Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristo Ƒe Anyinɔnɔ—Gɔmesese Kae Le Eŋu Na Wò?

Kristo Ƒe Anyinɔnɔ—Gɔmesese Kae Le Eŋu Na Wò?

Kristo Ƒe Anyinɔnɔ—Gɔmesese Kae Le Eŋu Na Wò?

“Nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?”—MAT. 24:3.

1. Nyabiase wɔdɔɖeamedzi kae Yesu ƒe apostoloawo biae?

ESIME Yesu kple eƒe apostolo ene aɖewo ɖeɖe nɔ dze ɖom le Amitoa dzi ƒe akpe eve kloe nye esia la, apostoloawo bia nya aɖe woƒe Aƒetɔa. Wobiae be: “Ɣekaɣie nu siawo adzɔ, eye nu kae anye wò anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” (Mat. 24:3) Apostoloawo zã nyagbɔgblɔ wɔdɔɖeamedzi eve siwo nye “wò anyinɔnɔ” kple “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la” le nyabiase ma me. Gɔmesese kae le nya mawo ŋu?

2. Nu kae nya “nuwuɣi” fia?

2 Gbã la, mina míadzro nya evelia si nye “nuwuɣi,” si nye Helagbe me nya syn·teʹlei·a ƒe gɔmeɖeɖe la me kpɔ. Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la me la, woɖe nya sia gɔme enuenu be “nuwuɣi,” eye woɖea Helagbe me nya, te’los, si do ƒome kplii gɔme be “nuwuwu.” Míate ŋu atsɔ nuƒo siwo woƒona le Fiaɖuƒe Akpata me awɔ vovototo si le nya siawo dome la ƒe kpɔɖeŋui. Nuƒo ƒe nuwuɣie nye nuƒoa ƒe akpa mamlɛtɔ si nuƒolaa zãa miniti ʋɛ aɖewo tsɔ ɖoa ŋku nu siwo ŋu wòƒo nu tsoe la dzi na nyaselawo, eye wòfiaa ale si woate ŋu awɔ eŋudɔe la wo. Nuƒoa ƒe nuwuwue nye ɣeyiɣi si nuƒolaa dzona le nuƒolanɔƒea. Nenema kee le Biblia ƒe nya nu la, nyagbɔgblɔ “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” ku ɖe ɣeyiɣi ƒe didime aɖe si do ŋgɔ na nuwuwua ŋu eye wòlɔ nuwuwua ŋutɔ hã ɖe eme.

3. Nu siwo adzɔ le Yesu ƒe anyinɔɣia me la dometɔ aɖewo ɖe?

3 Ke nu kae “anyinɔnɔ” si ŋu apostoloawo nɔ nya biam tsoe la fia? Esia nye Helagbe me nya si nye pa·rou·siʹa * ƒe gɔmeɖeɖe. Kristo ƒe pa·rou·siʹa, alo eƒe anyinɔnɔ, la dze egɔme tso esime woɖo Yesu Fia le dziƒo le ƒe 1914 me, eye wòayi edzi ʋuu va se ɖe “xaxa gã” si me wòava atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa la ƒe nuwuwu. (Mat. 24:21) Nu vovovo siwo ava eme le Yesu ƒe anyinɔɣia la dometɔ aɖewoe nye: Nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo,” ame tiatiawo nu ƒoƒo ƒu, kple wo fɔfɔ ɖe tsitre yi dziƒo. (2 Tim. 3:1; 1 Kor. 15:23; 1 Tes. 4:15-17; 2 Tes. 2:1) Míate ŋu agblɔ be “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la” (syn·teʹlei·a) kple ɣeyiɣi si woyɔ be Kristo ƒe anyinɔnɔ (pa·rou·siʹa) la ayi edzi le ɣeyiɣi ɖeka me.

Ɣeyiɣi Didi Aɖe

4. Aleke nu siwo dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me sɔ kple Yesu ƒe anyinɔnɔ?

4 Nyateƒenya si wònye be nya pa·rou·siʹa la kuna ɖe ɣeyiɣi didi aɖe ŋu la wɔ ɖeka kple nya siwo Yesu gblɔ ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ŋu. (Xlẽ Mateo 24:37-39.) De dzesii be Yesu metsɔ eƒe anyinɔnɔ sɔ kple ɣeyiɣi kpui si me Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa va o. Ke boŋ, etsɔ eƒe anyinɔnɔ sɔ kple ɣeyiɣi didi si do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa. Ɣeyiɣi ma lɔ ɣeyiɣi si me Noa nɔ aɖakaʋua kpam henɔ gbeƒã ɖem va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va mlɔeba la ɖe eme. Nudzɔdzɔ mawo xɔ ƒe geɖe. Nenema kee Kristo ƒe anyinɔnɔ la lɔ nu siwo adzɔ ʋuu va se ɖe xaxa gã la dzi kple xaxa gã la ŋutɔ siaa ɖe eme.—2 Tes. 1:6-9.

5. Aleke nya siwo dze le Nyaɖeɖefia ta 6 lia me ɖee fia be Yesu ƒe anyinɔnɔ nye ɣeyiɣi didi aɖe?

5 Biblia me nyagblɔɖi bubuwo na wòdze ƒãa be Kristo ƒe anyinɔnɔ nye ɣeyiɣi didi aɖe, ke menye eƒe vava be wòava atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ko o. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖɔ Yesu be ele sɔ ɣi aɖe dom, eye wotsɔ fiakuku nɛ. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 6:1-8.) Wogblɔ tso Yesu ŋu be, esi woɖoe Fia le ƒe 1914 me megbe la, edo go “yi ɖale aʋa dzi ɖum, bene yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu.” Nuŋlɔɖia ɖee fia be sɔdola siwo le sɔ siwo ƒe amadedewo le vovovo dzi la kplɔe ɖo. Le nyagblɔɖi me la, sɔdola siawo tsi tsitre ɖi na aʋawɔwɔ, dɔwuame, kple dɔvɔ̃wo, eye nu siawo katã dzɔ le ɣeyiɣi didi aɖe si woyɔ be “ŋkeke mamlɛawo” la me. Míele nyagblɔɖi siawo ƒe emevava teƒe kpɔm le míaƒe ŋkeke siawo me.

6. Nu ka gɔmee Nyaɖeɖefia ta 12 lia kpe ɖe mía ŋu míese ku ɖe Kristo ƒe anyinɔnɔ ŋu?

6 Nyaɖeɖefia ta 12 lia gana numekɔkɔ bubuwo mí ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le dziƒo ŋu. Míexlẽ le afi ma be aʋa aɖe dzɔ le gbɔgbɔmenutowo me. Mixael—Yesu Kristo le eƒe dziƒoŋusẽ me—kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Nu si do tso emee nye be, wonya Satana Abosam kple eƒe aʋakɔwo ɖo ɖe anyigba dzi. Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be, ɣemaɣi la dzi ku Abosam vevie, esi “[wònyae] be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si” ta. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:7-12.) Eya ta edze ƒãa be ɣeyiɣi si me ‘xaxawo’ adzi ɖe edzi na anyigba la kple ame siwo le edzi siaa la akplɔ Kristo ƒe Fiaɖuƒe la ɖoɖo anyi le dziƒo ɖo.

7. Nu ka ŋue psalmo evelia ƒo nu tsoe, eye mɔnukpɔkpɔ ka ŋue woƒo nu tsoe le eme?

7 Nenema kee Psalmo evelia hã gblɔe le nyagblɔɖi me be woɖo Yesu Fia le dziƒo Zion To dzi. (Xlẽ Psalmo 2:5-9; 110:1, 2.) Ke hã, psalmo sia ɖee fia hã be ɣeyiɣi aɖe anɔ anyi si me woana mɔnukpɔkpɔ anyigba dzi dziɖulawo kple wo teviwo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Kristo ƒe dziɖuɖua te. Woxlɔ̃ nu wo be ‘woadze nunya, eye woana woaxlɔ̃ nu wo.’ Ɛ̃, le ɣemaɣi la, ‘dzidzɔtɔwoe anye ame siwo katã asi Mawu atso’ to Yehowa kple Fia si wòɖo la subɔsubɔ me. Eya ta woʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo le Yesu ƒe anyinɔnɔ le fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe ɣeyiɣi la me.—Ps. 2:10-12.

Dzesi La Kpɔkpɔ Dze Si

8, 9. Ame kawoe akpɔ Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi la adze si ahase egɔme?

8 Esi Farisitɔwo bia nya Yesu ku ɖe ɣeyiɣi si Fiaɖuƒea ava ŋu la, eɖo eŋu na wo be “mava gaglãa ame sia ame nakpɔ” abe ale si woawo ya susui ene o. (Luka 17:20, 21) Dzimaxɔsetɔwo mase egɔme o. Aleke woate ŋui? Womelɔ̃ ɖe edzi gɔ̃ hã be Yesue anye yewoƒe Fia le etsɔ me o. Eya ta ame kawoe ate ŋu akpɔ Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia adze si ahase egɔme?

9 Yesu yi edzi gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo akpɔ dzesi la kɔte abe ale si ko ne ‘dzi ke dzo tso dziƒo ƒe go ɖeka me, eye wòklẽ yi dziƒo ƒe go evelia me’ la woakpɔe ene. (Xlẽ Luka 17:24-29.) Anyo be míade dzesii be wozã kpɔɖeŋu ma tututu le Mateo 24:23-27 tsɔ ku ɖe Kristo ƒe anyinɔnɔ ŋu tẽe.

Dzidzime Si Akpɔ Dzesi La

10, 11. (a) Numeɖeɖe kae wòna tsã ku ɖe “dzidzime” si woyɔ le Mateo 24:34 la ŋu? (b) Ame kawoe Yesu ƒe apostolowo anya se egɔme godoo be wokpe ɖe “dzidzime” ma ŋu?

10 Ɣeaɖeɣi va yi la, magazine sia ɖe nu me be, le ƒe alafa gbãtɔ me la, “dzidzime sia” si woyɔ le Mateo 24:34 fia “Yudatɔ dzimaxɔsetɔ siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi ma me ƒe dzidzime.” * Edze abe susu le numeɖeɖe ma me ene, elabena teƒe bubu siwo katã Yesu zã nya “dzidzime” le la mekuna ɖe ame nyuiwo ŋu o, eye zi geɖe la, ezãa ŋkɔnyaɖɔnya si wotsɔ ɖɔa nuwɔna gbegblẽwoe abe “vɔ̃ɖi” ene tsɔ ɖɔa dzidzime lae. (Mat. 12:39; 17:17; Mar. 8:38) Le esia ta la, wosusui tsã be dzidzime si ŋu Yesu nɔ nu ƒom tsoe la, ƒe emevava le míaƒe ŋkekea me ku ɖe dzimaxɔsetɔwo ƒe “dzidzime” vɔ̃ɖi siwo akpɔ nudzɔdzɔ siwo ade dzesi “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” (syn·teʹlei·a) kple nuɖoanyia ƒe nuwuwu (teʹlos) siaa teƒe la ŋu.

11 Enye nyateƒe be esime Yesu zã nya “dzidzime” eye megblɔ nya nyui aɖeke tso eŋu o la, enɔ nu ƒom na ame vɔ̃ɖi siwo nɔ eƒe ŋkekea me loo alo nɔ nu ƒom tso wo ŋu. Gake ɖe wòfia be nenemae wòle le nya siwo dze le Mateo 24:34 hã gome kokokoa? Ðo ŋku edzi be Yesu ƒe nusrɔ̃la ene te ɖe eŋu woawo “ɖeɖe.” (Mat. 24:3) Esi wònye be Yesu mezã ŋkɔnyaɖɔnya si wotsɔ ɖɔa nɔnɔme gbegblẽwo la ku ɖe “dzidzime sia” ŋu o ta la, ɖikeke mele eme o be apostoloawo anya se egɔme godoo be yewo kple nusrɔ̃la bubuwo kpe ɖe “dzidzime” sia si nu mele yiyi ge o “va se ɖe esime nu siawo katã va eme” la ŋu.

12. Nu kae nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpuia ɖe fia mí ku ɖe ame siwo ŋu Yesu nɔ nu ƒom tsoe esime wòzã nya “dzidzime” ŋu?

12 Nu ka dzie míanɔ te ɖo aƒo nya ta alea? Míaƒo nya ta alea, ne míedzro nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui sia me. Abe ale si woŋlɔe ɖi le Mateo 24:32, 33 ene la, Yesu gblɔ be: “Azɔ misrɔ̃ nu sia tso gboti ƒe kpɔɖeŋu me: Ne eƒe alɔ fẽa tsi, eye wònya to aŋgbawo ko la, mienyana be dzomeŋɔli gogo. Nenema kee miawo hã, ne miekpɔ nu siawo katã la, minyae be egogo, le ʋɔtruawo nu.” (Tsɔe sɔ kple Marko 13:28-30; Luka 21:30-32.) Eye míexlẽ le Mateo 24:34 be: “Vavã mele egblɔm na mi be, dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.”

13, 14. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be “dzidzime” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la ku ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu?

13 Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃la siwo eteƒe madidi o woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe asi ami na wo lae wòle be woase nu si tututu dzesiawo fia gɔme ne wokpɔ “nu siawo katã” le eme vam. Eya ta Yesu anya nɔ nu ƒom tso eƒe nusrɔ̃lawo ŋu esime wògblɔ nya siawo be: “Dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme.”

14 To vovo na dzimaxɔsetɔwo la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo akpɔ dzesia, eye woase nu si wòfia hã gɔme. ‘Woasrɔ̃’ nu tso dzesia ƒe akpa vovovowo me, eye ‘woanya’ nu si tututu wofia. Woakpɔe adze si bliboe be “egogo, le ʋɔtruawo nu.” Togbɔ be enye nyateƒe be Yudatɔ dzimaxɔsetɔwo kple Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo siaa kpɔ Yesu ƒe nyawo ƒe emevava sue aɖe teƒe le ƒe alafa gbãtɔ me hã la, eyomedzela amesiamina siwo nɔ anyi ɣemaɣi koe te ŋu srɔ̃ nu tso nudzɔdzɔ mawo me—woawo koe te ŋu se nu si tututu nu siwo wokpɔ la fia la gɔme.

15. (a) Ame kawoe nye “dzidzime” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la egbea? (b) Nu ka tae míate ŋu abu ɣeyiɣi didi si “dzidzime sia” axɔ o? (Kpɔ aɖaka si le axa 25.)

15 Ame siwo si gbɔgbɔ me nugɔmesese mesu egbea o la susunɛ be Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesiwo ‘medze gaglãa’ yewokpɔ o. Wogblɔna be nu sia nu gakpɔtɔ le ko abe ale si wonɔ tsã ene. (2 Pet. 3:4) Gake Kristo nɔvi amesiamina wɔnuteƒe, siwo nye egbegbe Yohanes habɔbɔa la, kpɔ dzesi sia dze sii kɔte abe ale si wokpɔa dzikedzo ƒe keklẽ ene, eye wose nu si tututu wòfia la gɔme. Abe ƒuƒoƒo ene la, amesiamina siawoe nye “dzidzime” si li egbea si nu mayi o “va se ɖe esime nu siawo katã va eme” la me tɔwo. * Esia le fiafiam be, Kristo nɔvi amesiamina aɖewo akpɔtɔ anɔ agbe le anyigba dzi ne xaxa gã si wogblɔ ɖi la dze egɔme.

“Minɔ Ŋudzɔ”

16. Nu kae wòle be Kristo ƒe nusrɔ̃lawo katã nawɔ?

16 Ebia nu geɖe wu dzesi la kpɔkpɔ dze si ko. Yesu yi edzi gblɔ be: “Nu si gblɔm mele na mi la, amewo katãe mele egblɔm na be: Minɔ ŋudzɔ.” (Mar. 13:37) Esia le vevie ŋutɔ na mí katã egbea míeɖanye amesiaminawo loo alo ameha gã la me tɔwo o. Ƒe 90 kple edzivɔwoe nye esi va yi tso esime woɖo Yesu Fia le dziƒo le ƒe 1914 me. Togbɔ be nɔnɔmeawo le sesẽm ŋutɔ hã la, ele be míanɔ dzadzraɖoɖi eye míanɔ ŋudzɔ. Ne míese egɔme be Kristo li le eƒe Fiaɖuƒeŋusẽ makpɔmakpɔ me la, akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ. Esia ana míanɔ ŋku ɖom edzi hã be eteƒe madidi o, ava atsrɔ̃ eƒe futɔwo le “gaƒoƒo si ɖewohĩ [míesusu] o la dzi.”—Luka 12:40.

17. Aleke wòle be gɔmesese sia si va su mía si la nana míase le mía ɖokui me, eye nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

17 Gɔmesese si su mía si le nu si Kristo ƒe anyinɔnɔ fia ŋu kpena ɖe mía ŋu be nuwɔwɔ kpata ƒe susu nɔa mía si geɖe wu. Míenya be Yesu li vɔ, eye wòle dzi ɖum abe Fia makpɔmakpɔ ene le dziƒo tso ƒe 1914 me ke. Eteƒe madidi o ava tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo eye wòahe tɔtrɔ gãwo ava anyigba blibo la dzi. Esia tae wòle be míaɖoe kplikpaa wu tsã be míawɔ geɖe le dɔ si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi be, “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu [teʹlos] la ava” la me.—Mat. 24:14.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Gɔmesese si le nya pa·rou·siʹa ŋu la dze le vovototo si le apostolo Paulo ƒe nya siwo wògblɔ ku ɖe eƒe “anyinɔɣi” kple esime ‘menɔ wo gbɔ o’ ŋu la me le 2 Korintotɔwo 10:10, 11 kple Filipitɔwo 2:12. Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 2, axa 676-9 (Étude perspicace des Écritures, Babla 2, axa 648-51) hena numekɔkɔ bubuwo.

^ mm. 10 Kpɔ November 1, 1995, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 11-15, 19, 30, 31.

^ mm. 15 Edze abe ɣeyiɣi si me “dzidzime sia” anɔ anyi la sɔ kple ɣeyiɣi ƒe didime si Nyaɖeɖefia me ŋutega gbãtɔa mevava axɔ ene. (Nyaɖ. 1:10–3:22) Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la ƒe akpa sia anɔ anyi tso ƒe 1914 va se ɖe esime amesiamina wɔnuteƒe mamlɛtɔ naku eye woafɔe ɖe tsitre.—Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 24, memama 4.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke míewɔ nya be Yesu ƒe anyinɔnɔ axɔ ɣeyiɣi didi aɖe?

• Ame kawoe kpɔa Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi la dzea si hesea nu si wòfia la gɔme?

• Ame kawoe nye dzidzime si ŋu woƒo nu tsoe le Mateo 24:34 la le míaƒe ŋkekea me?

• Nu ka tae míate ŋu abu ɣeyiɣi si tututu “dzidzime sia” axɔ la o?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 25]

Ðe Míate Ŋu Abu Ɣeyiɣi Didi Si “Dzidzime Sia” Axɔa?

Zi geɖe la, nya “dzidzime” fiaa ame siwo xɔ ƒe vovovowo, siwo le agbe le ɣeyiɣi ɖeka me alo kpɔ nudzɔdzɔ ɖeka aɖe koŋ teƒe. Le kpɔɖeŋu me, 2 Mose 1:6 gblɔ na mí be: “Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku eye dzidzime ma nu tso.” (Agbenya La) Ƒe vovovowoe Yosef kple nɔviawo xɔ, gake woto nɔnɔme ɖeka ƒomevi me le ɣeyiɣi ɖeka me. Ame siwo nɔ “dzidzime ma” me dometɔ aɖewoe nye Yosef nɔvi siwo wodzi do ŋgɔ nɛ. Ame siawo dometɔ aɖewo ganɔ agbe le Yosef ƒe ku megbe. (1 Mose 50:24) Wodzi “dzidzime ma” me tɔ aɖewo, abe Benyamin ene, le Yosef dzidzi megbe, eye ɖewohĩ woyi edzi nɔ agbe le Yosef ƒe ku megbe.

Eya ta ne wozã nya “dzidzime” wòku ɖe ame siwo le agbe le ɣeyiɣi aɖe koŋ me ŋu la, womate ŋu abu ɣeyiɣi ƒe didime si tututu dzidzime ma axɔ o, negbe nu si woate ŋu anya koe nye be nuwuwu anɔ anyi na ɣeyiɣi ma eye manɔ anyi wòadidi fũu akpa o. Eya ta esi Yesu zã nyagbɔgblɔ “dzidzime sia,” abe ale si wòdze le Mateo 24:34 me ene la, menye mɔnu si dzi eƒe nusrɔ̃lawo ate ŋu ato abu ɣeyiɣi didi si “ŋkeke mamlɛawo” axɔ hafi awu enu la fiamee wònɔ wo o. Ke boŋ, Yesu te gbe ɖe edzi na wo be womanya “ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma” o.—2 Tim. 3:1; Mat. 24:36.

[Nɔnɔmetata si le axa 22, 23]

Esime woɖo Yesu Fia le ƒe 1914 me megbe la, wogblɔ tso eŋu be ele “aʋa dzi ɖum”

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

“Dzidzime sia nu mele yiyi ge akpɔ o, va se ɖe esime nu siawo katã va eme”