Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Dutanyanyuigblɔla Gãtɔ La

Srɔ̃ Dutanyanyuigblɔla Gãtɔ La

Srɔ̃ Dutanyanyuigblɔla Gãtɔ La

“Mizu srɔ̃nyelawo, abe ale si nye hã menye Kristo srɔ̃la ene.”—1 KOR. 11:1.

1. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ Yesu Kristo?

APOSTOLO PAULO srɔ̃ Yesu Kristo, Dutanyanyuigblɔla gãtɔ la. Paulo hã xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe ale si nye hã menye Kristo srɔ̃la ene.” (1 Kor. 11:1) Esime Yesu klɔ afɔ na eƒe apostoloawo ɖokuibɔbɔtɔe tsɔ wɔ ale si wòhiã be woabɔbɔ wo ɖokuiwo ƒe kpɔɖeŋu na wo vɔ la, egblɔ na wo be: “Meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke.” (Yoh. 13:12-15) Enye mí Kristotɔ siwo li egbea ƒe agbanɔamedzi be míasrɔ̃ Yesu Kristo le míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo, kpakple nɔnɔme siwo míeɖena fiana la me.—1 Pet. 2:21.

2. Ne Dziɖuhaa meɖo wò nènye dutanyanyuigblɔla o gɔ̃ hã la, nɔnɔme kawoe àte ŋu atu ɖo?

2 Le nyati si do ŋgɔ me la, míesrɔ̃e be dutanyanyuigblɔla nye ame aɖe si wodɔ be wòayi aɖagblɔ nya nyuia na ame bubuwo. Paulo bia nya wɔdɔɖeamedzi aɖewo ku ɖe esia ŋu. (Xlẽ Romatɔwo 10:11-15.) De dzesii be apostoloa bia be: “Aleke woawɔ asee, ne ame aɖeke meɖea gbeƒã o?” Emegbe eyɔ nya tso nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo me gblɔ be: “Ame siwo ɖea gbeƒã nu nyuiwo ŋuti nya nyui la ƒe afɔwo nya kpɔ loo!” (Yes. 52:7) Ne womede dɔ asi na wò be nàyi aɖasubɔ abe dutanyanyuigblɔla ene le dukɔ bubu aɖe me o gɔ̃ hã la, àte ŋu atu nya nyui gbɔgblɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo ne èsrɔ̃ Yesu heɖea gbeƒã nya nyuia dzonɔamemetɔe. Le ƒe si va yi me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela 6,957,852 woe “wɔ nya nyui gblɔla ƒe dɔ” le dukɔ 236 me.—2 Tim. 4:5.

“Míegblẽ Nuwo Katã Ði, Eye Míedze Yowòme”

3, 4. Nu kawoe Yesu gblẽ ɖi ɖe dziƒo, eye nu kae wòle be míawɔ bene míanye eyomedzelawo?

3 Bene Yesu nate ŋu awɔ dɔ si wode esi le anyigba dzi la, “eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme” do hegblẽ eƒe dziƒogbenɔnɔ kple ŋutikɔkɔe si nɔ eŋu la ɖi. (Fp. 2:7) Womate ŋu atsɔ nu siwo míewɔna le Kristo sɔsrɔ̃ me la dometɔ aɖeke asɔ kple esiwo Yesu wɔ hafi te ŋu va anyigba dzi o. Ke hã, míate ŋu anɔ tsitre maʋãmaʋãe abe eyomedzelawo ene, ne míaƒe dzi megakuna ɖe nu siwo míegblẽ ɖe megbe ɖe Satana ƒe xexea me la ŋu o.—1 Yoh. 5:19.

4 Gbe ɖeka la, apostolo Petro gblɔ na Yesu be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ nuwo katã ɖi, eye míedze yowòme.” (Mat. 19:27) Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes gblẽ woƒe ɖɔwo ɖi enumake esime Yesu kpe wo be woazu ye yomedzelawo. Wogblẽ woƒe lãɖeɖedɔa ɖi, eye wotsɔ subɔsubɔdɔa wɔ woƒe agbemedɔe. Le Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe nya nu la, Petro gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ mía ŋutɔwo ƒe nuwo ɖi, eye míedze yowòme.” (Luka 18:28) Mía dometɔ akpa gãtɔ míegblẽ “mía ŋutɔwo ƒe nuwo” katã ɖi hafi dze Yesu yome o. Ke hã, ‘míegbe nu le mía ɖokuiwo gbɔ’ hafi te ŋu zu Kristo yomedzelawo kple ame siwo subɔa Yehowa tso dzi blibo me. (Mat. 16:24) Agbenɔnɔ le mɔ sia nu he yayra geɖe vae na mí. (Xlẽ Mateo 19:29.) Ne míesrɔ̃a Kristo heɖea nya nyui gblɔlawo ƒe gbɔgbɔ fiana la, enaa míaƒe dziwo kpɔa dzidzɔ, vevietɔ ne míete ŋu wɔ akpa sue aɖe gɔ̃ hã le kpekpe ɖe ame aɖe ŋu be wòate ɖe Mawu kple Via malɔ̃nugbɔa ŋu me.

5. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖe nyametsotso si ame siwo zɔ mɔ yi ɖatsi du bubu me ate ŋu awɔ ne wova srɔ̃ Biblia me nyateƒea fia.

5 Valmir, Brazil ŋutsu aɖe si le Suriname, nye sikakula. Enye ahamula si nɔa agbe maɖɔʋu. Esime wònɔ dugã aɖe me gbe ɖeka la, Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Wosrɔ̃a nu kplii gbe sia gbe, ewɔ tɔtrɔ geɖewo, eye eteƒe medidi o exɔ nyɔnyrɔ. Esi wòkpɔe be dɔ si wɔm yenɔ na be enɔ sesẽm na ye be yeanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Biblia me nufiafiawo la, edzra eƒe dɔwɔƒe si me wòkpɔa ga geɖe tso la, eye wòtrɔ yi Brazil ale be wòate ŋu akpe ɖe eƒe ƒomea ŋu woasrɔ̃ nyateƒea. Ne ame siwo zɔ mɔ va tsi du bubu me dometɔ geɖe srɔ̃ Biblia me nyateƒea ko la, wolɔ̃na faa ɖea asi le woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu le dukɔ siwo me nuwo de ame dzi le me hetrɔna yia wo de bene woana gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu woƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo. Fiaɖuƒegbeƒãɖela mawo ɖea nya nyui gblɔlawo ƒe gbɔgbɔ ŋutɔŋutɔ fiana.

6. Nu kae míate ŋu awɔ ne míate ŋu aʋu ayi nuto si me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu me o?

6 Ðasefo geɖe te ŋu ʋu yi nuto siwo me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu la me. Ame aɖewo ʋuna yia du bubuwo me gɔ̃ hã. Ðewohĩ míaƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ na mí be míawɔ esia o, gake míate ŋu asrɔ̃ Yesu to míaƒe ŋutetewo katã wɔwɔ le subɔsubɔdɔa me dzi.

Yehowa Naa Hehe Si Hiã La Mí

7. Suku kawoe li siwo me wonaa hehe Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo di be yewoƒe nufiafiaŋutete nanyo ɖe edzi wu le?

7 Abe ale si ko Yesu xɔ hehe tso Fofoa gbɔ ene la, míate ŋu ana hehe si nam Yehowa le fifia naɖe vi na mí. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo me be: ‘Eye Yehowa afia nu wo katã.’” (Yoh. 6:45; Yes. 54:13) Egbea la, suku geɖewo li siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be woana hehe mí ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Ðikeke mele eme o be Teokrasi Subɔsubɔ Suku si míewɔna le míaƒe hameawo me la ɖe vi na mí katã le mɔ aɖewo nu. Mɔnukpɔkpɔ sua mɔɖelawo si be woade Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku. Mɔnukpɔkpɔ su mɔɖela siwo wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe la si be wode sukua zi evelia. Hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo de Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku bene woƒe nufiafiaŋutete kple ale si wosubɔa woƒe haxɔsetɔwoe la nanyo ɖe edzi wu. Hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔla siwo nye trewo de Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku si me wonaa hehe wo le be woakpe ɖe amewo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo nye dutanyanyuigblɔla siwo woɖo ɖe dukɔ bubuwo me la, xɔ hehe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua me.

8. Asixɔxɔ ka gbegbee nɔvi aɖewo dea hehe siwo Yehowa nana la ŋu?

8 Yehowa Ðasefo geɖewo wɔ asitɔtrɔ ale be woate ŋu ade suku siawo. Be nɔviŋutsu aɖe si woyɔna be Yugu nate ŋu ade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua le Canada la, eɖe asi le eƒe dɔwɔɖui ŋu, elabena eƒe dɔtɔ melɔ̃ be yeaɖe mɔ nɛ wòayi o. Yugu gblɔ be: “Nye nyametsotsoa mevem kura o.” Egagblɔ be: “Le nyateƒe me la, ne ɖe wòɖe mɔ nam be mayi la, anye ne akpɔ mɔ be mawɔ nuteƒe na ye ahanɔ dɔa me ɖaa. Gake fifia mele klalo be maxɔ dɔdeasi ɖe sia ɖe si Yehowa anam la.” Be nɔvi geɖewo nana hehe si Mawu nana la naɖe vi na wo la, wolɔ̃ faa tsɔ nu siwo ŋu wodea asixɔxɔe tsã la sa vɔe.—Luka 5:28.

9. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be nu nyuiwo ate ŋu ado tso Ŋɔŋlɔawo me nufiafiawo kple míaƒe kutrikuku me.

9 Nu nyuiwo ate ŋu ado tso Ŋɔŋlɔawo me nufiafia kple mía ŋutɔwo ƒe kutrikuku me. (2 Tim. 3:16, 17) Bu ŋutsuvi aɖe si le Guatemala si woyɔna be Saulo, ƒe ŋutinya ŋu kpɔ. Tso keke edziɣi ke la, eƒe susu mewɔa dɔ nyuie tututu o, eye eƒe nufialawo dometɔ ɖeka gblɔ na dadaa be mele be wòazi ɖevia dzi be wòasrɔ̃ nuxexlẽ o, elabena ɖeko esia wɔwɔ ana wòatɔtɔ. Saulo dzudzɔ suku evɔ menya nuxexlẽ o. Gake Ðasefo aɖe zã agbalẽ gbadza si nye Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ tsɔ fia nuxexlẽ Saulo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Saulo wɔ ŋgɔyiyi eye wòva nɔa dɔdeasiwo wɔm le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Emegbe esime Saulo dada nɔ aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, eva ke ɖe nufialaa ŋu. Esi wògblɔ na nufialaa be Saulo srɔ̃ nuxexlẽ la, ebia tso esi be wòakplɔe vae le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Esi woyi le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, nufialaa bia Saulo be, “Nu ka fia ge nàlam?” Saulo te memama aɖe xexlẽ le Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa me. Ewɔ nuku na nufialaa wògblɔ be: “Ee, wòe nye esia va le nu fiamem fifia!” Ewo avi hewɔ atuu na Saulo.

Nufiafia Si Ʋãa Ame Ƒe Dzi

10. Dɔwɔnu nyui kae wona mí be míazã atsɔ afia Biblia me nyateƒea amewoe?

10 Yesu tu eƒe nufiafiawo ɖe nu siwo Yehowa ŋutɔ fiae tẽe kple mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la me dzi. (Luka 4:16-21; Yoh. 8:28) Míesrɔ̃a Yesu to eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ kple Ŋɔŋlɔawo me nufiafiawo me léle ɖe asi me. Esia wɔnɛ be mí katã míaƒe nu sɔna, míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me, eye esia nana míewɔa ɖeka. (1 Kor. 1:10) Aleke dzi dzɔa mí be “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la taa Biblia srɔ̃gbalẽwo bene woakpe ɖe mía ŋu be míaƒe nufiafia nawɔ ɖeka, eye míawɔ míaƒe nya nyui gbɔgblɔ dɔa ade goe nye esi! (Mat. 24:45; 28:19, 20) Agbalẽ siawo dometɔ ɖekae nye Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa, si le gbegbɔgblɔ 179 me fifia.

11. Aleke nɔvinyɔnu aɖe si le Etiopia zã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa tsɔ ɖu tsitretsiɖeŋu dzi?

11 Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa tsɔtsɔ srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo ate ŋu atrɔ tsitretsiɖeŋulawo ƒe dzimesusu. Gbe ɖeka la, Lula si nye nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si le Etiopia la nɔ Biblia srɔ̃m kple ame aɖe esime amea ƒe ƒometɔ aɖe va kple dziku, eye wògblɔ be, ele be woadzudzɔ nu ma sɔsrɔ̃. Lula zã ga manyomanyo ƒe kpɔɖeŋu si wowɔ le Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ta 15 lia me tsɔ de ŋugble kple nusrɔ̃via ƒe ƒometɔa tufafatɔe. Nyɔnua ƒe dziku nu fa, eye wòɖe mɔ na wo be woayi nusɔsrɔ̃a dzi. Le nyateƒe me la, eva kpɔ gome le nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo me, eye wòbia be woasrɔ̃ Biblia kple ye hedi gɔ̃ hã be yeaxe fe ɖe nusɔsrɔ̃a ta! Eteƒe medidi o ete nusɔsrɔ̃ zi etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa, eye wòwɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo.

12. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be sɔhɛwo ate ŋu afia Biblia me nyateƒea amewo dzidzedzetɔe.

12 Sɔhɛwo ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu to Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa zazã dzi. Esime Keanu, si le Hawaii, si xɔ ƒe 11 nɔ agbalẽ sia xlẽm le suku la, eƒe sukuhati aɖe biae be, “Nu ka tae mieɖua ŋkeke nyuiwo o?” Keanu xlẽ ŋuɖoɖoa nɛ tẽe le tanya si nye, “Ðe Wòle Be Míaɖu Ŋkekenyuiwoa?” si le megbenyawo me. Eʋu agbalẽa ƒe emenyawo diƒe hebia ŋutsuvia be, nyati kae do dzidzɔ nɛ wu mahã. Wodze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. Le subɔsubɔƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefowo wɔ Biblia nusɔsrɔ̃ 6,561,426 eye wo dometɔ akpa gãtɔ zã Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa. Èle agbalẽ sia zãm tsɔ le Biblia srɔ̃m kple amewoa?

13. Mɔ ka nue Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo dzi le?

13 Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa zazã atsɔ asrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo kple amewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe ame siwo le didim be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la dzi. Atsu kple asi aɖe siwo nye mɔɖela veviwo le Norway dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ƒome aɖe si tso Zambia. Vinyɔnu etɔ̃ le atsu kple asi Zambiatɔ siawo si, eye womedi be yewoagadzi vi bubu o. Eya ta esi nyɔnua gafɔ fu la, wotso nya me be yewoaɖe fua. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ hafi woayi aɖakpɔ ɖɔkta la, wosrɔ̃ agbalẽa ƒe ta si nye “Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene.” Vi nɔdɔme ƒe nɔnɔmetata si le ta ma me wɔ dɔ ɖe srɔ̃tɔawo dzi ale gbegbe be wotso nya me be yewomagaɖe fua o. Woyi edzi le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo wɔm, eye wotsɔ nɔviŋutsu si srɔ̃a Biblia kple wo la ƒe ŋkɔ na ŋutsuvi si wodzi la.

14. Wɔ ale si nu nyuiwo ate ŋu ado tso agbenɔnɔ ɖe nu siwo míefiaa amewo nu me ƒe kpɔɖeŋu.

14 Nu vevi aɖe si ɖe dzesi le Yesu ƒe nufiamɔnuwo ŋue nye be eya ŋutɔ nɔ agbe ɖe nu si wòfia amewo la nu. Ame geɖewo va kpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa Ðasefo siwo nɔa agbe ɖe nu siwo wofiana nu abe Yesu ene la ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋu. Fiafiwo gbã asitsala aɖe si le New Zealand ƒe ʋu ƒe ʋɔtru hefi eƒe akplo. Etsɔ nya la yi kpovitɔwo gbɔ, eye kpovitɔ ɖeka gblɔ nɛ be: “Ne Yehowa Ðasefo aɖe kpɔ wò akploa ko hafi àgate ŋu akpɔe.” Nyɔnu aɖe si nye Ðasefo si le nyadzɔdzɔgbalẽwo mam la fɔ akploa. Esi asitsalaa see la, eyi ɖe nɔvinyɔnua ƒe aƒe me. Egbɔ fuu esi wòke ɖe eƒe agbalẽ vevi aɖe si nɔ akploa me la ŋu. Nɔvinyɔnua gblɔ nɛ be, “Ðeko wòsɔ be magbugbɔ wò akploa ana wò, vevietɔ esi menye Yehowa Ðasefo ta.” Esia wɔ nuku na asitsalaa, eye wòɖo ŋku nya si kpovitɔa gblɔ nɛ gbe ma gbe ŋdi la dzi. Edze ƒãa be, Kristotɔ vavãwo le agbe nɔm ɖe nufiafia siwo le Biblia me la nu, eye wole Yesu srɔ̃m.—Heb. 13:18.

Srɔ̃ Ale Si Yesu Wɔa Nu Ðe Amewo Ŋui

15, 16. Aleke míate ŋu awɔ ahe amewo ɖe gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la ŋu?

15 Ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋui la he wo ɖe eƒe gbedeasia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃ kple ɖokuibɔbɔ si wòɖena fiana he ame tsɛwo ɖe eŋu. Eƒe dɔme trɔ ɖe ame siwo va egbɔ la ŋu, egblɔ nya fadzinamewo tsɔ fa akɔ na wo, eye wòda gbe le wo ŋu. (Xlẽ Marko 2:1-5.) Míate ŋu awɔ nukunuwo o, gake míate ŋu aɖe lɔlɔ̃, ɖokuibɔbɔ, kple dɔmetɔtrɔ—nɔnɔme siwo hea amewo vaa nyateƒea gbɔ la—afia.

16 Dɔmetɔtrɔ wɔ akpa vevi aɖe esime Tariua, si nye mɔɖela vevi aɖe, yi ɖe aƒetɔ tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Beere la ƒe aƒe me le Kiribati ƒe saɖeaga ƒukpowo dzi le Anyiehe Pasifik. Togbɔ be ŋutsua gblɔ be yemedi be yease nyaa o hã la, Tariua de dzesii be ŋutsua ƒe akpa ɖeka tu, eye eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu. Ebiae be: “Èse nu tso ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ŋu la ŋu kpɔa?” Emegbe exlẽ nya aɖe tso Yesaya ƒe nyagblɔɖia me nɛ. (Xlẽ Yesaya 35:5, 6.) Nya siawo wɔ dɔ ɖe ŋutsua dzi wògblɔ be, “Mele Biblia xlẽm ƒe geɖee nye esia, eye míaƒe subɔsubɔha ƒe mawunyadɔgbedela aɖe va sram kpɔ hena ƒe geɖe, gake nyemekpɔ nya siawo le Biblia me kpɔ o.” Tariua dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Beere, eye wòwɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuiwo. Togbɔ be eƒe tutudɔa nu sẽ hã la, exɔ nyɔnyrɔ fifia; exɔa ŋgɔ le ƒuƒoƒo aɖe si sa ɖe aga la dzi kpɔkpɔ me, eye wòtea ŋu tsana le ƒukpo bliboa dzi nɔa gbeƒã ɖem nya nyuia.

Yi Edzi Nànɔ Kristo Srɔ̃m

17, 18. (a) Aleke nàwɔ azu nya nyui gblɔla kpɔdzidzedze? (b) Nu kae le ame siwo tsɔ woƒe subɔsubɔdɔa nu vevii la lalam?

17 Abe ale si gbeadzinuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo ɖenɛ fiana edziedzi ene la, míate ŋu anye nya nyui gblɔla kpɔdzidzedzewo ne míetua nɔnɔme siwo Yesu ɖe fia ɖo heɖea wo fiana. Aleke wòsɔe nye esi be míasrɔ̃ Kristo abe nya nyui gblɔla dovevienuwo ene!

18 Esime ame aɖewo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le ƒe alafa gbãtɔ me la, Petro bia be: “Nu ka tututue ava nye mía tɔ gome?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ame sia ame si gblẽ aƒewo alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo viwo alo agblewo ɖi le nye ŋkɔ ta la, akpɔ wo ɖe eteƒe zi gbɔ zi geɖe, eye wòanyi agbe mavɔ dome.” (Mat. 19:27-29) Esia ava eme na mí godoo ne míeyi edzi srɔ̃ Yesu Kristo, Dutanyanyuigblɔla gãtɔ la.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Yehowa le hehe nam mí be míanye nya nyui gblɔlawo?

• Nu ka tae Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa wɔa dɔ ŋutɔ le subɔsubɔdɔa me?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Esime Yesu kpe Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes be woadze ye yome la, wodze eyome enumake

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Biblia srɔ̃gbalẽwo abe “Biblia ƒe Nufiafia” gbalẽa ene kpena ɖe mía ŋu be míaƒe nufiafiawo wɔa ɖeka