Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbe “Nu Ƒuƒluwo”

Gbe “Nu Ƒuƒluwo”

Gbe “Nu Ƒuƒluwo”

‘Ame si le nu ƒuƒluwo yome dim la, tagbɔ meli nɛ o.’—LOD. 12:11.

1. Nu kawoe nye nu xɔasi siwo le mía si la dometɔ aɖewo, eye mɔ nyuitɔ ka nue míate ŋu azã wo le?

NU XƆASI ƒomevi vovovowoe le mí Kristotɔwo katã si. Wo dometɔ aɖewo ate ŋu anye lãmesẽ aɖe si nu, ŋusẽ, susu ƒe ŋutete, alo kesinɔnuwo. Esi míelɔ̃ Yehowa ta la, edzɔa dzi na mí be míazã nu siawo le esubɔsubɔ me, eye míetoa esia dzi wɔna ɖe mɔfiame sia si tso gbɔgbɔ me la dzi be: “Tsɔ wò kesinɔnuwo . . . de bubu Yehowa ŋu.”—Lod. 3:9.

2. Nuxlɔ̃ame kae Biblia na ku ɖe nu ƒuƒluwo ŋu, eye aleke nuxlɔ̃ame ma nye nyateƒe le agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ gomee?

2 Le go bubu me la, Biblia ƒo nu tso nu ƒuƒluwo hã ŋu, eye wòxlɔ̃ nu mí be míagagblẽ míaƒe nunɔamesiwo ɖe nu siawo yome titi ŋu o. Le go sia me la, bu Lododowo 12:11 me nyawo ŋu kpɔ: ‘Ame si de eƒe agble la, akpɔ abolo fũu; ke ame si le nu ƒuƒluwo yome dim la, tagbɔ meli nɛ o.’ Masesẽ kura be míakpɔ ale si lododo sia me nyawo nye nyateƒe le agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ gome la adze sii o. Ne ŋutsu aɖe zã eƒe ɣeyiɣi tsɔ wɔ dɔ sesĩe hena eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ la, edze ƒãa be dɔ mele woa kple eƒe ƒomea wu ge o, eye woanɔ dedie va se ɖe afi aɖe. (1 Tim. 5:8) Gake ne egblẽa eƒe nunɔamesiwo ɖe nu ƒuƒluwo ŋu la, ele eɖem fia be ‘tagbɔ meli na ye o,’ si fia be nuŋububu nyui ƒe ŋutete kple nukpɔsusu nyui mele esi o. Anɔ eme godoo be ame ma ada ahe.

3. Aleke nuxlɔ̃ame si Biblia na ku ɖe nu ƒuƒluwo ŋu la ku ɖe míaƒe tadedeagu ŋui?

3 Ke ne míetsɔ gɔmeɖose siwo le lododoa me ku ɖe míaƒe tadedeagu ŋu ya ɖe? Ekema míakpɔe be Kristotɔ si subɔa Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe kple kutrikuku la kpɔa dedienɔnɔ vavãtɔ. Ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ayra ye fifia, eye etsɔmemɔkpɔkpɔ si meʋuʋuna o la le esi. (Mat. 6:33; 1 Tim. 4:10) Gake Kristotɔ si ɖea mɔ nu ƒuƒluwo hea eƒe susu la dea ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome kpakple eƒe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ siaa afɔku me. Aleke míate ŋu aƒo asa na esia? Ele be míade dzesi nu siwo nye “nu ƒuƒluwo” le míaƒe agbe me eye míaɖoe kplikpaa agbe wo.—Xlẽ Tito 2:11, 12.

4. Ne míagblɔe gbadzaa la, nu kawoe nye nu ƒuƒluwo?

4 Ekema nu kawoe nye nu ƒuƒluwo? Ne míagblɔe gbadzaa la, woate ŋu anye nu sia nu si ate ŋu axe mɔ na mí be míagasubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo o. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu anye modzakaɖeɖe ƒomevi vovovowo. Enye nyateƒe be modzakaɖeɖe ƒe wɔƒe li ya. Gake ne míezãa ɣeyiɣi ɖe “modzakaɖeɖe” ŋu fũu hegblẽa míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo ɖi la, modzakaɖeɖe ate ŋu azu nu ƒuƒlu, eye wòagblẽ nu le míaƒe mawusubɔsubɔ ŋu. (Nyagb. 2:24; 4:6) Be Kristotɔ naƒo asa na esia la, esrɔ̃a ale si wòada asɔ, eye wòléa ŋku ɖe ale si wòzãa eƒe ɣeyiɣi xɔasiwoe la ŋu. (Xlẽ Kolosetɔwo 4:5.) Gake nu ƒuƒlu bubu aɖewo gali siwo me afɔku geɖe le wu modzakaɖeɖe. Esiawo dometɔ aɖewoe nye alakpamawuwo.

Gbe Mawu Ƒuƒluwo

5. Aleke yevugbe me Biblia zãa nya “ƒuƒlu” zi geɖe?

5 Eɖe dzesi ŋutɔ be le mawunyakpukpui akpa gãtɔ si me nya “ƒuƒlu” dze le le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe ƒe yevugbe me tɔ me la, ekuna ɖe alakpamawuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na Israel viwo be: “Migawɔ mawu ƒuƒlu aɖeke na mia ɖokui o, migawɔ aklama kpakpɛ alo aƒeli na mia ɖokui o, eye migatsɔ kpe kpa nɔnɔme aɖo miaƒe anyigba dzi, be miade ta agu nɛ o.” (3 Mose 26:1, NW) Fia David ŋlɔ bena: “Yehowa lolo, edze na kafukafu ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye mawu ƒuƒluwo, ke Yehowa ye wɔ dziƒo.”—1 Kron. 16:25, 26, NW.

6. Nu ka tae alakpamawuwo nye nu ƒuƒluwo ɖo?

6 Abe ale si David gblɔe ene la, Yehowa ƒe gãnyenye ŋuti kpeɖodzi gbogbo aɖewo ƒo xlã mí. (Ps. 139:14; 148:1-10) Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye na Israel viwo be woanɔ nubabla me kple Yehowa! Bometsinu ka gbegbee nye esi wowɔ be wotrɔ ʋume de Yehowa hede ta agu na aklama kpakpɛwo kple aƒeliwo! Le woƒe xaxaɣiwo la, eva dze kɔte be nu ƒuƒlu siwo ŋu ŋusẽ menɔ woaɖe wo ɖokuiwo ʋuu keke woahayi wo subɔlawo ɖe ge o lae woƒe alakpamawuawo nye.—Ʋɔn. 10:14, 15; Yes. 46:5-7.

7, 8. Aleke “Kesinɔnuwo” ate ŋu ava nɔ abe mawu aɖe ene?

7 Le dukɔ geɖewo me egbea la, amewo gakpɔtɔ le ta dem agu na nɔnɔmewɔwɔ siwo amegbetɔwo tsɔ woƒe asi wɔ. Egbea hã viɖe aɖeke mele mawu mawo ŋu o, abe ale si ko wònɔ tsã ene. (1 Yoh. 5:21) Gake to vovo na nɔnɔmewɔwɔwo la, Biblia ƒo nu tso nu bubuwo hã ŋu be wonye mawuwo. De ŋugble tso Yesu ƒe nya siawo ŋu kpɔ: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye mabu evelia ɖe naneke me o. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.”—Mat. 6:24.

8 Aleke “Kesinɔnuwo” ate ŋu ava nɔ abe mawu aɖe ene? Enyo, le kpɔɖeŋu me, tsɔe be kpe aɖe le agble aɖe me le blema Israel. Woate ŋu azã kpe ma wòaɖe vi ne wotsɔe tu xɔ alo tsɔe ɖo gli. Le go bubu me la, ne wotsɔ kpe ma wɔ “aƒeli” alo tsɔe ‘kpa nɔnɔme aɖe ɖo woƒe anyigba dzi’ la, ate ŋu azu nukikli na Yehowa ƒe amewo. (3 Mose 26:1) Nenema kee ga ƒe wɔƒe li. Míehiã ga atsɔ akpɔ agbemenuhiahiãwo gbɔe, eye míate ŋu azãe hã nyuie le Yehowa subɔsubɔ me. (Nyagb. 7:12; Luka 16:9) Gake ne míetsɔ ga yome titi ɖo nɔƒe gbãtɔ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa teƒe la, le nyateƒe me la, ga va zua mawu aɖe na mí. (Xlẽ 1 Timoteo 6:9, 10.) Le xexe sia si me kesinɔnuwo yome titi nye nu vevitɔ na amewo le me la, ele be míakpɔ egbɔ be nukpɔsusu si da sɔ le mía si ku ɖe ga ŋu.—1 Tim. 6:17-19.

9, 10. (a) Aleke Kristotɔwo bua sukudedee? (b) Afɔku kae le suku kɔkɔ dede me?

9 Nu bubu aɖe si ɖea vi si ate ŋu azu nu ƒuƒlu ƒe kpɔɖeŋu bubue nye sukudede. Míedi be mía viwo nade suku nyuie ale be woate ŋu ava kpɔ wo ɖokuiwo dzi le etsɔ me. Esi gale vevie wu gɔ̃ hãe nye be, Kristotɔ si nya agbalẽ nyuie la, tea ŋu xlẽa Biblia nyuie hesea egɔme, dea ŋugble tso kuxiwo ŋu hewɔa nyametsotso nyuiwo, eye wòfiaa Biblia me nyateƒea eme kɔna hewɔa dɔ ɖe amewo dzi wu. Sukudede nyuie xɔa ɣeyiɣi geɖe, gake menye ɣeyiɣi gbegblẽe wònye o.

10 Ke nu kae míagblɔ tso suku kɔkɔ alo yunivɛsiti dede ya ŋu? Ame geɖewo buna be esia hiã vevie hafi woakpɔ dzidzedze le agbe me. Ke hã, xexemenunya sɔŋ koe va yɔa ame geɖe siwo tia suku kɔkɔ dede sia yome la ƒe susu me fũu mlɔeba. Ðeko suku mawo dede gblẽa woƒe sɔhɛmeŋusẽ xɔasi si woate ŋu azã le Yehowa subɔsubɔ me wòaɖe vi wu la dome. (Nyagb. 12:1) Mewɔ nuku o be le dukɔ siwo me ame akpa gãtɔ de suku kɔkɔ le me la, Mawu dzixɔse yi to fifia wu tsã. Kristotɔwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu hena dedienɔnɔ kpɔkpɔ, ke menye ɖe xexe sia me suku kɔkɔ dede ŋu o.—Lod. 3:5.

Mègana Ŋutilãmenudzodzrowo Nazu Mawu Aɖe Na Wò O

11, 12. Nu ka tae Paulo gblɔ tso ame aɖewo ŋu be “woƒe ƒodo ye nye woƒe mawu”?

11 Le apostolo Paulo ƒe lɛta aɖe si wòŋlɔ na Filipitɔwo me la, etɔ asi nu bubu aɖe hã si ate ŋu ava zu mawu aɖe na ame la dzi. Eƒo nu tso ame aɖewo siwo nye eƒe hati tadeagulawo tsã la ŋu eye wògblɔ be: “Ame geɖewo li—tsã la, meyɔa wo ŋkɔ edziedzi, gake fifia la, metsɔ aɖatsiwo hã le wo ŋkɔ yɔm—siwo le zɔzɔm abe Kristo la ƒe fuwɔameti la ƒe futɔwo ene, eye woƒe nuwuwu nye tsɔtsrɔ̃, eye woƒe ƒodo ye nye woƒe mawu, . . . eye woƒe susuwo le anyigba dzi nuwo ŋu.” (Fp. 3:18, 19) Aleke ame aɖe ƒe ƒodo ate ŋu ava zu mawu aɖe nɛ?

12 Edze abe ame ɖokui ƒoƒo ɖe ŋutilãmenudzodzrowo me va nɔ vevie na Paulo ƒe ame nyanyɛ mawo wu be woanɔ eŋu woasubɔ Yehowa ɖekae ene. Wo dometɔ aɖewo anya ƒo wo ɖokuiwo ɖe nuɖuɖu kple ahanono me ale gbegbe be wozu nu tsu ɖulawo kple aha tsu nolawo ŋutɔŋutɔ. (Lod. 23:20, 21; tsɔe sɔ kple 5 Mose 21:18-21) Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo ɖoe be yewoawɔ mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi na yewo le ƒe alafa gbãtɔ ma me la ŋu dɔ bliboe, eye esia he woƒe susu ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu. Migana míaɖe mɔ gbeɖe be nu si woyɔna be dzidzeme ƒe agbe la nana míagbɔdzɔ le luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ si míetsɔna naa Yehowa la me gbeɖe o.—Kol. 3:23, 24.

13. (a) Nu kae nye ŋubiabiã, eye aleke Paulo ƒo nu tso eŋu? (b) Aleke míawɔ aƒo asa na ŋubiabiã?

13 Paulo ƒo nu tso alakpatadedeagu ƒe akpa bubu aɖe hã ŋu. Eŋlɔ bena: “Miwu miaƒe ŋutinu siwo le anyigba dzi, le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome.” (Kol. 3:5) Ŋubiabiã ye nye be nane si mele mía si o la nanɔ mía dzrom vevie. Ate ŋu anye ŋutilãmenuwo ƒe amedzodzro vevie. Alo ate ŋu anye gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe ame dzodzro gɔ̃ hã. (2 Mose 20:17) Ðe menye ŋkubiãnya be míakpɔe be wotsɔ dzodzro vɔ̃ mawo sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ, si nye alakpamawu aɖe subɔsubɔ oa? Yesu wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ ɖe ale si wòle vevie be míadze agbagba ɖe sia ɖe aɖu dzodzro vɔ̃ mawo dzii la fia.—Xlẽ Marko 9:47; 1 Yoh. 2:16.

Kpɔ Nyuie Le Nya Ƒuƒluwo Ŋu

14, 15. (a) ‘Nya ƒuƒlu’ kawoe zu nukikli na ame geɖe le Yeremiya ŋɔli? (b) Nu ka tae asixɔxɔ nɔ Mose ƒe nyawo ŋu?

14 Nyagbɔgblɔwo hã ate ŋu anye nu ƒuƒluwo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na Yeremiya be: “Alakpanya gblɔm nyagblɔɖilawo le ɖi le nye ŋkɔ me, nyemedɔ wo o, nyemede se na wo o, eye nyemeƒo nu kpli wo o; alakpaŋutega, afakaka, [nya ƒuƒluwo] kple woƒe dziwo ƒe amebeble gblɔm wole na mi.” (Yer. 14:14) Aʋatsonyagblɔɖila mawo gblɔ be Yehowa ƒe ŋkɔ mee yewonɔ nya gblɔm ɖi le, gake woawo ŋutɔwo ƒe susu alo woƒe nunya ko domee wonɔ ɖe ŋgɔ. Eya ta woƒe nyawo nye “nya ƒuƒluwo.” Wonye nya siwo ŋu viɖe aɖeke menɔ o, eye wonye gbɔgbɔmefɔku ŋutɔŋutɔ na dukɔa. Le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, ame siwo wɔ ɖe nya ƒuƒlu mawo dzi dometɔ geɖe ku kukpo le Babilon srafowo si me.

15 To vovo na ema la, Mose gblɔ na Israel viwo be: “Mina nya siawo katã, siwo meku ɖe to me na mi egbea la, nade dzi gbɔ na mi . . . Elabena menye nya gbɔlo wonye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee; eye nya sia ana mianɔ agbe didie le anyigba, si dzi mietso Yordan le yiyim, be miaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.” (5 Mose 32:46, 47) Nyateƒee, Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Mose ƒe nyawo tso. Eya ta asixɔxɔ nɔ wo ŋu, wonɔ vevie ŋutɔ hena dukɔa ƒe nyonyo vavã. Ame siwo wɔ ɖe wo dzi la nɔ agbe didi eye nu dze edzi na wo. Mina míagbe nya ƒuƒluwo eye míalé nyateƒenya siwo ŋu asixɔxɔ le la me ɖe asi sesĩe.

16. Aleke míebua dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe nyagbɔgblɔ siwo tsia tsitre ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu lae?

16 Ðe míesea amewo gblɔa nya ƒuƒluwo egbea? Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gblɔna be nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nufiafia kple dzɔdzɔmeŋutinunya me nutovɛ bubuwo ɖee fia be susu aɖeke megali si tae wòle be woaxɔ Mawu dzi ase o, eye be woate ŋu anɔ te ɖe ale si dzɔdzɔmenuwo trɔnɛ dzi aɖe nu sia nu me. Ðe wòle be míatsɔ ɖe le nya siwo wogblɔna dadatɔe alea mea? Kura o! Amegbetɔ ƒe nunya to vovo kura tso Mawu ƒe nunya gbɔ. (1 Kor. 2:6, 7) Míawo ya míenyae be ne amegbetɔwo ƒe nufiafiawo tsi tsitre ɖe Mawu tɔwo ŋu la, amegbetɔwo ƒe nufiafiawo koe nyea gbegblẽawo ɣesiaɣi. (Xlẽ Romatɔwo 3:4.) Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ ŋgɔyiyi geɖe le go aɖewo me hã la, nya si Biblia gblɔ tso amegbetɔwo ƒe nunya ŋu gakpɔtɔ nye nyateƒe be: “Xexe sia ƒe nunya nye bometsitsi le Mawu gbɔ.” Amegbetɔwo ƒe nunya nye nu dzodzro ne míetsɔe sɔ kple Mawu ƒe nunya si seɖoƒe meli na o la.—1 Kor. 3:18-20.

17. Aleke wòle be míabu Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo kple xɔsegbelawo ƒe nyawoe?

17 Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo hã gblɔa nya ƒuƒluwo. Ame siawo gblɔna be Mawu ƒe ŋkɔ mee yewoƒoa nu le, gake wometua woƒe nyagbɔgblɔ akpa gãtɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o, eye nya gbɔlowo sɔŋ koe wogblɔna. Xɔsegbelawo hã gblɔa nya ƒuƒluwo hegblɔna be yewonya nu wu “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” si woɖo la. (Mat. 24:45-47) Evɔ wònye xɔsegbelawo ŋutɔwo ƒe susuwoe wogblɔna, eye woƒe nyawo nye nya ƒuƒlu siwo nyea nukikli na ame sia ame si ɖoa to wo la. (Luka 17:1, 2) Aleke míawɔ be woagaflu mí o?

Ale Si Míawɔ Agbe Nya Ƒuƒluwo

18. Mɔ kawo nue míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo si le 1 Yohanes 4:1 ŋu dɔ le?

18 Apostolo tsitsi Yohanes ɖo aɖaŋu nyui aɖe na mí tso esia ŋu. (Xlẽ 1 Yohanes 4:1.) Le ɖekawɔwɔ me kple Yohanes ƒe aɖaŋuɖoɖoa la, míedea dzi ƒo na ame siwo míeɖea gbeƒã na la ɣesiaɣi be woatsɔ Biblia ado nu siwo wofiaa wo la kpɔ. Ema nye dzidzenu nyui aɖe na míawo hã. Ne míese wogblɔ nya aɖe tsɔ tsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu, alo wogblɔ nya vɔ̃ aɖe tso hamea, hamemetsitsiwo, alo nɔvi aɖe ŋu la, mele be míaxɔ edzi ase enumake eŋumabumabui o. Míabia mía ɖokuiwo boŋ be: “Ðe ame si le nya sia kakam la ƒe nuwɔna wɔ ɖeka kple nu si Biblia gblɔa? Ðe nya mawo alo nutsotso mawo doa Yehowa ƒe tameɖoɖowo ɖe ŋgɔa? Ðe wodoa hamea ƒe ŋutifafa ɖe ŋgɔa?” Nya sia nya si míesena si daa nɔviwo ƒe habɔbɔa ɖe anyi le esi wòatui ɖo teƒe la, nye nya si ŋu viɖe mele o.—2 Kor. 13:10, 11.

19. Aleke hamemetsitsiwo kpɔa egbɔ be yewoƒe nyagbɔgblɔwo menyea nya ƒuƒluwo o?

19 Le nya ƒuƒluwo gome la, hamemetsitsiwo hã srɔ̃a nu vevi aɖe. Ɣesiaɣi si wobia aɖaŋuɖoɖo tso wo gbɔ la, woɖoa ŋkui be yewomede blibo o, eye wometsona le wo ɖokuiwo si ko nɔa te ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo dzi ɖoa aɖaŋu o. Ele be woahe susu ayi nu si Biblia gblɔ dzi ɣesiaɣi. Dzidzenu nyui aɖe dze le apostolo Paulo ƒe nya siawo me be: “Migagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu o.” (1 Kor. 4:6) Hamemetsitsiwo megbɔa nu siwo woŋlɔ ɖi le Biblia me la ŋu o. Eye ne míakekee ɖe enu la, womegbɔa aɖaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Biblia dzi siwo dze le kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la ƒe agbalẽwo me la ŋu o.

20. Mɔ kawo nue wokpe ɖe mía ŋu be míagbe nu ƒuƒluwo le?

20 Nu ƒuƒluwo gblẽa nu le ame ŋu ŋutɔ, eɖanye “mawuwo,” nyagbɔgblɔwo, alo nu bubu aɖee wonye o. Le esia ta míedoa gbe ɖa ɣesiaɣi be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu ƒuƒlu siawo katã adze sii, eye míedia eƒe mɔfiamewo le ale si míagbe nu le wo gbɔe me. Ewɔwɔ alea ɖenɛ fiana be míewɔ ɖeka kple hakpala la hele gbɔgblɔm be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu. Gbɔ agbem le wò mɔ dzi!” (Ps. 119:37) Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro viɖe siwo le Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ me la me geɖe wu.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Ne míagblɔe gbadzaa la, ‘nu ƒuƒlu’ kawoe wòle be míagbe?

• Aleke míawɔ be míagaɖe mɔ ga nava nɔ abe mawu aɖe ene na mí o?

• Mɔ ka nue ŋutilãmenudzodzrowo ate ŋu azu trɔ̃subɔsubɔ le?

• Aleke míawɔ agbe nya ƒuƒluwo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Wode dzi ƒo na Israel viwo be ‘woade woƒe agble,’ eye woagati nu ƒuƒluwo yome o

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Mègaɖe mɔ gbeɖe be ŋutilãmenuwo ƒe amedzodzro nana nàgbɔdzɔ le Yehowa subɔsubɔ me o

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Asixɔxɔ gã aɖe ate ŋu anɔ hamemetsitsiwo ƒe nyagbɔgblɔwo ŋu