Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia Le Keke Andes Towo Dzi Ke

Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia Le Keke Andes Towo Dzi Ke

Gbeƒãɖeɖe Nya Nyuia Le Keke Andes Towo Dzi Ke

KPƆ ÐA, mí ame 18-awo míemlɔ anyi ɖe anyigba ƒoɖi la! Vuvɔ nɔ mía wɔm míenɔ ƒoƒom tititi le kuntru siwo wotɔ abe kotoku ene siwo me míemlɔ la me. Tsi gã aɖe nɔ dzadzam henɔ kɔkɔm ɖe xɔ si me míenɔ la ƒe zingliwo dzi tsoo. Ale si xɔ sue sia ƒe nɔnɔme nɔ na míebia mía ɖokuiwo nenye be míawoe nye ame gbãtɔ siwo mlɔ xɔ sia me kpɔ.

Nu ka tae mí ame 18 sɔŋ míeva nuto sia me ɖo? Ŋuɖoɖoa ku ɖe míaƒe didi be míawɔ ɖe se si Yesu de be woaɖe gbeƒã nya nyuia “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke” dzi la koŋ ŋu. (Dɔw. 1:8; Mat. 24:14) Míenɔ mɔ dzi yina gbeƒãɖeƒe le saɖeaganuto aɖe me le keke Bolivia ƒe Andes towo dzi ke.

Afi Ma Ðoɖo

Kuxi gbãtɔe nye ale si míawɔ aɖo afi ma. Míese be womeɖo ɣeyiɣi aɖeke koŋ ɖi si dzi ʋu siwo tsɔa amewo yia saɖeaganuto mawo me la vana o. Esime míaƒe bɔs la va ɖo la, míekpɔe be melolo abe ale si míekpɔ mɔ ene o, eya ta mía dometɔ aɖewo nɔ tsitrenu. Gake míeva ɖo afi si míeɖo tae la mlɔeba.

Míaƒe taɖodzinue nye be míayi aɖaɖe gbeƒã le kɔƒe siwo le Bolivia ƒe Andes toawo tame ke la me. Eya ta esi míeɖi le bɔs la me la, míaƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo, siwo fɔ woƒe nuhiahiãwo ɖe asi la, ɖo fli eye míenɔ mía nɔewo yome to todzimɔ si dzɔ ɖe toa ŋu la dzi ɖo ta dua me.

Togbɔ be edze abe kɔƒeawo melolo o ene hã la, aƒeawo didi tso wo nɔewo gbɔ, eya ta exɔa gaƒoƒo geɖe hafi míeɖoa kɔƒe bubu me. Ne míezɔ azɔli didi aɖe kura gɔ̃ hã la, míegakpɔnɛ ɣesiaɣi be aƒe bubu aɖe gale didiƒe ɖaa. Zi geɖe la, míebua mɔ le gbememɔ siwo tso wo nɔewo me heflua ame la dzi.

“Nu Ka Tae Mieva Xoxo O?”

Míaƒe mɔ didi sia zɔzɔ wɔ dɔ ɖe nyɔnu aɖe dzi ale gbegbe be wòɖe mɔ na mí míezã eƒe dzodoƒe kple nakewo tsɔ ɖa míaƒe ŋdɔnuɖuɖui. Esi ŋutsu aɖe se nu tso nu si Biblia fia ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu la, ebia mí be, “Nu ka tae mieva xoxo o?” Nya la do dzidzɔ nɛ ale gbegbe be esi míenɔ dzodzom le woƒe kɔƒea me la, ekplɔ mí ɖo henɔ nya geɖewo biam mí le mɔa dzi. Ŋutsu bubu aɖe ya mese naneke tso Yehowa Ðasefowo ŋu kpɔ o, eye wòkpɔ dzidzɔ ŋutɔ ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu. Eda akpe na mí vevie ɖe ale si míeva afi ma la ta, eye wòtsɔ eƒe xɔ aɖe ƒe safui na mí; xɔ ma mee míemlɔ zã ma me.

Le zã aɖe me la, viviti do ale gbegbe be míetu míaƒe agbadɔ ɖe afi si anyidi yibɔ gbogbo aɖewo ƒo ƒu ɖo le manyamanya me. Dzi ku wo enumake, eye wote mí tete. Ðeɖi te mía ŋu ale gbegbe be míagate ŋu aho míaƒe agbadɔa adzo o, gake eteƒe medidi o, anyidiawo megatsɔ ɖeke le eme na mí o.

Le gɔmedzedzea me la, dzime kple axadame nɔ mía vem le esi míemlɔ anyigba ta, ke hã le zã dome la, eva ka ɖe eme na mí. Le ŋufɔke la, esi míekpɔ bali dzeani la kple alilikpo siwo nɔ yiyim bɔkɔɔ to toawo ŋu kpakple to kɔkɔ siwo tame sno xa ɖo le didiƒe ɖaa la, míeŋlɔ lãmeve kple vevesese ɖe sia ɖe be. Teƒea zi ɖoɖoe toŋtoŋ negbe tɔsisi aɖe ƒe bublu kple xeviwo ƒe hadzidzi koe míenɔ sesem.

Esi míelé tsi le tɔsisia me vɔ la, míedzro Biblia me kpukpui aɖe me ɖekae, eye míeɖu ŋdinu, emegbe míegadze toa lialia blewublewu ɖo ta kɔƒedu bubu siwo le didiƒe la me. Míelia to sia dzodzro o. Míedo go nyɔnu tsitsi aɖe si wó avi esime wòse be Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le Biblia me. Ekpɔ dzidzɔ wòtso eme. Fifia la, ate ŋu ayɔ Mawu ƒe ŋkɔ ne ele gbe dom ɖa!

Ŋutsu tsitsi aɖe gblɔ be Mawu ye anya ɖo ŋku ye dzi, eye wòte ha dzidzi henɔ gbɔgblɔm le hadzidzia me be mawudɔlawoe dɔ mí ɖo ɖa. Ŋutsu aɖe hã si nɔ dɔ lém ale gbegbe be megatea ŋu dona le eƒe aƒe me o la, gblɔ na mí be, yewoƒe kɔƒea me tɔ aɖeke metee kpɔ be yeava srã ye kpɔ teti o. Ewɔ nuku nɛ be míetso keke La Paz ke va yewo srã ge kpɔ. Mese ɖe afi ma o, le ŋutsu bubu aɖe hã gome la, ale si Yehowa Ðasefowo yia amewo gbɔ le woƒe aƒewo me, evɔ sɔlemega koe subɔsubɔha bubuwo ya ƒona tsɔ kpea amewoe la, wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ.

Elektrikkaɖi menɔ aƒe aɖeke me le nutoa me o, eya ta ne xexea me nya tsyɔ ko la, amewo ɖoa xɔ, eye wofɔna ne ɣe dze. Eya ta be míate ŋu ake ɖe amewo ŋu le aƒe me la, enɔ na mí be míadze gbeƒãɖeɖe gɔme ŋdi ga ade, ne menye nenema o la, ame akpa gãtɔ adzo ayi agble. Esia megbe la, ame siwo le dɔ wɔm le agble me xoxo gɔ̃ hã lɔ̃na faa dzudzɔa dɔwɔwɔ, ɖoa to míaƒe gbedeasi si tso Mawu ƒe Nyaa me, eye ɖewohĩ be woaɖe mɔ na nyitsu si le anyigbadzobonu hem la be wòaɖi ɖe eme vie. Ame siwo míedo go le aƒewo me la dometɔ geɖe ɖoa lãgbalẽwo ɖe anyigba na mí be míanɔ anyi ɖe wo dzi, eye woyɔa ƒomea me tɔwo katã ƒoa ƒu be woaɖo to mí. Agbledela aɖewo na bli kotoku gãwo mí tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Biblia srɔ̃gbalẽ siwo míena wo la ŋu.

“Mieŋlɔm Be O”

Le nyateƒe me la, be amewo ƒe Biblia me sidzedze nadzi ɖe edzi la, menye zi ɖeka koe wòle be woava srã wo kpɔ o. Ame geɖe ɖe kuku na mí be míagava afia nu geɖe yewo. Le esia ta la, míezɔ mɔ yi Bolivia zi gbɔ zi geɖe.

Esi míetrɔ yi afi ma ɣeaɖeɣi la, nyɔnu tsitsi aɖe si kpɔ dzidzɔ be míegatrɔ va yewo gbɔ la gblɔ be, “Miele abe viwo ene nam. Mieŋlɔm be o.” Ŋutsu aɖe hã da akpe na mí ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ta, eye wòkpe mí be ne míegava ake la, míava dze yeƒe aƒe me. Ðewohĩ nu nyuitɔ si do tso míaƒe agbagbadzedzewo me ye nye be míese be nyɔnu aɖe si míeƒo nu na esime míeyi afi ma va yi la, ʋu yi ɖatsi dugã la me, eye fifia enye nya nyui gbeƒãɖela.

Le míaƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la, kerosene si míekɔna ɖe míaƒe gamlekpui (stove) me la vɔ, eye nuɖanu ʋɛ aɖewo koe susɔ ɖe mía si. Míeyi ɖafɔ nakewo tsɔ do dzoe, ɖa nu susɔe si nɔ mía si la, eye míegadze mɔ ɖo ta aƒe. Tso afi sia yi du si me míakpɔ bɔs le aɖo la didi kilometa geɖewo. Zã do hafi míeva ɖo du ma me.

Tɔtrɔ Gbɔ Va Aƒe

Kuxiwo nɔ míaƒe mɔzɔzɔ atrɔ gbɔ va aƒe la me, elabena míaƒe bɔs la va gblẽ tsi mɔ dzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, agbatsɔʋu aɖe si me amewo yɔ fũu la va kɔ mí ɖe eƒe agbatsɔƒe. Esia ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na mí be míeɖi ɖase na ʋua me nɔla bubu siwo di be yewoanya susu si ta míeyi afi ma ɖo la. Togbɔ be wonye ame siwo ŋu kpena hã la, ame akpa gãtɔ doa vivi ɖe ame ŋu hewɔa nu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe.

Esi míenɔ ʋua ƒe agbatsɔƒea gaƒoƒo asieke sɔŋ megbe la, míeva ɖo aƒe—fafa lé mí eye vuvɔ wɔ mí de keke ƒuto me ke na mí. Ke hã, mɔzɔzɔa mezu dzodzro o. Le mɔa dzi la, míete ŋu wɔ Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo kple nyɔnu aɖe si le dugã la me.

Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔ wònye na mí be míaɖe gbeƒã nya nyuia na ame siwo le saɖeaganuto siawo me. Míeɖe gbeƒã le kɔƒedu ene kple kɔƒe suesue gbogbo aɖewo me. Esia na míeɖo ŋku nya siawo dzi be: “Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbeƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbeƒã xɔname.”—Yes. 52:7; Rom. 10:15.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Míesɔ gbe hena gbaƒãɖeɖe nya nyuia