Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wobu Wo Be Wodze Woafia Mɔ Wo Ayi Agbetsidzɔƒewo Gbɔ

Wobu Wo Be Wodze Woafia Mɔ Wo Ayi Agbetsidzɔƒewo Gbɔ

Wobu Wo Be Wodze Woafia Mɔ Wo Ayi Agbetsidzɔƒewo Gbɔ

“Alẽvi la . . . akplɔ wo, eye wòafia mɔ wo ayi agbetsidzɔƒewo gbɔ.”—NYAÐ. 7:17.

1. Aleke Mawu ƒe Nya la yɔ Kristotɔ amesiaminawoe, eye agbanɔamedzi kae Yesu de wo si?

MAWU ƑE NYA la yɔ Kristotɔ amesiamina siwo kpɔa Kristo ƒe nu siwo le anyigba dzi dzi la be, “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela.” Esi Kristo va lé ŋku ɖe “kluvi” la ƒe dɔwɔwɔ ŋu le ƒe 1918 me la, ekpɔe be, amesiamina mawo siwo nɔ anyigba dzi la nɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam “le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” Eya ta edzɔ dzi na woƒe Aƒetɔ Yesu be wòtsɔ wo ɖo “eƒe nuwo katã nu” emegbe. (Xlẽ Mateo 24:45-47.) Le mɔ sia nu la, amesiaminawo subɔa ame siwo dea ta agu na Yehowa le anyigba dzi afi sia hafi xɔa woƒe domenyinu la.

2. Nu kawoe nye Yesu ƒe nuawo?

2 Aƒetɔ ɖe sia ɖe kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nunɔamesiwo dzi, eye ate ŋu azã wo ale si wòdi. Yesu Kristo, si nye Fia si Yehowa ɖo la, ƒe nuwo lɔ Fiaɖuƒea ƒe nu siwo katã le anyigba dzi la ɖe eme. “Ameha gã aɖe” si apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega me la hã le eme. Yohanes ƒo nu tso ameha gã la ŋu ale: “Kpɔ ɖa! Ameha gã aɖe si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o, tso dukɔwo kple towo kple ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋkume kple Alẽvi la ŋkume do awu ʋlaya ɣiwo; eye deʋayawo le wo si.”—Nyaɖ. 7:9.

3, 4. Mɔnukpɔkpɔ gã kae su ameha gã la me tɔwo si?

3 Ameha gã ma me tɔwo hã le ame siwo Yesu yɔ be yeƒe “alẽ bubuwo” la dome. (Yoh. 10:16) Woƒe mɔkpɔkpɔ ye nye be, yewoanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. Woka ɖe edzi be, Yesu ‘afia mɔ yewo ayi agbetsidzɔƒewo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le yewoƒe ŋkuwo me.’ Esia ta “wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me.” (Nyaɖ. 7:14, 17) Woɖee fia be yewoxɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se, eya ta le Mawu ŋkume la, wole ‘awu ʋlaya ɣiwo’ me. Wobua wo be wole dzɔdzɔe henye Mawu xɔlɔ̃wo, abe Abraham ene.

4 Gawu la, esi Mawu bua ameha gã sia si le dzidzim ɖe edzi la me tɔwo be wole dzɔdzɔe ta la, woate ŋu anɔ mɔ kpɔm be yewoatsi agbe le nuɖoanyi sia tsrɔ̃ɣi, le xaxa gã la me. (Yak. 2:23-26) Woate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu, eye abe ƒuƒoƒo ene la, mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe le wo si be, yewoatsi agbe le Harmagedon me. (Yak. 4:8; Nyaɖ. 7:15) Womewɔa nu le wo ɖokui si o, ke boŋ wolɔ̃na faa subɔna le Dziƒofia la kple nɔvia amesiamina siwo le anyigba dzi la ƒe mɔfiafia te.

5. Aleke ameha gã la me tɔwo kpena ɖe Kristo nɔvi amesiaminawo ŋui?

5 Satana ƒe xexea he tsitretsiɖeŋu sesẽwo va Kristotɔ amesiaminawo dzi, eye ayi edzi agahe bubuwo avae. Ke hã, woate ŋu aka ɖe edzi be, yewoƒe zɔhɛ ameha gã la me tɔwo akpe ɖe yewo ŋu. Togbɔ be Kristotɔ amesiaminawo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ hã la, ame akpe alafa geɖe va kpea ameha gãa ya ƒe sia ƒe. Amesiaminawo ŋutɔ mate ŋu akpɔ Kristotɔwo ƒe hame 100,000 kloe siwo le xexea me godoo la dometɔ ɖe sia ɖe dzi o. Eya ta kpekpeɖeŋu si amesiaminawo xɔna tso alẽ bubuawo gbɔ dometɔ ɖekae nye be, nɔviŋutsu siwo dze le ameha gã la me la subɔna abe hamemetsitsiwo ene. Wonaa kpekpeɖeŋu “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la be wòte ŋu kpɔa Kristotɔ miliɔn geɖe siwo le eƒe dzikpɔkpɔ te la dzi.

6. Aleke wogblɔ ale si alẽ bubuawo akpe ɖe Kristotɔ amesiaminawo ŋu la ɖii?

6 Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ ale si alẽ bubuawo alɔ̃ faa ana kpekpeɖeŋu Kristotɔ amesiaminawo la ɖi. Eŋlɔ be: “Ale Yehowa gblɔ esi: Egipte ƒe adzɔnuwo, Kus kple Sebatɔ ƒlalaawo ƒe viɖe age ɖe asiwò me ahazu tɔwò; woanɔ ga me adze yowòme.” (Yes. 45:14) Le kpɔɖeŋumɔ nu la, Kristotɔ siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la nɔa kluvi amesiamina ƒe ha la kple eƒe Dziɖuha la yome, eye wowɔna ɖe woƒe mɔfiafia dzi. Alẽ bubuawo lɔ̃na faa zãa woƒe ŋusẽ kple nunɔamesiwo tsɔ kpea asi ɖe xexea me katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ si Kristo de asi na eyomedzela amesiamina siwo le anyigba dzi la ŋu.—Dɔw. 1:8; Nyaɖ. 12:17.

7. Nu ka ƒe hehe namee wole ameha gã la?

7 Kpekpeɖeŋu si nam ameha gã la me tɔwo le wo nɔvi amesiaminawo la nye hehe si xɔm wole be woanye gɔmeɖoanyi na ameƒome yeye si ava nɔ agbe le Harmagedon megbe. Ele be gɔmeɖoanyi ma nasẽ ahali ke, eye emenɔlawo nalɔ̃ faa awɔ Aƒetɔ la ƒe mɔfiafia dzi. Wole mɔnukpɔkpɔ nam Kristotɔ ɖe sia ɖe be wòaɖee afia be, Kristo Yesu, Fia la, ate ŋu azã ye. Ne eɖenɛ fiana be yexɔe se, eye wòwɔa nuteƒe fifia la, ekema ele eɖem le fiafiam be, le xexe yeyea me la, yeawɔ ɖe Fia la ƒe mɔfiamewo dzi.

Ameha Gã La Me Tɔwo Ðea Woƒe Xɔse Fiana

8, 9. Aleke ameha gã la me tɔwo le woƒe xɔse ɖem le fiafiamee?

8 Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea me tɔwo ƒe zɔhɛ siwo nye alẽ bubuawo la ɖea woƒe xɔse fiana le mɔ vovovowo nu. Mɔ gbãtɔe nye be, wokpena ɖe amesiaminawo ŋu le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Mɔ eveliae nye be, wowɔna ɖe Dziɖuha la ƒe mɔfiamewo dzi ɖokuibɔbɔtɔe.—Heb. 13:17; xlẽ Zaxariya 8:23.

9 Mɔ etɔ̃lia si nu ameha gã la me tɔwo kpena ɖe wo nɔvi amesiaminawo ŋu le ye nye ale si wonɔa agbe ɖe Yehowa ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo nu. Wodzea agbagba tua “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, [kple] ɖokuidziɖuɖu” ɖo. (Gal. 5:22, 23) Ame akpa gãtɔ meɖea nɔnɔme siawo fiana le woƒe agbenɔnɔ me egbea o, ke boŋ wokplɔa “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” ɖo. Ke hã, ameha gã la me tɔwo ɖoe kplikpaa be yewoaƒo asa na “agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, ŋukpenanuwɔwɔ, trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, keléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, nyahehewo, mamawo, kɔmamawo, ŋubiabiãwo, ahamumuwo, aglotutu siwo gbɔ eme, kple nu siawo tɔgbiwo.”—Gal. 5:19-21.

10. Nu kae ameha gã la me tɔwo ɖo kplikpaa be yewoawɔ?

10 Esi míede blibo o ta la, ate ŋu anye nu sesẽ na mí be, míaɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo afia, aƒo asa na ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo, eye míatsi tsitre ɖe Satana ƒe xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ŋu. Ke hã, míeɖoe kplikpaa be, míaɖe mɔ dziɖeleameƒo si tsoa mía ŋutɔwo míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, kpododonu ɣeaɖewoɣi, alo ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔwo, nagblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu alo ana míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa dzi naɖe kpɔtɔ o. Míenyae be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo la dzi—akpɔ ameha gã la ta be woatsi agbe ato xaxa gã la me.

11. Mɔnu kawoe Satana le zazãm tsɔ le agbagba dzem be yeagbɔdzɔ Kristotɔwo ƒe xɔse me?

11 Ke hã, míenɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi elabena míenyae be, Abosam koŋ ye nye míaƒe futɔ, eye menaa ta bɔbɔe o. (Xlẽ 1 Petro 5:8.) Edzea agbagba zãa xɔsegbelawo kple ame bubuwo be wòatsɔ ana míaxɔe ase be nufiafia siwo míexɔna la nye aʋatso. Gake zi geɖe la, eƒe ameblemɔnu sia medzea edzi o. Nenema kee togbɔ be yometiti nana gbeƒãɖeɖedɔa yia to vie ɣeaɖewoɣi hã la, zi geɖe la, ɖeko wòva doa ŋusẽ ame siwo yome tim wole la ƒe xɔse. Eya ta Satana va le mɔnu aɖe si wòsusu be ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe xɔse bɔbɔe la zãm geɖe wu. Eyae nye dziɖeleameƒo. Woxlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tso afɔku sia ŋu esime wogblɔ na wo be: “Ɛ̃, mibu [Kristo,] ame si do dzi kpe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe tsitretsiɖeŋunya si gblẽ nu le woawo ŋutɔwo ŋu ƒe fu la ŋu.” Nu ka tae? “Bene ɖeɖi nagate mia ŋu, eye miagbɔdzɔ le miaƒe luʋɔwo me o.”—Heb. 12:3.

12. Aleke Biblia me ɖaŋuɖoɖowo doa ŋusẽ ame siwo ƒo dzi ɖe le?

12 Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be yeana ta? Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be yedo kpo nua? Ne nenemae la, mègaɖe mɔ Satana nawɔ seselelãme mawo ŋu dɔ atsɔ axe mɔ na wò be nàgasubɔ Yehowa o. Biblia sɔsrɔ̃ vevie, gbedodoɖa kutrikukutɔe, kpekpewo dede edziedzi, kpakple hadede kple haxɔsetɔwo ado ŋusẽ wò, eye woakpɔ tawò be ‘nàgagbɔdzɔ le wò luʋɔ me o.’ Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ame siwo subɔa ye la ŋu ŋusẽ nagaɖo wo ŋu, eye àte ŋu aka ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi. (Xlẽ Yesaya 40:30, 31.) Wò susu nenɔ Fiaɖuƒedɔa ŋu. Ƒo asa na modzakaɖeɖe siwo gblẽa ɣeyiɣi, eye kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu nenɔ vevie na wò. Ana ŋusẽ naɖo ŋuwò nàdo dzi nenye be dzi ɖe le ƒowò hã.—Gal. 6:1, 2.

Woaɖe Wo Tso Xaxa La Me Yi Xexe Yeye Aɖe Me

13. Dɔ kae le ame siwo atsi agbe le Harmagedon me la lalam?

13 Le Harmagedon megbe la, ahiã be woafia Yehowa ƒe mɔwo ame madzɔmadzɔ akpe geɖe siwo woafɔ ɖe tsitre la. (Dɔw. 24:15) Ahiã be woasrɔ̃ nu tso Yesu ƒe tafevɔsa la ŋu; gawu la, ele be woafia wo be woaɖee afia be yewoxɔ vɔsa ma dzi se, bene woaxɔ eƒe yayrawo. Ahiã be woagbe nu le alakpadzixɔse siwo nɔ wo si tsã la gbɔ, eye woaɖe asi le woƒe agbenɔnɔ tsãtɔ la ŋu. Ele be woasrɔ̃ ale si woawɔ ado amenyenye yeye si nana Kristotɔ vavãwo ɖea dzesi la. (Ef. 4:22-24; Kol. 3:9, 10) Dɔ geɖe anɔ anyi na alẽ bubuawo me tɔ siwo atsi agbe ɣemaɣi la be woawɔ. Ðe manye dzidzɔ gã aɖe ɣemaɣi be míawɔ dɔ siawo na Yehowa, esi fifi xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi kple susuhenuwo maganɔ anyi o la oa?

14, 15. Ƒo nu tso dzeɖoɖo si tɔgbi ayi edzi le ame siwo atsi agbe ato xaxa gã la me kple ame dzɔdzɔe siwo woafɔ ɖe tsitre dome la ŋu.

14 Nu geɖe anɔ anyi na Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo ku do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi la hã be woasrɔ̃ ɣemaɣi. Woava nya ame si Mesia si ŋugbe wodo, si wokpɔ mɔ na vevie, gake mɔnukpɔkpɔ mesu wo si wokpɔe o la, nye. Esime wonɔ agbe tsã la, woɖee fia xoxo be yewolɔ̃ faa be Yehowa nafia nu yewo. Wò ya bu dzidzɔ kple mɔnukpɔkpɔ si wòanye na ame be wòakpe ɖe wo ŋui la ŋuti kpɔ—le kpɔɖeŋu me, be woaɖe nyagblɔɖi si Daniel ŋlɔ ɖi, gake mese egɔme o la, me na eya ŋutɔ!—Dan. 12:8, 9.

15 Nyateƒee, togbɔ be ame siwo woafɔ ɖe tsitre la asrɔ̃ nu geɖe tso mía gbɔ hã la, nya geɖe anɔ míawo hã mía si míabia wo. Woate ŋu agblɔ nudzɔdzɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tso, gake womeɖe wo me tsitotsito o la, na mí. Wò ya bu ale si dzi adzɔ wòe, be Yohanes Amenyrɔɖetsimela, si nye Yesu nɔvi la, ŋutɔ nagblɔ nu siwo wònya tso eŋu la na wòe ŋu kpɔ! Ðikeke mele eme o be, nu siwo míasrɔ̃ tso ɖasefo wɔnuteƒe mawo gbɔ la ana míagase Mawu ƒe Nya la gɔme ɖe edzi wu ale si míese egɔmee fifia. Yehowa subɔla nuteƒewɔla siwo ku—kple ameha gã la me tɔ siwo ku le nuwuɣia me hã—akpɔ “tsitretsitsi si nyo wu” la. Wodze Yehowa subɔsubɔ gɔme le xexe si nɔ Satana ƒe ŋusẽ te la me. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wòanye na wo be woayi woƒe subɔsubɔdɔa dzi le xexe yeyea me, afi si nɔnɔmeawo de ame dzi le wu sãsãsã la!—Heb. 11:35; 1 Yoh. 5:19.

16. Le Biblia me nyagblɔɖiwo nu la, aleke nuwo ava yii le Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi?

16 Ne Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dze egɔme va ɖo afi aɖe la, woaʋu agbalẽ xatsaxatsawo. Woatsɔ wo kpe ɖe Biblia ŋu woanye nu si dzi woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã le agbe ne wodze anɔ agbe tegbee loo alo womedze o. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 20:12, 13.) Kaka Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea nawu enu la, mɔnukpɔkpɔ asu ame sia ame si nyuie wòaɖe akpa si dzi wòle le xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te me la afia. Ðe wòade Fiaɖuƒe ɖoɖoa dzi ahaɖe mɔ Alẽvi la nafia mɔe ayi “agbetsidzɔƒewo” gbɔa? Alo ɖe wòadze aglã, agbe eɖokuibɔbɔ ɖe Mawu Fiaɖuƒea tea? (Nyaɖ. 7:17; Yes. 65:20) Va se ɖe ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔ asu anyigba dzi nɔla ɖe sia ɖe si wòawɔ nyametsotso, esi nu vɔ̃ si dome míenyi alo nɔnɔme gbegblẽ aɖeke magakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nyametsotsoa dzi o. Ame aɖeke magate ŋu atsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛa mele dzɔdzɔe o. Ame vɔ̃ɖiwo koe woatsrɔ̃ ɖikaa.—Nyaɖ. 20:14, 15.

17, 18. Nu kae Kristotɔ amesiaminawo kple alẽ bubuawo tsɔ dzidzɔ le mɔ kpɔm na le Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la ŋu?

17 Esi wobu Kristotɔ amesiamina siwo li egbea la be wodze axɔ Fiaɖuƒe aɖe ta la, wole mɔ kpɔm vevie be yewoaɖu fia le Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke la dzi. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee ema anye na wo lo! Mɔkpɔkpɔ sia ʋãa wo wowɔna ɖe aɖaŋu si Petro ɖo na wo nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dzi be: “Miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe, be kakaɖedzi nasu mia ŋutɔwo mia si le mia yɔyɔ kple mia tiatia la ŋu; elabena ne mieyi edzi wɔa nu siawo la, ekema miadze anyi akpɔ gbeɖe o. Le nyateƒe me la, ale woana mɔnukpɔkpɔ gã mi be, miage ɖe mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me.”—2 Pet. 1:10, 11.

18 Alẽ bubuawo kpɔa dzidzɔ kple wo nɔvi amesiaminawo. Woɖoe kplikpaa be yewoakpe ɖe wo ŋu. Abe Mawu xɔlɔ̃ siwo li egbea ene la, wodina vevie be yewoawɔ yewoƒe ŋutete ɖe sia ɖe le Mawu subɔsubɔ me. Le Ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, anye dzidzɔ na wo be yewoakpe asi ɖe ɖoɖo siwo Mawu wɔ la ŋu kple dzi blibo, esime Yesu afia mɔ wo ayi agbetsidzɔƒewo gbɔ. Azɔ woabu wo mlɔeba be wodze anye Yehowa subɔlawo le anyigba dzi yi mavɔmavɔ me.—Rom. 8:20, 21; Nyaɖ. 21:1-7.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nu kawoe nye Yesu ƒe nuawo dometɔ aɖewo?

• Aleke ameha gã la me tɔwo doa alɔ wo nɔvi amesiaminawoe?

• Mɔnukpɔkpɔ kple mɔkpɔkpɔ kae le ameha gã la me tɔwo si?

• Aleke nèbua Ʋɔnudrɔ̃ŋkeke lae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ameha gã la me tɔwo nya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nya kae nàdi be yease tso nuteƒewɔla siwo woafɔ ɖe tsitre la gbɔ?