Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Kristo—Dutanyanyuigblɔla Gãtɔ La

Yesu Kristo—Dutanyanyuigblɔla Gãtɔ La

Yesu Kristo—Dutanyanyuigblɔla Gãtɔ La

“Eteƒenɔlae menye va, eye Ame mae dɔm ɖa.”—YOH. 7:29.

1, 2. Ame kae nye dutanyanyuigblɔla, eye ame kae woate ŋu ayɔ be Dutanyanyuigblɔla gãtɔ?

NE ÈSE nya “dutanyanyuigblɔla” la, nu kae vaa susu me na wò? Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedela, siwo dometɔ geɖe ƒoa wo ɖokuiwo ɖe du siwo me wodɔ wo ɖo ɖa la ƒe dunyahehe kple asitsanyawo me, dzie ame aɖewo ƒe susu yina. Gake esi nènye Yehowa Ðasefo ta la, anɔ eme godoo be wò susu ayi dutanyanyuigblɔla siwo Dziɖuha la dɔna ɖa be woaɖe gbeƒã nya nyuia le dukɔ vovovowo me le xexea me godoo la dzi. (Mat. 24:14) Dutanyanyuigblɔla siawo tsɔa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖoa anyi ɖokuitɔmadimaditɔe ɖe dɔ vevi, si nye kpekpe ɖe amewo ŋu be woate ɖe Yehowa Mawu ŋu, eye woanɔ ƒomedodo xɔasi aɖe me kplii, la wɔwɔ ŋu.—Yak. 4:8.

2 Nya siwo nye “dutanyanyuigblɔla” kple “dutanyanyuigblɔlawo” medze le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la me tẽe o. Ke hã, gɔmeɖeɖe sia ke ƒe Reference Bible si le yevugbe me gblɔ le Efesotɔwo 4:11 ƒe etenuŋɔŋlɔa me be, woate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nya nyui gblɔlawo” la gɔme be “dutanyanyuigblɔlawo.” Yehowae nye Nya Nyui Gblɔla gãtɔ, gake womate ŋu ayɔe be Dutanyanyuigblɔla gãtɔ o, elabena ame aɖeke medɔe ɖo ɖe afi aɖeke kpɔ o. Gake Yesu Kristo gblɔ tso Fofoa si le dziƒo ŋu be: “Eteƒenɔlae menye va, eye Ame mae dɔm ɖa.” (Yoh. 7:29) Yehowa dɔ eƒe Tenuvi la ɖo ɖe anyigba dzi tsɔ ɖe lɔlɔ̃ gã si le esi na ameƒomea la fia. (Yoh. 3:16) Woate ŋu ayɔ Yesu be Dutanyanyuigblɔla gãtɔ kple Dutanyanyuigblɔla nyuitɔ, elabena susu siwo ta wodɔe ɖe anyigba dzi dometɔ ɖekae nye be ‘wòaɖi ɖase na nyateƒe la.’ (Yoh. 18:37) Ekpɔ dzidzedze bliboe le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me, eye dɔ siwo wòwɔ la gakpɔtɔ ɖea vi na mí egbea. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu awɔ eƒe nufiamɔnuwo ŋu dɔ le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me, míeɖanye dutanyanyuigblɔlawo loo alo míenyee o.

3. Nyabiase kawo mee míadzro?

3 Dɔ siwo Yesu wɔ abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela ene la fɔ nyabiase siawo ɖe te: Nu kawo mee Yesu to esime wònɔ anyigba dzi? Nu kae na be eƒe nufiamɔnuwo ɖea kpe? Eye nu kae na be eƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze?

Lɔlɔ̃nu Faa Ƒe Gbɔgbɔ Ðeɖe Fia Le Nuto Bubu Me

4-6. Tɔtrɔ siwo wònɔ na Yesu be wòawɔ esime wodɔe ɖo ɖe anyigba dzi la dometɔ aɖewo ɖe?

4 Ate ŋu ava hiã be dutanyanyuigblɔla siwo li egbea, kple Kristotɔ siwo ʋuna yia teƒe siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu la, natrɔ ɖe nɔnɔme siwo mede ame dzi abe esiwo me wonɔ le wo de ene o la ŋu. Gake míate ŋu abu vovototo si gbegbe le nɔnɔme siwo me Yesu nɔ le dziƒo, afi si wònɔ Fofoa kple mawudɔla siwo subɔa Yehowa tso dzi dzadzɛ me la dome le, kple esiwo me wòva nɔ le anyigba dzi la dome ŋu gɔ̃ hã o. (Hiob 1:6; 2:1) Kpɔ ale si gbegbe amegbetɔ nu vɔ̃ mewo dome nɔnɔ le xexe gblẽku sia me ato vovoe ɖa! (Mar. 7:20-23) Enɔ na Yesu be wòanɔ te ɖe nyaʋiʋli siwo nɔ eƒe nusrɔ̃la kplikplikpliwo dome la gɔ̃ hã nu. (Luka 20:46; 22:24) Le nyateƒe me la, enɔ te ɖe nɔnɔme ɖe sia ɖe si wòdo goe le anyigba dzi la nu bliboe.

5 Yesu medze amegbetɔwo ƒe gbe dodo gɔme nukutɔe o; edze gbe sɔsrɔ̃ gɔme esime wònye vidzĩ. Tɔtrɔ gã kae nye esi eya ame si ɖea gbe na mawudɔlawo le dziƒo tsã la wɔ! Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ezã ‘amegbetɔwo ƒe gbegbɔgblɔ’ ɖeka ya teti. Gbegbɔgblɔ sia to vovo kura na “mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔwo.” (1 Kor. 13:1) Gake le nya vivi wɔdɔɖeamedziwo gbɔgblɔ gome la, amegbetɔ aɖeke meƒo nu abe Yesu ene kpɔ o.—Luka 4:22.

6 Bu mɔ bubu aɖewo siwo nu nɔnɔmeawo trɔ kura na Mawu ƒe Vi la le esime wònɔ anyigba dzi ŋu kpɔ. Togbɔ be Yesu menyi nu vɔ̃ ƒe dome tso Adam gbɔ o hã la, eva zu amegbetɔ, abe ame siwo va zu “nɔviawo,” alo eyomedzela amesiaminawo emegbe, la ene. (Xlẽ Hebritɔwo 2:17, 18.) Le Yesu ƒe anyigba dzi nɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔ me la, eƒo asa na biabia tso Fofoa si le dziƒo la si be Wòaɖo “mawudɔlawo ƒe aʋakɔ wuieve kple edzivɔ” ɖe ye. Gake bu mawudɔla gbogbo siwo nɔ eƒe kpɔkplɔ te esime wònye Mixael Mawudɔlagã la ŋu kpɔ ko! (Mat. 26:53; Yuda 9) Enye nyateƒe be Yesu wɔ nukunuwo ya, ke hã, nu siwo wòwɔ esime wònɔ anyigba dzi le ʋɛ ŋutɔ nenye be wotsɔe sɔ kple nu siwo wòtea ŋu wɔna esime wònɔ dziƒo.

7. Aleke Yudatɔwo wɔ nu ɖe Sea ŋui?

7 Ðewohĩ Yesue nye Mawu ƒe Nyanuɖela si fia mɔ Israel viwo to gbea dzi do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu esime wònye “Nya la.” (Yoh. 1:1; 2 Mose 23:20-23) Ke hã, “[woxɔ] Se si wona to mawudɔlawo dzi la, gake [womelé] eme ɖe asi o.” (Dɔw. 7:53; Heb. 2:2, 3) Le nyateƒe me la, ƒe alafa gbãtɔ me Yuda subɔsubɔhakplɔlawo do kpo taɖodzinu si le Sea ŋu la kpɔkpɔ dze sii. Le kpɔɖeŋu me, bu Sabat sea ŋu kpɔ. (Xlẽ Marko 3:4-6.) Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo “[ŋea] aɖaba ƒua Se la me nu siwo le vevie wu la dzi, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ.” (Mat. 23:23) Ke hã, Yesu mena ta hedzudzɔ gbeƒãɖeɖe nyateƒea o.

8. Nu ka tae Yesu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

8 Yesu ɖe lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ fia. Lɔlɔ̃ si nɔ esi na amewo ʋãe, eye wòdi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu. Nya nyui gbɔgblɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ eme la nu metsi gbeɖe o. Eye esi Yesu wɔ nuteƒe na Yehowa esime wònɔ anyigba dzi ta la, “eva zu ame si wode dɔ asi na hena ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ nana ame siwo katã ɖoa toe la.” Gakpe ɖe eŋu la, “esi eya ŋutɔ kpe fu esime wonɔ edom kpɔ ta la, ate ŋu akpe ɖe [mí] ame siwo dom wole kpɔ la ŋu.”—Heb. 2:18; 5:8, 9.

Exɔ Hehe Nyuie Abe Nufiala Ene

9, 10. Hehe ka ƒomevie Yesu xɔ hafi wodɔe ɖo ɖe anyigba dzi?

9 Hafi woadɔ Kristotɔ siwo li egbea abe dutanyanyuigblɔlawo ene la, Dziɖuha la wɔa ɖoɖo wonaa hehe wo. Ðe Yesu Kristo xɔ hehea? Ɛ̃, gake mede rabiwo ƒe suku hafi wosi ami nɛ wòzu Mesia o; eye mexɔ hehe le subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la gbɔ hã o. (Yoh. 7:15; Dɔw. 22:3) Ekema, nu kae na Yesu te ŋu bi ɖe nufiafia me nenema gbegbe ɖo?

10 Eɖanye nu ka kee Yesu dada Maria kple Yosef, fofoa si xɔe nyi, fiae o, exɔ eƒe hehe gãtɔ hena subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Yehowa gbɔ. Yesu gblɔ tso esia ŋu be: “Nyemeƒo nu le ɖokuinye si o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la na nya, si magblɔ, kple nu, si maƒo, la ƒe sem.” (Yoh. 12:49) De dzesii be wona mɔfiame aɖewo koŋ Vi la le nu si wòafia ŋu. Ðikeke mele eme o be hafi Yesu nava anyigba dzi la, ezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖo to Fofoa ƒe nufiamewo. Hehe nyui kae wòagate ŋu axɔ wu esia?

11. Aleke gbegbe Yesu ɖe nɔnɔme si le Fofoa si ɖe amegbetɔwo ŋu la fiae?

11 Tso keke esime wowɔ Vi la ke la, ƒomedodo kplikplikpli aɖe nɔ woa kple Fofoa dome. Do ŋgɔ na Yesu ƒe amegbetɔzuzu la, ede dzesi nɔnɔme si le Mawu si ɖe amegbetɔwo ŋu to ŋkuléle ɖe ale si Yehowa wɔa nu ɖe wo ŋui me. Vi la ɖea lɔlɔ̃ si le Mawu si na amegbetɔwo la fiana ale gbegbe be eya ame si nye nunya si woɖɔ abe ame ene la te ŋu gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.”—Lod. 8:22, 31.

12, 13. (a) Aleke Yesu srɔ̃ nu to ŋkuléle ɖe ale si Fofoa wɔ nu kple Israel viwo ŋu me? (b) Aleke Yesu wɔ hehe si wòxɔ la ŋu dɔe?

12 Hehe si Vi la xɔ la lɔ ŋkuléle ɖe ale si Fofoa nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nui ŋu hã ɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso ale si Yehowa wɔ nu ɖe Israel vi dzegowo ŋu la ŋuti kpɔ. Nexemya 9:28 gblɔ be: “Esi wonya kpɔ gbɔdzɔe ko la, wogawɔ nu vɔ̃ɖi le [wò Yehowa ŋkume]; tete nètsɔ wo de asi na woƒe futɔwo, eye wonyã avuzi le wo dzi; emegbe wogado ɣli na wò, eye nèsee le dziƒo heɖe wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu zi geɖewo.” Esi Yesu wɔ dɔ kple Yehowa helé ŋku ɖe Eŋu ta la, etu dɔmetɔtrɔ ma tɔgbi ɖo na ame siwo nɔ eƒe anyigbamamaa me.—Yoh. 5:19.

13 Yesu tsɔ hehe sia si wòxɔ de dɔwɔwɔ me, eye wòwɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu dɔmetɔtrɔtɔe. Le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, apostolo siwo wòlɔ̃ vevie la “katã gblẽe ɖi hesi dzo.” (Mat. 26:56; Yoh. 13:1) Apostolo Petro gbe nu le Kristo gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ gɔ̃ hã! Ke hã, Yesu ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na eƒe apostoloawo be woagatrɔ ava ye gbɔ. Egblɔ na Petro be: “Meɖe kuku ɖe tawò, bene wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, ne ètrɔ gbɔ ko la, do ŋusẽ nɔviwòwo.” (Luka 22:32) Wotu gbɔgbɔ me Israel la ɖe “apostoloawo kple nyagblɔɖilawo” dzi dzidzedzetɔe, eye Alẽvi la, si nye Yesu Kristo, ƒe apostolo wɔnuteƒe 12-awo ƒe ŋkɔwo le Yerusalem Yeye la ƒe glia ƒe gɔmeɖokpewo ŋu. Va se ɖe egbea la, Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ɖeadzɔgbe, siwo nye ‘alẽ bubuawo,’ le dzidzedze kpɔm abe habɔbɔ si ɖea gbeƒã Fiaɖuƒea ene le Mawu ƒe asi sesẽ kple Via si gbɔ melɔ̃a nu le o ƒe kpɔkplɔ te.—Ef. 2:20; Yoh. 10:16; Nyaɖ. 21:14.

Ale Si Yesu Fia Nui

14, 15. Mɔ kawo nue Yesu ƒe nufiamɔnuwo to vovo kura tso agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tɔwo gbɔ le?

14 Aleke Yesu wɔ hehe si wòxɔ la ŋu dɔ le nufiafia eyomedzelawo mee? Ne míetsɔ Yesu ƒe nufiafiawo sɔ kple Yuda subɔsubɔhakplɔlawo tɔwo la, míakpɔe kɔte be Yesu ƒe nufiamɔnuwo ƒo wo tɔwo ta sãsãsã. Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ‘na Mawu ƒe nya la zu dzodzro le woƒe kɔnyinyi ta.’ To vovo na ema la, Yesu megblɔa nya aɖeke le eɖokui si o; efiaa nu si wɔa ɖeka kple Mawu ƒe nya, alo eƒe gbedeasia, ɣesiaɣi. (Mat. 15:6; Yoh. 14:10) Nu mae wòle be míawo hã míanɔ wɔwɔm.

15 Nu bubu aɖe hã na Yesu to vovo kura tso subɔsubɔhakplɔlawo gbɔ. Egblɔ tso agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu be: “Nu sia nu si wogblɔna na mi la, miwɔe, eye mialé wo me ɖe asi, gake migawɔ nu abe ale si wowɔa nui ene o, elabena wogblɔnɛ, gake womewɔa edzi o.” (Mat. 23:3) Yesu wɔna ɖe nu siwo wòfiana la dzi. Mina míakpɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖe esia ƒe nyateƒenyenye fia la ɖa.

16. Nu ka tae nàte ŋu agblɔ be Yesu nɔ agbe wòsɔ ɖe eƒe nya siwo dze le Mateo 6:19-21 la nu?

16 Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be ‘woaƒo nu xɔasiwo nu ƒu ɖe dziƒo.’ (Xlẽ Mateo 6:19-21.) Ðe Yesu ŋutɔ nɔ agbe ɖe nuxlɔ̃ame ma nua? Ɛ̃, elabena egblɔ tso eɖokui ŋu anukwaretɔe be: “Do le abeiwo si, eye atɔ le dziƒoxewo si, gake teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” (Luka 9:58) Yesu nɔ agbe tsɛ. Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuiae nye nu vevitɔ nɛ le agbe me, eye wòɖe nu si wòfia be woavo tso dzimaɖitsitsi, si tsoa kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu ɖe anyigba dzi me, si me la fia. Yesu ɖee fia be enyo wu be woaƒo kesinɔnuwo nu ƒu ɖe dziƒo, “afi si agbagblaʋui alo ɣebia megblẽa nu le o, eye fiafitɔwo medzea kpɔ va fia fi le o.” Èle wɔwɔm ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be míaƒo kesinɔnuwo nu ƒu ɖe dziƒo la dzia?

Nɔnɔme Siwo Na Amewo Lɔ̃ Yesu Vevie

17. Nɔnɔme kawoe na be Yesu nye nya nyui gblɔla si ɖe dzesi ŋutɔ?

17 Nɔnɔme kawoe na be Yesu nye nya nyui gblɔla si ɖe dzesi ŋutɔ? Wo dometɔ ɖekae nye ale si wòwɔ nu ɖe ame siwo ŋu wòkpe ɖo la ŋu. Yehowa ƒe nɔnɔme nyui siwo Yesu ɖe fia dometɔ aɖewoe nye ɖokuibɔbɔ, lɔlɔ̃, kple dɔmetɔtrɔ. Kpɔ ale si nɔnɔme siawo he ame geɖewo ɖe Yesu ŋui la ɖa.

18. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesu bɔbɔ eɖokui?

18 Esi Yesu lɔ̃ be yeava anyigba dzi la, “eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme, eye wòva nɔ abe amegbetɔwo ene.” (Fp. 2:7) Esia nye ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia. Gawu la, Yesu medo vlo amewo o. ‘Keke dziƒoe metso va, eya ta ele be miaɖo tom’ ƒe nɔnɔme menɔ esi o. Yesu menɔ boblo domee be yee nye Mesia vavã la abe ale si aʋatsomesiawo doa boblo wo ɖokuiwo ene o. Ɣeaɖewoɣi la, edea se na amewo be woagaʋu go ame si yenye alo nu si yewɔ na wo la na ame bubuwo o. (Mat. 12:15-21) Yesu di be amewo nawɔ nyametsotso be yewoadze ye yome to nu siwo teƒe woawo ŋutɔwo kpɔ la dzi. Aleke gbegbe wòɖe vi na nusrɔ̃lawoe nye esi be woƒe Aƒetɔ la medi tso wo si be woanɔ abe mawudɔla deblibo siwo wòde ha kple le dziƒo la ene o!

19, 20. Aleke lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ ʋã Yesu wòkpe ɖe amewo ŋui?

19 Yesu Kristo ɖe lɔlɔ̃, si nye Fofoa si le dziƒo la ƒe nɔnɔme vevitɔ, hã fia. (1 Yoh. 4:8) Lɔlɔ̃e ʋã Yesu wòfia nu eƒe nyaselawo. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wòse le eɖokui me ɖe ɖekakpui dziɖula aɖe ŋu la ŋu kpɔ. (Xlẽ Marko 10:17-22.) Yesu ‘lɔ̃e’ le dzi me eye wòdi be yeakpe ɖe eŋu, gake ɖekakpui dziɖula la meɖe asi le eƒe nunɔamesi gbogboawo ŋu bene wòate ŋu azu Kristo yomedzela o.

20 Nɔnɔme siwo na amewo lɔ̃ Yesu vevie la dometɔ bubue nye dɔmetɔtrɔ. Abe ale si wòle le amegbetɔ madeblibowo katã gome ene la, ame siwo wɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi la nye ame siwo dzi kuxiwo do agba ɖo. Esi Yesu nya esia ta la, efia nu wo le dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ me. Le kpɔɖeŋu me: Gbe ɖeka la, Yesu kple eƒe apostoloawo ƒe ŋku biã ɖe dɔ ŋu vevie ale gbegbe be womekpɔ asinu ne woaɖu nu gɔ̃ hã o. Ke hã, aleke Yesu wɔ nui esi wòkpɔe be ameha aɖe va ƒo ƒu ɖi? “Woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wonɔ abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene. Eye wòte nu geɖewo fiafia wo.” (Mar. 6:34) Yesu kpɔ nɔnɔme wɔnublanui si me ame siwo nɔ eƒe anyigbamama me nɔ la dze si, ewɔ eƒe ŋutete katã tsɔ fia nu ameawo, eye wòwɔ nukunu siwo ɖe vi na wo. Eƒe nɔnɔme nyuiawo he ame aɖewo ɖe eŋu, eƒe nyawo ʋã wo, eye wova zu eƒe nusrɔ̃lawo.

21. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Nu geɖe li míagate ŋu asrɔ̃ tso subɔsubɔdɔ si Yesu wɔ le anyigba dzi la me, abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo mee ene. Mɔ bubu kawo nue míate ŋu asrɔ̃ Yesu Kristo, ame si nye Dutanyanyuigblɔla gãtɔ la, le?

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Hehe kae Yesu xɔ hafi va anyigba dzi?

• Aleke Yesu ƒe nufiamɔnuwo ƒo agbalẽfialawo kple Farisitɔwo tɔwo tae?

• Nɔnɔme kawoe na be amewo lɔ̃ Yesu vevie?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Aleke Yesu fia nu amehawoe?