Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zɔ Yehowa Ƒe Mɔwo Dzi

Zɔ Yehowa Ƒe Mɔwo Dzi

Zɔ Yehowa Ƒe Mɔwo Dzi

‘Dzidzɔtɔe nye ame si vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.’—PS. 128:1.

1, 2. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be míate ŋu akpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ?

AME sia ame dina be yeakpɔ dzidzɔ. Gake àlɔ̃ ɖe edzi godoo be didi be woakpɔ dzidzɔ kple dzidzɔdonamenuwo yome titi to vovo kura na dzidzɔkpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ.

2 Ke hã, míate ŋu akpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ. Psalmo 128:1 gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔe nye ame si vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.’ Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míedea bubu deto Mawu ŋu, eye míezɔna eƒe mɔwo dzi to eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Ŋusẽ kae esia ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe nuwɔnawo kple nɔnɔme siwo míeɖena fiana la dzi?

Ðee Fia Be Woate Ŋu Aka Ðe Ye Dzi

3. Aleke adzɔgbe si míeɖe na Mawu na wòhiã be míanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo?

3 Ame siwo vɔ̃a Yehowa la nyea ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, abe ale si Eya ŋutɔ le ene. Yehowa wɔ ɖe ŋugbe siwo katã wòdo na blema Israel la dzi. (1 Fia. 8:56) Míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawue nye ŋugbe vevitɔ si míedo, eye gbedodoɖa edziedzi akpe ɖe mía ŋu míalé eme ɖe asi. Míate ŋu ado gbe ɖa abe ale si hakpala David do gbe ɖa ene be: ‘Wò, Mawu, èɖo to nye adzɔgbeɖeɖewo. Madzi kafukafuha na wò ŋkɔ tegbee, eye maxe nye adzɔgbeɖefe gbe sia gbe.’ (Ps. 61:6, 9; Nyagb. 5:3-5) Be míanye Mawu xɔlɔ̃wo la, ele be míanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo.—Ps. 15:1, 4.

4. Aleke Yefta kple vianyɔnua siaa bu adzɔgbe si wòɖe na Yehowa lae?

4 Le Israel viwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋkekeawo me la, Yefta ɖe adzɔgbe na Yehowa be ne ena yeɖu Amonitɔwo dzi la, ekema yeatsɔ nu gbãtɔ si ava do go ye ne yetrɔ tso aʋa la “asa numevɔe.” Eye ame si va do go Yefta ye nye vianyɔnu ɖeka kolia. Esi Yefta kple vianyɔnu si mekpɔ ɖe srɔ̃ o la siaa xɔ Yehowa dzi se ta la, wowɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖea dzi. Togbɔ be Israel viwo dea asixɔxɔ gã aɖe srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi ŋu hã la, Yefta vinyɔnua lɔ̃ faa be yeanɔ tre ale be mɔnukpɔkpɔ nasu ye si yeatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana Yehowa le eƒe aƒea me.—Ʋɔn. 11:28-40.

5. Mɔ ka nue Xana ɖee fia le be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖo?

5 Nyɔnu mawuvɔ̃la Xana ɖee fia be woate ŋu aka ɖe ye dzi. Woa kple srɔ̃a Elkana si nye Lewi vi kpakple etsusia si ŋkɔe nye Penina wonɔ Efrayim tonyigba la dzi. Penina dzi vi geɖe, eye wòɖua fewu le Xana ŋu, vevietɔ ne woƒe ƒomea yi avɔgbadɔa me. Esi wogayi gbe ɖeka la, Xana ɖe adzɔgbe be ne yedzi ŋutsuvi la, yeatsɔe ana Yehowa. Eteƒe medidi kura o, efɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi si wotsɔ ŋkɔ na be Samuel. Esi ɖevia ɖi no la, Xana kplɔe yi na Mawu le Silo, eye wòtsɔe na Yehowa “le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.” (1 Sam. 1:11) Eto esia me wɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖea dzi togbɔ be menya be yeagadzi vi bubuwo emegbe o gɔ̃ hã.—1 Sam. 2:20, 21.

6. Aleke wòdze ƒãa be Tixiko nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo?

6 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Tixiko nye ŋutsu si dzi woate ŋu aka ɖo eye wònye “subɔla nyateƒetɔ.” (Kol. 4:7) Tixiko kple apostolo Paulo zɔ mɔ tso Hela va to Makedonia, yi ɖe Asia Sue, eye ate ŋu anye be wotɔ edzi yi Yerusalem. (Dɔw. 20:2-4) Ðewohĩ eyae nye “nɔviŋutsu” si kpe ɖe Tito ŋu wotsɔ nunanawo yi na haxɔsetɔ siwo hiã tu le Yudea. (2 Kor. 8:18, 19; 12:18) Esime wode Paulo ga me zi gbãtɔ le Roma la, edɔ Tixiko si nye ame dɔdɔ si dzi woate ŋu aka ɖo be wòatsɔ lɛtawo ayi na haxɔsetɔ siwo nɔ Efeso kple Kolose. (Ef. 6:21, 22; Kol. 4:8, 9) Esime wogade Paulo ga me zi evelia le Roma la, edɔ Tixiko ɖo ɖe Efeso. (2 Tim. 4:12) Ne míenye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo la, míawo hã míakpɔ yayrawo le Yehowa subɔsubɔ me.

7, 8. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be David kple Yonatan nye xɔlɔ̃ veviwo?

7 Mawu kpɔa mɔ be míanye xɔlɔ̃ siwo dzi woate ŋu aka ɖo. (Lod. 17:17) Fia Saul viŋutsu Yonatan zu David xɔlɔ̃. Esime Yonatan se be David wu Goliat la, ‘David ƒe nu lé dzi na Yonatan, eye wòlɔ̃e abe eya ŋutɔ ɖokui ene.’ (1 Sam. 18:1, 3) Yonatan na toklã David kura gɔ̃ hã esime Saul di be yeawui. Esi David si dzo vɔ la, Yonatan yi ɖado goe, eye wòbla nu kplii. Nuƒoƒo tso David ŋu na Saul na be Yonatan bu eƒe agbe kloe, gake xɔlɔ̃ eveawo gakpe ake, eye wogado ŋusẽ woƒe xɔlɔ̃dzedzea. (1 Sam. 20:24-41) Le woƒe gododo mamlɛtɔ me la, Yonatan tsɔ “Mawu de dzi ƒo” na David.—1 Sam. 23:16-18.

8 Wowu Yonatan le aʋa aɖe si wowɔ kple Filistitɔwo la me. (1 Sam. 31:6) David dzi konyifaha sia be: “Tɔwò le veyem, nɔvinye Yonatan! Wò nu vivi nunye ŋutɔ, eye wò lɔlɔ̃ nam ƒo nyɔnuwo ƒe lɔlɔ̃ ta!” (2 Sam. 1:26) Lɔlɔ̃ sia nye esi nɔa xɔlɔ̃wo dome. David kple Yonatan nye xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o.

“Mibɔbɔ Mia Ðokui Le Dzi Me” Ɣesiaɣi

9. Aleke ɖokuibɔbɔ ƒe vevienyenye dze le Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 9 lia mee?

9 Be míanye Mawu xɔlɔ̃wo la, ele be míabɔbɔ mía “ɖokui le dzi me.” (1 Pet. 3:8; Ps. 138:6) Ðokuibɔbɔ ƒe vevienyenye dze le Ʋɔnudrɔ̃lawo ta 9 lia me. Gideon viŋutsu Yotam gblɔ be: “Gbe ɖeka atiwo be, yewoaɖo fia ɖe yewo ɖokui nu.” Woyɔ amiti, gboti, kple wainka siwo tsi tsitre ɖi na bubume siwo medi be yewoaɖu fia ɖe yewo nɔvi Israel viwo dzi o la. Gake ŋuve—si menyo na naneke o negbe na dzododo ko la—tsi tsitre ɖi na Abimelex dadala la ƒe fiaɖuɖu, ame si nye amewula si di vevie be yeaɖu ame bubuwo dzi. Togbɔ be ‘eɖu Israel dzi ƒe etɔ̃’ hã la, eku kukpo. (Ʋɔn. 9:8-15, 22, 50-54) Ðe manyo ŋutɔ be ‘míabɔbɔ mía ɖokui le dzi me oa’?

10. Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Herodes do kpo ‘bubu tsɔtsɔ na Mawui’ la me?

10 Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, masɔmasɔwo do mo ɖa le Fia Herodes Agripa, dadala si ɖu Yuda dzi, kple Tirotɔ kpakple Zidontɔ siwo di be yewoawɔ ŋutifafa kplii la dome. Gbe ɖeka esime Herodes nɔ dutoƒonuƒo aɖe ƒom la, amewo do ɣli be: “Mawu aɖe ƒe gbee, menye amegbetɔ tɔe o!” Herodes megbe kafukafu ma xɔxɔ o, eye Yehowa ƒe dɔla ƒoe ale be wòku vlodoametɔe, “elabena metsɔ bubu na Mawu o.” (Dɔw. 12:20-23) Ke ne míebi ɖe nuƒoƒo alo Biblia me nyateƒea fiafia me ya ɖe? Ekema mina míatsɔ nu si Mawu na míetea ŋu wɔna la ŋuti kafukafua na Eyama.—1 Kor. 4:6, 7; Yak. 4:6.

Milé Dzi Ðe Ƒo Eye Misẽ Ŋu

11, 12. Aleke nu siwo me Henox to ɖee fia be Yehowa naa dzideƒo kple ŋusẽ esubɔlawo?

11 Ne míezɔna Yehowa ƒe mɔwo dzi ɖokuibɔbɔtɔe la, ana míalé dzi ɖe ƒo ahasẽ ŋu. (5 Mose 31:6-8, 23) Henox, ame si nye adrelia tso Adam dzi la, zɔ kple Mawu dzinɔameƒotɔe to nu dzɔdzɔe wɔwɔ le eŋɔlimetɔ vɔ̃ɖiawo dome dzi. (1 Mose 5:21-24) Yehowa do ŋusẽ Henox wògblɔ gbedeasi sẽŋu aɖe na wo le woƒe nuƒoƒo kple nuwɔna le mawumavɔ̃mavɔ̃ me la ta. (Xlẽ Yuda 14, 15.) Ðe dzideƒo le asiwò be nàgblɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo afia?

12 Yehowa he eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va ame mavɔ̃mawu mawo dzi le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ si xɔ xexea katã me la me. Ke hã, Henox ƒe nyagblɔɖia dea dzi ƒo na mí, elabena madidi o, Mawu ato eƒe dɔla kɔkɔe akpeakpewo dzi atsrɔ̃ ame mavɔ̃mawu siwo li le míaƒe ŋkekea me la ɖa. (Nyaɖ. 16:14-16; 19:11-16) Le míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖoɖo me la, Yehowa naa dzideƒo mí be míegblɔa eƒe gbedeasi si ku ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu alo esi ku ɖe yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vae la ŋu.

13. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ana dzideƒo kple ŋusẽ si míehiã be míatsɔ anɔ te ɖe kuxi gbãdzinamewo nu la mí?

13 Míehiã dzideƒo kple ŋusẽ si Mawu nana be míatsɔ anɔ te ɖe kuxi gbãdzinamewo nu. Esi Esau ɖe Xiti nyɔnu eve la, ‘wozu nuxaxa gã aɖe na [edzila siwo nye] Isak kple Rebeka.’ Rebeka fa konyi gɔ̃ hã be: ‘Agbenɔnɔ tim le Xitivi nyɔnuawo ta. Ne [mía viŋutsu] Yakob hã aɖe anyigba sia dzi tɔ, siwo nye Xitiviwo ƒe vinyɔnu aɖe la, ekema nu ka ŋuti megale agbe ɖo?’ (1 Mose 26:34, 35; 27:46) Isak wɔ nane tso nyaa ŋu, eye wòdɔ Yakob be wòayi aɖaɖe srɔ̃ tso Yehowa subɔlawo dome. Togbɔ be Isak kple Rebeka mete ŋu trɔ nu si Esau wɔ o hã la, Mawu na nunya, dzideƒo, kple ŋusẽ wo be wote ŋu lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Eyama. Ne míedoa gbe ɖa biaa kpekpeɖeŋu si míehiã la, Yehowa akpe ɖe míawo hã ŋu nenema ke.—Ps. 118:5.

14. Aleke Israel nyɔnuvi sue la ɖe dzinɔameƒo fiae?

14 Ƒe alafa aɖewo megbe la, Israel nyɔnuvi sue aɖe si adzohawo ɖe aboyoe va zu subɔvi le Siria ʋafia Naeman si nye kpodɔléla ƒe aƒe me. Esi nyɔnuvia se nu tso nukunu siwo Mawu wɔ to nyagblɔɖila Elisa dzi ŋu la, egblɔ na Naeman srɔ̃ dzinɔameƒotɔe be: “Oo, ne nye aƒetɔ ade nyagblɔɖila, si le [Israel] gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.” Naeman yi Israel, eye woda dɔ nɛ nukutɔe. (2 Fia. 5:1-3) Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi ɖevi sia ɖo ɖi na ɖeviwo kple sɔhɛ siwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu hena dzideƒo be woaɖe gbeƒã na nufialawo, sukuhatiwo, kple ame bubuwo!

15. Afɔ kae Axab ƒe aƒedzikpɔla Obadiya ɖe dzinɔameƒotɔe?

15 Dzideƒo si Mawu nana kpena ɖe mía ŋu be míedoa dzi le yometitiwo me. Bu Fia Axab ƒe aƒedzikpɔla Obadiya, ame si nye nyagblɔɖila Eliya ŋɔli me tɔ, la ŋu kpɔ. Esime Fianyɔnu Izebel de se be woawu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo la, Obadiya tsɔ wo dometɔ 100 ɣla ɖe “agado me blaatɔ̃blaatɔ̃.” (1 Fia. 18:13; 19:18) Ðe dzi anɔ ƒowò be nàkpe ɖe hati Kristotɔ siwo yome tim wole ŋu abe ale si Obadiya kpe ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo ŋui enea?

16, 17. Aleke Aristarxo kple Gayo wɔ nui esime woti wo yome?

16 Ne wole mía yome tim la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa anɔ kpli mí. (Rom. 8:35-39) Le fefewɔƒe si le dogba dzi le Efeso la, nu vlo wɔlawo ƒe ha aɖe, siwo ɖewohĩ woade ame akpe geɖe la, dze Paulo ƒe hadɔwɔla siwo nye Aristarxo kple Gayo dzi. Klosalonutula Demetrio ye de adã tame na ameha la. Demetrio kple ehati klosalonutula bubuwo tsɔ klosalo tu mawunɔ Artemis ƒe mawuxɔ, eye woƒe dɔ si me wokpɔa ga gbogbo aɖe tsoe la ɖo afɔku me, elabena Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa na be dua me tɔ geɖe gbe nu le trɔ̃subɔsubɔ gbɔ. Ameha la he Aristarxo kple Gayo yi ɖe woƒe fefewɔƒea, eye wonɔ ɣli dom be: “Efesotɔwo ƒe Artemis lae nye gã!” Ðewohĩ Aristarxo kple Gayo bui be woawu yewo godoo, gake dudzikpɔla la ɖo asi ameha la dzi.—Dɔw. 19:23-41.

17 Ne èto nɔnɔme ma tɔgbi me la, àdi be yeanɔ agbe si bɔbɔ wu boŋua? Naneke meli si ɖee fia be dzi ɖe le Aristarxo alo Gayo ƒo o. Esi wònye Tesalonika ye Aristarxo tso ta la, enyae be gbeƒãɖeɖe nya nyuia ate ŋu ahe yometitiwo avae. Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, ameha aɖe dze agbo esime Paulo ƒo nu le afi ma. (Dɔw. 17:5; 20:4) Esi Aristarxo kple Gayo zɔ Yehowa ƒe mɔwo dzi ta la, ŋusẽ kple dzideƒo si Mawu nana la kpe ɖe wo ŋu be wodo dzi le yometiti me.

Miaƒe Ŋku Nenɔ Ame Bubuwo Ƒe Nyonyo Ŋu

18. Aleke Priska kple Akwila ƒe ‘ŋkuwo nɔ’ ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu?

18 Woɖale mía yome tim fifia loo alo womele mía yome tim o, ele be míatsɔ ɖe le mía nɔvi Kristotɔwo ƒe nyonyo me. Priska kple Akwila nye ame siwo ƒe ‘ŋkuwo nɔ’ ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu. (Xlẽ Filipitɔwo 2:4.) Srɔ̃tɔ kpɔɖeŋuɖola siawo anya xɔ Paulo ɖe woƒe aƒe me le Efeso, si nye afi si klosalonutula Demetrio de adã tame na ameha si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la. Nudzɔdzɔ ma anya ʋã Akwila kple Priska be wotsɔ “woawo ŋutɔwo ƒe kɔwo ɖo anyi” ɖe Paulo ta. (Rom. 16:3, 4; 2 Kor. 1:8) Egbea la, ɖetsɔtsɔ le eme na mía nɔvi siwo yome tim wole nana ‘míedzea aye abe dawo ene.’ (Mat. 10:16-18) Míeyia míaƒe dɔa dzi ayedzetɔe, eye míegbea goʋuʋu mía nɔviwo ƒe ŋkɔwo alo wo ŋuti nyatakaka bubuwo nana yometilawo.

19. Nu nyui kawoe Dorkas wɔ na amewo?

19 Míaƒe ŋkuwo ate ŋu anɔ ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu le mɔ vovovowo nu. Hiahiã vevi aɖewo le Kristotɔ aɖewo ŋu, eye ɖewohĩ ŋutete le mía ŋu be míana kpekpeɖeŋu wo. (Ef. 4:28; Yak. 2:14-17) Nyɔnu dɔmenyotɔ aɖe, si ŋkɔe nye Dorkas, nɔ Yopa hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me. (Xlẽ Dɔw. 9:36-42.) “Dɔ nyui siwo [Dorkas wɔna] kple eƒe nunana ame dahewo sɔ gbɔ,” eye edze ƒãa be dɔ siawo dometɔ aɖewoe nye awu siwo wòtɔna na ahosi siwo le hiã me la. Eƒe ku le ƒe 36 M.Ŋ. me na ahosi geɖe xa nu vevie. Mawu zã apostolo Petro tsɔ fɔ Dorkas ɖe tsitre, eye edze ƒãa be ezã eƒe anyigba dzi nɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛawo tsɔ gblɔ nya nyuia dzidzɔtɔe henɔ nu nyuiwo wɔm na ame bubuwo. Aleke gbegbe dzi dzɔa míe nye esi be nyɔnu Kristotɔ ɖokuitɔmadila siawo tɔgbi le mía dome egbea!

20, 21. (a) Aleke dzideƒoname do ƒome kple ame bubuwo ƒe nyonyo didi? (b) Nu kae nàte ŋu awɔ be nàde dzi ƒo na ame bubuwo?

20 Míedia ame bubuwo ƒe nyonyo to dzidedeƒo na wo me. (Rom. 1:11, 12) Paulo ƒe hadɔwɔla Sila nye dzideƒotsoƒe na amewo. Esi dziɖuha si nɔ Yerusalem tso nya me ku ɖe aʋatsotso ƒe nyaa ŋu le ƒe 49 M.Ŋ. me vɔ la, eɖo ame dɔdɔwo ɖa be woatsɔ lɛta ayi na Kristotɔ siwo nɔ teƒe bubuwo. Sila, Yuda, Barnaba, kple Paulo tsɔ lɛtaa yi Antioxia. Le afi ma la, Sila kple Yuda “de dzi ƒo na nɔviawo, eye wodo ŋusẽ wo.”—Dɔw. 15:32.

21 Le esia megbe la, wode Paulo kple Sila ga me le Filipi, gake anyigbaʋuʋu aɖe na be woɖe wo le ga me. Kpɔ ale si dzi adzɔ woe esime woɖe gbeƒã na gaxɔdzikpɔla kple eƒe aƒemetɔwo, eye wova zu Kristotɔwoe la ɖa! Hafi Sila kple Paulo nadzo le du ma me la, wode dzi ƒo na nɔviawo. (Dɔw. 16:12, 40) Abe ale si Paulo kple Sila wɔe ene la, wò hã di mɔnukpɔkpɔwo nàde dzi ƒo na amewo to wò nyaŋuɖoɖo, nuƒowo, kple gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe dzi. Eye ne “dzideƒonya aɖe” le asiwò la, dze agbagba ɖe sia ɖe ‘nàgblɔe.’—Dɔw. 13:15.

Yi Edzi Nànɔ Yehowa Ƒe Mɔwo Dzi Zɔm

22, 23. Aleke míawɔ be Biblia me nuŋlɔɖiwo naɖe vi na mí ŋutɔŋutɔ?

22 Aleke gbegbe wòle be míada akpee nye esi be woŋlɔ agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo ɖe Yehowa, “dzideƒowo katã ƒe Mawu la,” ƒe Nya la me na mí! (2 Kor. 1:3, Byington ƒe gɔmeɖeɖe) Be agbemenudzɔdzɔ siawo naɖe vi na mí la, ele be míatsɔ Biblia me nufiafiawo ade dɔwɔna me le míaƒe agbe me, eye míaɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ mí.—Gal. 5:22-25.

23 Ŋugbledede tso Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe mawumenɔnɔmewo afia. Ana mía kple Yehowa, ame si naa “nunya, sidzedze kple dzidzɔ” mí, dome ƒomedodoa me nagasẽ ɖe edzi. (Nyagb. 2:26) Esia awɔe be míado dzidzɔ na mía Mawu lɔ̃ame la ƒe dzi. (Lod. 27:11) Mina míaɖoe kplikpaa be míawɔe nenema to ale si míayi edzi anɔ Yehowa ƒe mɔwo dzi zɔm ɖaa me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke nàte ŋu aɖee afia be woate ŋu aka ɖe ye dzi?

• Nu ka tae wòle be ‘míabɔbɔ mía ɖokui le dzi me’?

• Aleke Biblia me nuŋlɔɖiwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo?

• Mɔ kawo nue míate ŋu ana míaƒe ŋku nanɔ ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Yefta si dzi woate ŋu aka ɖo kple vianyɔnua wɔ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi togbɔ be esia wɔwɔ sesẽ hã

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ðeviwo kple sɔhɛwo, nu kae míesrɔ̃ tso Israel nyɔnuvi la gbɔ?

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Aleke Dorkas kpɔ ehati Kristotɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe?