Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Wò Srɔ̃ɖeɖe Me!

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Wò Srɔ̃ɖeɖe Me!

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Wò Srɔ̃ɖeɖe Me!

“Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee.”—LOD. 24:3.

1. Aleke Mawu ɖe nunya fia le ŋutsu gbãtɔ gomee?

MÍA Fofo nyanu si le dziƒo la nya nu si nyo na mí. Le kpɔɖeŋu me, Mawu de dzesii be, bene Yeƒe tameɖoɖo nava eme la, manyo be “ame la natsi akogo” le Eden bɔa me o. Tameɖoɖo ma ƒe akpa vevi aɖee nye be srɔ̃tɔwo nadzi viwo, eye ‘woayɔ anyigba la dzi.’—1 Mose 1:28; 2:18.

2. Ðoɖo kae Yehowa wɔ be wòaɖe vi na ameƒomea?

2 Yehowa gblɔ be, “mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” Emegbe Mawu na ŋutsu gbãtɔa dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye Wòɖe agbaƒuti ɖeka tso eƒe ŋutilã deblibo la me hetsɔe wɔ nyɔnui. Esi Yehowa kplɔ nyɔnu deblibo Xawa vae na Adam la, ŋutsua gblɔ be: ‘Azɔ ko! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.’ Xawa nye kpeɖeŋutɔ si sɔ na Adam nyateƒe. Wo dometɔ ɖe sia ɖe aɖe nɔnɔme aɖewo koŋ afia, ke hã, wo ame evea wode blibo eye wowɔ wo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu. Aleae Yehowa ɖo srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa anyii. Meɖe fu na Adam kple Xawa be woalɔ̃ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo, si ana woanye kpekpeɖeŋutsoƒe na wo nɔewo la, dzi o.—1 Mose 1:27; 2:21-23.

3. Aleke ame geɖe bua nunana si nye srɔ̃ɖeɖe lae, eye nyabiase kawoe esia fɔ ɖe te?

3 Nublanuitɔe la, aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ aɖe va xɔ aƒe ɖe xexea me katã egbea. Kuxi siwo esia hena vanɛ la metso Mawu gbɔ o. Ame geɖe doa vlo Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe hebunɛ be megahiã egbea o, eye be enye nuxaxa alo dzrehehe tsoƒe. Zi geɖe la, srɔ̃tɔ geɖewo va gbea wo nɔewo mlɔeba. Ate ŋu adzɔ be womanɔ lɔlɔ̃ ɖem fia wo viwo o, eye ɖeviawo nava zu ka atsu kple asi nanɔ hehem le woƒe dzrehehewo me. Dzila geɖe medina be yewoase nu gɔme na yewo nɔewo o, nenye be ema wɔwɔe ana be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ anyi gɔ̃ hã. (2 Tim. 3:3) Ekema aleke woawɔ be dzidzɔ nakpɔtɔ anɔ srɔ̃ɖeɖe me le ɣeyiɣi sesẽ siawo me? Akpa kae nugɔmesese wɔna le kuxi siwo ate ŋu ahe srɔ̃gbegbe avae la dzi ɖuɖu dzidzedzetɔe me? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo na dzidzɔ kpɔtɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖewo me egbea la ƒe kpɔɖeŋuwo me?

Ðokuibɔbɔ Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiamewo Te

4. (a) Mɔfiame kae Paulo na ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu? (b) Aleke Kristotɔ siwo to senu li na wɔna ɖe Paulo ƒe mɔfiame sia dzii?

4 Apostolo Paulo na mɔfiame sia si tso gbɔgbɔ me la ahosiwo be ne wotiae be yewoaɖe srɔ̃ la, ekema woaɖee “le Aƒetɔ la me ko.” (1 Kor. 7:39) Esia menye nya yeye na Kristotɔ siwo nɔ Sea te tsã la o. Se si Mawu tsɔ na Israel viwo gblɔe eme kɔ nyuie be mele be ‘woado ƒome kple’ trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo la me tɔ aɖeke o. Yehowa gblɔ afɔku siwo ado tso eme na wo ne womewɔ ɖe eƒe dzidzenu sia dzi o la kpee. Egblɔ be, ame siwo menye Israel viwo o ‘ana viwòŋutsu natrɔ le yonyeme, eye wòasubɔ mawu bubuwo, ale bena Yehowa nado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi amloamlo.’ (5 Mose 7:3, 4) Afɔ kae Yehowa di be ye subɔla siwo li egbea naɖe le srɔ̃ɖenya sia gome? Edze ƒãa be, ele be Mawu subɔla natia ame si wòaɖe la “le Aƒetɔ la me,” si fia be amea nanye haxɔsetɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ. Yehowa ƒe mɔfiame si ku ɖe ame si woaɖe tiatia ŋu dzi wɔwɔ nye nu si me nunya le.

5. Aleke Yehowa kple srɔ̃tɔ Kristotɔwo bua srɔ̃ɖetamkaka lae?

5 Srɔ̃ɖetamkaka la le kɔkɔe le Mawu ŋkume. Esime Mawu ŋutɔ ƒe Vi, Yesu, nɔ nu ƒom tso srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ ŋu la, egblɔ be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Mat. 19:6) Hakpalaa he míaƒe susu yi ale si atamkaka nye ŋkubiãnyae la dzi ale: ‘Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye nàxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋĩtɔ la!’ (Ps. 50:14) Togbɔ be ame eve siwo ɖe wo nɔewo ate ŋu akpɔ mɔ na dzidzɔkpɔkpɔ gã aɖe hã la, srɔ̃ɖetam si woka le woƒe srɔ̃ɖegbe la nye ŋkubiãnya eye wòda agba ɖe wo dzi.—5 Mose 23:22.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yefta ɖo ɖi me?

6 Bu Yefta si nye Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 12 lia D.M.Ŋ. me ƒe ŋutinya ŋu kpɔ. Eka atam sia na Yehowa be: ‘Ne ètsɔ Amon viwo de asi nam vavã, eye megbɔ tso Amon viwo gbɔ le ŋutifafa me la, ekema nu sia nu, si ke ado tso aƒenye me ava kpem la, anye Yehowa tɔ, eye matsɔe asa numevɔe.’ Esi Yefta trɔ gbɔna eƒe aƒe me le Mizpa, eye wòkpɔe be ye vinyɔnu ɖeka kolia ye do go gbɔna ye kpe ge la, ɖe wòdze agbagba be yeatrɔ yeƒe atamkaka la? Ao. Egblɔ be: “Meke nu na Yehowa, eye nyemagate ŋu atrɔe o!” (Ʋɔn. 11:30, 31, 35) Yefta wɔ ɖe ŋugbe si wòdo na Yehowa la dzi, togbɔ be esia fia be makpɔ dzidzimevi aɖeke si alé eƒe ŋkɔ ɖe te o gɔ̃ hã. Ele eme be Yefta ƒe atamkakaa to vovo na srɔ̃ɖetamkaka ya, gake ale si wòwɔ ɖe edzi la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo le woƒe srɔ̃ɖetamkaka la gome.

Nu Kae Naa Srɔ̃ɖeɖe Kpɔa Dzidzedze?

7. Asitɔtrɔ kawoe wòle na srɔ̃tɔ yeyewo be woawɔ?

7 Srɔ̃tɔ geɖe ɖoa ŋku woƒe ŋugbedodomenɔɣi dzi kple dzidzɔ. Aleke gbegbe dzi dzɔ wo ɣemaɣi esime wokpɔ ame si ava zu wo srɔ̃ lae nye esi! Zi ale si woyi edzi nɔ nu wɔm ɖekae la, zi nenemae wova nɔ kplikplikpli wu. Eɖanye ɖe wonɔ ŋugbedodo me hafi va ɖe srɔ̃ alo ɖeko wokpɔ wo nɔewo ko ɖe o, esime wova zu atsu kple asi mlɔeba la, eva nɔ vevie be woawɔ asitɔtrɔ aɖewo. Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be: “Kuxi sesẽtɔ si míedo go le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe gɔmedzedze mee nye be míalɔ̃ ɖe edzi be míeganye trewo azɔ o. Va se ɖe ɣeaɖeɣi la, esesẽna na mí ŋutɔ be míada asɔ le hadede kple mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo me.” Srɔ̃ŋutsu bubu aɖe hã si ɖe srɔ̃ ƒe 30 ye nye esia la de dzesii le eƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe gɔmedzedze ke be, bene yeada asɔ la, ele be ‘yeabu ye kple ye srɔ̃ siaa ŋu.’ Hafi wòalɔ̃ ɖe amekpekpe aɖe dzi alo ado ŋugbe be yeawɔ nane na ame aɖe la, woa kple srɔ̃a wolénɛ kpɔ gbã, emegbe ebua wo ame evea siaa ƒe nyonyo ŋu hafi tsoa nya me. Le nɔnɔme sia ƒomevi me la, nugɔmesename ɖea vi ŋutɔ.—Lod. 13:10.

8, 9. (a) Nu ka tae dzeɖoɖo nyui le vevie? (b) Go kawo mee nugɔmesese ɖeɖe fia aɖe vi le, eye nu ka tae?

8 Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃ɖeɖe tea ame vovovo eve siwo ƒe dekɔnuwo to vovo la ƒoa ƒu. Afi siae wòhiã vevie le be woaɖo dze nya aɖeke maɣlamaɣlae. Dzeɖoɖo ƒe mɔnuwo toa vovo. Ŋkuléle ɖe ale si srɔ̃wòa ɖoa dze kple eƒe ƒometɔwo ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàse nu gɔme nɛ nyuie wu. Ɣeaɖewoɣi la, menye nya si ame gblɔ ye ɖea nu si le eƒe dzi me fiana o, ke boŋ ale si wògblɔe ye. Eye míate ŋu anya nu geɖe tso nya siwo womegblɔ o gɔ̃ hã ŋu. (Lod. 16:24; Kol. 4:6) Nugɔmesese le vevie be dzidzɔ nanɔ ƒomea me.—Xlẽ Lododowo 24:3.

9 Ame geɖewo kpɔe be ele vevie be yewoaɖe nugɔmesese afia le kamedefefe alo modzakaɖeɖe tiatia me. Do ŋgɔ na miaƒe srɔ̃ɖeɖe la, ɖewohĩ srɔ̃wòa kpɔa gome le kamedefefe alo modzakaɖewɔna bubu aɖewo me. Ðe wòahiã be miawɔ asitɔtrɔ aɖewo fifia? (1 Tim. 4:8) Woate ŋu abia nya sia ke ku ɖe ɣeyiɣi si srɔ̃tɔwo zãna ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu la ŋu. Eme kɔ ƒãa be, srɔ̃tɔwo hiã ɣeyiɣi si woatsɔ awɔ gbɔgbɔmedɔwo kple dɔwɔna bubuwo ɖekae.—Mat. 6:33.

10. Aleke nugɔmesese ana be ƒomedodo nyui nanɔ dzilawo kple wo vi siwo ɖe srɔ̃ dome?

10 Ne ŋutsu ɖe srɔ̃ la, egblẽa fofoa kple dadaa ɖi, eye nenema kee wòle le nyɔnu hã gome. (Xlẽ 1 Mose 2:24.) Ke hã, ne woɖe srɔ̃ gɔ̃ hã la, Mawu ƒe se si nye be woabu wo fofo kple wo dada la gabla wo kokoko. Eya ta ne ame eve ɖe wo nɔewo vɔ gɔ̃ hã la, ahiã kokoko be woakpɔ ɣeyiɣi aɖe ɖe wo dzilawo kple wo srɔ̃ ƒe dzilawo hã ŋu. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 25 enye esia la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, menɔa bɔbɔe be woada asɔ le ame srɔ̃ ƒe didiwo kple nuhiahiãwo, ame ŋutɔ ƒe dzilawo kple nɔviawo, kpakple ame srɔ̃ ƒe ƒometɔwo tɔwo gome o. Esi menɔ mɔ nyuitɔ si nu makpɔ nya sia gbɔ le ŋu bum la, mekpɔe be 1 Mose 2:24 akpe ɖe ŋunye. Ele be ame nawɔ nuteƒe na eƒe ƒometɔwo eye agba le edzi le wo gome, gake mawunyakpukpui sia fiam be nuteƒewɔwɔ na srɔ̃nye ye wòle be wòaxɔ nɔƒe gbãtɔ.” Eya ta dzila Kristotɔ siwo sea nu gɔme la alɔ̃ ɖe edzi be yewo vi siwo ɖe srɔ̃ la zu ƒome si le eɖokui si, eye srɔ̃ŋutsua koŋ ye wòle na be wòafia mɔ ƒome ma.

11, 12. Nu ka tae ƒomenusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa le vevie na atsu kple asi?

11 Ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi le vevie ŋutɔ. Nu nyui siwo do tso eme na Kristotɔwo ƒe ƒome geɖewo ɖo kpe esia ƒe nyateƒenyenye dzi. Manɔ bɔbɔe be woaɖo nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo sia anyi ahalé eme ɖe asi ɖaa o. Ƒome ƒe ta aɖe gblɔ be: “Nenye ɖe míagate ŋu agbugbɔ ayi megbe awɔ tɔtrɔ aɖewo la, nu si míadi be míawɔ ye nye be míalé ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui me ɖe asi tso míaƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe gɔmedzedze ke.” Egblɔ kpee be: “Nunana wɔnuku aɖe ŋutɔe wònye be makpɔ ale si srɔ̃nye kpɔa dzidzɔe nenye be míeke ɖe gbɔgbɔmenu xɔasi aɖewo ŋu le míaƒe nusɔsrɔ̃a me.”

12 Gbedodoɖa ɖekae hã nye kpekpeɖeŋutsoƒe bubu. (Rom. 12:12) Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a wɔ ɖeka le Yehowa subɔsubɔ me la, woƒe ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Mawu ate ŋu ana dzidzɔ si le woƒe srɔ̃ɖeɖea me nadzi ɖe edzi. (Yak. 4:8) Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Ne srɔ̃tɔwo ɖea kuku enumake ɖe vodada siwo wowɔ ta, eye woƒoa nu tso wo ŋu ne wole gbe dom ɖa ɖekae la, eɖenɛ fiana be wose veve ŋutɔŋutɔ ɖe vodada siwo wowɔ tsɔ do dziku na wo nɔewo la ta.”—Ef. 6:18.

Ðe Nugɔmesese Fia Le Srɔ̃ɖeɖea Me

13. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na srɔ̃tɔwo ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu?

13 Ele be srɔ̃tɔ Kristotɔwo naƒo asa na nuwɔna siwo ɖia gbɔ srɔ̃ɖekadodoa abe esiwo bɔ ɖe xexe si dze gbɔdɔdɔ ƒe aɖaʋa me ene. Paulo ɖo aɖaŋu ku ɖe esia ŋu be: “Srɔ̃ŋutsu natsɔ nu si srɔ̃a dze na la nɛ; ke srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema ke na srɔ̃a. Srɔ̃nyɔnu mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, gake srɔ̃a ya kpɔ ŋusẽ ɖe edzi; nenema kee srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi o, gake srɔ̃a ya kpɔ ŋusẽ ɖe edzi.” Emegbe Paulo na mɔfiame sia tẽe be: “Miganɔ nu sia tem mia nɔewo o, negbe ɖe mi ame evea mielɔ̃ ɖe edzi va se ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe ko.” Nu ka tae? “Bene miakpɔ ɣeyiɣi ɖe gbedodoɖa ŋu, eye miagava wɔ ɖeka ake, bene Satana nagayi edzi anɔ mia tem kpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.” (1 Kor. 7:3-5) Esi Paulo ƒo nu tso gbedodoɖa ŋu la, eɖe nu si le vevie wu na Kristotɔwo la fia. Gake egana wòdze kɔte hã be ele be srɔ̃tɔ Kristotɔ ɖe sia ɖe natsɔ ɖe le eƒe kpeɖeŋutɔ ƒe ŋutilã me kple seselelãme nuhiahiãwo me.

14. Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ade dɔwɔwɔ me le gbɔdɔnyawo gome?

14 Ehiã be atsu kple asi nagblɔ woƒe dzimenyawo na wo nɔewo, eye ele be woanyae hã be ame nɔewo ŋu mabumabu le gbɔdɔnyawo gome ate ŋu ahe kuxiwo avae. (Xlẽ Filipitɔwo 2:3, 4; tsɔe sɔ kple Mateo 7:12.) Esia nye nyateƒe le ƒome siwo me ma le subɔsubɔnyawo me dometɔ aɖewo gome. Ne masɔmasɔwo li hã la, zi geɖe la, Kristotɔ ya ate ŋu ana nɔnɔmeawo nanyo ɖe edzi to agbenɔnɔ nyui, dɔmenyonyo, kple nuwɔwɔ aduadu dzi. (Xlẽ 1 Petro 3:1, 2.) Lɔlɔ̃ na Yehowa, lɔlɔ̃ na ame srɔ̃, kple nugɔmesese ɖeɖe fia akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu le srɔ̃ɖeɖe ƒe akpa sia me.

15. Akpa kae bubudeameŋu wɔna le srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzɔ me?

15 Le go bubuwo hã me la, srɔ̃ŋutsu fatu wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu bubudeameŋutɔe. Le kpɔɖeŋu me, abu srɔ̃a ƒe seselelãmewo ŋu le nu suetɔwo kura gɔ̃ hã me. Srɔ̃ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 47 gblɔ be: “Megakpɔtɔ le nu srɔ̃m le go sia me.” Woxlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo be woade bubu deto wo srɔ̃wo ŋu. (Ef. 5:33) Gbɔɖiamenyawo gbɔgblɔ le wo srɔ̃ŋutsuwo ŋu, woƒe vodadawo gbɔgblɔ le ame bubuwo gbɔ meɖea bubu fiana o. Lododowo 14:1 na míenya be: ‘Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsila tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.’

Migaɖe Mɔ Na Abosam O

16. Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ Efesotɔwo 4:26, 27 ŋu dɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖea me?

16 “Mibi dzi, gake migawɔ nu vɔ̃ o; miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o, eye migaɖe mɔ na Abosam hã o.” (Ef. 4:26, 27) Ne míetsɔ nya siawo de dɔwɔwɔ me la, woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ srɔ̃ɖeɖea me masɔmasɔwo gbɔ alo aƒo asa na wo. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Nyemeɖo ŋkui be masɔmasɔ aɖe ɖo mía kple srɔ̃nye dome kpɔ si gbɔ míekpɔ o, nenye be abia be míazã gaƒoƒo geɖe atsɔ anɔ anyi ɖe nyaa ŋu hã.” Le woƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe gɔmedzedze me la, woa kple srɔ̃a woɖoe be yewomagblẽ kuxi aɖeke ɖi egbɔ makpɔmakpɔ ŋu nake ɖe edzi o. Egblɔ be: “Míeɖoe be, eɖanye aleke kee kuxia le o, ele be míatsɔe ake ahaŋlɔe be, eye míadze ŋkeke ɖe sia ɖe gɔme yeyee.” To esia wɔwɔ me la, ‘womeɖea mɔ na Abosam o.’

17. Ne edze abe srɔ̃tɔwo mesɔ na wo nɔewo o ene hã la, nu kae akpe ɖe wo ŋu?

17 Gake ne èsena le ɖokuiwò me be ye kple ye srɔ̃ yewomesɔ na yewo nɔewo o ya ɖe? Ðewohĩ esia awɔe be lɔlɔ̃ manɔ wò srɔ̃ɖeɖea me fifia abe ale si wòle le ame bubuwo tɔ me ene o. Ne ele alea hã la, ŋkuɖoɖo Wɔlaa ƒe nukpɔsusu ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi akpe ɖe ŋuwò. Paulo ɖo aɖaŋu sia si tso gbɔgbɔ me na Kristotɔwo be: “Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o, elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu agbe gbegblẽ nɔlawo kple ahasiwɔlawo.” (Heb. 13:4) Eye mele be míaŋlɔe be o be: “Ka ŋukplaba etɔ̃ mate ŋu alã bɔbɔe o.” (Nyagb. 4:12) Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a siaa tsia dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu vevie la, wo dome nɔna kplikplikpli wu, eye woa kple Mawu dome hã nɔna kplikplikpli. Ele be woadze agbagba ana be woƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze, esi wonyae be esia ade bubu Yehowa, ame si nye srɔ̃ɖeɖea Gɔmeɖoanyila la, ŋu ta.—1 Pet. 3:11.

18. Nu ka dzie nàte ŋu aka ɖo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?

18 Kakaɖedzitɔe la, Kristotɔ ate ŋu akpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖe me. Esia wɔwɔ bia agbagbadzedze kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo, siwo dometɔ ɖekae nye nugɔmesese, ɖeɖe fia. Egbea le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexea me godoo la, atsu kple asi geɖewo li siwo ɖee fia be esia anya awɔ.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka tae dzidzɔkpɔkpɔ le srɔ̃ɖeɖea me nye nu si anya awɔ?

• Nu kae ate ŋu ana be srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze?

• Nɔnɔme nyui kawoe wòle be srɔ̃tɔwo natu ɖo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Nunyatɔe la, hafi atsu kple asi nalɔ̃ ɖe amekpekpe aɖe dzi alo aɖo game na ame aɖe la, woɖoa dze tso eŋu gbã

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Midze agbagba miakpɔ masɔmasɔwo gbɔ gbe ma gbe ke, be ‘miagaɖe mɔ na Abosam o’