Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èbua Amewo Abe Ale Si Yehowa Bua Woe Enea?

Èbua Amewo Abe Ale Si Yehowa Bua Woe Enea?

Èbua Amewo Abe Ale Si Yehowa Bua Woe Enea?

“Mama aɖeke naganɔ ŋutilã la me o, . . . Eŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe.”—1 KOR. 12:25.

1. Aleke nèse le ɖokuiwò me esime nège ɖe gbɔgbɔmeparadisoa me le gɔmedzedzea me?

ESI míedo tso xexe vɔ̃ɖi sia me hete hadede kple Yehowa ƒe amewo la, anɔ eme godoo be míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme manyagblɔ si míekpɔ le Mawu ƒe amewo dome la ŋu. Aleke woƒe nɔnɔme to vovo tso amemabula, fuléla, kple dzrehela siwo le Satana ƒe kpɔkplɔ te tɔwo gbɔe nye esi! Míeva ge ɖe gbɔgbɔmeparadiso si me ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ yɔ fũu la me.—Yes. 48:17, 18; 60:18; 65:25.

2. (a) Nu kae ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua amewoe dzi? (b) Nu kae wòahiã be míawɔ?

2 Gake ɖewohĩ esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, míeva tsɔ míaƒe ŋku madeblibo siwo mekpɔa nuwo nyuie o la va le mía nɔviwo kpɔmee. Le esi eteƒe be míanɔ ŋku lém ɖe gbɔgbɔmenɔnɔme nyui siwo katã le wo si ŋu la, míaƒe blibomademade ate ŋu awɔe be míanɔ woƒe vodada suesuewo bum vodada gãwoe. Ne míagblɔe kpuie la, míeŋlɔna be be ele be míabu wo abe ale si Yehowa bua woe ene. Ne ele alea le mía gome la, ke fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míatrɔ asi le míaƒe nuŋububu ŋu, eye míana wòawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe nukpɔsusu si me kɔ ƒãa la.—2 Mose 33:13.

Ale Si Yehowa Bua Mía Nɔviwoe

3. Nu kae Biblia tsɔ Kristo hamea sɔ kple?

3 Abe ale si apostolo Paulo ŋlɔe ɖe 1 Korintotɔwo 12:2-26 ene la, etsɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea sɔ kple ŋutilã si ŋu “ŋutinu geɖewo le.” Abe ale si ŋutilã ƒe ŋutinuwo to vovo tso wo nɔewo gbɔe ene la, nenema kee hamea me tɔwo ƒe amenyenyewo kple ŋutetewo to vovo kurae. Ke hã, Yehowa ya kpɔa ŋudzedze ɖe wo katã ŋu. Elɔ̃a hamea me tɔ ɖe sia ɖe, eye wòdea asixɔxɔ eŋu. Eya ta Paulo ɖo aɖaŋu sia kpee na mí be, ele be hamea me tɔwo “nalé be na wo nɔewo sɔsɔe.” Esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ ŋutɔ, elabena amewo ƒe amenyenye ate ŋu ato vovo tso mía tɔ gbɔ.

4. Nu ka tae wòate ŋu ahiã be míawɔ asitɔtrɔ le ale si míebua mía nɔviwoe ŋu?

4 Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be míaƒe susu katã nanɔ mía nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Ne míele esia wɔm la, ke le nyateƒe me la, ɖeko wòle abe míele fotoɖemɔ sue aɖe si kpɔa teƒe sue aɖe ko la zãm ene. Gake le Yehowa gome la, ale si wòkpɔa mía nɔviwo le ko abe fotoɖemɔ gã aɖe, si tea ŋu kpɔa nu si wole fotoa ɖemee kple teƒe siwo katã ƒo xlãe siaa la ene. Ate ŋu adzɔ be míeléa ŋku ɖe mía nɔviwo ƒe nɔnɔme siwo medzɔa dzi na mí o la ŋu tsitotsito, evɔ Yehowa ya léa ŋku ɖe ame bliboa, si ƒe akpa aɖee nye eƒe nɔnɔme nyuiwo katã la, ŋu. Zi ale si míedzea agbagba be míaɖi Yehowa geɖe wui la, zi nenemae míetea ŋu kpea asi ɖe eŋu be lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ nɔa hamea me.—Ef. 4:1-3; 5:1, 2.

5. Nu ka tae mesɔ be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m mía nɔviwo o?

5 Yesu nyae nyuie be amegbetɔ madeblibowo lɔ̃a ʋɔnudɔdrɔ̃ wo nɔviwo zi geɖe. Eɖo aɖaŋu be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.” (Mat. 7:1) De dzesii be Yesu megblɔ be: “Migadrɔ̃ ʋɔnu o,” ke boŋ egblɔ be: “Midzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃.” Enyae be fɔbubu amewo nye numame na yeƒe nyaselawo xoxo. Ðe wòate ŋu anye be nɔnɔme ma le mía sia? Ne nɔnɔme ma le mía si la, ele be míadze agbagba vevie bene míatrɔ, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ fɔbuʋɔnu mí. Ame ka koŋ ye míawo ya míenye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe si zãm Yehowa le heɖoe agbanɔamedzinɔƒe le hamea me, alo agblɔ be medze be wòanɔ hamea me o? Gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo anya nɔ nɔvi aɖe ŋu, gake ne Yehowa kpɔtɔ le ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu la, ɖe wòasɔ be míagblɔ be míedi be míakpɔe kple ŋku oa? (Yoh. 6:44) Ðe míeka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Yehowae le eƒe habɔbɔa kplɔm, eye ne asitɔtrɔ aɖewo hiã la, aɖe afɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzia?—Xlẽ Romatɔwo 14:1-4.

6. Aleke Yehowa bua esubɔlawoe?

6 Nane si wɔ nuku le Yehowa ŋue nye be, ate ŋu akpɔ ame si tɔgbi Kristotɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ava zu ne eva de blibo le xexe yeyea me adze sii. Enya gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siwo wowɔ xoxo hã. Eya ta susu aɖeke meli si tae wòanɔ ŋku lém ɖe vodada ɖe sia ɖe ŋu tsitotsito o. Míexlẽ le Psalmo 103:12 be: ‘Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenema wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.’ Ðe esia medoa dzidzɔ na mí ŋutɔ oa?—Ps. 130:3.

7. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa bu David me?

7 Ŋɔŋlɔawo ɖee fia mí be ŋutete ɖedzesi le Yehowa si be wòalé ŋku ɖe amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Mawu gblɔ le esubɔla David ŋu be, enye ‘ame si lé yeƒe seawo me ɖe asi, eye wòdze ye yome kple eƒe dzi blibo hewɔ nu si ɖeɖe ko nyo le ye ŋkume.’ (1 Fia. 14:8) Míenyae be David wɔ nu manyomanyo aɖewo. Gake Yehowa tiae be yeatsɔ yeƒe susu aɖo nyui siwo David wɔ ŋu, elabena enyae be David ƒe dzi me kɔ.—1 Kron. 29:17.

Bu Nɔviwòwo Abe Ale Si Yehowa Bua Woe Ene

8, 9. (a) Mɔ ka nue míate ŋu anɔ abe Yehowa ene le? (b) Aleke míate ŋu awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?

8 Yehowa ate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me, gake míawo ya míate ŋui o. Esia ŋutɔ ɖeɖe dzaa nye susu aɖe si ta mele be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m mía nɔviwo o ɖo. Míenya nu siwo katã ʋãa ame bubuwo hafi wowɔa nanewo o. Ele be míadze agbagba asrɔ̃ Yehowa to asaƒoƒo na ŋkuléle ɖe mía nɔviwo ƒe vodada—siwo nu ava yi mlɔeba la—ŋu. Ðe manyo ŋutɔ be míaɖoe be míanɔ abe Mawu ene le go sia me oa? Ne míewɔnɛ alea la, ana be ŋutifafa nanɔ mía kple mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dome.—Ef. 4:23, 24.

9 Míawɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be aƒe aɖe dome gblẽ—tsitrɔnu si woɖo ɖe zingliawo to tsɔ trɔa dzitsi la kaka, fesreawo gbã, eye xɔdzisasrãwo fo. Ne ame akpa gãtɔ kpɔ aƒe sia la, ɖeko woaƒo nya ta be, etɔ ŋku, ele be woamui aƒu anyi. Gake ame bubu aɖe hã ate ŋu abui bubui kura. Ate ŋu akpɔ nu ayi ŋgɔ wu nu siwo gblẽ le aƒea ŋu ko ahakpɔe be gliawo kple gɔmeɖoanyia gakpɔtɔ sesẽ, eye be woate ŋu aɖɔ aƒea ɖo. Nenye be eƒle aƒea, dzra nu siwo gblẽ le eŋu la ɖo heɖo atsyɔ̃ nɛ la, ame siwo tso eme va yina la agblɔ be, aƒe nyui kae nye esi! Ðe míate ŋu anɔ abe ame sia si wɔ dɔ le aƒea ŋu heɖɔe ɖo la enea? Ðe míate ŋu akpɔ mía nɔviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo kple gbɔgbɔmeŋgɔyiyi siwo woagate ŋu ava wɔ la adze si, tsɔ wu be míanɔ ŋku lém ɖe woƒe gbagbãƒewo ŋua? Ne míewɔnɛ alea la, míava lɔ̃ mía nɔviwo abe ale si Yehowa lɔ̃ woe ene le gbɔgbɔmenɔnɔme nyui siwo le wo si la ta.—Xlẽ Hebritɔwo 6:10.

10. Aleke aɖaŋuɖoɖo si dze le Filipitɔwo 2:3, 4 akpe ɖe mía ŋui?

10 Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ƒomedodo si le mía kple hamea me tɔwo katã dome la tutuɖo me. Exlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “[Migawɔ] naneke le dzrehehe ta alo le ɖokuiŋububu akpa ta o, ke boŋ miatsɔ ɖokuibɔbɔ abu ame bubuwo be wonye gã wu mi, eye miaƒe ŋku naganɔ mia ŋutɔwo ƒe nuwo ƒe nyonyo ɖeɖe ko ŋu o, ke nenɔ ame bubuwo tɔ hã ƒe nyonyo ŋu.” (Fp. 2:3, 4) Ðokuibɔbɔ akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si ku ɖe ame bubuwo ŋu. Ðetsɔtsɔ le amewo ƒe nyonyo me kple ŋkuléle ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ wo bum abe ale si Yehowa bua woe ene.

11. Tɔtrɔ kawoe na be nuwo va trɔ le hameawo me?

11 Le míaƒe ŋkeke siawo me la, xexea me ƒe nudzɔdzɔwo wɔe be ame geɖe va le ʋuʋum tso wo de le du bubuwo me yim. Dugã aɖewo me va yɔ fũu kple ame siwo tso dukɔ vovovowo me. Ame siwo ʋu va míaƒe nutoawo me nyitsɔ laa dometɔ aɖewo va le ɖe tsɔm le Biblia me nyateƒea me, eye wova le ɖeka wɔm kpli mí le Yehowa subɔsubɔ me. Ame siawo “tso dukɔwo kple towo kple ame ƒomeviwo kpakple gbegbɔgblɔwo katã me.” (Nyaɖ. 7:9) Esia wɔe be le mɔ aɖe nu la, míaƒe hameawo dometɔ geɖe va zu dukɔ vovovo me tɔwo ƒe hamewo.

12. Nukpɔsusu kae wòhiã be wòayi edzi anɔ mía si ku ɖe mía nɔewo ŋu, eye nu ka tae esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ?

12 Ehiã be míadze agbagba geɖe wu be nukpɔsusu si sɔ nanɔ mía si ku ɖe mía nɔewo ŋu le míaƒe hamea me. Esia bia be míana apostolo Petro ƒe aɖaŋu si wòɖo be míaɖe “nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o” afia, eye ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie tso dzi me’ nanɔ susu me na mí. (1 Pet. 1:22) Lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme vavã tutuɖo le hame si me dukɔ vovovo me tɔwo le ate ŋu asesẽ. Mía hatitadeagulawo ƒe dekɔnuwo, agbalẽnyanya, ganyawo ƒe nɔnɔme, kple woƒe gbegbɔgblɔwo ate ŋu ato vovo kura tso mía tɔwo gbɔ. Ðe wo dometɔ aɖewo ƒe nuŋububu kple ale si wowɔa nui gɔme sese sesẽna na wòa? Ðewohĩ nenemae wòle le woawo hã gome ku ɖe wò hã ŋuwò. Ke hã, woxlɔ̃ nu mí katã be: “Milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.”—1 Pet. 2:17.

13. Asitɔtrɔ kae wòate ŋu ahiã be míawɔ le míaƒe nuŋububu ŋu?

13 Ate ŋu ahiã be míawɔ asitɔtrɔ aɖewo le míaƒe nuŋububu ŋu ale be míate ŋu akeke mía ɖokui le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia mía nɔviwo katã me. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:12, 13.) Ðe míede dzesii be míegblɔ kpɔ be, “Menye nazã bum mele o, gake . . . ” eye míeyi edzi gblɔ nɔnɔme manyomanyo aɖewo siwo míebuna be wobɔ le gbegbɔgblɔ aɖe dolawo domea? Nya sia tɔgbi gbɔgblɔ ana míakpɔe be ahiã be míaɖe nazãbubu si gakpɔtɔ be ɖe míaƒe dzi ƒe gogloƒe la ɖa. Míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe medzea agbagba edzidzi be madze si ame siwo ƒe dekɔnu to vovo na tɔnyea?’ Ame ɖokui me dzodzro alea akpe ɖe mía ŋu be míalɔ̃ xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ahakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu geɖe wu.

14, 15. (a) Gblɔ ame siwo wɔ asitɔtrɔ le ale si wobua amewoe ŋu la ƒe kpɔɖeŋuwo. (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ woe?

14 Biblia ƒo nu tso ame siwo wɔ asitɔtrɔ le woƒe nuŋububu ŋu ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ŋu; wo dometɔ ɖekae nye apostolo Petro. Esi Petro nye Yudatɔ ta la, malɔ̃ be yeage ɖe Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aɖeke ƒe aƒe me o. Wò ya bu ale si wòse le eɖokui me esime wobia tso esi be wòayi Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔ Kornelio ƒe aƒe me ŋu kpɔ! Petro wɔ asitɔtrɔ le eƒe nuŋububu ŋu esi wòkpɔe be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be dukɔwo katã me tɔwo nava zu Kristo hamea me tɔwo ta. (Dɔw. 10:9-35) Enɔ na Saul si wova yɔ emegbe be apostolo Paulo hã be wòawɔ asitɔtrɔwo ahadzudzɔ nazãbubu. Elɔ̃ ɖe edzi be yelé fu Kristotɔwo ale gbegbe be, ‘yenɔ Mawu ƒe hame la yome tim wògbɔ eme, henɔ edome gblẽm.’ Ke hã, esi Aƒetɔ Yesu ɖɔ Paulo ɖo la, ewɔ tɔtrɔ gãwo eye wòte mɔfiame xɔxɔ tso ame siwo yome wòtina tsã la gbɔ gɔ̃ hã.—Gal. 1:13-20.

15 Ðikeke mele eme o be Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe mía ŋu be míate ŋu awɔ asitɔtrɔ le ale si míewɔa nui me. Ne míede dzesii be nazãbubu vi aɖe be ɖe míaƒe dzi me la, mina míadze agbagba vevie aɖee aƒu gbe, eye ‘míawɔ ɖeka le gbɔgbɔ la me le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’ (Ef. 4:3-6) Biblia de dzi ƒo na mí be “[míado] lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”—Kol. 3:14.

Yehowa Sɔsrɔ̃ Le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Me

16. Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo ku ɖe amewo ŋu?

16 Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke mele Mawu gbɔ o.” (Rom. 2:11) Enye Yehowa ƒe tameɖoɖo be dukɔwo katã me tɔwo nava de ta agu na ye. (Xlẽ 1 Timoteo 2:3, 4.) Be esia nava eme la, ewɔ ɖoɖo be woagblɔ “nya nyui mavɔ” la na “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi.” (Nyaɖ. 14:6) Yesu gblɔ be: “Agble lae nye xexea.” (Mat. 13:38) Aleke esia ka mia kple wò ƒometɔ kplikplikpliwoe?

17. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame ɖe sia ɖe ƒomevi ŋui?

17 Menye ame sia ame ŋue ŋutete le be wòatsɔ Fiaɖuƒe nya nyuia ayi na amewo le xexea ƒe mlɔenuwo o. Ke hã, míate ŋu agblɔ gbedeasi sia na ame siwo tso anyigba ƒe akpa sia akpa siwo va le míaƒe anyigbamama me. Ðe míenɔa ŋudzɔ be míawɔ mɔnukpɔkpɔ siwo aʋu ɖi na mí ŋu dɔ atsɔ aɖi ɖase na ame ɖe sia ɖe ƒomevi, ke menye be míanɔ ɖase ɖim na ame siwo míeɖea gbeƒã na ƒe geɖe nye esia ɖeɖe ko oa? Ðe manyo be nàɖoe kplikpaa be yeaɖe gbeƒã na ame siwo womeɖi ɖase na tsitotsito kpɔ o la oa?—Rom. 15:20, 21.

18. Ðetsɔleme kae Yesu ɖe fia amewo?

18 Yesu se le eɖokui me be ehiã be yeakpe ɖe amewo katã ŋu. Eya ta menye nuto ɖeka me koe wòɖe gbeƒã le o. Biblia me nuŋlɔɖi aɖe gblɔ na mí be: “Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me.” Eye “esi wòkpɔ amehaawo la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ,” eye wògblɔ be ehiã be woakpe ɖe wo ŋu.—Mat. 9:35-37.

19, 20. Mɔ siwo dzi míato aɖe ɖetsɔleme si Yehowa kple Yesu ɖe fia amewo afia dometɔ aɖewo ɖe?

19 Mɔ siwo dzi nàte ŋu ato aɖe nɔnɔme sia tɔgbi afia dometɔ aɖewo ɖe? Ame aɖewo dzea agbagba ɖea gbeƒã le woƒe anyigbamama ƒe akpa siwo womekpena ɖo edziedzi o la me. Teƒe siawo ate ŋu anye afi siwo asixɔ gãwo le, tsaɖibɔwo me, ʋutɔɖoƒewo, alo aƒe gãgã siwo me yiyi menɔa bɔbɔe o la ŋkume. Ame aɖewo dze agbagba srɔ̃ gbe yeyewo bene woate ŋu aɖi ɖase na gbe vovovo dola aɖewo siwo va le woƒe nutoa me alo amewo ƒe ƒuƒoƒo siwo womeɖea gbeƒã na edziedzi tsã o la le wo degbe me. Ale si wodoa gbe na ame le wo degbea me sɔsrɔ̃ ate ŋu ana woakpɔe be ètsɔa ɖe le yewoƒe nyonyo me ale gbegbe. Ne ŋutete mele mía ŋu be míasrɔ̃ gbe bubu o la, ɖe míate ŋu ade dzi ƒo na ame siwo te ŋu le esrɔ̃m la? Kakaɖedzitɔe la, míadi gbeɖe be míaɖe dzi le ame siwo le agbagba dzem be yewoaɖe gbeƒã na du bubu me tɔwo la ƒo alo ahe nya ɖe wo ŋu o. Amewo katã ƒe agbe xɔ asi le Mawu ŋkume, eye míawo hã míedi be míabu nuwo ŋu nenema ke.—Kol. 3:10, 11.

20 Be míabu amewo abe ale si Mawu bua woe ene bia hã be míaɖe gbeƒã na amewo katã eɖanye nɔnɔme ka mee wole o. Wo dometɔ aɖewo ate ŋu anye aƒemanɔsitɔwo, ame siwo meléa be na wo ɖokuiwo o, alo ame siwo nɔa agbe gbegblẽ. Ne ame aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o la, mele be esia nana be nukpɔsusu manyomanyo nanɔ mía si ku ɖe du alo gbegbɔgblɔ si me tɔ wònye la me tɔwo katã ŋu o. Ame aɖewo wɔ nu manyomanyo ɖe Paulo ŋu, gake meɖe mɔ ema na be wòdzudzɔ gbeƒãɖeɖe na ame mawo detɔwo o. (Dɔw. 14:5-7, 19-22) Eka ɖe edzi be wo dometɔ aɖewo akpɔ ŋudzedze ɖe nya nyuia ŋu.

21. Ne èbua amewo abe ale si Yehowa bua woe ene la, aleke wòakpe ɖe ŋuwòe?

21 Eme kɔ na mí ƒãa fifia be nukpɔsusu si sɔ—si nye Yehowa ƒe nukpɔsusu—ƒe amesinɔnɔ hiã le nuwɔwɔ ɖe nɔvi siwo le míaƒe nutoa me, esiwo le xexea me godoo, kple ame siwo míeɖia ɖase na, ŋu me. Zi ale si míetea ŋu ɖea Yehowa ƒe nukpɔsusu fiana geɖe wu la, zi nenemae míenaa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa anyi geɖe wui. Eye míasu te nyuie akpe ɖe amewo ŋu be woalɔ̃ Yehowa, Mawu ‘si medea ame dzi o,’ ame si ɖea ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe fiaa amewo katã, “elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔwo wonye.”—Hiob 34:19.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Nukpɔsusu kae mele be wòanɔ mía si ku ɖe mía nɔviwo ŋu o?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le ale si míebua mía nɔviwoe me?

• Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si wòle be míabu mía nɔviwo ƒe xexea me katã ƒe habɔbɔa ŋu me?

• Aleke míate ŋu asrɔ̃ ale si Yehowa bua amewoe le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Aleke nàwɔ ate ŋu anya dukɔ bubu me tɔwo nyuie?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Mɔ kawo nue míate ŋu ato aɖe gbeƒã nya nyuia na ame geɖewo wu le?