Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wole Dzidzɔ Kpɔm Le Agbe Me Wu Tsã Wò Hã Àdiia?

Wole Dzidzɔ Kpɔm Le Agbe Me Wu Tsã Wò Hã Àdiia?

Wole Dzidzɔ Kpɔm Le Agbe Me Wu Tsã Wò Hã Àdiia?

MARC nye nɔvi le Canada, eye woxɔe ɖe dɔwɔƒe aɖe si wɔa robotmɔ sesẽwo na yamenutomeyimɔ ŋuti dɔwɔƒewo. Ewɔa ŋutilãmedɔ ɣeyiɣi aɖe ko, si na wòzu gbesiagbe mɔɖela. Ke dɔdzikpɔla aɖe gblɔ na Marc be yewoadoe ɖe ŋgɔ—awɔ dɔ kwasiɖaa katã, gake wòaxɔ fetu gã. Nu kae Marc wɔ?

Amy nye nɔvinyɔnu aɖe le Philippines, eye wònɔ mɔɖeɖedɔa wɔm esime wòsusɔ vie wòawu suku nu. Esi wòwu enu la, wodo dɔ aɖe si abia be wòawɔ dɔ kwasiɖa bliboa katã la ɖe egbɔ, si axɔ eƒe ɣeyiɣiawo katã, gake wòaxɔ fetu gã. Nyametsotso kae Amy wɔ?

Marc ƒe nyametsotso to vovo na Amy tɔ, eye nu siwo do tso eme na wo la ɖee fia be, nunya le aɖaŋu si woɖo na Kristotɔ siwo nɔ blemadu si nye Korinto la me. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ame siwo wɔa xexe sia ŋuti dɔ la nenɔ abe ame siwo mele eŋuti dɔ wɔm bliboe o ene.”—1 Kor. 7:29-31.

Wɔ Xexea Ŋuti Dɔ, Gake Menye Bliboe O

Hafi míase nu si dzɔ ɖe Marc kple Amy dzi la, mina míadzro gɔmesese si le nya “xexea” (si woyɔna le Helagbe me be koʹsmos) si Paulo zã le eƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la ŋu me kpɔ. Nya koʹsmos si wozã le mawunyakpukpui ma me la fia xexea me nuɖoanyi si me míele—si nye amegbetɔƒome bliboa—eye eku ɖe míaƒe gbe sia gbe nu hiahiãwo, abe dɔƒe, nuɖuɖu, kple nudodo ene, ŋuti. Hafi mía dometɔ akpa gãtɔ nakpɔ gbe sia gbe nu hiahiã siawo gbɔ la, ele be woawɔ ŋutilãmedɔ. Nyateƒee, ehiã be, míawɔ xexea ŋuti dɔ, hafi míate ŋu atsɔ agbanɔamedzi si Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ele mía dzi be, míakpɔ mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒomewo ƒe nu hiahiãwo gbɔ la. (1 Tim. 5:8) Gake míenyae hã be, “xexea nu va yina.” (1 Yoh. 2:17) Eya ta míewɔa xexea ŋuti dɔ le ale si wòahiã ko nu, ke menye “bliboe” o.—1 Kor. 7:31.

Biblia me ɖaŋuɖoɖo ma, be míagawɔ xexea ŋuti dɔ bliboe o la, ʋã nɔvi gbogbo aɖewo wogbugbɔ ŋku lé ɖe woƒe nɔnɔmewo ŋu, ɖe ɣeyiɣi si wozãna ɖe woƒe dɔwɔɖui ŋu la dzi kpɔtɔ, eye wova le agbe tsɛ nɔm. Esia wɔwɔ na wokpɔe be, yewova le dzidzɔ kpɔm le agbe me wu tsã, elabena wova kpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe woƒe ƒomewo kple Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, woƒe agbe tsɛ nɔnɔ na wova ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu ale si woɖoa ŋu ɖe xexea ŋu. Wò hã àte ŋu awɔe alea—anɔ agbe tsɛ, bene nàte ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe Mawu Fiaɖuƒe la ƒe nuwo ŋua?—Mat. 6:19-24, 33.

“Mía Kple Yehowa Dome Va Le Kplikplikpli Wu Tsã”

Marc, si ƒe nya míegblɔ va yi la, wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo be míagawɔ xexea ŋuti dɔ bliboe o la dzi. Egbe ɖoƒe gã si wotsɔ ɖo eŋkume, si me ga geɖe le la, xɔxɔ. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Marc ƒe amegã gblɔ nɛ be yewoada ɖe dɔa ƒe fetu dzi, ne wòable enu wòalɔ̃ axɔe. Marc gblɔ be: “Tetekpɔ ye. Megagbe ake.” Nu ka tae wògbe? Eɖe eme be: “Mía kple srɔ̃nye, Paula, míedi be Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na mí le agbe me. Eya ta míeɖoe be míanɔ agbe tsɛ. Míedo gbe ɖa na Yehowa be wòana nunya mí míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ, eye míeɖo ŋkeke si koŋ dzi míadze Yehowa subɔsubɔ geɖe wu gɔme.”

Paula gblɔ be: “Menye agbalẽŋlɔla le kɔ aɖe dzi, hewɔa dɔ ŋkeke etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa, eye fetu si mexɔna la nyo. Mewɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa hã. Ke hã, abe Marc ene la, medi be matsɔ ɖokuinye ana Yehowa asubɔ le afi sia afi si Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo le wu. Ke hã, esi meŋlɔ agbalẽ na nye amegã be, mele asi ɖem le dɔ ŋu la, egblɔ nam be mɔnukpɔkpɔ aɖe ʋu teti ye nye ema be woaɖo ame aɖe agbalẽŋlɔlagã, eye be medze nɛ. Agbalẽŋlɔlagã ƒe fetu alolo wu agbalẽŋlɔlawo katã tɔ le kɔa dzi, gake meɖoe kplikpaa be, maɖe asi le dɔa ŋu. Esi megblɔ susu si ta nyemedi be maxɔ mɔnukpɔkpɔ sia o la na nye amegã la, ekafum ɖe nye xɔse ta.”

Ema megbe kpuie la, wode dɔ asi na Marc kple Paula be woazu mɔɖela veviwo le hame sue aɖe me le Canada ƒe nuto aɖe si sa ɖe aga me. Nu kae do tso woƒe ʋuʋua me? Marc gblɔ be: “Esi meɖe asi le dɔwɔɖui si me ga geɖe le, si mezã nye agbenɔƒe ƒe afã kloe wɔ ŋu la, vɔvɔ̃ vi aɖe nɔ menye, gake Yehowa yra míaƒe subɔsubɔdɔa. Míekpɔa dzidzɔ gã si dona tso gbɔgbɔmenuwo nana ame bubuwo me. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa na míele dzidzɔ geɖe kpɔm le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me hã. Nu siwo le vevie ŋutɔŋutɔ ŋue míeɖoa dze tso—siwo nye gbɔgbɔmenuwo. Mía kple Yehowa dome va le kplikplikpli wu tsã.” (Dɔw. 20:35) Paula gblɔ kpee be: “Ne èɖe asi le wò dɔ ŋu, eye nèdzo le aƒe si me nɔnɔ ma wò me la, ele be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Nu mae míewɔ, eye Yehowa yra mí. Nɔvi siwo le míaƒe hame yeyea me la nye ame veviwo na mí, eye wonana míesena le mía ɖokui me be wolɔ̃ mí, eye be míaƒe wɔƒe hiã. Fifia la, mele ŋusẽ si megblẽna ɖe nye dɔwɔɖui ŋu tsã la zãm le kpekpem ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me. Dzi le dzɔyem glo le dɔdeasi sia wɔwɔ me.”

‘Eme Nyo Nam, Gake Nyemenɔ Dzidzɔ Kpɔm O’

Amy, si hã ŋu míeƒo nu tsoe va yi, ya wɔ nyametsotso si to vovo na Marc tɔ. Elɔ̃ xɔ dɔ si me ga geɖe le, gake wòaxɔ eƒe ɣeyiɣiawo katã, si wotsɔ ɖo eŋkume la. Amy gblɔ be: “Le ƒe gbãtɔ me la, menɔ vevie dom nu le subɔsubɔdɔa me, gake meva kpɔe be vivivi la, Fiaɖuƒea ƒe nuwo megava nɔ vevie nam le agbe me wu ale si woadom ɖe ŋgɔ le dɔ me o. Mɔnukpɔkpɔwo su asinye meyi ŋgɔ, eye meva nɔ nye ŋusẽ katã zãm ɖe ale si mawɔ agayi ŋgɔ ɖe edzii ŋu, eye nu siawo katã va zu tetekpɔ nam. Esi nye agbanɔamedziwo va nɔ dzidzim ɖe edzi le dɔa me la, nyemegava nɔ vovo kpɔm ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu o. Mlɔeba la, meva dzudzɔ gbeƒãɖeɖe kura.”

Esi Amy trɔ kpɔ megbe la, egblɔ be: “Le ganyawo gome la, eme nyo nam. Mezɔ mɔ geɖe, eye ɖoƒe si nɔ asinye le dɔ me la na ame geɖe de bubu ŋunye wòvivi nunye. Ke hã, nyemenɔ dzidzɔ kpɔm o. Ga nɔ asinye ya, gake nye kuxiawo hã sɔ gbɔ. Meva nɔ ɖokuinye biam be, nu ka gbɔe wòtso hã. Mlɔeba meva de dzesii be, esi mekplɔ dɔwɔɖui ɖo le xexea sia me la, ‘metra mɔ tso xɔse la gbɔ’ kloe. Esia wɔe be, metsɔ ‘vevesese geɖe’ ŋɔ ɖokuinye flofloflo, abe ale si tututu Mawu ƒe Nya la gblɔe ene.”—1 Tim. 6:10.

Nu kae Amy wɔ? Egblɔ be: “Mebia hamemetsitsiwo be woakpe ɖe ŋunye ŋusẽ nagaɖo ŋunye le gbɔgbɔ me, eye megate kpekpeawo dede. Esime míenɔ ha dzim le kpekpe aɖe me la, mewó avi. Meɖo ŋku ale si menɔ dzidzɔ kpɔm le ƒe atɔ̃ siwo mekpɔ gome le nuŋeŋedɔa me abe mɔɖela ene la dzi, togbɔ be meda ahe le ŋutilã me ɣemaɣi hã. Menyae be, ele be madzudzɔ ɣeyiɣigbegblẽ anɔ ga yome tim, eye be ele be matsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Mena woɖiɖi ɖoƒe si menɔ le dɔ me la, si wɔe be fetu si mexɔna fifia la nye esi mexɔna tsã ƒe afã ko, eye megadze gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme ake.” Amy gblɔ kple dzidzɔ be: “Mete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe ʋɛ aɖewo, eye mekpɔ dzidzɔ le eme. Fifia mesena le ɖokuinye me be, nye dzi dze eme, eye nyemese le ɖokuinye me alea kpɔ esime menɔ nye ɣeyiɣi ƒe akpa gãtɔ zãm nɔ dɔ wɔm na xexea o.”

Ðe wò hã àte ŋu atrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu ahanɔ agbe tsɛa? Ne èwɔe alea, eye nèzã ɣeyiɣi si su asiwò la tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ la, wò hã àte ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me wu tsã.—Lod. 10:22.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]

Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu ahanɔ agbe tsɛa?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 19]

“Ele Nunye Vivim Xoxo!”

David nye Kristotɔ hamemetsitsi le Amerika, eye wòdi be ye hã yeava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla abe ye srɔ̃ kple ye viwo ke ene. Ewɔ ɖoɖo wɔa ŋutilãmedɔ ɣeyiɣi aɖe ko, eye wòte gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Ðe tɔtrɔ sia si wòwɔ la na wòle dzidzɔ kpɔm le agbe me wu tsãa? Le ɣleti aɖewo megbe la, David ŋlɔ agbalẽ na exɔlɔ̃ aɖe, gblɔ be: “Naneke menaa ame ƒe dzi dzea eme wu esia o: be woa kple eƒe ƒomea woatsɔ ɣeyiɣiawo katã anɔ Yehowa subɔm. Mesusui be axɔ ɣeyiɣi aɖe hafi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nava mam, gake ele nunye vivim xoxo! Nye dzi koe dze eme!”

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Marc kple Paula le gbeadzi