Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Yohanes Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Tso Yohanes Ƒe Agbalẽa Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Yohanes Ƒe Agbalẽa Me

YOHANES—“nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na”—lae nye ame mamlɛtɔ si gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ nu tso Kristo ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋu. (Yoh. 21:20) Woŋlɔ Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa le ƒe 98 M.Ŋ. me lɔƒo, eye nya siwo dze le Nya Nyui Gbalẽ etɔ̃ bubuawo me dometɔ ʋɛ aɖewo koe dze le eme.

Taɖodzinu aɖe koŋ tae apostolo Yohanes ŋlɔ eƒe Nya Nyui gbalẽa ɖo. Egblɔ ku ɖe nu siwo ŋu wòŋlɔ nu tsoe la ŋu be: “Woŋlɔ esiawo ɖi, ne miaxɔe ase be Yesue nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la, eye be esi miexɔe se ta la, miakpɔ agbe to eƒe ŋkɔ me.” (Yoh. 20:31) Asixɔxɔ gã aɖe le agbalẽa me nyawo ŋu na mí vavã.—Heb. 4:12.

‘KPƆ ÐA, MAWU ƑE ALẼVI LAE NYE ESI!’

(Yoh. 1:1–11:54)

Esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela kpɔ Yesu teti la, eɖe gbeƒãe kple kakaɖedzi be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa lae nye esi!” (Yoh. 1:29) Esi Yesu zɔ mɔ to Samaria, Galilea, Yudea, kple du siwo nɔ Yordan tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome me—henɔ gbeƒã ɖem, nɔ nu fiam, eye wònɔ ŋusẽdɔ geɖewo wɔm la—‘ame geɖewo va egbɔ, eye woxɔ edzi se.’—Yoh. 10:41, 42.

Nukunu ɖedzesi siwo Yesu wɔ la dometɔ ɖekae nye Lazaro fɔfɔ ɖe tsitre. Ame geɖe xɔ Yesu dzi se esi wokpɔ ŋutsu sia si ku ŋkeke enee nye ema fɔ ɖe tsitre. Ke hã, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo ya de adaŋu be yewoawu Yesu. Le esia ta la, Yesu dzo “heyi nuto aɖe si te ɖe gbedadaƒo ŋu, le du aɖe si woyɔna be Efrayim la me.”—Yoh. 11:53, 54.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:35, 40—Nusrɔ̃la bubu kae tsi tsitre ɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa gbɔ kpe ɖe Andrea ŋu? Nuƒolaa yɔa Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɣesiaɣi be “Yohanes” eye meyɔa eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ le Nya Nyui Gbalẽa me gbeɖe o. Eya ta edze ƒãa be Nya Nyui Gbalẽ ŋlɔla Yohanes ye nye nusrɔ̃la si ŋkɔ womeyɔ o la.

2:20—Gbedoxɔ kae wotsɔ ‘ƒe blaene vɔ ade’ tu? Yudatɔwo nɔ nu ƒom tso Zerubabel ƒe gbedoxɔ si Yuda Fia Herodes gbugbɔ tu la ŋu. Le ŋutinyaŋlɔla Josephus (Joseph) ƒe nya nu la, dɔa dze egɔme le Herodes ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 18 lia me alo le ƒe 18/17 D.M.Ŋ. me. Wotsɔ ƒe enyi tu gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒea kple eƒe teƒe vevi bubuwo. Gake gbedoxɔa ŋu dɔwo yi edzi va ɖo ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia dzi, esime Yudatɔwo gblɔ be ƒe 46 ye wotsɔ tui, eye wogayi dɔa dzi emegbe.

5:14—Nu vɔ̃ wɔwɔ gbɔe dɔléle tsona? Menye ɣesiaɣie o. Ŋutsu si ŋu Yesu da gbe le la nɔ dɔ lém hena ƒe 38 sɔŋ le blibomademade ƒe dome si wònyi ta. (Yoh. 5:1-9) Nu si Yesu nɔ gbɔgblɔm ye nye be, azɔ esi wokpɔ nublanui na ŋutsua la, ele be wòazɔ ɖe xɔxɔmɔ la dzi, eye tso ekema dzi la, wòagaɖoe awɔ nu vɔ̃ ake o bene nane si vɔ̃ɖi wu dɔléle nagava dzɔ ɖe edzi o. Ŋutsua ate ŋu awɔ nu vɔ̃ si womatsɔ ake o eye wòadze na ku tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔmee.—Mat. 12:31, 32; Luka 12:10; Heb. 10:26, 27.

5:24, 25—Ame kawoe nye ame siwo ‘to ku me yi agbe me’? Yesu nɔ nu ƒom tso ame siwo ku le gbɔgbɔ me tsã gake esi wose eƒe nyawo la woxɔ edzi se, eye wodzudzɔ nu vɔ̃ gbenɔnɔ la ŋu. ‘Woto ku me yi agbe me’ le gɔmesesea nu be woɖe ku ƒe fɔbuame ɖa le wo dzi, eye wona agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ wo esi woxɔ Mawu dzi se ta.—1 Pet. 4:3-6.

5:26; 6:53—Nu kae wòfia be ‘agbe nanɔ ame me’? Le Yesu Kristo gome la, esia fia ŋutete eve aɖewo koŋ xɔxɔ tso Mawu gbɔ—ŋutete be wòana tenɔnɔ nyui nasu amegbetɔwo si le Yehowa ŋkume kple ŋusẽ be wòana agbe amewo to wo fɔfɔ ɖe tsitre me. Le Yesu yomedzelawo gome la, be ‘agbe nanɔ wo me’ fia be woage ɖe agbe ƒe blibonyenye ŋutɔŋutɔ la me. Kristotɔ amesiaminawo gena ɖe agbe sia me ne wofɔ wo ɖe tsitre yi dziƒogbenɔnɔ me. Nuteƒewɔla siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le age ɖe agbe ƒe blibonyenye la me ne woto dodokpɔ mamlɛtɔ si ava le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua megbe teti la me do.—1 Kor. 15:52, 53; Nyaɖ. 20:5, 7-10.

6:64—Ðe Yesu nyae be Yuda Iskariot ade ye asi tso esime wòtia Yuda? Anɔ eme be menyae o. Gake gbe ɖeka le ƒe 32 M.Ŋ. me la, Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be: “Mia dometɔ ɖeka nye ameŋugblẽla.” Ðewohĩ ɣemaɣie Yesu de dzesi nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe ‘gɔmedzedze’ le Yuda Iskariot me.—Yoh. 6:66-71.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

2:4. Yesu nɔ gbɔgblɔm na Maria be esi wònye be Mawu ƒe Vi amesiamina xɔnyɔnyrɔe yenye ta la, ele be yeaxɔ mɔfiame tso ye Fofo si le dziƒo la gbɔ. Togbɔ be ɖeko Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔmee nye ema hã la, enya gaƒoƒo, alo ɣeyiɣi si wòle be wòawɔ dɔ si wode esi, si ƒe akpa aɖee nye eƒe vɔsakua, la nyuie. Mate ŋu aɖe mɔ ƒometɔ kplikplikpli, abe Maria ene gɔ̃ hã, nado kplamatsee le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o. Ele be míatsɔ tameɖoɖo kplikpaa ma tɔgbi anɔ Yehowa Mawu subɔmee.

3:1-9. Nikodemo, si nye Yudatɔwo ƒe kplɔla aɖe la, ƒe kpɔɖeŋua fia nu eve aɖewo mí. Gbã la, Nikodemo ɖe ɖokuibɔbɔ kple nugɔmesese fia, ekpɔ eya ŋutɔ ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo dze sii, eye wòlɔ̃ xɔ atikpala tsɛ aɖe ƒe vi dzi se be eyae nye nufiala si Mawu dɔ ɖo ɖa la. Ehiã be Kristotɔ vavã siwo li egbea nabɔbɔ wo ɖokuiwo. Evelia, Nikodemo he ɖe megbe eye mezu nusrɔ̃la esime Yesu nɔ anyigba dzi o. Ðewohĩ amegbetɔvɔvɔ̃, kuku ɖe ɖoƒe si nɔ esi le Sanhedrin la me ŋu, alo eƒe kesinɔnuwo lɔlɔ̃ ye xe mɔ nɛ. Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso esia me: Mele be míaɖe mɔ nu siawo tɔgbi naxe mɔ na mí be míado kpo ‘míaƒe fuwɔameti la tsɔtsɔ gbe sia gbe ahadze Yesu yome ɖaa o.’—Luka 9:23.

4:23, 24. Be míaƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu la, ele be wòawɔ ɖeka kple nyateƒe si woɖe fia le Biblia me, eye wòanye esi gbɔgbɔ kɔkɔea fiaa mɔe.

6:27. Dɔwɔwɔ bene “nuɖuɖu si nɔa anyi hena agbe mavɔ la” nasu mía si fia be míadze agbagba akpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Ne míewɔe alea la, míanye dzidzɔtɔwo.—Mat. 5:3.

6:44. Yehowa ŋutɔ léa be na mí. Ehea mí vaa Via gbɔ to gbeƒãɖeɖedɔa kple kpekpeɖeŋunana mí be míase Biblia me nyateƒea gɔme ahatsɔe ade dɔwɔwɔ me to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi me.

11:33-36. Míaƒe seselelãmewo ɖeɖe fia menye gbɔdzɔgbɔdzɔ o.

‘YI EDZI NÀNƆ EYOME’

(Yoh. 11:55–21:25)

Esime ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia nɔ aƒe tum la, Yesu trɔ yi Betania. Le Nisan 9 lia dzi la, edo tedzi va Yerusalem. Eye le Nisan 10 lia dzi la, Yesu gava gbedoxɔa me ake. Esi wòdo gbe ɖa be woado ye Fofo ƒe ŋkɔ ɖe dzi la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo ɖo eŋu be: “Medoe ɖe dzi, eye magadoe ɖe dzi ake.”—Yoh. 12:28.

Esime wonɔ Ŋutitotonua ɖum la, Yesu na kaklãnuxlɔ̃ame aɖewo eƒe nusrɔ̃lawo, eye wòdo gbe ɖa ɖe wo ta. Le Yesu léle, ʋɔnudɔdrɔ̃e, kple ehehe ɖe ati ŋu vɔ megbe la, wofɔe ɖe tsitre.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

14:2—Aleke Yesu ‘adzra teƒe ɖo ɖi na’ eyomedzela wɔnuteƒewo le dziƒo? Esia abia be Yesu nado ɖe Mawu ŋkume eye wòatsɔ asixɔxɔ si le ʋu si wòkɔ ɖi ŋu la anae atsɔ aɖo kpe nubabla yeyea dzi. Teƒe dzadzraɖo ma hã abia be Kristo naxɔ fiaɖuƒeŋusẽ eye le esia megbe la, woadze eyomedzela amesiaminawo fɔfɔ ɖe tsitre gɔme.—1 Tes. 4:14-17; Heb. 9:12, 24-28; 1 Pet. 1:19; Nyaɖ. 11:15.

19:11—Esime Yesu nɔ nu ƒom na Pilato la, Yuda Iskariot ŋu nya gblɔmee wònɔ esi wòƒo nu tso ame si dee asi la ŋua? Edze abe ame siwo katã kpɔ gome le Yesu wuwu ƒe fɔɖiɖia me la ŋu nya gblɔmee wònɔ ene ke menye Yuda alo ame bubu aɖe koŋ o. Yuda, “nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Sanhedrin blibo la,” kpakple ‘ameha’ siwo nu woƒoe ɖo be woabia be woaɖe asi le Baraba ŋu na yewo la katã le eme.—Mat. 26:59-65; 27:1, 2, 20-22.

20:17—Nu ka tae Yesu gblɔ na Maria Magdalatɔ la be, woadzudzɔ kuku ɖe ye ŋu? Edze ƒãa be Maria ku ɖe Yesu ŋu, elabena esusui be edzo yina dziƒo eye yemagakpɔe gbeɖe o. Be Yesu naka ɖe edzi nɛ be yemele dzodzom o la, egblɔ nɛ be wòadzudzɔ kuku ɖe ye ŋu eye wòayi aɖagblɔe na ye yomedzelawo be yefɔ ɖe tsitre.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

12:36. Be míazu “kekeli ƒe viwo” alo ame siwo si kekeli le la, ehiã be Mawu ƒe Nya, Biblia, me sidzedze vavãtɔ nasu mía si. Emegbe ele be míazã sidzedze ma atsɔ ahe ame bubu tso gbɔgbɔmeviviti me ava Mawu ƒe kekelia me.

14:6. Mɔ bubu aɖeke meli si dzi míato Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o negbe to Yesu Kristo dzi ko. Yesu dzi xɔxɔ se kple eƒe kpɔɖeŋua yome dzedze dzi koe míate ŋu ato ate ɖe Yehowa ŋu.—1 Pet. 2:21.

14:15, 21, 23, 24; 15:10. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ toɖoɖotɔe kpena ɖe mía ŋu be míenɔa Mawu kple Via ƒe lɔlɔ̃ la me.—1 Yoh. 5:3.

14:26; 16:13. Yehowa ƒe gbɔgbɔa fiaa nu mí eye wòɖoa ŋku nu siwo míesrɔ̃ va yi la dzi na mí. Eɖea nyateƒea hã fiaa mí. Eya ta ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe sidzedze, nunya, gɔmesese, nuŋububu, kple tamebubuŋutete nade to ɖe edzi. Eya ta ele vevie be míaku kutri le gbedodoɖa me ahado gbe ɖa koŋ abia gbɔgbɔ ma.—Luka 11:5-13.

21:15, 19. Yesu bia Petro be, elɔ̃a ye wu “esiawoa,” si fia tɔmelã siwo nɔ wo ŋkume, la mahã. Yesu to esia dzi te gbe ɖe ale si wòhiã vevie be Petro natiae be yeadze eyome ɣeyiɣiawo katã ɖe tɔƒodede teƒe la dzi. Esi míedzro Nya Nyui Gbalẽawo me vɔ la, mina míaɖoe kplikpaa be míalɔ̃ Yesu geɖe wu nu sia nu si ate ŋu adzro mí la. Ɛ̃, mina míayi edzi anɔ eyome kple dzi blibo.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Nikodemo ƒe kpɔɖeŋua me?