖe le eme nɛ ne míedi ɣeyiɣi nya eyama nyuie wu. Ne míele Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo me dzrom kplii la, míava nya nɔnɔme siwo me wòle la godoo. Míate ŋu ade dzesii be, ele agbe nɔm ɖe nu siwo wòsrɔ̃ tso Biblia me la dometɔ aɖewo nu xoxo. Ðewohĩ ahiã be wòawɔ asitɔtrɔ le go bubuwo me. Míate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu lɔlɔ̃tɔe be wòava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la vavã ne míekpena ɖe eŋu wòkpɔa ale si wòate ŋu awɔ nu siwo míesrɔ̃na kplii le Biblia me la dzi.

18. Nu ka tae wòle vevie be míado gbe ɖa kple nusrɔ̃via, eye míadoe ɖa ɖe eta hã?

18 Vevietɔ wu la, míate ŋu ado gbe ɖa kple nusrɔ̃via, eye míadoe ɖa ɖe eta hã. Ele be wòakpɔe kɔtɛ be míaƒe taɖodzinu ye nye be, míakpe ɖe eŋu wòanya Mawu si nye Ewɔla la nyuie wu, ate ɖe eŋu, ahakpɔ viɖe tso eƒe mɔfiafia me. (Xlẽ Psalmo 25:4, 5.) Ne míedoa gbe ɖa biaa Yehowa be wòayra agbagba siwo dzem nusrɔ̃via le be wòawɔ nu siwo srɔ̃m wòle dzi la, ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔe be, ehiã be yeazu ‘nyadziwɔla.’ (Yak. 1:22) Eye ne nusrɔ̃via senɛ míedoa gbe ɖa tso dzi me la, eya hã asrɔ̃ ale si wodoa gbe ɖae. Ðe medzɔa dzi na mí ŋutɔ ne míekpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woa kple Yehowa dome va le kplikplikpli oa?

19. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ be míanyae be, mí Ðasefo siwo wu miliɔn ade kple afã ye le dɔ dzi vevie le xexea me godoo le “nufiafiaɖaŋu” ŋu dɔ wɔm, kple taɖodzinu be míakpe ɖe dzi anukware tɔwo ŋu woawɔ ɖe nu siwo katã ƒe se Yesu de la dzi. Nu kawoe do tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me? Míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le nyati si kplɔ esia ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu ka tae wòhiã be Kristotɔwo natu “nufiafiaɖaŋu” ɖo?

• Mɔnu kawo zazã ye ana míaƒe nufiafia nanyo ɖe edzi wu?

• Ne nufiafiaŋutete mele mía si o hã la, nu kawoe ana míakpɔ dzidzedze le nufiafiadɔa me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Èŋlɔ ŋkɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nu ka tae wòle vevie be nàna nusrɔ̃via naxlẽ mawunyakpukpuia le Biblia me?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Do gbe ɖa kple nusrɔ̃via, eye nàdoe ɖa ɖe eta hã