Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsɔ Yehowa Ðo Ŋkuwòme Ðaa

Tsɔ Yehowa Ðo Ŋkuwòme Ðaa

Tsɔ Yehowa Ðo Ŋkuwòme Ðaa

‘Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunyeme ɖaa.’—PS. 16:8.

1. Ŋusẽ nyui kae Biblia me nuŋlɔɖiwo ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi?

ALE SI Mawu wɔ nu ɖe amegbetɔwo ŋu ŋuti nuŋlɔɖi wɔdɔɖeamedziwo le Yehowa ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la me. Eƒe Nya la ƒo nu tso ame geɖe siwo kpɔ gome le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me la ŋu. Le nyateƒe me la, menye ɖeko woŋlɔ woƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ɖe Biblia me be wòado dzidzɔ na mí ko o. Ke boŋ nuŋlɔɖi mawo ate ŋu ana míate ɖe Mawu ŋu.—Yak. 4:8.

2, 3. Aleke wòle be míase Psalmo 16:8 me nyawo gɔmee?

2 Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me siwo ŋu amewo nya nu tso nyuie, abe Abraham, Sara, Mose, Rut, David, Ester, apostolo Paulo, kple ame bubuwo ene, ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me. Ke hã, nuŋlɔɖi siwo ku ɖe ame siwo ŋu womenya nu boo aɖeke tso o ŋu hã ate ŋu aɖe vi na mí. Ŋugbledede tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple hakpala la ƒe nya siawo be: ‘Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunyeme ɖaa; ne ele nye nuɖusime la, ke maɖe le tenye o.’ (Ps. 16:8) Aleke wòle be míase nya siawo gɔmee?

3 Zi geɖe la, asrafo léa eƒe yi ɖe nuɖusi si wɔnɛ be akpoxɔnu si wòlé ɖe miasi me la metea ŋu kpɔa eƒe nuɖusi kpa dzi ta o. Ke hã, ne exɔlɔ̃ aɖe le eƒe nuɖusime le aʋa wɔm la, ate ŋu akpɔ eta. Ne míaƒe susu nɔa Yehowa ŋu ɖaa eye míewɔa eƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔ mía ta. Eya ta mina míakpɔ ale si Biblia me nuŋlɔɖiwo me dzodzro ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse ale be ‘míatsɔ Yehowa aɖo míaƒe ŋkume ɖaae’ la ɖa.

Yehowa Ðoa Míaƒe Gbedodoɖawo Ŋu

4. Gblɔ Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋu.

4 Ne míetsɔa Yehowa ɖoa míaƒe ŋkume ɖaa la, aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. (Ps. 65:3; 66:19) Míekpɔ esia ƒe kpeɖodzi le Abraham ƒe dɔla tsitsitɔ, si ƒe ŋkɔ anya nye Eliezer, gome. Abraham dɔe ɖo ɖe Mesopotamia be wòaɖaɖe nyɔnu mawuvɔ̃la aɖe na ye vi Isak. Eliezer do gbe ɖa na Mawu be wòafia mɔ ye, eye wòkpɔe be Mawu ƒe asi nɔ nyawo me esime Rebeka na tsi eƒe tedziwo wono. Esi wònye be Eliezer kua kutri le gbedodoɖa me ta la, ete ŋu ke ɖe nyɔnu aɖe si va zu Isak srɔ̃ lɔlɔ̃a ŋu. (1 Mose 24:12-14, 67) Ele eme be dɔ tɔxɛ aɖe gbee Abraham ƒe dɔlaa yi. Gake ɖe mele be kakaɖedzi ma ke nanɔ míawo hã si be Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu oa?

5. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nu nyuiwo ate ŋu ado tso gbe kpui aɖe dodo ɖa na Yehowa numaƒomaƒoe me?

5 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu ahiã be míado gbe ɖa kpata abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Gbe ɖeka la, Persia Fia Artaxsasta de dzesii be yeƒe ahakula Nexemiya lé blanui. Fia la biae be: ‘Nu ka biam nèle?’ “Tete [Nexemiya do] gbe ɖa na dziƒo Mawu la.” Edze ƒãa be Nexemiya mate ŋu ado gbe sia si wòdo ɖa numaƒomaƒoe la eteƒe nadidi o. Ke hã, Mawu ɖo Nexemiya ƒe gbedodoɖa ma ŋu nɛ, elabena fia la na kpekpeɖeŋui ale be wogbugbɔ Yerusalem ƒe gliwo ɖo. (Xlẽ Nexemiya 2:1-8.) Ɛ̃, nu nyuiwo ate ŋu ado tso gbe kpui aɖe dodo ɖa numaƒomaƒoe gɔ̃ hã me.

6, 7. (a) Kpɔɖeŋu kae Epafra ɖo ɖi na mí le gbedodoɖa gome? (b) Nu ka tae wòle be míado gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta?

6 Woxlɔ̃ nu mí be ‘míado gbe ɖa ɖe mía nɔewo ta,’ togbɔ be menye ɣesiaɣie kpeɖodzi sua mía si enumake be woɖo gbedodoɖa mawo ŋu o hã. (Yak. 5:16) Epafra, si nye “Kristo la ƒe subɔla nyateƒetɔ,” do gbe ɖa vevie ɖe eƒe haxɔsetɔwo ta. Esime Paulo nɔ Roma la, eŋlɔ bena: “Epafra, ame si tso [mi Kolosetɔwo] dome, eye wònye Kristo Yesu ƒe kluvi la, do gbe na mi, eye wòle ʋiʋlim vevie ɣesiaɣi ɖe mia ta le eƒe gbedodoɖawo me, bene mianɔ tsitre bliboe, eye miakpɔ kakaɖedzi sẽŋu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me mlɔeba. Ɛ̃, mele ɖase ɖim tso eŋu be, edzea agbagba geɖe ɖe mia kple ame siwo le Laodikea kpakple ame siwo le Hierapoli la ta.”—Kol. 1:7; 4:12, 13.

7 Kolose, Laodikea, kple Hierapoli nye du siwo nɔ Asia Sue ƒe nuto ɖeka me. Kristotɔ siwo nɔ Hierapoli nɔ ame siwo subɔa mawunɔ Sibele [Cybele] la dome, ŋutilãmenudidi vivivo nye afɔku si dze ŋgɔ ame siwo nɔ Laodikea, eye amegbetɔwo ƒe xexemenunya nye afɔku na Kolosetɔwo. (Kol. 2:8) Mewɔ nuku o be Epafra si tso Kolose ‘ʋli vevie do gbe ɖa’ ɖe haxɔsetɔ siwo nɔ du ma me la ta! Biblia megblɔ ale si woɖo Epafra ƒe gbedodoɖawo ŋu o, gake medzudzɔ gbedodoɖa ɖe eƒe haxɔsetɔwo ta o, eye mele be míawo hã míadzudzɔ o. Togbɔ be ‘míedea nu nya siwo metsɔ mía gbɔ o me o’ hã la, ɖewohĩ míenyae be míaƒe ƒometɔ alo mía xɔlɔ̃ aɖe le xɔse ƒe dodokpɔ sesẽ aɖe me tom. (1 Pet. 4:15) Ðe masɔ ŋutɔ be míaɖo ŋku wo dzi le míaƒe gbedodoɖawo me oa? Gbe siwo amewo do ɖa ɖe Paulo ta kpe ɖe eŋu ŋutɔ, eye míawo hã míaƒe gbedodoɖawo ate ŋu aɖe vi nenema ke.—2 Kor. 1:10, 11.

8. (a) Aleke míewɔ nya be hamemetsitsi siwo nɔ Efeso la kpɔ vevienyenye si le gbedodoɖa ŋu dze sii? (b) Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ku ɖe gbedodoɖa na Mawu ŋu?

8 Ðe ame bubuwo bua mí be míenye ame siwo kua kutri le gbedodoɖa mea? Esi Paulo kpe kple hamemetsitsi siwo nɔ Efeso vɔ la, “woa kpli wo katã wodze klo, eye wodo gbe ɖa.” Eye “wo katã wofa avi ŋutɔ, eye wodze Paulo ƒe kɔ dzi hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe, elabena nya si wògblɔ be womegale yeƒe ŋkume kpɔ ge azɔ o la koŋ na wose veve.” (Dɔw. 20:36-38) Míenya hamemetsitsi mawo katã ƒe ŋkɔwo ya o, ke hã, edze ƒãa be wonye ŋutsu siwo kpɔ vevienyenye si le gbedodoɖa ŋu dze sii. Ɛ̃, ele be míade asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míado gbe ɖa na Mawu la ŋu, ‘míado asiwo ɖe dzi le nuteƒewɔwɔ me,’ eye míaxɔe ase be mía Fofo si le dziƒo la aɖo to mí.—1 Tim. 2:8.

Ðo To Mawu Bliboe

9, 10. (a) Kpɔɖeŋu kae Zelofxad vinyɔnuwo ɖo ɖi na mí? (b) Aleke Zelofxad vinyɔnuwo ƒe toɖoɖo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Kristotɔ si nye tre ƒe nukpɔsusu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi?

9 Ne míetsɔa Yehowa ɖoa míaƒe ŋkume ɖaa la, akpe ɖe mía ŋu be míaɖo toe, eye yayrawo ado tso eme na mí. (5 Mose 28:13; 1 Sam. 15:22) Esia bia be míanye toɖolawo ɣesiaɣi. Bu Zelofxad ƒe vinyɔnu atɔ̃ siwo nɔ agbe le Mose ƒe ŋkekea me ŋu kpɔ. Le Israel viwo ƒe kɔa nu la, viŋutsuwo koe nyia wo fofowo ƒe nuwo dome. Ŋutsu si ŋkɔe nye Zelofxad medzi ŋutsuvi aɖeke hafi ku o, eye Yehowa gblɔ be woatsɔ eƒe domenyinuwo katã ana vianyɔnu atɔ̃awo—nenye be woɖo nudidi ɖeka aɖe gbɔ ko. Enɔ na wo be woaɖe srɔ̃ le Manase to la me, ale be domenyinua nakpɔtɔ anye Manase toa tɔ.—4 Mose 27:1-8; 36:6-8.

10 Zelofxad vinyɔnuawo xɔe se be eme anyo na yewo ne yewoɖo to Mawu. Biblia gblɔ be: ‘Zelofxad vinyɔnuwo wɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene. Eye Zelofxad vinyɔnu, siwo nye: Maxla, Tirza, Xogla, Milka, kple Noa la, ɖe wo fofo nɔviŋutsuwo ƒe viwo. Woɖe srɔ̃ le Yosef vi Manase ƒe ƒomeawo me. Ale woƒe anyigba tsi wo fofo ƒe ƒome la si.’ (4 Mose 36:10-12) Nyɔnu toɖola mawo wɔ ɖe se si Yehowa de na wo la dzi. (Yos. 17:3, 4) Xɔse ma tɔgbi ʋãa Kristotɔ gbɔgbɔmeme tsitsi siwo nye trewo woɖoa to Mawu heɖea srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko.”—1 Kor. 7:39.

11, 12. Aleke Kaleb ɖee fia be yeka ɖe Mawu dzii?

11 Ele be míaɖo to Yehowa bliboe abe ale si Israel vi Kaleb wɔe ene. (5 Mose 1:36) Le Israel viwo ɖeɖe tso Egipte le ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. me megbe la, Mose dɔ ŋutsu 12 be woayi aɖatsa ŋku le Kanaan nyigba dzi. Gake ŋkutsalawo dometɔ eve, siwo nye Yosua kple Kaleb, koe de dzi ƒo na dukɔa be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu tso dzi blibo me, eye woayi anyigba la dzi. (4 Mose 14:6-9) Le ƒe 40 aɖewo megbe la, Yosua kple Kaleb kpɔtɔ nɔ agbe hedze Yehowa yome bliboe, eye Mawu zã Yosua wòkplɔ Israel viwo yi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gake edze ƒãa be ŋkutsala ewo mamlɛawo ku le ƒe 40 siwo Israel viwo tsɔ zɔ mɔ le gbea dzi la me.—4 Mose 14:31-34.

12 Esi wònye be Kaleb tsi agbe le nu siwo me Israel viwo to le gbea dzi me ta la, ete ŋu tsi tsitre ɖe Yosua ŋkume hegblɔ nɛ be: “Medze Yehowa, nye Mawu la yome blibo.” (Xlẽ Yosua 14:6-9.) Kaleb si xɔ ƒe 85 ɣemaɣi la bia be woatsɔ tonyigba si ƒe ŋugbe Mawu do na ye la na ye, togbɔ be futɔ siwo nɔ edzi nɔ du siwo lolo hesesẽ la me gɔ̃ hã.—Yos. 14:10-15.

13. Togbɔ be míedoa go dodokpɔwo hã la, nu kae míawɔ be woayra mí?

13 Abe ale si wònɔ le Kaleb si nye nuteƒewɔla kple toɖola gome ene la, ne ‘míedze Yehowa yome bliboe’ la, akpe ɖe mía ŋu. Ne míedo go kuxi sesẽwo evɔ ‘míedze Yehowa yome bliboe’ la, woayra mí. Gake ate ŋu asesẽ ŋutɔ be míawɔ esia le míaƒe agbenɔɣi katã abe ale si Kaleb wɔe ene. Togbɔ be Fia Salomo dze Mawu yome esime wòdze fiaɖuɖu gɔme hã la, le eƒe tsitsime la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe alakpamawuwo ŋu, eye “medze Yehowa yome blibo abe fofoa Dawid ene o.” (1 Fia. 11:4-6) Mina míaɖo to Mawu bliboe ɣesiaɣi, eye míatsɔe aɖo míaƒe ŋkume ɖaa ne míele dodokpɔwo me tom gɔ̃ hã.

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ɣesiaɣi

14, 15. Nu kae nèsrɔ̃ tso Naomi ƒe agbe me nudzɔdzɔwo me ku ɖe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu?

14 Ele be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu vevietɔ ne dzi ɖe le mía ƒo esi míesusui be etsɔme nyui aɖeke mele mía si o ta. Bu nyɔnu tsitsi Naomi si zu ahosi, eye futɔ si nye ku ɖe viaŋutsu eveawo ƒe agbe ɖa ŋu kpɔ. Esime wòtso Moab gbɔ va Yuda la, efa konyi be: “Migayɔm be Naomi [si gɔmee nye “Nye Dzidzɔ”] o, hafi boŋ miyɔ Mara [si gɔmee nye “Veve”] nam; elabena ŋusẽkatãtɔ la do nublanuitɔm! Metsɔ nu geɖe yii, ke Yehowa kplɔm gbɔe asi gbɔloe; nu ka ŋuti miele yɔyem be Naomi, evɔ wònye Yehowa do nublanuitɔm ɖe?”—Rut 1:20, 21.

15 Ne míexlẽ Rut ƒe agbalẽa nyuie la, míakpɔe be togbɔ be nu te ɖe Naomi dzi hã la, eyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Nukutɔe la, eƒe nɔnɔmeawo va trɔ! Naomi lɔ̃xoyɔvi Rut si hã nye ahosi la va zu Boas srɔ̃, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Naomi va zu ɖevi la dzi kpɔla, eye nuŋlɔɖia gblɔ be: “Aƒelikawo tsɔ ŋkɔ nɛ hegblɔ bena: Wodzi ŋutsuvi na Naomi! Eye wona ŋkɔe be Obed; eyae dzi Dawid fofo Isai.” (Rut 4:14-17) Ne wofɔ Naomi ɖe tsitre le anyigba dzi la, ava see be Rut, ame si hã anɔ anyi ɣemaɣi la va zu Yesu, Mesia la, ƒe mama. (Mat. 1:5, 6, 16) Abe ale si wònɔ le Naomi gomee ene la, míate ŋu anya ale si nɔnɔme madeamedziwo ava trɔe o. Eya ta mina míayi edzi aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ɣesiaɣi abe ale si woxlɔ̃ nu mí le Lododowo 3:5, 6 ene be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”

Ka Ðe Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ƒe Ŋusẽ Dzi

16. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe ametsitsi aɖewo ŋu le blema Israel?

16 Ne míetsɔ Yehowa ɖo míaƒe ŋkume ɖaa la, afia mɔ mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. (Gal. 5:16-18) Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔ ŋutsu tsitsi 70 siwo wotia be woakpe ɖe Mose ŋuti “woatsɔ [Israel] dukɔ la ƒe agba” la dzi. Eldad kple Medad ƒe ŋkɔwo koe woyɔ, gake gbɔgbɔ la kpe ɖe wo katã ŋu be wote ŋu tsɔ woƒe agbanɔamedziwo. (4 Mose 11:13-29) Ðikeke mele eme o be wonye ŋutsu siwo dze, vɔ̃a Mawu, siwo dzi woate ŋu aka ɖo, kple anukwareɖilawo abe ŋutsu siwo wotia do ŋgɔ na wo la ene. (2 Mose 18:21) Hamemetsitsi Kristotɔwo hã ɖea nɔnɔme nyui siawo fiana egbea.

17. Akpa kae Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ le avɔgbadɔa tutu me?

17 Yehowa ƒe gbɔgbɔ wɔ akpa vevi aɖe le avɔgbadɔ si wotu le gbea dzi la tutu me. Yehowa tia Bezaleel be wòanye aɖaŋudɔwɔla kple xɔtula si akpɔ avɔgbadɔa tutu dzi, eye wòdo ŋugbe nɛ be ‘yeatsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ, si fia nunya, gɔmesese, sidzedze kple aɖaŋu vovovowo wɔwɔ la, ade eme fũu.’ (2 Mose 31:2-5) Ŋutsu siwo ƒe ‘dzi me nunya le’ kpe ɖe Bezaleel kple eƒe kpeɖeŋutɔ Oholiab ŋu be wote ŋu tsɔ agbanɔamedzi gã ma. Gawu la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã ame siwo lɔ̃ tso dzi me faa la be wodzɔ nu dɔmenyotɔe. (2 Mose 31:6; 35:5, 30-34) Gbɔgbɔ ma kee ʋãa Mawu subɔla siwo li egbea ale be wotea ŋu wɔa nu sia nu si woate ŋui la tsɔ doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. (Mat. 6:33) Ŋutete aɖewo ate ŋu anɔ mía si, gake ele be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔ kɔkɔea ahaɖe mɔ wòafia mɔ mí ne míedi be míawɔ dɔ si Yehowa de asi na mí eƒe amewo egbea ade goe.—Luka 11:13.

De Bubu Deto Aʋakɔwo Ƒe Yehowa Ŋu Ɣesiaɣi

18, 19. (a) Nɔnɔme kae Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nana míeɖena fiana? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siwo Simeon kple Hana ɖo ɖi la me?

18 Gbɔgbɔ kɔkɔe la nana míedea bubu deto Mawu ŋu, eye esia nana míetsɔa Yehowa ɖoa míaƒe ŋkume ɖaa. Wogblɔ na Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le blema la be: “Mibu Yehowa Zebaot kɔkɔe.” (Yes. 8:13) Simeon kple Hana nye ame tsitsi eve siwo de bubu deto Mawu ŋu le Yerusalem le ƒe alafa gbãtɔ me. (Xlẽ Luka 2:25-38.) Simeon xɔ nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia ŋu la dzi se, eye wònɔ “mɔ kpɔm na Israel ƒe akɔfafa.” Mawu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe Simeon dzi, eye wòka ɖe edzi nɛ be anɔ agbe akpɔ Mesia la. Eye nu ma tututue dzɔ. Gbe ɖeka le ƒe 2 D.M.Ŋ. me la, Maria si nye Yesu dada kple Yosef si xɔe nyi, kɔ Yesu vidzĩ la va gbedoxɔa me. Gbɔgbɔ kɔkɔe la ʋã Simeon wògblɔ nya ɖi tso Mesia la ŋu. Egagblɔ ɖi hã be Maria axa nu, eye nya sia va eme esime woklã Yesu ɖe fuwɔametia ŋuti. Gake kpɔ ale si gbegbe dzi anya dzɔ Simeon esime wòkɔ “Yehowa ƒe Kristo la” ɖe asii ɖa! Bubu deto dede Mawu ŋu ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye esi Simeon ɖo ɖi na Mawu subɔla siwo li egbea!

19 Hana, si nye ahosi si xɔ ƒe 84 si dea bubu deto Mawu ŋu la ‘ƒe afɔ metsona le gbedoxɔa me o.’ Ewɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Yehowa zã kple keli “le nutsitsidɔ kple kokoƒoƒowo me.” Hana hã nɔ eteƒe esime wotsɔ Yesu vidzĩ la va gbedoxɔa me. Aleke gbegbe dzi dzɔe nye esi be ekpɔ ame si ava nye Mesia la! Nyateƒee, “[ede] asi akpedada me na Mawu henɔ nu ƒom tso ɖevi la ŋu na ame siwo katã nɔ Yerusalem ƒe ɖeɖe la lalam.” Ðeko wònɔ na Hana be wòaɖe gbeƒã nya nyui sia na amewo! Abe ale si wònɔ le Simeon kple Hana gome ene la, enyea dzidzɔ na Kristotɔ tsitsi siwo li egbea be yewogatea ŋu ɖia ɖase tso Yehowa ŋu eɖanye ƒe ka kee yewoxɔ o.

20. Eɖanye ƒe ka kee míexɔ o, nu kae wòle be míawɔ, eye nu ka tae?

20 Eɖanye ƒe ka kee míexɔ o, ele be míatsɔ Yehowa aɖo míaƒe ŋkume ɖaa. Ne míewɔe nenema la, Mawu ayra ɖe agbagba siwo míedzena ɖokuibɔbɔtɔe be míaɖe gbeƒã eƒe fianyenye kple eƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo na amewo la dzi. (Ps. 71:17, 18; 145:10-13) Gake hafi míate ŋu ade bubu Yehowa ŋu la, ele be míaɖe mawumenɔnɔmewo afia. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nɔnɔme siawo ŋu ne míedzro Biblia me nuŋlɔɖi bubuwo me?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke míewɔ nya be Yehowa ɖoa gbedodoɖawo ŋu?

• Nu ka tae wòle be míaɖo to Mawu bliboe?

• Ne nu te ɖe mía dzi gɔ̃ hã la, nu ka tae wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi?

• Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la kpena ɖe eƒe amewo ŋui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Nu nyuiwo do tso gbe kpui si Nexemiya do ɖa na Yehowa la me

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ŋkuɖoɖo ale si nɔnɔmeawo va trɔ na Naomi dzi akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu