Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nu Tso Israel Viwo Ƒe Vodadawo Me

Srɔ̃ Nu Tso Israel Viwo Ƒe Vodadawo Me

Srɔ̃ Nu Tso Israel Viwo Ƒe Vodadawo Me

ISRAEL VIWO nya nu si Yehowa di tso wo si esime woyi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Mawu de se na wo to Mose dzi be: ‘Mianya anyigba dzi nɔlawo katã le mia ŋgɔ, eye miagbã woƒe aklama kpakpɛwo katã kple woƒe legbawo katã kpakple woƒe vɔsamlekpuiwo katã.’—4 Mose 33:52.

Wode se na Israel viwo be woagabla nu kple anyigba ma dzi nɔlawo alo awɔ srɔ̃ɖenubabla aɖeke kple wo o. (5 Mose 7:2, 3) Le nyateƒe me la, woxlɔ̃ nu Mawu ƒe dukɔ tiatia la be: ‘Kpɔ nyuie, bena màgabla nu kple anyigbadzitɔ, siwo gbɔ nava la o, be womaganɔ mia dome atrɔ zu mɔ na mi o.’ (2 Mose 34:12) Ke hã, Israel viwo meɖo to Mawu o, eye wòzu mɔ ɖe wo. Nu ka gbɔe woƒe anyidzedzea tso? Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nu siwo dzɔ ɖe wo dzi la me?—1 Kor. 10:11.

Tso Hadede Kplikplikpli Dzi Yi Trɔ̃subɔsubɔ Dzi

Esi Israel viwo va Ŋugbedodonyigbaa dzi la, woɖu dukɔ siwo nɔ anyigbaa dzi la dzi le aʋa gbãtɔ siwo wowɔ me. Gake Israel viwo mewɔ ɖe Mawu ƒe sededewo dzi bliboe o. Womenya futɔawo ɖa le anyigbaa dzi o. (Ʋɔn. 1:1–2:10) Ke boŋ esi Israel viwo va tso aƒe ɖe “dukɔ adre” siwo nɔ anyigbaa dzi la dome la, hadede kple dukɔ mawo me tɔwo edziedzi wɔe be wova zu xɔlɔ̃wo. (5 Mose 7:1) Aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe Israel viwo dzi? Biblia gblɔ be: ‘Woɖe woƒe vinyɔnuwo, eye woawo hã tsɔ woƒe vinyɔnuwo na woƒe viŋutsuwo, eye wosubɔ woƒe mawuwo. Eye Israel viwo wɔ nu si medze Yehowa ŋu o, woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be, eye wosubɔ Baalwo kple Aserawo.’ (Ʋɔn. 3:5-7) Israel viwo ƒe hadede kplikplikpli kple ame siwo nɔ anyigbaa dzi na wova wɔ srɔ̃ɖenubabla kple wo eye wosubɔ trɔ̃wo. Esi Israel viwo nya wɔ srɔ̃ɖenubabla kple trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigbaa dzi ko la, didi be woanya wo ɖa la dzi ɖe kpɔtɔ. Wotɔtɔ tadedeagu vavãtɔ la, eye Israel viwo ŋutɔ hã dze alakpamawuwo subɔsubɔ gɔme.

Esi Ŋugbedodonyigbaa dzi nɔlawo va zu Israel viwo ƒe xɔlɔ̃wo la, wozu gbɔgbɔmefɔku gã aɖe na wo wu esime wonye woƒe futɔwo. Bu mɔ bubu aɖe si nu nu agate ŋu agblẽ le woƒe tadedeagu ŋu le la ŋu kpɔ.

Tso Agbledede Dzi Yi Baal Subɔsubɔ Dzi

Esime Israel viwo yi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, womegaʋuna tso teƒe yi teƒe o, eye wo dometɔ geɖe va zu agbledelawo. Anɔ eme godoo be agbledemɔnu siwo wozã la sɔ kple mɔnu siwo ame siwo de agble le anyigba ma dzi do ŋgɔ na wo la zã. Gake edze ƒãa be menye ɖeko Israel viwo srɔ̃ Kanaantɔwo ƒe agbledemɔnuwo o. Ke boŋ, hadede kple ame siwo nɔ anyigbaa dzi ble Israel viwo woxɔ woƒe dzixɔse siwo ku ɖe agbledede ŋu la hã de eme.

Kanaantɔwo subɔa Baal gbogbo aɖewo—mawu siwo wobuna be wonaa anyigbaa wɔa nu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Israel viwo va ƒo wo ɖokuiwo ɖe Kanaan mawu siwo wobuna be wonaa anyigba wɔa nu la subɔsubɔ me tsɔ kpe ɖe agbledede kple nukuwo ŋeŋe ŋu. Aleae Israel vi geɖewo nɔa nu wɔm abe ɖe wonɔ Yehowa subɔm ene, gake le nyateƒe me la, wonyrɔ wo ɖokuiwo ɖe xɔsegbegbe me vĩi.

Nuxlɔ̃ame Sẽŋu Aɖe Na Mí Egbea

Anɔ eme godoo be Israel viwo meɖoe kura be yewoaƒo yewo ɖokuiwo ɖe Baal subɔsubɔ kple nu nyɔŋuwo wɔwɔ me esime wote hadede kple ame siwo nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi o. Ke hã, afi mae woƒe hadedea kplɔ wo yii. Ðe menye afɔku sia kee adzɔ ɖe mía dzi ne míedea ha kplikplikpli kple ame siwo wɔa nu ɖe mía ŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe evɔ womenɔa agbe ɖe Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo, agbenɔnɔ ŋuti dzidzenuwo, kple gɔmeɖosewo nu o oa? Enye nyateƒe be ahiã be míade ha kple dzimaxɔsetɔwo le go aɖewo me le dɔ me, le suku, alo ɖewohĩ le aƒe me gɔ̃ hã ya. Ke hã, nu siwo dzɔ ɖe Israel viwo dzi nye nuxlɔ̃ame na mí be hadede mawo ƒomevi yome nɔnɔ ate ŋu ahe kuxiwo vae. Biblia gblɔ nyateƒenya matrɔmatrɔ sia na mí be: “Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 Kor. 15:33.

Egbea la, míedoa go kuxi geɖe siwo Israel viwo do goe. Egbexexea hã ƒe nu siwo wosubɔna abe trɔ̃wo ene la li. Wo dometɔ aɖewoe nye ga, fefewɔlawo, kamedefefewɔlawo, dunyahenuɖoanyiwo, subɔsubɔhakplɔla aɖewo, kple ƒometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Esiawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ava zu nu siwo me míetsɔ ɖe le vevie wu le agbe me. Hadede kplikplikpli kple ame siwo melɔ̃ Yehowa o ate ŋu akplɔ mí ade gbɔgbɔmefɔku me.

Gbɔdɔdɔ manɔsenu nye Baal subɔsubɔ ƒe akpa vevi aɖe, eye esia ƒe mɔ ɖe Israel vi geɖewo. Mɔ siawo tɔgbi gale Mawu ƒe amewo dometɔ aɖewo ɖem egbea. Le kpɔɖeŋu me, kɔmpiuta ʋuʋu le ame ŋutɔ ƒe xɔ me dzaa koe nye nu si ate ŋu agblẽ ame si kea ŋku ɖe nu me alo ame si mele ŋudzɔ o la ƒe dzitsinya dome. Aleke gbegbe wòawɔ nublanuie nye esi be Internet dzi amamaɖeɖenuwɔnawo ƒe mɔ naɖe Kristotɔ aɖe!

‘Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Wɔa Eƒe Ŋkuɖodzinyawo Dzi’

Be ame natiae be yeaɖo to Yehowa alo yemaɖo toe o le xɔlɔ̃wo tiatia gome la nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. (5 Mose 30:19, 20) Eya ta ele be míabia mía ɖokuiwo se be: ‘Ame kawoe medea ha kple le nye modzakaɖeɣiwo? Aleke wobua Mawu ƒe sewoe, eye dzidzenu kawo nue wonɔa agbe ɖo? Ðe wosubɔa Yehowa? Ðe hadede kple wo akpe ɖe ŋunye be manye Kristotɔ ɖɔʋua?’

Hakpala la dzi ha be: ‘Woayra ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, ame siwo zɔna le Yehowa ƒe se la me. Woayra ame siwo wɔa eƒe ŋkuɖodzinyawo dzi, ame siwo dinɛ tso dzi blibo me.’ (Ps. 119:1, 2) Vavãe, ‘woayra ame si vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.’ (Ps. 128:1) Ne míele ame siwo míade ha kple la tiam la, mina míasrɔ̃ nu tso Israel viwo ƒe vodadawo me, eye míaɖo to Yehowa bliboe.—Lod. 13:20.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Hadede kplikplikpli kple ame siwo melɔ̃a Yehowa o ate ŋu akplɔ mí ade trɔ̃subɔsubɔ me