Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu mahã:

• Ɣekaɣie ɣletivimefakalawo va kpɔ Yesu ɖa?

Biblia ŋuti gbalẽ aɖe gblɔ be: ‘Nunyalaawo meva kpɔ Yesu ɖa esime wònɔ lãnuɖunu me le zã si me wodzii, abe ale si wònɔ le alẽkplɔlawo gome ene o. Ɣleti aɖewo le edzidzi megbe hafi wova.’ Ɣemaɣi la, Yesu nye “ɖevi sue” nɔ aƒe aɖe me. (Mat. 2:7-11) Nenye ɖe wotsɔ sika kple nunana xɔasi bubuwo vae na Yesu le zã si me wodzii me la, ɖe Maria atsɔ xevi eve pɛ ko ava sa vɔe le gbedoxɔa me le ŋkeke 40 megbea?—1/1, axa 31.

• Nu kae ame geɖe ate ŋu awɔ bene woakpɔ dzidzɔ le agbe me wu tsã?

Ame ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe mate ŋu atrɔ asi le nye nɔnɔmeawo ŋu ahanɔ agbe tsɛa?’ Amy wɔe nenema. Togbɔ be ga geɖe nɔ esi hã la, mekpɔa dzidzɔ o. Eva de dzesii be, esi yekplɔ dɔwɔɖui ɖo le xexe sia me la, yetra mɔ tso xɔse la gbɔ kloe. Eya ta etso nya me be yeatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ, eye wòte ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa hena ɣeyiɣi aɖe. Amy gblɔ be, “Fifia mesena le ɖokuinye me be, nye dzi dze eme, eye nyemese le ɖokuinye me alea kpɔ” esime menɔ ŋutilãmetaɖodzinuwo yome tim o.—1/15, axa 19.

• Nu kae ate ŋu akpe ɖe vidada aɖewo ŋu be woakpɔ dzidzedze?

Vidada geɖe dea dɔ me. Wo dometɔ aɖewo wɔa esia hena ƒomea ƒe ganyawo gbɔ kpɔkpɔ, eye bubuwo hã bene ga nanɔ yewo ŋutɔwo si, alo be yewoate ŋu aƒle nu nyuiwo na yewo ɖokuiwo. Ame bubuwo hã wɔa dɔ le esi wokpɔa dzidzɔ ɖe dɔ si wɔm wole la ŋu ta. Vidada Kristotɔwo ya wɔa akpa vevi aɖe le aƒe me—vevietɔ le ɖeviawo ƒe vidzĩme. Wo dometɔ aɖewo tiae be yewoaɖe ɣeyiɣi si yewozãna ɖe dɔwɔɖui ŋu dzi kpɔtɔ alo aɖe asi le eŋu bene yewoate ŋu akpɔ yewoƒe ƒomea gbɔ nyuie wu, eye esia na wokpɔ dzidzedze geɖe.—2/1, axa 28-31.

• “Dzidzime” ka ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe le eƒe nya siwo dze le Mateo 24:34 la me?

Zi geɖe la, Yesu zãa nya “dzidzime” eye megblɔa nya nyui aɖeke tso eŋu o ne ele nu ƒom na ame vɔ̃ɖiwo alo le nu ƒom tso wo ŋu. Gake mewɔe alea esime wònɔ nu ƒom na eƒe nusrɔ̃la siwo woava tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe asi ami na le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la o. Woawoe anye ame siwo koŋ ase nu si tututu nya siwo wogblɔ le Mateo 24:32, 33 fia la gɔme nyuie wu. Eya ta edze abe le nyagblɔɖia me vava le ƒe alafa gbãtɔ me kple míaƒe ŋkekea siaa me la, Yesu yomedzela amesiaminawo ŋue eƒe nyawo ku ɖo ene.—2/15, axa 23-4.

• Aleke Se la va zu mɔfiala, abe ale si wogblɔe le Galatiatɔwo 3:24 ene?

Le blema la, mɔfiala nyea kluvi si dzi woka ɖo, si kpɔa ɖevia ƒe dedienɔnɔ gbɔ zi geɖe, eye wòkpɔa egbɔ be wowɔ ɖevia fofo ƒe didiwo dzi na ɖevia. Le mɔ ma tɔgbi nu la, Se la kpɔ Yudatɔwo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃wo, abe srɔ̃ɖenubabla wɔwɔ kple trɔ̃subɔlawo ene, me. Gake abe ɖevi aɖe ƒe mɔfiala ene la, Sea nɔ anyi ɣeyiɣi aɖe ko henɔ dɔ wɔm va se ɖe esime Kristo va.—3/1, axa 18-21.

• Le ɖekawɔwɔ me kple Yakobo 3:17 la, nɔnɔme kawoe wòle be míaɖe afia?

Be míanɔ dzadzɛ la, ebia be míatsi tsitre ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu enumake. (1 Mose 39:7-9) Ele hã be míanye ŋutifafawɔlawo eye míaƒo asa na adãwɔwɔ, dzrehehe, alo nuwɔna siwo gblẽa ŋutifafa dome. Eya ta anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe wonyam be menye ame si wɔa ŋutifafa alo be menye ame si gblẽa ŋutifafa dome? Ðe masɔmasɔwo ɖoa mía kple amewo dome edziedzia? Ðe medoa dziku kabakaba alo doa dziku na ame bubuwoa? Alo metsɔa vodada kena kaba heŋlɔnɛ be eye nyemetea tɔ ɖe edzi be woawɔ nu siwo nye ya medi oa?’—3/15, axa 24-5.

• Nu ka tae Yesu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ aɖe vivivi? (Mar. 8:22-26)

Biblia mena numeɖeɖe aɖeke koŋ o. Gake ate ŋu anye be le go sia me la, esi Yesu ʋu ŋku na ŋkuagbãtɔa vivivi la, edi be yeana ɣeyiɣi ŋutsu si wòʋu ŋku na la be wòate ŋu atrɔ ɖe eƒe nɔnɔme yeyea ŋu. Esia anya nye ale si Yesu tsɔ ɖe le eme na ŋutsu ŋkuagbãtɔa lɔlɔ̃tɔe la ɖeɖe fia.—4/1, axa 30.