Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Di Mawu Ƒe Mɔfiame Le Nuwo Katã Me

Di Mawu Ƒe Mɔfiame Le Nuwo Katã Me

Di Mawu Ƒe Mɔfiame Le Nuwo Katã Me

‘Mawu siae nye mía Mawu ɖaa tegbee, eye akplɔ mí va se ɖe ku me.’—PS. 48:15.

1, 2. Nu ka tae wòle be míazɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi tsɔ wu be míaɖo ŋu ɖe mía ŋutɔwo ƒe nunya ŋu, eye nyabiase kawoe fɔ ɖe te?

LE NU siwo nye nu ƒuƒluwo kpɔkpɔ dze si gome la, ele bɔbɔe be míanɔ mía ɖokuiwo flum. (Lod. 12:11) Ne míedi vevie be míawɔ nane si mesɔ be Kristotɔ nawɔ o la, míaƒe dzi atsɔ susu fluamewo anɔ eƒom ɖe mía nu be míawɔe. (Yer. 17:5, 9) Eya ta hakpala la wɔ nu nunyatɔe esi wòdo gbe ɖa na Yehowa be: “Ðo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa, ne woakplɔm.” (Ps. 43:3) Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe eya ŋutɔ ƒe nunya madeblibo la ŋu o, eye Yehowa gbɔ koe wòate ŋu axɔ mɔfiame nyuitɔwo tsoe. Abe ale si hakpalaa wɔe ene la, ele be míatrɔ ɖe Mawu ŋu hena mɔfiame xɔxɔ.

2 Ke nu ka tae wòle be míaka ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wu nu bubu ɖe sia ɖe? Ɣeyiɣi kawo mee wòle be míadi mɔfiame mawo le? Nɔnɔme kawoe wòle be míatu ɖo bene wòate ŋu aɖe vi na mí, eye aleke Yehowa fiaa mɔ mí egbeae? Míadzro nyabiase vevi siawo me le nyati sia me.

Nu Ka Tae Míaka Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiamewo Dzi?

3-5. Susu kawo tae míekana ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi bliboe ɖo?

3 Yehowa ye nye mía Fofo si le dziƒo la. (1 Kor. 8:6) Enya mía dometɔ ɖe sia ɖe nyuie, eye ate ŋu anya nu si tututu le míaƒe dzi me hã. (1 Sam. 16:7; Lod. 21:2) Fia David gblɔ na Mawu be: “Ènya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke. Elabena nya aɖeke mele nye aɖe dzi o, kpɔ ɖa, Yehowa, ènya wo keŋ.” (Ps. 139:2, 4) Esi Yehowa nya mí nyuie ta la, ɖe manyo be míaka ɖe edzi bliboe be enya nu si nyo na mí oa? Gawu la, Yehowae nye nunyala gãtɔ la. Ekpɔa nu sia nu, ekpɔa nu yia ememe ʋĩi wu amegbetɔwo, eye wònyaa emetsonuawo tso woƒe gɔmedzedze ke. (Yes. 46:9-11; Rom. 11:33) Eyae nye “Mawu, si nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃” la.—Rom. 16:27.

4 Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa lɔ̃ mí, eye wòdia nu si nye nyuitɔ kekeake na mí ɣesiaɣi. (Yoh. 3:16; 1 Yoh. 4:8) Esi wònye Mawu lɔ̃ame ta la, enyoa dɔme na mí. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe tso dziƒo, elabena etso kekeli siwo le dziƒo ƒe Fofo la gbɔ.” (Yak. 1:17) Ame siwo ɖea mɔ Mawu fiaa mɔ wo la kpɔa viɖe geɖe tso eƒe dɔmenyonyo me.

5 Mlɔeba la, Yehowa nye ŋusẽkatãtɔ. Le esia ta hakpala la gblɔ be: ‘Ame si bɔbɔ nɔ dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe, eye wòle ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la, eya gblɔna na Yehowa be: Nye sitsoƒe kple nye mɔ sesẽ nènye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo.’ (Ps. 91:1, 2) Ne míezɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi la, ke míele sitsoƒe dim le Mawu si mate ŋu ado kpo nu o la gbɔ. Ne míedo go tsitretsiɖeŋu kura gɔ̃ hã la, Yehowa kpena ɖe mía ŋu. Mana ŋu nakpe mí o. (Ps. 71:4, 5; Xlẽ Lododowo 3:19-26.) Nyateƒee, Yehowa nya nu si nyo na mí, edia nu si nye nyuitɔ kekeake la na mí, eye ŋusẽ le esi be wòana nu si nye nyuitɔ kekeake la mí. Bometsitsi ka gbegbee nye esi wòanye be míagbe eƒe mɔfiamewo! Ekema ɣeyiɣi kawo koŋ mee míehiã mɔfiame siawo?

Ɣeyiɣi Kawo Mee Míehiãa Mawu Ƒe Mɔfiamewo Le?

6, 7. Nɔnɔme kawo mee míehiãa Yehowa ƒe mɔfiame le?

6 Le nyateƒe me la, míehiã Mawu ƒe mɔfiame le míaƒe agbenɔɣi katã, tso míaƒe ɖevime yi ɖase ɖe míaƒe tsitsime. Hakpalaa gblɔ be: ‘Mawu siae nye mía Mawu ɖaa tegbee, eye akplɔ mí va se ɖe ku me.’ (Ps. 48:15) Abe ale si hakpalaa wɔe ene la, Kristotɔ nyanuwo medzudzɔa Mawu ƒe mɔfiame didi gbeɖegbeɖe o.

7 Ke hã, míekpɔnɛ ɣeaɖewoɣi le nɔnɔme tɔxɛ aɖewo me be míehiã kpekpeɖeŋu kpata aɖe. Ɣeaɖewoɣi la, ‘ŋɔdzi léa mí,’ ɖewohĩ esi míele yometiti kple lãmesẽkuxiwo me tom, alo dɔ ge le mía si kpata ta. (Ps. 69:17, 18) Le ɣeyiɣi mawo me la, efaa akɔ na mí ŋutɔ ne míetrɔ ɖe Yehowa ŋu heka ɖe edzi be ado ŋusẽ mí míado dzi eye wòafia mɔ mí míawɔ nyametsotso nyuiwo. (Xlẽ Psalmo 102:18.) Ke hã, míehiã eƒe kpekpeɖeŋu le nɔnɔme bubuwo hã me. Le kpɔɖeŋu me, hafi míagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na míaƒe aƒelikawo la, míehiã Yehowa ƒe mɔfiame bene míaƒe ɖaseɖiɖia nakpɔ dzidzedze. Eye ɣesiaɣi si wòhiã be míawɔ nyametsotso aɖe, eɖanye ku ɖe modzakaɖeɖe, awudodo kple dzadzraɖo, hadede, dɔwɔɖui, sukudede, alo nu bubu aɖe ŋu o, ne míezɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ko hafi míate ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le. Le nyateƒe me la, seɖoƒe meli na nɔnɔme siwo me míahiã Mawu ƒe mɔfiame le o.

Afɔku Si Le Mawu Ƒe Mɔfiame Madimadi Me

8. Esi Xawa ɖu atikutsetsea la nu kae wòagate ŋu fia?

8 Mina míaɖo ŋku edzi be ele be míalɔ̃ faa be míazɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Mawu mazi mía dzi be míawɔ nenema ne mía ŋutɔwo míedi be míawɔe o. Amegbetɔ gbãtɔ si tiae be yemazɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi o lae nye Xawa, eye eƒe kpɔɖeŋua ɖe ale si gbegbe nyametsotso gbegblẽ ma nye ŋkubiãnyae la fia. Bu nu si nyametsotso ma fia hã ŋu kpɔ. Xawa ɖu ati si ŋu wode se ɖo la, elabena edi be ‘yeanɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.’ (1 Mose 3:5) Esi wòwɔ esia la, etsɔ eɖokui ɖo Mawu teƒe hewɔ eya ŋutɔ ƒe nyametsotso ku ɖe nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu, le esi wòazɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi teƒe. Aleae wòtrɔ megbe de Yehowa ƒe dziɖulanyenyee nye esi! Edi be ye ŋutɔ yeanye tatɔ ɖe ye ɖokui nu. Srɔ̃a Adam hã ɖe aglãdzedze ƒe afɔ ma ke.—Rom. 5:12.

9. Ne míetu afɔkpo Yehowa ƒe mɔfiamewo la, nu ka ŋutɔŋutɔe nye ema wɔm míele, eye nu ka tae ema nye bometsinu gãtɔ?

9 Egbea la, ne míezɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi o la, ke míawo hã míele eɖem fia be míegbe Eƒe dziɖulanyenye. Le kpɔɖeŋu me, bu ame aɖe si amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va zu numame na ŋu kpɔ. Ne edea ha kple Kristo hamea la, ekema enya Yehowa ƒe mɔfiamewo ku ɖe nya sia ŋu nyuie. Mele be woayɔ nu makɔmakɔwo ŋkɔ teti le mía dome o, ʋuu keke wòahanye be míava nɔ wo kpɔm kple dzidzɔ. (Ef. 5:3) To Yehowa ƒe mɔfiamewo gbegbe dzi la, ame ma le nu gbem le Yehowa ƒe dziɖulanyenye gbɔ hele Eƒe tanyenye gbem. (1 Kor. 11:3) Esia nye bometsinu gãtɔ, elabena abe ale si Yeremiya gblɔe ene la, “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yer. 10:23.

10. Nu ka tae wòle be míazã míaƒe tiatiawɔblɔɖea nunyatɔe?

10 Ame aɖewo atsi tsitre ɖe Yeremiya ƒe nya siawo ŋu ahasusui be, esi Yehowa na tiatiawɔblɔɖe mí ta la, mele be wòahe nya ɖe mía ŋu le ale si míezãnɛ ta o. Ke hã, mele be míaŋlɔ be o be tiatiawɔblɔɖea nye agbanɔamedzi kple nunana siaa. Míana akɔnta tso nu siwo míetiana be míagblɔ kple nu siwo míewɔna la ŋu. (Rom. 14:10) Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” Egblɔ hã be: “Dzi mee susu vɔ̃wo bubu, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, agbe gbegblẽ nɔnɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo, busunyagbɔgblɔwo doa go tso.” (Mat. 12:34; 15:19) Eya ta míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ɖea míaƒe dzi ƒe nɔnɔme fiana. Woɖea ame si tututu míenye le ememe la fiana. Esia tae Kristotɔ nyanu dia Yehowa ƒe mɔfiame le nu sia nu me. Le mɔ ma nu la, Yehowa kpɔnɛ be enye ‘dzi dzɔdzɔe tɔ,’ eye Mawu wɔa “nyui” nɛ.—Ps. 125:4.

11. Nu kae míesrɔ̃ tso Israel viwo ƒe ŋutinya la me?

11 Mina míaɖo ŋku Israel viwo ƒe ŋutinya la dzi. Ɣeyiɣi siwo me dukɔa wɔ tiatia nyuiwo hewɔ ɖe Yehowa ƒe sededewo dzi la, Yehowa kpɔ wo ta. (Yos. 24:15, 21, 31) Gake zi geɖe la, womewɔa woƒe tiatiawɔblɔɖe la ŋu dɔ nyuie o. Le Yeremiya ŋɔli la, Yehowa gblɔ tso wo ŋu be: ‘Wogbe esese, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o; wozɔ le adaŋu, si wode le woƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe tamesesẽ me la nu, eye wotrɔ megbe dem, menye ŋkume o.’ (Yer. 7:24-26) Ewɔ nublanui loo! Megadzɔ gbeɖe be totitri alo ame ŋutɔ ƒe nudzodzrowo yome titi nawɔe be míagbe Yehowa ƒe mɔfiamewo ahazɔ le mía ŋutɔwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo nu, eye míato esia dzi ‘atrɔ megbe dee ke menye ŋkume o’!

Nu Kae Wòbia Be Woazɔ Ðe Mawu Ƒe Mɔfiamewo Dzi?

12, 13. (a) Nɔnɔme kawoe nana be míedina be míazɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi? (b) Nu ka tae xɔse le vevie?

12 Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa wɔnɛ be míedina be míazɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. (1 Yoh. 5:3) Ke hã, Paulo tɔ asi nu bubu aɖe si míehiã la dzi, esi wògblɔ be: “Xɔse mee míele zɔzɔm le, ke menye le nukpɔkpɔ me o.” (2 Kor. 5:6, 7) Nu ka tae xɔse le vevie ɖo? Enyo, Yehowa kplɔa mí “to toƒe dzɔdzɔewo,” gake toƒe mawo menana míezua kesinɔtɔwo alo ame xɔŋkɔwo le xexe sia me o. (Ps. 23:3) Le susu ma ta la, ehiã be míaƒe xɔseŋkuwo nanɔ gbɔgbɔmeteƒeɖoɖo siwo ɖeke mesɔ kpli o si tsoa Yehowa subɔsubɔ me la ŋu vevie. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:17, 18.) Eye xɔse kpena ɖe mía ŋu be ŋutilãmenu ʋɛ siwo le mía si la dzea mía ŋu.—1 Tim. 6:8.

13 Yesu ɖee fia be tadedeagu vavã bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ, eye esia hã bia xɔse. (Luka 9:23, 24) Mawusubɔla wɔnuteƒe aɖewo tsɔ nu gãwo sa vɔe, wodo dzi le koɖoɖo, ameteteɖeanyi, nazãbubu, kple yometiti gɔ̃ hã me. (2 Kor. 11:23-27; Nyaɖ. 3:8-10) Xɔse sẽŋu koe te ŋu kpe ɖe wo ŋu be wote ŋu wɔ esia kple dzidzɔ. (Yak. 1:2, 3) Xɔse sẽŋu naa kakaɖedzi blibo nɔa mía si be zɔzɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzie nye nu nyuitɔ ɣesiaɣi. Esia hea viɖe mavɔwo vanɛ na mí ɣesiaɣi. Míeka ɖe edzi bliboe be teƒeɖoɖo si ame siwo doa dzi nuteƒewɔwɔtɔe akpɔ la de ŋgɔ sãsãsã wu fukpekpe ɖe sia ɖe si me wotona fifia.—Heb. 11:6.

14. Nu ka tae wònɔ na Hagar be wòaɖe ɖokuibɔbɔ afia?

14 Bu akpa si ɖokuibɔbɔ wɔna le Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ me hã ŋu kpɔ. Hagar, si nye Sara ƒe dɔlanyɔnu, ƒe kpɔɖeŋua ɖe esia fia. Esi Sara menɔ vi dzim o la, etsɔ Hagar na Abraham wòɖe, eye Hagar fɔ fu na Abraham. Emegbe Hagar va nɔ eɖokui dom ɖe dzi ɖe eƒe aƒenɔ konɔ la ŋu. Esia wɔe be Sara “bɔbɔe ɖe anyi,” eye Hagar si dzo. Yehowa ƒe dɔla aɖe do go Hagar eye wògblɔ nɛ be: “Trɔ yi wò aƒenɔ gbɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe ete!” (1 Mose 16:2, 6, 8, 9) Ðewohĩ manye mɔfiame siae Hagar adi hafi o. Be wòate ŋu awɔ ɖe mawudɔlaa ƒe mɔfiamea dzi la, enɔ nɛ be wòaɖe asi le ɖokuidodoɖedzi ƒe nɔnɔme si nɔ esi la ŋu. Ke hã, Hagar wɔ ɖe mawudɔlaa ƒe nya dzi ɖokuibɔbɔtɔe, eye wòdzi via, Ismael, le vifofoa ƒe agbadɔ me dedie.

15. Ƒo nu tso nɔnɔme aɖewo siwo me zɔzɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ate ŋu abia be míabɔbɔ mía ɖokuiwo egbea la ŋu.

15 Zɔzɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ate ŋu abia be míawo hã míabɔbɔ mía ɖokuiwo. Ahiã be ame aɖewo nalɔ̃ ɖe edzi be modzakaɖeɖe aɖewo siwo dzɔa dzi na yewo la medzea Yehowa ŋu o. Ðewohĩ Kristotɔ aɖe dze agɔ le ame aɖe dzi eye wòahiã be wòaɖe kuku. Alo ate ŋu anye be ewɔ vodada aɖe eye wòahiã be wòalɔ̃ ɖe edzi. Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe ya ɖe? Ehiã be wòabɔbɔ eɖokui eye wòayi aɖaʋu eƒe nu vɔ̃a me na hamemetsitsiwo. Woate ŋu aɖe ame aɖe le hamea me kura gɔ̃ hã. Gake be woagaxɔe ɖe hamea me ake la, ele be wòatrɔ dzi me ɖokuibɔbɔtɔe eye wòadzudzɔ nu vɔ̃a wɔwɔ. Le nɔnɔme siawo kple wo tɔgbi bubuwo me la, Lododowo 29:23 me nyawo faa akɔ na ame ŋutɔ, egblɔ be: ‘Amegbetɔ ƒe dada abɔbɔe ɖe anyi, ke ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.’

Aleke Yehowa Fiaa Mɔ Míi?

16, 17. Aleke míate ŋu awɔ akpɔ viɖe gãtɔ tso Biblia si dzi Mawu tona fiaa mɔ mí la me?

16 Biblia, si nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la, koŋ dzie Mawu tona fiaa mɔ mí. (Xlẽ 2 Timoteo 3:16, 17.) Be míakpɔ viɖe gãtɔ tso Mawu ƒe Nya la me la, nunya manɔ eme be míalala nɔnɔme sesẽ aɖe nava mía dzi hafi míadi aɖaŋuɖoɖo tso Ŋɔŋlɔawo me o. Ke boŋ ele be Biblia xexlẽ gbe sia gbe nanye numame na mí. (Ps. 1:1-3) Ne míewɔnɛ alea la, míenyaa Ŋɔŋlɔawo me nyawo nyuie. Mawu ƒe nukpɔsusu va sua mía si, eye míenɔa klalo be míakpe akɔ kple kuxi siwo ava mía dzi le vome la.

17 Gakpe ɖe eŋu la, ele vevie be míanɔ ŋugble dem tso nu siwo míexlẽna le Ŋɔŋlɔawo me ŋu eye míaƒe gbedodoɖawo nawɔ ɖeka kplii. Ne míele ŋugble dem tso mawunyakpukpuiwo ŋu la, míebua ale si míate ŋu awɔ wo ŋu dɔ le nɔnɔme aɖewo koŋ me la ŋu. (1 Tim. 4:15) Ne míedo go kuxi sesẽwo la, míedoa gbe ɖa na Yehowa hebianɛ be wòakpe ɖe mía ŋu míake ɖe mɔfiame si míehiã la ŋu. Yehowa ƒe gbɔgbɔa akpe ɖe mía ŋu be míaɖo ŋku Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose vevi aɖewo siwo míexlẽ le Biblia ŋutɔ me, alo esiwo míexlẽ le Biblia srɔ̃gbalẽwo me, la dzi.—Xlẽ Psalmo 25:4, 5.

18. Mɔ kawo nue Yehowa zãa Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa tsɔ fiaa mɔ mí le?

18 Míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa nye Yehowa ƒe mɔfiametsoƒe bubu. Nɔviwo ƒe habɔbɔ sia ƒe akpa vevi aɖee nye “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la kple Dziɖuha si le eteƒe, si naa gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖaa to agbalẽ siwo wotana kpakple ɖoɖowɔwɔ ɖe kpekpewo kple takpekpewo ŋu dzi. (Mat. 24:45-47; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 15:6, 22-31) Gakpe ɖe eŋu la, le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me la, nɔvi siwo tsi le gbɔgbɔ me, vevietɔ hamemetsitsi siwo dze anɔ kpekpeɖeŋu kple Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo nam ame ɖekaɖekawo la li. (Yes. 32:1) Kpekpeɖeŋutsoƒe bubu aɖe le ɖevi siwo le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me la si. Wo dzila xɔsetɔ siwo Mawu na ŋusẽe gbɔe wode dzi ƒo na wo be woadi mɔfiame tsoe ɣesiaɣi.—Ef. 6:1-3.

19. Yayra kawoe míekpɔna esi míeyi edzi le Yehowa ƒe mɔfiame dim ta?

19 Ɛ̃, Yehowa toa mɔ vovovowo dzi naa mɔfiame mí, eye anyo be míadze agbagba ana woaɖe vi na mí bliboe. Esi Fia David nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi aɖe si me Israel viwo wɔ nuteƒe ŋu la, egblɔ be: “Ŋuwò mía fofowo ɖo ŋu ɖo, ŋuwò woɖo ŋu ɖo, eye nèxɔ na wo. Wòe wodo ɣli na, eye woɖe wo; ŋuwò woɖo ŋu ɖo, eye ŋu mekpe wo o.” (Ps. 22:4-6 ) Ne míezɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi kple kakaɖedzi la, míawo hã ‘ŋu makpe mí o.’ Míabu mɔkpɔkpɔ o. Ne ‘míetsɔ míaƒe mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi,’ eye míeɖoa ŋu ɖe mía ŋutɔwo ƒe nunya ŋu o la, yayra geɖewo ado tso eme na mí fifia gɔ̃ hã. (Ps. 37:5) Eye ne míekua kutri wɔa esia nuteƒewɔwɔtɔe la, yayra mawo anɔ anyi tegbee. Fia David ŋlɔ bena: “Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee . . . Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Ps. 37:28, 29.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu ka tae míekana ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi?

• Ne míegbe Yehowa ƒe mɔfiame la, nu kae wòafia?

• Nɔnɔme siwo me wòhiã be Kristotɔ naɖe ɖokuibɔbɔ afia le la dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke Yehowa fiaa mɔ mí egbea?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Èdia Yehowa ƒe mɔfiame le wò agbemenuwɔna ɖe sia ɖe mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Xawa trɔ megbe de Yehowa ƒe dziɖulanyenye

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nɔnɔme kae hiã be wòanɔ Hagar si hafi wòate ŋu awɔ ɖe mawudɔla la ƒe mɔfiame dzi?