Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Sea Míaƒe Ɣlidodowo

Yehowa Sea Míaƒe Ɣlidodowo

Yehowa Sea Míaƒe Ɣlidodowo

“Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.”—PS. 34:16.

1, 2. (a) Aleke ame geɖe sena le wo ɖokui me egbea? (b) Nu ka tae esia mewɔa nuku na mí o?

ÐE NÈLE xaxawo me tom fifia? Ne nenemae la, ke menye wò ɖeka koe o. Ame miliɔn geɖe le agbagba dzem be yewoanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siwo wodoa goe gbe sia gbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me la nu. Le ame aɖewo gome la, ewɔ abe nu glo wo ene. Wosena le wo ɖokuiwo me abe ale si hakpala David se le eɖokui me ene be: ‘Megbɔdzɔ, eye nye lãme gbã gudugudu, mele ɣli dom wu ale si dzata ɖea gbee. Nye dzi le totrom, nye ŋusẽ gblẽm ɖi, eye nye ŋkuwo ƒe kekeli hã megale gbɔnye o.’—Ps. 38:9, 11.

2 Agbemexaxawo mewɔa nuku na mí Kristotɔwo o. Míese egɔme be xaxa siawo siwo le abe “fuɖuame” ene la, nye Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi si wògblɔ ɖi la ƒe akpa aɖe. (Mar. 13:8; Mat. 24:3) Helagbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be “fuɖuame” tea ŋu fiaa dzɔgbevɔ̃e alo xaxa zi geɖe. Aleke esia ɖɔ ale si gbegbe amegbetɔwo ƒe fukpekpe nu sẽe le “ɣeyiɣi sesẽ [siawo] siwo me nɔnɔ sesẽ” me pɛpɛpɛ ye nye esi!—2 Tim. 3:1.

Yehowa Sea Míaƒe Xaxawo Gɔme

3. Nu kae le nyanya me na Mawu ƒe amewo nyuie?

3 Yehowa ƒe amewo nyae nyuie be yewomevo tso xaxa siawo ƒe fuɖename si me o, eye ɖikeke mele eme o be nɔnɔme madeamedziwo ado gã ɖe edzi. Tsɔ kpe ɖe fu siwo kpem ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ le ŋu la, mí Mawu subɔlawo míegakpea akɔ kple “adikãtɔ, Abosam,” ame si ɖoe kplikpaa be yeagblẽ míaƒe xɔse dome. (1 Pet. 5:8) Kpɔ ale si wòanɔ bɔbɔe be míase le mía ɖokuiwo me abe David ene la ɖa, esi wògblɔ be: “Vlododo gba nye dzi, eye wòde dɔ lã me nam; mekpɔ mɔ na babadoname, ke dzodzroe, eye na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.”—Ps. 69:21.

4. Nu kae faa akɔ na mí ne míele xaxawo me tom?

4 Ðe David nɔ gbɔgblɔm be mɔkpɔkpɔ aɖeke kura menɔ ye si oa? Ao. De dzesi nya bubu si wògagblɔ le psalmo ma me: “Yehowa ɖoa to ame dahewo, eye medoa vlo eƒe [ame siwo nye] gatɔwo o.” (Ps. 69:34) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, míate ŋu ase le mía ɖokuiwo me ɣeaɖewoɣi be nuteɖeamedzi kple fukpekpe lé mí de ga. Ate ŋu adze abe ame bubuwo mesea míaƒe nɔnɔmea gɔme o ene—eye ɖewohĩ womesea egɔme o vavã. Gake abe David ene la, enyanya be Yehowa sea míaƒe xaxawo gɔme ate ŋu afa akɔ na mí.—Ps. 34:16.

5. Nu ka dzie Fia Salomo ka ɖo?

5 David vi Salomo te gbe ɖe nyateƒenya sia dzi le gbedoxɔ si wotu le Yerusalem la ŋu kɔɣi. (Xlẽ 2 Kronika 6:29-31.) Eƒo koko na Yehowa be wòase gbe si dzi anukwaretɔ ɖe sia ɖe ado ɖa nɛ ku ɖe eƒe “fuɖename kple veve” ŋu la. Aleke Mawu awɔ nu ɖe ame siawo siwo le nu xam la ƒe gbedodoɖawo ŋui? Salomo gblɔ kple kakaɖedzi be, Mawu ase woƒe gbedodoɖawo, eye wòakpe ɖe wo ŋu. Nu ka tae? Elabena enya nu si ŋutɔŋutɔ le “amegbetɔviwo ƒe dzi” me.

6. Aleke míate ŋu anɔ te ɖe dzimaɖitsitsi nu, eye nu ka tae?

6 Míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa tso mía ŋutɔwo ƒe “fuɖename kple veve,” alo mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe xaxawo ŋu. Ele be míaƒe dzi nadze eme esi míenyae be esea míaƒe xaxawo gɔme na mí eye wòléa be na mí ta. Apostolo Petro ɖo kpe esia dzi, esi wògblɔ be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.’ (1 Pet. 5:7) Yehowa tsɔa ɖe le nu siwo dzɔna ɖe mía dzi la me. Yesu te gbe ɖe Yehowa ƒe beléname si me lɔlɔ̃ le dzi esime wògblɔ be: “Ðe womedzraa atsutsrɔe eve xɔa gaku ɖeka, si ƒe home le sue oa? Ke hã, wo dometɔ ɖeka pɛ hã mage adze anyigba le mia Fofo ƒe manyamanya me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã kura gɔ̃ hã. Eya ta migavɔ̃ o: Miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.”—Mat. 10:29-31.

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

7. Kpekpeɖeŋu kae woka ɖe edzi na mí be míaxɔ?

7 Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa dina vevie be yeakpe ɖe mía ŋu ne nɔnɔme sesẽwo na nu te ɖe mía dzi, eye ŋusẽ le esi be wòawɔe hã. “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.” (Ps. 34:16-19; 46:2) Aleke Mawu naa kpekpeɖeŋu ma míi? Bu 1 Korintotɔwo 10:13 me nyawo ŋu kpɔ, egblɔ be: “Nyateƒetɔe Mawu nye, eye maɖe mɔ be woate mi kpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, ke hã, ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la mi, bene miate ŋu ado dzi atsɔe.” Yehowa ate ŋu atrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu atsɔ aɖe míaƒe kuxiawo ɖa, alo ate ŋu ana ŋusẽ si míehiã la mí be míado dzi atsɔe. Aleke kee wòɖale o, akpe ɖe mía ŋu.

8. Aleke míate ŋu ana be Mawu ƒe kpekpeɖeŋu naɖe vi na mí?

8 Aleke míate ŋu ana be kpekpeɖeŋu ma naɖe vi na mí? De dzesi nu si woɖo aɖaŋu na mí be míawɔ: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi.’ Esia fia le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be míetsɔa míaƒe fuɖenamewo kple dzimaɖeɖiwo katã gbɔ kpɔkpɔ ƒe agba la dea Yehowa si. Míedzea agbagba be míadzudzɔ dzimaɖitsitsi, eye míeɖoa ŋu ɖe eŋu dzigbɔɖitɔe be wòakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí. (Mat. 6:25-32) Ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu alea bia be míabɔbɔ mía ɖokui eye míaganɔ ŋu ɖom ɖe mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ alo nunya ŋu o. Ne míebɔbɔa mía ɖokuiwo ɖe “Mawu ƒe asi sesẽ la te” la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ boo mele mía ŋu o. (Xlẽ 1 Petro 5:6.) Eye esia kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe nu sia nu si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo la nu. Míate ŋu adi vevie be míakpɔ gbɔdzɔe enumake, gake míeka ɖe edzi be Yehowa nya ɣeyiɣi si tututu dzi wòakpɔ míaƒe nyawo gbɔ kple ale si tututu wòawɔe.—Ps. 54:9; Yes. 41:10.

9. Agba ka ƒomeviwoe wònɔ na David be wòadro ɖe Yehowa dzi?

9 Ðo ŋku David ƒe nya siwo dze le Psalmo 55:23 la dzi, egblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” Esime David ŋlɔ nya siawo la, enɔ xaxa sesẽ aɖe me tom. (Ps. 55: 5) Wogblɔ be eŋlɔ psalmo sia esime via Absalom ɖo nugbe vɔ̃ɖi aɖe ɖe eŋu be yeaxɔ fiaɖuƒea le esi sesẽe. David ƒe aɖaŋuɖola Axitofel, si dzi wòka ɖo wu la, hã kpe ɖe nugbeɖolawo ŋu. Enɔ na David be wòasi dzo le Yerusalem be woagawui o. (2 Sam. 15:12-14) Le xaxa siawo me gɔ̃ hã la, David yi edzi ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, eye Mawu mena ŋu kpee o.

10. Nu kae wòle be míawɔ ne míele xaxawo me tom?

10 Ele vevie be míado gbe ɖa na Yehowa tso xaxa ɖe sia ɖe si me tom míanya nɔ la ŋu abe ale si David wɔe ene. Mina míakpɔ nu si apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be míawɔ le go sia me la ɖa. (Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.) Nu kae ate ŋu ado tso gbedodoɖa vevie alea me? “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ [míaƒe] dziwo kple [míaƒe] tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.”

11. Aleke “Mawu ƒe ŋutifafa” dzɔa míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋui?

11 Ðe gbedodoɖa ate ŋu ana wò nɔnɔmea natrɔa? Ate ŋui. Gake ele be míanyae be menye ɣesiaɣie Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu abe ale si míedii ene o. Ke hã, gbedodoɖa naa míaƒe nuŋububu dana sɔna, ale be míaƒe xaxawo nagate mí ɖe to o. “Mawu ƒe ŋutifafa” ate ŋu alé mí ɖe te ne nuxaxa le dzi me na be nu te ɖe mía dzi. Abe asrafowo ƒe ha aɖe si wode dɔ asi na be woadzɔ du aɖe ŋu ahakpɔ eta tso futɔwo ƒe amedzidzedze si me ene la, “Mawu ƒe ŋutifafa” adzɔ míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu. Ana míaɖu míaƒe ɖikekewo, vɔvɔ̃wo, kple nuŋububu ɖedzileameƒowo dzi, eye wòana míaƒo asa na nuwɔwɔ dzitsitsitɔe kple nunyamanɔmetɔe.—Ps. 145:18.

12. Wɔ nu si ate ŋu ana be ame ƒe susu nadze akɔ anyi la ƒe kpɔɖeŋu.

12 Aleke míate ŋu awɔ be míaƒe susu nadze akɔ anyi togbɔ be míanɔ xaxawo me tom hã? Bu kpɔɖeŋu aɖe si sɔ kple nɔnɔme si me tom míele le mɔ aɖe nu la ŋu kpɔ. Dɔwɔla aɖe anya nɔ dɔ wɔm le dɔdzikpɔla vɔ̃ɖi aɖe te. Ke hã, mɔnukpɔkpɔ aɖe su dɔwɔlaa si be wòagblɔ eƒe dzimenya na dɔtɔ la ŋutɔ, ame si nye dɔmenyola kple nugɔmesela. Dɔtɔa ka ɖe edzi na dɔwɔlaa be yese eƒe nɔnɔmea gɔme, eye wògblɔ nɛ be eteƒe madidi o yeaxɔ dɔ le dɔdzikpɔla ma si. Aleke esia ana dɔwɔla la nase le eɖokui me? Esi wòxɔ nya mawo dzi se eye wònya nu siwo adzɔ ta la, esia ado ŋusẽ ale si wòɖoe kplikpaa be yeado dzi anɔ dɔa me la, nenye be anɔ nɛ be wòakpe fu vi aɖe hafi ɣemaɣi naɖo hã. Nenema kee míenya be Yehowa sea míaƒe nɔnɔmea gɔme, eye eka ɖe edzi na mí be eteƒe madidi o, “woanya xexe sia dzi ɖula la ɖa.” (Yoh. 12:31) Aleke gbegbe esia faa akɔ na míi nye esi!

13. Ne míedo gbe ɖa vɔ la, nu bubu kae míate ŋu awɔ?

13 Ekema ɖe gbedodoɖa na Yehowa tso míaƒe kuxiwo ŋu ɖeɖe sɔ gbɔa? Ao. Nu bubu aɖe wɔwɔ gahiã. Ele be míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple míaƒe gbedodoɖawo. Esime Fia Saul dɔ amewo be woayi aɖawu David le eƒe aƒe me la, David do gbe ɖa be: ‘Nye Mawu, ɖem tso nye futɔwo nu, eye nàkpɔ tanye tso ame siwo tso ɖe ŋunye la si me! Ðem tso nu vlo wɔlawo si me, eye nàxɔm tso hlɔ̃mewo si me!’ (Ps. 59:2, 3) Esi David do gbe ɖa tso nɔnɔmeawo ŋu vɔ la, eɖo to srɔ̃a, eye wòɖe afɔ siwo hiã hesi. (1 Sam. 19:11, 12) Nenema kee míate ŋu ado gbe ɖa abia nunya si akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme donuxaxanamewo nu eye ɖewohĩ míana nɔnɔmeawo naka ɖe eme.—Yak. 1:5.

Nu Siwo Ana Ŋusẽ Nanɔ Mía Ŋu Míado Dzi

14. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le xaxaɣiwo?

14 Ðewohĩ womaɖe míaƒe xaxawo ɖa enumake o. Woate ŋu akpɔtɔ anɔ anyi hena ɣeyiɣi aɖe gɔ̃ hã. Ne ele alea la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míado dzi? Gbã la, ɖo ŋku edzi be ne míeyi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme sesẽwo me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃e. (Dɔw. 14:22) Ale si Satana tso Hiob nu la nenɔ susu me na wò. Etso enu be: ‘Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua? Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Èyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi. Ke do asi ɖa, ne nàde asi nu siwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwò me keŋ oa?’ (Hiob 1:9-11) Hiob to eƒe nuteƒewɔwɔ dzi ɖee fia be aʋatso vɔ̃ɖie nutsotso ma nye. Ne míedoa dzi le nɔnɔme donuxaxanamewo me la, mɔnukpɔkpɔ asu míawo hã si be míaɖee afia be aʋatsokalae Satana nye. Gakpe ɖe eŋu la, dzidodo naa míaƒe mɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi me gasẽna ɖe edzi.—Yak. 1:4.

15. Kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu ado ŋusẽ mí?

15 Evelia, na wòanɔ susu me na wò be “[fukpekpe siawo] ke hemee wole le nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la dzi vam.” (1 Pet. 5:9) Ɛ̃, “tetekpɔ aɖeke mevaa mia dzi o, negbe esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi la ko.” (1 Kor. 10:13) Eya ta ŋusẽ kple dzideƒo ate ŋu asu asiwò to ŋugbledede tso ame bubuwo ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu me tsɔ wu be nànɔ wò ŋutɔ wò kuxiwo ko ŋu bum. (1 Tes. 1:5-7; Heb. 12:1) Di ɣeyiɣi nàde ŋugble tso ame siwo nènya be wodo dzi nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be woto xaxa sesẽwo me hã ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu. Ðe nèwɔa numekuku ku ɖe agbemeŋutinya siwo dzena le míaƒe agbalẽwo me ŋu be nàke ɖe ame siwo to nɔnɔme si me tom nèle la tɔgbi me ƒe ŋutinyawo ŋua? Àkpɔe be esia wɔwɔ ade dzi ƒo na wò geɖe ŋutɔ.

16. Aleke Mawu doa ŋusẽ mí ne míedo go dodokpɔ vovovowo?

16 Etɔ̃lia, ɖo ŋku edzi be Yehowa nye “dɔmetɔtrɔwo ƒe Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu, ame si faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míato akɔfafa si Mawu tsɔ le akɔ fam na mía ŋutɔwoe la dzi afa akɔ na ame siwo le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me tom la.” (2 Kor. 1:3, 4) Ðeko wòle abe ɖe Mawu le mía xa be yeade dzi ƒo na mí ahado ŋusẽ mí ene, menye le xaxa si me míele fifi laa ɖeɖe ko me o, ke boŋ le míaƒe “xaxa blibo la katã me.” Esia naa míawo hã míetea ŋu faa akɔ na amewo le “xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me.” Paulo ŋutɔ kpɔ nya siawo ƒe nyateƒenyenye teƒe.—2 Kor. 4:8, 9; 11:23-27.

17. Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe agbemexaxawo nui?

17 Enelia, Mawu ƒe Nya, Biblia, si “[nyo] na nufiafia, na nyagbename, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nadze bliboe, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ” la le mía si. (2 Tim. 3:16, 17) Menye ɖeko Mawu ƒe Nya la nana ‘míedzena bliboe’ henɔa “dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ” ko o. Ke boŋ ekpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe agbemexaxawo nu hã. Enana ‘míedzena bliboe’ eye míenɔa “dzadzraɖoɖi keŋkeŋ.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dzadzraɖoɖi keŋkeŋ” gɔmee nye “woado agba na nane nyuie” le nya ŋutɔŋutɔ nu. Woate ŋu azã nya ma le blema ku ɖe tɔdziʋu si wotsɔ nu sia nu si hiã hena mɔzɔzɔ la do agba na nyuie alo mɔ aɖe si ate ŋu awɔ nu sia nu si wokpɔ mɔ be wòawɔ la ŋu. Nenema kee, Yehowa toa eƒe Nya la dzi naa nu sia nu si míehiã be míatsɔ akpɔ kuxi sia kuxi si míado goe la gbɔ la mí. Eya ta míate ŋu agblɔ be, “Ne Mawu ɖe mɔ ɖe eŋu la, mate ŋu atsɔe le eƒe kpekpeɖeŋu me.”

Ðeɖekpɔkpɔ Tso Míaƒe Xaxawo Katã Me

18. Nu bubu si akpe ɖe mía ŋu míado dzi kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

18 Atɔ̃lia, nyateƒenya wɔnuku si wònye be eteƒe madidi o Yehowa aɖe ameƒomea tso woƒe xaxawo katã me la nenɔ susu me na wò ɣesiaɣi. (Ps. 34:20; 37:9-11; 2 Pet. 2:9) Be Mawu naɖe mí lɔ mía ɖeɖe tso xaxa siwo me tom míele egbea kple mɔnukpɔkpɔ si asu mía si be míanɔ agbe tegbee kple Yesu le dziƒo alo le anyigba dzi paradisoa me la ɖe eme.

19. Aleke míate ŋu awɔ ado dzi nuteƒewɔwɔtɔe?

19 Hafi ɣemaɣi naɖo la, míayi edzi anɔ te nɔm ɖe nɔnɔme donuxaxaname siwo le xexe vɔ̃ɖi sia me la nu. Aleke ɣeyiɣi si me nu siawo katã nu ava yi la le mía dzrom vevie nye esi! (Ps. 55:7-9) Mina míaɖo ŋku edzi be ne míedo dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, eɖenɛ fiana be aʋatsokalae Abosam nye. Mina gbedodoɖa kple míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa nado ŋusẽ mí, eye wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be mía nɔvi bubuwo hã le dodokpɔ mawo tɔgbi me tom. Yi edzi nàdze bliboe eye nànɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ to Mawu ƒe Nya la zazã nyuie me. Mègaɖe mɔ gbeɖe be ale si nèka ɖe “akɔfafa katã ƒe Mawu” la ƒe beléname dzi me nagbɔdzɔ o. Ðo ŋku edzi be, “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.”—Ps. 34:16.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

• Aleke David se le eɖokui me ku ɖe xaxa siwo me wòto ŋu?

• Kakaɖedzinya kae Fia Salomo ɖe gblɔ?

• Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nu siwo ŋu Yehowa ɖe mɔ ɖo nu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Salomo ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe Eƒe ame siwo le xaxa me tom la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

David dro eƒe nyawo ɖe Yehowa dzi le gbedodoɖa me eye wòwɔ nu wòwɔ ɖeka kple nu si wòbia