Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Medo Ŋugbe Vevi Aɖe Be Míagado Go Ake

Medo Ŋugbe Vevi Aɖe Be Míagado Go Ake

Medo Ŋugbe Vevi Aɖe Be Míagado Go Ake

MEDO ŋugbe vevi aɖe na vinye be míagado go ake. Mina magblɔ nu si na nye ame si nye, vidada si le Spain, medo ŋugbe ma la na mi.

Ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ menɔ míaƒe aƒe me o. Míaƒe ƒomea me tɔwo ƒe dzi gbã vevie esime nɔvinyeŋutsu, si xɔ ƒe ene, ku le afɔku dziŋɔ aɖe me. Gawu la, fofonye ƒe agbe baɖa nɔnɔ wɔe be danye mekpɔ dzidzɔ le srɔ̃gbenɔnɔ me kura o. Togbɔ be nɔnɔmeawo sesẽ nenema hã la, dada te ŋu ƒã agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo ɖe mía kple fonye me.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, fonye ɖe srɔ̃, eye nye hã meɖe srɔ̃. Eteƒe medidi o, wokpɔ kansadɔ le danye ŋu, si va wui mlɔeba. Gake egblẽ kesinɔnu aɖe ɖi na mí hafi ku.

Eƒe ame nyanyɛ aɖe ƒo nu tso Ŋɔŋlɔawo me tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu nɛ, eye danye lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Le eƒe agbe ƒe nuwuwu lɔƒo la, Biblia me gbedeasia si naa mɔkpɔkpɔ ame la na eƒe dzi dze eme eye wòkpɔ dzidzɔ.

Esi míekpɔ ŋusẽ nyui si Biblia me gbedeasia kpɔ ɖe edzi la, mía kple fonye míete Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃. Mexɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo ɣleti ɖeka do ŋgɔ na vinye evelia dzidzi; enye nyɔnuvi dzetugbe aɖe si míetsɔ ŋkɔ na be Lucía.

Nye nyɔnyrɔxɔgbe nye ŋkeke vevi aɖe ŋutɔ nam. Susu ɖekae nye be mezu Yehowa tɔ esi metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe nɛ be masubɔe tegbee. Susu bubue nye be mate ŋu afia nu vinyeŋutsu kple vinyenyɔnu lɔlɔ̃awo tso nye dzixɔse ŋu.

Eteƒe medidi o, nane va gblẽ susu evelia si ta mekpɔ dzidzɔ ɖo la me nam. Esime Lucía xɔ ƒe ene la, dɔmeɖui sesẽ aɖe va nɔ fu ɖem nɛ. Le dodokpɔ vovovowo wɔwɔ vɔ megbe la, ɖɔkta aɖe ƒe dodokpɔ ɖee fia be kɔ goɖoo aɖe si lolo abe aŋuti ene la mie ɖe eƒe aklã ŋuti. Ðɔkta la gblɔ be neuroblastoma, si nye kansadɔ vɔ̃ɖi aɖee nɔ fu ɖem nɛ. Aleae avu si Lucía wɔ kple kansadɔ ƒe adre sɔŋ, siwo me wònɔ kɔdzi ŋkeke geɖe le la, dze egɔmee.

Ðokuitsɔtsɔsavɔ Ƒe Gbɔgbɔ

Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, ale si Lucía kplaa asi kɔ nam hegbugbɔa nu nam la, dea dzi ƒo nam zi geɖe. Ale si wònɔ te ɖe eƒe dɔlélea nui hã wɔ dɔ ɖe kɔdzidɔwɔlawo dzi. Edoa dzidzɔ nɛ vevie be yeawɔ dɔ kple dɔnɔdzikpɔlawo, eye wòkpena ɖe wo ŋu womaa yogɔt, aha viviwo, kple nu bubuwo na ɖevi siwo woxɔ ɖe kɔdzixɔ bubuwo me. Dɔnɔdzikpɔlawo tsɔ awudziwui ɣi aɖe kple akɔtagbalẽvi aɖe gɔ̃ hã na Lucía, siwo dea dzesii be enye “dɔnɔdzikpɔlawo ƒe kpeɖeŋutɔ.”

Kɔdzidɔwɔla aɖe gblɔ be: “Lucía ƒe nuwɔna wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. . . . Enye ɖevi zazɛ aɖe, si tea ŋu toa nuwo vanɛ, eye wòlɔ̃ nutata. Eƒoa nu kple dzidzɔ eye wòtsi le susu me, vavãe, etsi le susu me.”

Mawu ƒe Nya lae na be ŋusẽ nɔ Lucía ŋu eye wòli ke sesĩe. (Heb. 4:12) Eka ɖe edzi bliboe be le xexe yeyea me la, “ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o,” abe ale si Mawu ƒe Nya la do ŋugbee ene. (Nyaɖ. 21:4) Esi wòtsɔ ɖe le eme na amewo ta la, ezã mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si ʋu ɖi nɛ la tsɔ ƒo nu tso Biblia me gbedeasia ŋu na wo. Tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ sẽŋu si nɔ Lucía si kpe ɖe eŋu be wòtea ŋu ɖua eƒe seselelãme dzi eye wòkpɔa dzidzɔ togbɔ be mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi be eƒe dɔlélea avɔ nɛ o hã. (Yes. 25:8) Nɔnɔme mawo kpɔtɔ nɔ esi va se ɖe gbe si gbe kansadɔ la ɖe eƒe agbe ɖa.

Gbe ma gbee medo ŋugbe vevi ma na vinye be míagado go ake. Lucía mete ŋu nɔ ŋku ʋum gɔ̃ hã o. Fofoa lé eƒe asi ɖeka eye nye hã melé evelia. Medo dalĩ nɛ be: “Mègatsi dzi o, nyemagblẽ wò ɖi o sea. . . . Gbɔ blewublewu ko. Ne èfɔ la, wò lãme asẽ. Màgase veve azɔ o, eye manɔ gbɔwò ɣemaɣi.”

Fifia ele be madze agbagba awɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi. Menyae be ɣeyiɣi si matsɔ alala va se ɖe ɣemaɣi manɔ bɔbɔe o. Gake menyae hã be ne meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu dzigbɔɖitɔe eye melé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ la, manɔ afi ma ne wofɔe ɖe tsitre.

Domenyinu Si Lucía Gblẽ Ði

Kpɔɖeŋu dedziƒoname si Lucía ɖo ɖi kple kpekpeɖeŋu wɔnuku si hamea na mí la, wɔ dɔ ɖe srɔ̃nye, si menye Ðasefo o, la dzi vevie. Gbe si gbe Lucía ku la, srɔ̃nye gblɔ nam be, ele be yeagbugbɔ ŋugble ade le ye ɖokui ŋu. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, ebia tso hamemetsitsi aɖe si be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. Eteƒe medidi o, srɔ̃nye te kpekpeawo katã dede. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, edzudzɔ atamanono; nu si ŋu wòdze agbagba le tsã do kpoe.

Nuxaxa si Lucía ƒe ku do nam la nu meyi keŋkeŋ o, ke hã, medaa akpe na Yehowa ɖe domenyinu si Lucía gblẽ ɖi na mí ta. Mía kple srɔ̃nyeŋutsua míetsɔa tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukua faa akɔ na mía nɔewo. Míekpɔa ɣeyiɣi si me míagakpɔ Lucía—si ƒe ŋkuwo le nogoe hedaa dzo, eye eƒe alɔgo ŋɔna ne eko nu la—ake le susu me ɖaa.

Nu wɔnublanui si dzɔ ɖe vinyea dzi la, wɔ dɔ ɖe míaƒe aƒelika aɖe koŋ dzi. Memleɖa ŋdi aɖe si tsi nɔ dzadzam la, nyɔnu aɖe si ƒe viŋutsu de suku si Lucía hã de la va míaƒe aƒe me. Dɔléle sia ke wu viaŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 11. Esi nyɔnua se nu si dzɔ ɖe Lucía dzi la, edi míaƒe aƒe me mɔ eye wòva srã mí kpɔ. Edi be yeanya ale si menɔ te nɔm ɖe Lucía ƒe kua nui, eye wòdo susu ɖa be míaɖo ame nɔewo ƒe kpekpeɖeŋuhabɔbɔ aɖe atsɔ anɔ akɔ fam na vidada siwo dzi nu sia tɔgbi dzɔ ɖo.

Meɖe nu me nɛ be Biblia me ŋugbedodo aɖe si ƒo ŋugbe ɖe sia ɖe si amegbetɔ ate ŋu ado ta la mee mekpɔ akɔfafa vavãtɔ tsoe. Esime mexlẽ nya siwo Yesu gblɔ siwo dze le Yohanes 5:28, 29 nɛ la, dzi dzɔe ŋutɔ. Elɔ̃ be masrɔ̃ Biblia kpli ye, eye eteƒe medidi o, “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta” va te esi susu. (Fp. 4:7) Zi geɖe la, ne míele Biblia srɔ̃m ɖekae la, míetɔna sẽe hekpɔa mía ɖokuiwo le nuɖoanyi yeyea me le susu me ɖaa be míele dzaa dom na míaƒe ame vevi siwo wofɔ ɖe tsitre la.

Ɛ̃, Lucía gblẽ domenyinu si anɔ anyi ɖaa ɖi na mí le ƒe ʋɛ siwo wòtsɔ nɔ agbee me. Eƒe xɔse kpe ɖe míaƒe ƒomea ŋu be míewɔ ɖeka le Mawu subɔsubɔ me, eye wòna be ale si meɖoe kplikpaa be manɔ tsitre sesĩe le xɔsea me la me gasẽ ɖe edzi. Ðikeke mele eme o be, le mí ame siwo katã ƒe ame veviwo ku eye woate ŋu ava fɔ wo ɖe tsitre gome la, gododo vevi aɖe le mía lalam.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Paradiso ƒe nɔnɔme si Lucía ta