Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wode Dzi Ƒo Na Gilead Sukunuwulawo Be “Woate Do Kuku”

Wode Dzi Ƒo Na Gilead Sukunuwulawo Be “Woate Do Kuku”

Gilead Suku Ƒe Klass 123 Nuwuwu

Wode Dzi Ƒo Na Gilead Sukunuwulawo Be “Woate Do Kuku”

LE Memleɖagbe, September 8, 2007, dzi la, ame 6,352 siwo tso dukɔ 41 me va kpɔ Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 123 lia ƒe sukunuwuwu wɔnawo teƒe. Ŋdi ga 10 la, wɔnawo ƒe zimenɔla nɔviŋutsu Anthony Morris, si nye Dziɖuhaa me tɔ, do dzaa na vavalawo. Esi wògblɔ nya aɖewo tsɔ ʋu kpekpea nui vɔ la, ekpe nuƒola gbãtɔ si ŋkɔe nye nɔviŋutsu Gary Breaux, si nye United States (États-Unis) Alɔdzekɔmitia me tɔ.

Nɔviŋutsu Breaux na kakaɖedzi sukuviawo be ame siwo wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖanye aleke kee woƒe dzedzeme le o, wonya kpɔna le Eŋkume. (Yer. 13:11) Ede dzi ƒo na sukunuwulawo be woayi edzi alé woƒe atsyɔ̃ ma me ɖe asi. Emegbe la, Gerrit Lösch si nye Dziɖuhaa me tɔ te gbe ɖe edzi be, esɔ be míakpɔ mɔ na teƒeɖoɖo ne míele Yehowa subɔm. (Heb. 11:6) Ke hã, mele be ɖokuitɔdidi ƒe lɔlɔ̃ nanye nu si ʋãa mí míesubɔna o.

Le eyome la, William Samuelson si nye Teokrasi Sukuwo ƒe Dɔdzikpɔƒea dzikpɔla de dzi ƒo na sukunuwulaawo be, woayi edzi ade asixɔxɔ dɔdeasi si nye gbeƒãɖeɖe Fia si le dzi ɖum la ŋu, eye woaɖe bubu si le wo ŋu la afia to agbe ɖɔʋu nɔnɔ dzi. * Sam Roberson si nye Teokrasi Sukuwo ƒe Dɔdzikpɔƒea dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, de dzi ƒo na sukunuwulaawo be woƒe ŋku nanɔ ame bubuwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu ɣesiaɣi. To esia me ko hafi woate ŋu ‘alɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.’—1 Pet. 2:17.

Le nuƒo ʋãme siawo megbe la, Gilead suku nufiala Mark Noumair bia gbe sukunuwulaawo dometɔ aɖewo be woagblɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le Gilead sukua deɣi. Wona nyaselawo kpɔ ale si gbegbe wolɔ̃ subɔsubɔdɔa kple didi si le wo me be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu la dze sii kɔte. Emegbe Kent Fischer si tso Patterson Alɔdzedɔwɔƒea bia gbe Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo tso dukɔ etɔ̃ siwo me dutanyanyuigblɔlawo le subɔsubɔm le la me. Nya siwo nɔviŋutsu kpɔɖeŋu nyui ɖola siawo gblɔ la na kakaɖedzi vavala siwo dometɔ geɖe nye sukunuwulaawo dzilawo be, woléa be na dutanyanyuigblɔla yeyewo le teƒe siwo woɖona wo ɖo la. Le esia yome la, Izak Marais si wɔa dɔ le Gbegɔmeɖeɖedɔ Dzikpɔƒea bia gbe nɔvi aɖewo siwo wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa hena ƒe geɖe la, eye woƒe nuteƒekpɔkpɔwo na sukunuwulaawo kpɔ dzidzɔ si woava kpɔ le dɔa me la le susu me.

Nɔviŋutsu Geoffrey Jackson si nye Dziɖuhaa me tɔ ye ƒo wɔnawo ƒe nuƒo vevitɔ si ƒe tanyae nye “Le Nu siwo Katã Nèse Vɔ Megbe La—Nu kae Nàwɔ?” Nɔviŋutsu Jackson, si subɔ abe dutanyanyuigblɔla ene hena ƒe 25 kloe le Anyiehe Pasifik la, dzro Todzimawunya la ƒe taƒonyawo me. Le taƒonya mawo me la, Yesu ƒo nu tso ŋutsu eve siwo tu xɔwo ŋu; wo dometɔ ɖeka nye ŋutsu dzeaɖaŋu eye evelia nye ŋutsu tsibome. Nuƒolaa ɖee fia be xɔ eveawo anya nɔ nuto ɖeka ma ke me. Ke hã, ŋutsu tsibome la meku do hafi tu eƒe xɔa o, etui ɖe ke dzi ko, gake ŋutsu dzeaɖaŋu la ya ku do ʋuu va se ɖe esime wòke ɖe kpe gbadzaa aɖe si anye eƒe xɔa ƒe gɔmeɖokpe la ŋu. Esime ya sesẽ aɖe ƒo la, xɔ si wotu ɖe kpe gbadzaa dzi la tsi anyi, gake esi wotu ɖe ke dzi ya mu.—Mat. 7:24-27; Luka 6:48.

Yesu ɖe eme be ŋutsu tsibome la sɔ kple ame siwo sea yeƒe nyawo ko, gake womewɔa wo dzi o la. Ŋutsu dzeaɖaŋu la tsi tsitre ɖi na ame siwo se Yesu ƒe nyawo hewɔ wo dzi. Nɔviŋutsu Jackson gblɔ na sukunuwulaawo be, “Ne mietsɔ nu siwo miesrɔ̃ to Biblia sɔsrɔ̃ me de dɔwɔwɔ me le miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la, mianɔ abe ŋutsu dzeaɖaŋu ma ene.” Le nuƒoa ta ƒoƒo me la, ede dzi ƒo na sukunuwulaawo be “woate do kuku” le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.

Mlɔeba la, sukunuwulaawo xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo kple dɔdeasiwo, eye Nɔviŋutsu Morris na nuxlɔ̃ame aɖewo wo tsɔ ƒo wɔnawo tae. Ede dzi ƒo na sukunuwulaawo be woadze Yesu yome ɣesiaɣi eye woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hena ŋusẽdodo. Esiae he sukunuwuwu wɔnawo va nuwuwui.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Teokrasi Sukuwo ƒe Dɔdzikpɔƒe si le Nufiafia Kɔmitia ƒe dzikpɔkpɔ te lae kpɔa Gilead suku, Alɔdzekɔmiti me tɔwo ƒe suku, kple dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe sukua dzi.

[Aɖaka si le axa 31]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 10

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 24

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 56

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 33.5

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 17.9

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 13.8

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 123 Lia

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Esparza, E.; Papaya, S.; Bilal, A.; Suárez, M.; Evers, E.; Dimichino, K. (2) Rosa, M.; Fujii, R.; Ratey, O.; Leveton, J.; Van Leemputten, M. (3) Boscaino, A.; Beck, K.; Budanov, H.; Braz, C.; Peltz, K.; Siaw, A. (4) Leveton, S.; Santikko, H.; Conte, S.; Wilson, J.; Rylatt, J.; Pierce, S.; Fujii, K. (5) Rosa, D.; Boscaino, M.; Austin, V.; Rodiel, P.; Bilal, P.; Dimichino, P. (6) Ratey, B.; Czyzyk, D.; Clarke, C.; Riedel, A.; Esparza, F.; Siaw, P.; Van Leemputten, T.(7) Rodiel, J.; Evers, J.; Green, J.; Czyzyk, J.; Santikko, M.; Rylatt, M. (8) Peltz, L.; Austin, D.; Riedel, T.; Beck, M.; Pierce, W.; Conte, S.; Green, S. (9) Suárez, J.; Clarke, J.; Papaya, S.; Budanov, M.; Wilson, R.; Braz, R.